Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Kristotɔ Awɔ Be Eƒe Srɔ̃ɖeɖe Navivi?

Nu Kae Kristotɔ Awɔ Be Eƒe Srɔ̃ɖeɖe Navivi?

“Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; . . . srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”—EF. 5:33.

HADZIDZI: 87, 3

1. Togbɔ be srɔ̃ɖeɖe dzea egɔme kple dzidzɔ hã, nu kae srɔ̃tɔwo ate ŋu anɔ mɔ kpɔm na? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

NE WOKPLƆ ŋugbetɔ si woɖo atsyɔ̃ na wòle zɔ ɖem gbɔna ŋugbetɔsrɔ̃a gbɔ la, dzi dzɔa wo wu gbɔgblɔ. Woƒe lɔlɔ̃ va de to ale gbegbe be fifia wole klalo aka atam be yewoawɔ nuteƒe na yewo nɔewo. Esi wònye aƒe vovovo mee wotso ta la, ehiã godoo be woawɔ asitɔtrɔ aɖewo be woate ŋu alé ɖe wo nɔewo ŋu. Mawu ƒe Nya la ɖo aɖaŋu nyuiwo na srɔ̃tɔwo, elabena srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila lɔ̃ame la di be atsu kple asi ɖe sia ɖe nase vivi ahakpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖe me. (Lod. 18:22) Gake Ŋɔŋlɔawo gblɔe eme kɔ be ame madeblibo eve siwo ɖe srɔ̃ “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (1 Kor. 7:28) Aleke woawɔ aɖe xaxa mawo dzi kpɔtɔ? Nu kae Kristotɔ awɔ be eƒe srɔ̃ɖeɖe navivi?

2. Lɔlɔ̃ kawo ƒomevie wòle be srɔ̃tɔwo naɖe afia?

2 Biblia te gbe ɖe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye dzi. Vividoɖeameŋu ƒe lɔlɔ̃ (Helagbe, phi·liʹa) hiã le srɔ̃ɖeɖe me. Ŋutsu kple nyɔnu dome lɔlɔ̃ (eʹros) nana wosea vivi. Eye lɔlɔ̃ si nɔa ƒometɔ kpamkpamwo dome (stor·geʹ) le vevie ne viwo ge ɖe toa me. Gake lɔlɔ̃ si wotu ɖe gɔmeɖose dzi (a·gaʹpe) ye nana srɔ̃ɖeɖe nyea srɔ̃ɖeɖe. Apostolo Paulo gblɔ tso lɔlɔ̃ mamlɛtɔ sia ŋu be: “Srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”—Ef. 5:33.

AKPA SI SRƆ̃ŊUTSU KPLE SRƆ̃NYƆNU WƆNA

3. Afi kae wòle be srɔ̃tɔwo nalɔ̃ wo nɔewo ase ɖo?

3 Paulo gblɔ be: “Srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta ene.” (Ef. 5:25) Kristotɔwo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu nenye be wolɔ̃a wo nɔewo abe ale si Yesu lɔ̃ eƒe nusrɔ̃lawo ene. (Xlẽ Yohanes 13:34, 35; 15:12, 13.) Eya ta ele be Kristotɔ siwo ɖe srɔ̃ nalɔ̃ wo srɔ̃wo ale gbegbe be woalɔ̃ faa be yewoaku ɖe wo ta. Esia manya wɔ gbeɖe nenye be kuxi sesẽwo le srɔ̃ɖeɖea me o. Gake a·gaʹpe lɔlɔ̃ nɔa “te ɖe nuwo katã nu, exɔa nuwo katã dzi sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.” Nyateƒee, “lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.” (1 Kor. 13:7, 8) Ne srɔ̃tɔ mawuvɔ̃lawo ɖoa ŋku atam si woka be yewoalɔ̃ yewo nɔewo ahawɔ nuteƒe dzi la, wo ame evea woawɔ Yehowa ƒe mɔfiame veviwo dzi ɣesiaɣi atsɔ akpɔ kuxi ɖe sia ɖe gbɔ.

