Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Ta Wòhiã Be Nàna Hehe Amewo

Nu Si Ta Wòhiã Be Nàna Hehe Amewo

Mɔfiame nyui nam mele mi.LOD. 4:2.

HADZIDZI: 93, 96

1, 2. Nu ka tae wòhiã be míana hehe amewo be woayi ŋgɔ le hamea me?

FIAÐUƑE ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ ye nye dɔ vevitɔ si Yesu wɔ. Gake edi ɣeyiɣi na hehe nusrɔ̃lawo wozu dzikpɔlawo kple nufialawo. (Mat. 10:5-7) Togbɔ be Filipo nye nya nyui gblɔla si mevona kura o hã la, ekpe ɖe vianyɔnu eneawo ŋu wobi ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea fiafia amewo me. (Dɔw. 21:8, 9) Nu ka tae hehenana sia le vevie egbea hã?

2 Ame siwo le nya nyuia xɔm le xexea me katã la le agbɔ sɔm ɖe edzi. Ele be ame yeye siwo mexɔ nyɔnyrɔ haɖe o nakpɔe be Biblia sɔsrɔ̃ le yewo ɖokui si le vevie. Ele be míafia nu wo be woate ŋu aɖe gbeƒã nya nyuia ahafia nyateƒea ame bubuwo. Le hameawo me hã la, ehiã be míade dzi ƒo na nɔviŋutsuwo woaʋli be yewoadze azu subɔsubɔdɔwɔlawo kple hamemetsitsiwo. Kristotɔ kpɔnuteƒewo ate ŋu ana “mɔfiame nyui” ame yeyewo be woayi ŋgɔ.—Lod. 4:2.

FIA NUSRƆ̃VIWO BE WOASRƆ̃ MAWU ƑE NYA LA LE WO ÐOKUI SI

3, 4. (a) Aleke Paulo ɖee fia be Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ le vevie hafi míaƒe subɔsubɔdɔa natse ku? (b) Nu kae wòle be míawo ŋutɔwo míanɔ wɔwɔm hafi ade dzi ƒo na nusrɔ̃viwo be woasrɔ̃ Biblia le wo ɖokui si?

3 Nu ka tae Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si le vevie ŋutɔ? Ŋuɖoɖoa dze le nya si apostolo Paulo gblɔ na ehati Kristotɔ siwo nɔ Kolose la me. Egblɔ be: “Míedzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta kpɔ o, eye míele kukuɖeɖe dzi be, [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ la nayɔ mi fũu le nunya kple gbɔgbɔ me nugɔmesese katã me, be miazɔ ale si dze Yehowa, ale be miadze eŋu bliboe, esi mieyi edzi le ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, eye miele tsitsim le Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ la me.” (Kol. 1:9, 10) Sidzedze vavãtɔ akpe ɖe Kolose Kristotɔwo ŋu be ‘woazɔ ale si dze Yehowa ale be woadze eŋu bliboe.’ Ana hã be ‘woayi edzi anɔ ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me,’ vevietɔ le nya nyuia gbɔgblɔ me. Hafi ame nate ŋu asubɔ Yehowa nyuie la, ele be wòanɔ Biblia srɔ̃m edziedzi. Anyo be míakpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woase eme nenema.

4 Gake manya wɔ be míakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ Biblia le wo ɖokui si nenye be míawo ŋutɔ míekpɔ eƒe vevienyenye dze sii o. Le nyateƒe me la, ele be Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui nanɔ míawo ŋutɔ hã si. Eya ta bia ɖokuiwò be: ‘Ne aƒemenɔla ƒe nyaŋuɖoɖo tsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu alo ebia nya sesẽ aɖewo la, ɖe metea ŋu zãa Biblia tsɔ ɖoa eŋua? Ne mexlẽ nu tso ale si Yesu, Paulo kple ame bubuwo do vevie nu le subɔsubɔdɔa me ŋu la, ɖe mebua ale si nye hã mate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua le Yehowa subɔsubɔ me ŋua?’ Mí katã míehiã Mawu ƒe Nya la me sidzedze kple aɖaŋuɖoɖowo. Eye ne míegblɔa viɖe siwo kpɔm míele tso míaƒe ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ me na amewo la, ate ŋu aʋã wo be woado vevie Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ be wòaɖe vi na woawo hã.

5. Gblɔ mɔ si dzi míato akpe ɖe ame yeyewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia le wo ɖokui si.

5 Ðewohĩ àbia be, ‘Aleke mana hehe nye nusrɔ̃vi be wòanɔ Biblia srɔ̃m le eɖokui si edziedzi?’ Gbe si gbe nèdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii ko la, fia ale si wòadzra nusɔsrɔ̃a ɖo hafi nàtrɔ ava lae. Emegbe àte ŋu ade Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe megbenyawo ƒe akpa aɖewo esi be wòadzro eme ahaxlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ. Kpe ɖe eŋu wòadzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu be wòaɖo nya ŋu. De dzi ƒo nɛ be wòaxlẽ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ɖe sia ɖe si do. Ne Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Agbalẽdzraɖoƒe si le CD-ROM dzi alo esi le Internet dzi le wo degbe me la, fia ale si wòazãe atsɔ adi Biblia me biabiawo ƒe ŋuɖoɖowoe. Ne èkpe ɖe wò Biblia nusrɔ̃vi ŋu alea la, eteƒe madidi hafi Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ le eɖokui si nanɔ enu vivim o.

6. (a) Aleke nàte ŋu akpe ɖe wò nusrɔ̃vi ŋu be Biblia sɔsrɔ̃ navivi enu? (b) Nu kae Biblia nusrɔ̃vi ate ŋu awɔ ne elɔ̃a Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃?

6 Gake mele be míazi ame aɖeke dzi be wòaxlẽ Biblia alo asrɔ̃e o. Ke boŋ mina míazã dɔwɔnu siwo Yehowa ƒe habɔbɔa na mí atsɔ akpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu be woalɔ̃ Biblia sɔsrɔ̃ vevie. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nusrɔ̃vi adodoea ase le eɖokui me abe hakpalaa ene be: “Enyo nam be mate ɖe Mawu ŋu. Metsɔ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa wɔ nye sitsoƒe.” (Ps. 73:28) Yehowa ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi dovevienu siawo ŋu.

NA HEHE AME YEYEWO BE WOAÐE GBEƑÃ AHAFIA NU AMEWO

7. Aleke Yesu na hehe nusrɔ̃lawo be woagblɔ nya nyuia? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

7 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso mɔfiame siwo Yesu na eƒe apostolo 12-awo, si dze le Mateo ta 10 lia me. Yesu meƒo nu na wo gbadzaa ko o, ke boŋ efia nu vevi aɖewo wo. [1] Apostoloawo ɖo to nyuie esi Yesu nɔ ale si woaɖe gbeƒãe la fiam wo. Eyome woyi ɖagblɔ nya nyuia. Esi wokpɔ ale si Yesu ɖea gbeƒãe ta la, eteƒe medidi hafi woawo hã wobi ɖe Ŋɔŋlɔawo fiafia me o. (Mat. 11:1) Míawo hã míate ŋu ana hehe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo be woabi ɖe nya nyuia gbɔgblɔ me. Na míakpɔ mɔ eve aɖewo siwo dzi míato awɔ esiae ɖa.

8, 9. (a) Aleke Yesu ƒo nu na ame ɖekaɖekawoe? (b) Aleke míakpe ɖe gbeƒãɖela yeyewo ŋu be woaɖo dze kple amewo abe Yesu ene?