4, 5. (a) Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ eƒe tanyenye ŋu dɔe? (b) Aleke wòle be srɔ̃nyɔnu nabu tanyenye ƒe ɖoɖoa? (d) Tɔtrɔ kawoe atsu kple asi aɖe wɔ?

4 Paulo gblɔ akpa si wòle be atsu kple asi nawɔ la ale: “Srɔ̃nyɔnuwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo, abe ale si woabɔbɔ na Aƒetɔ la ene, elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, abe ale si Kristo la hã nye ta na hame la ene.” (Ef. 5:22, 23) Ðoɖo sia mefia be woda srɔ̃nyɔnu ɖe anyi o. Ke boŋ ɖe wòkpena ɖe eŋu be wòawɔ akpa si Mawu ɖo be srɔ̃nyɔnuwo nawɔ esime wògblɔ tso Adam ŋu be: “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ la nɛ.” (1 Mose 2:18) Ele be srɔ̃ŋutsu Kristotɔ hã nawɔ eƒe tanyenyea ŋu dɔ le lɔlɔ̃ me abe ale si ko Kristo, si “nye ta na hame la,” wɔnɛ ene. Esia ana srɔ̃nyɔnua naɖe dzi ɖi, eƒe dzi adze eme, wòade bubu eŋu, eye wòakpe asi ɖe eŋu ahabɔbɔ ɖe ete.

5 Nɔvinyɔnu Cathy [1] lɔ̃ ɖe edzi be srɔ̃ɖeɖe bia tɔtrɔ geɖe. Egblɔ be: “Esime nyemeɖe srɔ̃ o la, mewɔa nu le ɖokuinye si hekpɔa nye ŋutɔ ɖokuinye dzi. Gake esi meɖe srɔ̃ la, gbeɖiɖia trɔ, eye wòva hiã be maɖo ŋu ɖe srɔ̃nye ŋu. Menɔ bɔbɔe kura o, gake agbagbadzedze be míawɔ nuwo abe ale si Yehowa dii ene wɔe be tsi metoa nye kple srɔ̃nye dome o.” Srɔ̃a Fred gblɔ be: “Nyametsotso menɔa bɔbɔe nam o. Esi meɖe srɔ̃ la, egasesẽ ɖe edzi, elabe fifia ele be mabu srɔ̃nye ŋu gbã. Gake esi medoa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe mɔfiafia eye medea adaŋu kple srɔ̃nye hesea eya hã ƒe susu ta la, fifia nuwo nyo kura wu. Míele dɔ wɔm ɖekae!”

6. Ne kuxiwo do mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me la, aleke woawɔ ana lɔlɔ̃ nanye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo”?

6 Hafi srɔ̃ɖeɖe nali ke la, ele be atsu kple asia nalɔ̃ faa amia ŋku ɖe wo nɔewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Eye ‘woayi edzi ado dzi anɔ anyi kple wo nɔewo, eye woatsɔ anɔ wo nɔewo kem faa.’ Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa daa vo. Ne edzɔ alea la, eʋua mɔ na wo be woasrɔ̃ nu tso woƒe vodada me, atsɔ ake, eye woana lɔlɔ̃ si nye “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo” nakplɔ wo. (Kol. 3:13, 14) Hekpe ɖe eŋu la, “lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. . . . Meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.” (1 Kor. 13:4, 5) Anyo be woakpɔ nya kluikluiwo gbɔ kaba. Mele be dziku nakpɔtɔ anɔ srɔ̃tɔ Kristotɔwo me woatsɔ amlɔ anyi o. (Ef. 4:26, 27) Ebia ɖokuibɔbɔ ŋutɔ hafi ame nate ŋu agblɔ tso dzi me be “meɖe kuku, tɔnye medzɔ o,” gake esia kpɔa kuxiwo gbɔ bɔbɔe eye wòtea srɔ̃tɔwo ɖe wo nɔewo ŋu.

AME NƆEWO ŊU BUBU HIÃ VEVIE

7, 8. (a) Aɖaŋu kae Biblia ɖo ku ɖe srɔ̃tɔwo ƒe dɔdɔ ŋu? (b) Nu ka tae wòle be srɔ̃tɔwo nabu wo nɔewo ŋu?

7 Aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me siwo akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be susu nyui nanɔ wo si ku ɖe gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖea me ŋu. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 7:3-5.) Ele vevie ŋutɔ be srɔ̃tɔwo nabu wo nɔewo ƒe seselelãme kple nuhiahiãwo ŋu. Ne srɔ̃ŋutsu mebua srɔ̃a ŋu helénɛ ɖɔɖɔɖɔ abe koklozi ene o la, nyɔnua mase vivi na srɔ̃nua o. Biblia gblɔ na srɔ̃ŋutsuwo be woanɔ anyi kple wo srɔ̃wo “le nunya me.” (1 Pet. 3:7) Mele be woazi gbɔdɔdɔ ɖe ame dzi gbeɖe o, ke boŋ woalɔ̃ awɔe kple dzidzɔ. Zi geɖe la, egena ɖe lãme na ŋutsuwo kaba wu, gake anyo be wo ame evea nasɔ gbe hafi.

8 Biblia megblɔ lɔlɔ̃wɔwɔ si tɔgbi sɔ na srɔ̃tɔwo alo afi si woawɔe ase ɖo o, gake eƒo nu tso lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋu. (Haw. 1:2; 2:6) Eya ta esɔ be atsu kple asi Kristotɔwo nado vivi ɖe wo nɔewo ŋu.

9. Nu ka tae mesɔ be ame si menye srɔ̃wò o nadzro wò o?

9 Ne míelɔ̃ Mawu kple mía havi vevie la, míaɖe mɔ gbeɖe be naneke nagblẽ míaƒe srɔ̃ɖeɖe me o. Nuwo tɔtɔ le srɔ̃ɖeɖe aɖewo me, alo wo me gblẽ gɔ̃ hã, le esi srɔ̃tɔ ɖeka tsɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ɖo dɔe ta. Ne nu mawo kpɔkpɔ alo gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖea godo ƒe dzodzro aɖe ge ɖe mía me la, ele be míahoe kple ke kaba ŋutɔ. Ahiãmoɖoɖo na ame si menye srɔ̃wò o menyo o, eye mefia lɔlɔ̃ o, ele be ame si wɔa esia nadzudzɔ. Ne ele ŋkudzi na mí be Mawu nya míaƒe susu kple nuwɔna ɖe sia ɖe la, aƒoe ɖe mía nu míawɔ nu si dzea eŋu eye míanɔ agbe dzadzɛ.—Xlẽ Mateo 5:27, 28; Hebritɔwo 4:13.

NE SRƆ̃ÐEÐE ME LE GBEGBLẼM

10, 11. (a) Aleke srɔ̃gbegbe bɔ egbeae? (b) Nya kae Biblia gblɔ tso kaklã ŋu? (d) Nu kae aʋã srɔ̃tɔwo be woƒe afɔ nagatsɔ ɖe kaklã ŋu o?

10 Ne srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo do gã ɖe edzi la, ate ŋu ana srɔ̃tɔ ɖeka alo wo ame evea nadi be yewoaklã alo agbe yewo nɔewo. Le dukɔ aɖewo me la, ame siwo gbea srɔ̃ la sɔ gbɔ wu ame siwo katã ɖea srɔ̃ ƒe afã. Srɔ̃gbegbe mebɔ alea gbegbe le Kristo hamea me ya o, gake ale si srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo le dzidzim ɖe edzi le Mawu ƒe amewo dome la zu taɖui na mí katã.