8 Ðo dze kple amewo. Enuenu la, Yesu ƒoa nu na ame ɖekaɖekawo tso Fiaɖuƒea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, eɖo dze vivi aɖe kple nyɔnu aɖe le Yakob ƒe vudo si le Sixar gbɔto la to. (Yoh. 4:5-30) Eɖo dze kple adzɔxɔla Mateo si wogayɔna be Lewi hã. Nyanyuigbalẽawo meƒo nu tso dzeɖoɖo sia ŋu fũu o, gake esi Yesu kpe Mateo be wòadze ye yome la, etso enumake. Emegbe Mateo ɖo kplɔ̃ na Yesu le eƒe aƒe me eye eya kple ame bubu siwo nɔ eteƒe la gase nya geɖe tso Yesu gbɔ.—Mat. 9:9; Luka 5:27-39.

9 Ɣebubuɣi Yesu ɖo dze kple Nataniel, ame si mebua susu nyui ɖe Nazaretetɔwo ŋu o. Ale si Yesu ƒo nu na Nataniel tufafatɔe na wòtrɔ susu. Elɔ̃ be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Yesu si hã tso Nazaret gbɔ. (Yoh. 1:46-51) Eya ta anyo be míana hehe gbeƒãɖela yeyewo be woaƒo nu na amewo le tufafa kple ameŋububu me. [2] Esia ana woakpɔe be ne yewotsɔ ɖe le amewo me vavã la, nu nyuiwo ado tso eme eye gbeƒãɖeɖe avivi yewo nu.

10-12. (a) Aleke Yesu tu ame siwo nya nyuia dzɔ dzi na ƒe ɖetsɔleme ɖoe? (b) Nu kae míawɔ atsɔ akpe ɖe gbeƒãɖela yeyewo ŋu be woabi ɖe Biblia me nyateƒea fiafia me?

10 Na wò nufiafia navivi amewo nu. Ɣeyiɣi geɖe menɔ Yesu si wòatsɔ aɖe gbeƒãe o. Ke hã, egbɔ dzi ɖi tu ame siwo nya nyuia dzɔ dzi na ƒe ɖetsɔleme ɖo. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi amewo ƒo zi ɖe Yesu ŋu le ƒuta la, enɔ tɔdziʋu me fia nu wo. Gbe ma gbe ena Petro ɖe lã gbogbo aɖewo nukutɔe eye wògblɔ nɛ be: “Tso fifia dzi la, ànɔ amewo ɖem agbagbee.” Ŋusẽ kae nya si Yesu gblɔ kple nu si wòwɔ la kpɔ ɖe Petro kple exɔlɔ̃wo dzi? “Woku tɔdziʋuawo va ɖi go, eye wogblẽ nu sia nu ɖi hedze eyome.”—Luka 5:1-11.

11 Yesu ƒe nufiafiawo vivi Nikodemo si nye Sanhedrin la me tɔ hã nu. Edi vevie be yeasrɔ̃ nu geɖe gake enɔ vɔvɔ̃m na nya si amewo agblɔ ne wokpɔ be yele dze ɖom kple Yesu. Esi Nikodemo yi Yesu gbɔ le zã me be amewo nagakpɔ ye o la, Yesu medo dziku ɖe eŋu o, ke boŋ egbɔ dzi ɖi nɛ le ɣeyiɣi madeamedzi ma me. (Yoh. 3:1, 2) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me? Mawu ƒe Vi la lɔ̃ faa zã ɣeyiɣi geɖe tsɔ tu amewo ƒe xɔse ɖo. Ðe manyo be míawo hã míado vevie nu le tɔtrɔ yi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ kple Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo me oa?