11 Biblia de se be: “Srɔ̃nyɔnu nagaklã ɖa tso srɔ̃a gbɔ o. Ke ne eklã ɖa tso egbɔ la, nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawɔ ɖeka kple srɔ̃a; eye srɔ̃ŋutsu hã nagagblẽ srɔ̃a ɖi o.” (1 Kor. 7:10, 11) Mele be nàbu kaklã tso srɔ̃wò gbɔ fefenya o. Ate ŋu awɔ na ame aɖewo be kaklãe nye kuxi sesẽwo gbɔ kpɔnu, gake zi geɖe la, ɖeko wògagblẽa nyaa ɖe edzi. Esi Yesu he susu Mawu ƒe nya si nye be ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu dzi vɔ la, egblɔ be: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.” (Mat. 19:3-6; 1 Mose 2:24) Esia fia be mele be srɔ̃ŋutsua alo srɔ̃nyɔnua ŋutɔ hã nama ‘nu si Mawu bla ɖekae la me o.’ Yehowa bua srɔ̃ɖeɖe be ebla srɔ̃tɔwo le woƒe agbe me katã. (1 Kor. 7:39) Ne ele susu me na srɔ̃tɔwo dometɔ ɖe sia ɖe be yewoabu akɔnta na Mawu la, aʋã wo be woawɔ nu sia nu si woate ŋui akpɔ kuxiwo gbɔ kaba hafi wòayi nu gblẽ ge.

12. Nu kae ate ŋu ana srɔ̃tɔwo nadi be yewoaklã?

12 Ðewohĩ mɔkpɔkpɔ si meva eme o ye nye srɔ̃ɖeɖe me kuxi aɖewo ƒe kè. Ne ame aɖe le mɔ kpɔm be yeakpɔ dzidzɔ geɖe le srɔ̃ɖeɖe me evɔ medzɔ alea o la, ate ŋu ana dzi naɖe le eƒo, wòabui be woble ye, alo wòado dziku gɔ̃ hã. Vovototo si le ŋutsu kple nyɔnu ƒe nuwɔna me kple hehe si woxɔ ate ŋu atsɔ nya vɛ, alo woƒe susu masɔ le gazazã, wo srɔ̃wo ƒe ƒometɔwo gbɔ kpɔkpɔ kple vinyinyi gome o. Ke hã míele mi nɔvi Kristotɔwo katã kafum le esi mia dometɔ akpa gãtɔ wɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi tsɔ kpɔa kuxi siawo katã gbɔe ta.

13. Nu kawo dzie srɔ̃tɔ aɖe ate ŋu anɔ te ɖo aklã?

13 Susu aɖewo tae srɔ̃tɔ aɖe akpɔe be yeaklã ɖo, abe ne srɔ̃a ɖoe koŋ gbe ƒomea dzi kpɔkpɔ, ne esẽa ŋuta le eŋu vevie, alo xe mɔ nɛ keŋkeŋ be wòagasubɔ Mawu o ene. Ele be srɔ̃tɔ Kristotɔ siwo le kuxi sesẽwo me tom nadi kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ. Nɔviŋutsu kpɔnuteƒe siawo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woawɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋu siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi. Anyo hã be woado gbe ɖa abia Yehowa ƒe gbɔgbɔa be wòakpe ɖe wo ŋu woawɔ Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ahaɖe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea afia ale be woakpɔ kuxiawo gbɔ.—Gal. 5:22, 23. [2]

14. Aɖaŋu kae Biblia ɖo na Kristotɔ siwo srɔ̃wo menye Yehowa subɔlawo o?

14 Kristotɔ aɖewo srɔ̃ menye Yehowa subɔla o. Biblia gblɔ susu nyui siwo tae wòle be woayi edzi anɔ wo nɔewo gbɔ ɖo. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 7:12-14.) Srɔ̃tɔ dzimaxɔsetɔa ŋutɔ nya alo meɖanya o, ‘eŋuti kɔ’ le esi srɔ̃a nye xɔsetɔ ta. Vi ɖe sia ɖe si wodzi hã ‘le kɔkɔe’ le Mawu ŋkume. Paulo ɖe eme be: “Srɔ̃nyɔnu, aleke nàwɔ anya ne wòe axɔ srɔ̃wò ɖe agbe? Alo srɔ̃ŋutsu, aleke nàwɔ anya ne wòe axɔ srɔ̃wò ɖe agbe?” (1 Kor. 7:16) Le Yehowa Ðasefowo ƒe hame ɖe sia ɖe kloe me la, srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖewo li siwo dometɔ ɖekae wɔ akpa vevi aɖe ale be srɔ̃a zu Yehowa subɔla.

15, 16. (a) Aɖaŋu kae Biblia ɖo na srɔ̃nyɔnu Kristotɔ si srɔ̃ menye Mawu subɔla o? (b) Nu kae srɔ̃tɔ Kristotɔ awɔ “ne dzimaxɔsetɔ la tiae be yeadzo”?