12 Ne míezɔna kple gbeƒãɖela yeyewo le gbeadzi la, esia ana woava zu Biblia fiala bibiwo. Míate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woƒe susu nanɔ ame siwo tsɔ ɖe le nya nyuia me vie gɔ̃ hã ŋu. Eye míate ŋu akplɔ wo ɖe ŋuti ayi ɖetsɔlemetɔwo kple míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo gbɔ. Ne míena hehe gbeƒãɖela yeyewo hede dzi ƒo na wo la, woawo hã woadi be yewoatrɔ ayi ame siwo tsɔ ɖe le nya nyuia me gbɔ ahasrɔ̃ Biblia kpli wo. Woasrɔ̃e hã be ele be yewoagbɔ dzi ɖi na aƒemenɔlawo eye yewoagana ta kaba o.—Gal. 5:22; kpɔ aɖaka si nye “ Mena Ta O.”

NA HEHE AME YEYEWO BE WOASUBƆ LE HAMEA ME

13, 14. (a) Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be ele be míalɔ̃ faa asubɔ mía nɔviwo? (b) Nu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ɖeviwo kple ame yeyewo ŋu be woalɔ̃ hamea me tɔ ɖe sia ɖe?

13 Biblia me kpɔɖeŋu geɖewo ɖo kpe edzi be mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míaɖe “nɔvilɔlɔ̃” afia ahakpe ɖe mía nɔewo ŋu. (Xlẽ 1 Petro 1:22; Luka 22:24-27.) Mawu ƒe Vi la tsɔ eƒe agbe kple nu sia nu na ɖe amewo ta. (Mat. 20:28) Dorkas wɔa “dɔ nyui geɖewo eye wònaa nu amewo dɔmenyotɔe.” (Dɔw. 9:36, 39) Maria si nɔ Roma “dze agbagba geɖe” le kpekpe ɖe hamea me tɔwo ŋu me. (Rom. 16:6) Aleke míate ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu be woakpɔe be ele vevie be yewoasubɔ ame bubuwo?

Na hehe ame yeyewo be woalɔ̃ haxɔsetɔwo vevie (Kpɔ memama 13, 14)

14 Ne míeyina nɔvi tsitsiwo kple dɔnɔwo kpɔ ge ɖa la, míate ŋu awɔ ɖoɖo kple ame yeyewo be woayi kpli mí. Ne asɔ la, dzilawo ate ŋu akplɔ wo viwo hã ɖe asi ne woyina. Hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo be nɔviwo naɖa nu na ame tsitsiwo ahadzra woƒe aƒewo me ɖo. Esia ana ɖeviwo kple ame yeyewo nasrɔ̃ ale si woanyo dɔme na nɔviwo. Ɣesiaɣi si hamemetsitsi aɖe le gbeƒã ɖem le anyigbamama saɖeaga aɖe me la, eyina ɖasrãa Ðasefo siwo le nutoa me kpɔna kpuie. Esia na sɔhɛ aɖe si zɔna kplii zi geɖe va kpɔe be ele vevie be yealɔ̃ hamea me tɔ ɖe sia ɖe.—Rom. 12:10.

15. Nu ka tae wòle be hamemetsitsiwo natsɔ ɖe le nɔviŋutsuwo ƒe nufiafiaŋutete me?

15 Esi wònye be nɔviŋutsuwo koŋue Yehowa zãna wofiaa nu le hamea me ta la, ele vevie be woadze agbagba azu nufiala bibiwo. Ne hamemetsitsie nènye la, ɖe nàte ŋu ana subɔsubɔdɔwɔla aɖe nato eƒe dutoƒonuƒo me nàsea? Àte ŋu akpe ɖe eŋu wòatu eƒe nufiafiaŋutete ɖo ava zu Mawu ƒe Nya la fiala bibi.—Neh. 8:8. [3]

16, 17. (a) Nu ka tae míagblɔ be Paulo tsɔ ɖe le hehenana Timoteo me vevie? (b) Nu kae hamemetsitsiwo awɔ atsɔ ana hehe nɔviŋutsuwo be woava zu alẽkplɔla nyuiwo?