15 Apostolo Petro xlɔ̃ nu srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo “ale be ne srɔ̃ŋutsu aɖewo meɖoa to nya la o la, wo srɔ̃wo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔmagblɔe naɖe wo, esi woawo ŋutɔ kpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ kple bubu deto la ta.” Le esi srɔ̃nyɔnu nanɔ nu ƒom tso eƒe dzixɔsewo ŋu ɣesiaɣi teƒe la, eɖea vi wu ne eɖea “gbɔgbɔ fatu si nɔa anyi kpoo . . . si xɔ asi ŋutɔ le Mawu ŋkume” fiana, elabe esia ate ŋu akpe ɖe srɔ̃a dzimaxɔsetɔa ŋu be wòaxɔ nyateƒea.—1 Pet. 3:1-4.

16 Ke ne srɔ̃tɔ dzimaxɔsetɔ la tiae be yeaklã ya ɖe? Biblia gblɔ be: “Ne dzimaxɔsetɔ la tiae be yeadzo la, nedzo faa; se mebla nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le nya siawo me o, ke boŋ Mawu yɔ mi be mianɔ ŋutifafa me.” (1 Kor. 7:15) Esia mefia be Kristotɔ la vo le Ŋɔŋlɔawo nu aɖe srɔ̃ bubu o, gake mehiã be wòazii ɖe srɔ̃a dzimaxɔsetɔa dzi be wòanɔ ye gbɔ kokoko o. Kaklã ate ŋu ana Kristotɔ la nakpɔ ŋutifafa vie. Ate ŋu anɔ mɔ kpɔm hã be ye srɔ̃a natrɔ agbɔ kple susu be yewoakpɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea ta, eye ɖewohĩ wòava zu haxɔsetɔ le etsɔme.

NU KAE NYE NU VEVITƆ LE SRƆ̃ÐEÐE ME?

Mawusubɔsubɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ana miaƒe dzidzɔ nadzi ɖe edzi le srɔ̃ɖeɖea me (Kpɔ memama 17)

17. Nu kae wòle be srɔ̃tɔ Kristotɔwo natsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ?

17 Esi míele “ŋkeke mamlɛawo” ƒe yɔyrɔe nu ta la, míele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ me. (2 Tim. 3:1-5) Gake ne kadodo si le mía kple Yehowa dome me sẽ la, akpɔ mía ta tso xexe sia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me. Paulo gblɔ be: “Ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ. Tso fifia dzi yina la, ame siwo si srɔ̃ le la nanɔ abe ɖe ɖeke mele wo si o ene, . . . eye ame siwo wɔa xexea ŋuti dɔ la nanɔ abe ame siwo mele eŋuti dɔ wɔm bliboe o ene.” (1 Kor. 7:29-31) Menye ɖe Paulo le gbɔgblɔm na atsu kple asiwo be woagblẽ wo nɔewo ɖi o. Ke boŋ esi ɣeyiɣi si susɔ megasɔ gbɔ kura o ta la, ele be woatsɔ mawusubɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ.—Mat. 6:33.

18. Nu kae Kristotɔ awɔ be eƒe srɔ̃ɖeɖe navivi eye dzidzɔ nanɔ eme?

18 Ele eme be míele ɣeyiɣi madeamedziwo me eye srɔ̃ɖeɖe geɖewo le gbagbãm ya, gake anya wɔ be míaƒe srɔ̃ɖeɖe navivi eye dzidzɔ nanɔ eme. Nyateƒee, srɔ̃tɔ Kristotɔ siwo le Yehowa ƒe amewo ŋu kplikplikpli, wowɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖowo dzi, eye wonana Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔ wo la ate ŋu alé “nu si Mawu bla ɖekae” ɖe te.—Marko 10:9.

^ [1] (memama 5) Míetrɔ ŋkɔawo.

^ [2] (memama 13) Kpɔ agbalẽ si nye “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa,” megbenya, “Nya Si Biblia Gblɔ Tso Kaklã Kple Srɔ̃gbegbe Ŋu.”