16 Egbea le Kristo hamea me la, nɔviŋutsu geɖewo hiã be woakplɔ Mawu ƒe alẽha la, eya ta ele vevie be woanɔ hehe nam wo be woadze asubɔ. Ale si woate ŋu ana hehe siae la dze le nya siwo Paulo gblɔ na Timoteo me be: “Vinye, yi edzi nànɔ ŋu sẽm le amenuveve si le Kristo Yesu me la me; eye nu siwo nèse le gbɔnye, siwo dzi ɖasefo geɖewo hã ɖo kpee la, tsɔ nu siawo de asi na nuteƒewɔlawo, ekema woawo hã woadze nyuie afia nu ame bubuwo.” (2 Tim. 2:1, 2) Timoteo srɔ̃ nu geɖe esi wòwɔ dɔ aduadu kple apostolo tsitsia. Eyome Timoteo zã nu siwo wòsrɔ̃ tso Paulo gbɔ la le nya nyuia gbɔgblɔ kple subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa bubuwo me.—2 Tim. 3:10-12.

17 Paulo metsɔe ko be Timoteo ava zu ame bibi ne etsi o. Ke boŋ ena wòwɔ dɔ kplii eye wòna hehee. (Dɔw. 16:1-5) Hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua ne wonaa subɔsubɔdɔwɔlawo kpɔa gome le alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo me kpli wo ɣesiaɣi si wòanya wɔ. Esia ana nɔviŋutsu siawo nakpɔ nufiafiaŋutete, xɔse, dzigbɔɖi kple lɔlɔ̃ si wòle be wòanɔ Kristotɔ dzikpɔlawo si. Eye woasrɔ̃e tso wo gbɔ ava zu “Mawu ƒe alẽha” la kplɔla nyuiwo le etsɔme.—1 Pet. 5:2.

NU SI TAE WÒHIÃ VEVIE BE MÍANA HEHE AMEWO

18. Nu ka tae wòle be hehenana Yehowa ƒe amewo nanɔ vevie na mí?

18 Le nuwuɣi sia me la, eva hiã vevie wu be míana hehe ame yeyewo be woawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me. Eya ta anyo be míasrɔ̃ Yesu kple Paulo ƒe kpɔɖeŋuwo. Yehowa di be woana hehe yeƒe amewo nyuie egbea be woawɔ teokrasidɔwo memie. Mawu na mɔnukpɔkpɔa mí be míakpe ɖe ɖeviwo kple ame yeyewo ŋu be woadze awɔ geɖe le hamea me. Xexea ƒe nɔnɔme le gbegblẽm ɖe edzi eye gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu yeyewo va hiã fifia, eya ta ele vevie be míatso ɖe hehenana ŋu kpata.

19. Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be agbagba si nàdze ana hehe amewo le Yehowa subɔsubɔ me la mazu dzodzro o?

19 Ele eme baa be hehenana amewo bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe ya. Gake Yehowa kple Via lɔlɔ̃a le klalo be yewoakpe ɖe ŋuwò ahana nunya si nèhiã atsɔ awɔ esiae la wò. Àkpɔ dzidzɔ geɖe ne èkpɔe be ame siwo ŋu nèkpe ɖo la yi edzi ‘le dɔ wɔm sesĩe hele ʋiʋlim’ le Yehowa subɔsubɔ me. (1 Tim. 4:10) Neva eme be mí katã míayi ŋgɔ le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔwɔ na Yehowa me.

^ [1] (memama 7) Nu vevi siwo Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ɖewoe nye be: (1) Woagblɔ Fiaɖuƒe gbedeasia. (2) Mawu ana nu si wohiã la wo. (3) Woagahe nya kple aƒemenɔlawo o. (4) Woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ne amewo tsi tre ɖe wo ŋu. (5) Woagavɔ̃ amewo o.

^ [2] (memama 9) Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le agbalẽ si nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò ƒe axa 62-64 tso ale si míaɖo dze kple amewo le gbeadzi ŋu.

^ [3] (memama 15) Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò, axa 52-61, gblɔ nu siwo akpe ɖe ame ŋu wòazu nuƒola bibi.