Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ɖeɖe—Eƒe Dzɔtsoƒe Kple Taɖodzinu

Srɔ̃ɖeɖe—Eƒe Dzɔtsoƒe Kple Taɖodzinu

“Yehowa Mawu gblɔ be: ‘Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ la nɛ.’”—1 MOSE 2:18.

HADZIDZI: 36, 11

1, 2. (a) Aleke srɔ̃ɖeɖe dze egɔmee? (b) Nu kae atsu kple asi gbãtɔ kpɔ dze sii le srɔ̃ɖeɖe ŋu? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

ESƆ le dzɔdzɔme nu be ame naɖe srɔ̃. Gake aleke srɔ̃ɖeɖe dze egɔmee, eye nu kae nye eƒe taɖodzinu? Esia nyanya akpe ɖe mía ŋu be susu nyui nanɔ mía si le srɔ̃ɖeɖe kple eƒe viɖewo ŋu. Esi Mawu wɔ ame gbãtɔ Adam la, ekplɔ lãwo va egbɔ be wòatsɔ ŋkɔ na wo. Ke “kpeɖeŋutɔ aɖeke meli si asɔ na amea ya o.” Eya ta Mawu na ŋutsua dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye wòɖe eƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe vɛ nɛ. (Xlẽ 1 Mose 2:20-24.) Edze ƒãa be Mawue ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi.

2 Yesu na míenya be Yehowa ŋutɔe gblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo ame evea woazu ŋutilã ɖeka.” (Mat. 19:4, 5) Esi Mawu ɖe Adam ƒe agbaƒuti ɖeka tsɔ wɔ nyɔnui la, ena atsu kple asi gbãtɔa kpɔe be yewozu ŋutilã ɖeka. Mewɔ ɖoɖo aɖeke be ame nagbe srɔ̃a alo aɖe bubu akpee o.

SUSU SI TA YEHOWA ÐO SRƆ̃ÐEÐE ANYI

3. Srɔ̃ɖeɖe ƒe taɖodzinu vevi aɖee nye ka?

3 Adam kpɔ dzidzɔ ɖe srɔ̃a ŋu helɔ̃e vevie, eye wòna ŋkɔe emegbe be Xawa. Esi nyɔnua ‘sɔ na amea’ ta la, enye “kpeɖeŋutɔ” si ana woado dzidzɔ na wo nɔewo gbe sia gbe abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ene. (1 Mose 2:18) Srɔ̃ɖeɖe ƒe taɖodzinu vevi aɖee nye be woadzi ayɔ anyigba dzi. (1 Mose 1:28) Togbɔ be viwo lɔ̃a wo dzilawo vevie hã la, woatsi aɖe srɔ̃ adzo le wo gbɔ ahaɖo ƒome yeye anyi. Amegbetɔwo ayɔ anyigba la dzi va ɖo afi si sɔ, eye woakeke woƒe paradisoƒea ɖe enu va se ɖe esime anyigba bliboa zu paradiso.

4. Nu kae dzɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ dzi?

4 Srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ va ɖo afɔku gã aɖe me esi Adam kple Xawa wɔ woƒe tiatiawɔblɔɖe ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu hegbe toɖoɖo Yehowa. Satana Abosam, si nye “da xoxo la,” ble Xawa wòsusui be ne yeɖu “sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la” ƒe tsetsea la, nunya tɔxɛ aɖe asu ye si be ye ŋutɔ yeate ŋu atso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu. Mede bubu srɔ̃a ƒe tanyenye ŋu o, elabe mebia eƒe susu hafi tso nya me o. Adam hã meɖo to Mawu o, ke boŋ elɔ̃ xɔ atikutsetse si Xawa tsɔ nɛ la ɖu hamham.—Nyaɖ. 12:9; 1 Mose 2:9, 16, 17; 3:1-6.

5. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Adam kple Xawa ɖo nya ŋu na Yehowae me?

5 Esi Mawu bia gbe Adam la, eda fɔbubua ɖe srɔ̃a dzi hegblɔ be: “Nyɔnu si nètsɔ nam be wòanɔ gbɔnye lae na ati la ƒe tsetsem meɖu.” Xawa hã da fɔbubua ɖe da si blee dzi. (1 Mose 3:12, 13) Gake woƒe nu koe le ya xɔm, wo tɔ medzɔ kura o! Yehowa bu fɔ atsu kple asi dzeaglã mawo ɖe woƒe tosesẽa ta. Esia nye nuxlɔ̃ame na mí! Be srɔ̃ɖeɖe nadze edzi la, ele be atsu kple asia naɖo to Yehowa ahalɔ̃ ɖe woƒe agɔdzedzewo dzi.

6. Aleke nàɖe 1 Mose 3:15 mee?

6 Togbɔ be Satana tɔtɔ nuwo le Eden-bɔa me hã la, Yehowa na mɔkpɔkpɔ amegbetɔwo le nyagblɔɖi gbãtɔ si le Biblia me la me. (Xlẽ 1 Mose 3:15.) “Nyɔnu la ƒe dzidzimevi” agbã ta na mawudɔla dzeaglã ma. To esia dzi la, Yehowa na míekpɔ kadodo tɔxɛ si le eya kple mawudɔla dzɔdzɔewo ƒe aʋakɔ gã siwo subɔnɛ le dziƒo la dome. Ŋɔŋlɔawo fia mí be Mawu adɔ eƒe habɔbɔ ma si le abe srɔ̃a ene la me tɔ aɖe ‘wòagbã ta na’ Abosam, eye wòaʋu mɔ ɖi na amegbetɔ toɖolawo be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Esia ana tame si Yehowa ɖo tso gɔmedzedzea, si to atsu kple asi gbãtɔa ŋu la, nava eme.—Yoh. 3:16.

7. (a) Aleke srɔ̃ɖeɖewo va le tso esime Adam kple Xawa dze aglã? (b) Nu kae Biblia bia tso srɔ̃tɔ eveawo si?

7 Adam kple Xawa ƒe aglãdzedze gblẽ nu le woƒe srɔ̃ɖeɖea kple srɔ̃ɖeɖe bubuwo katã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Xawa kpe fu geɖe le fufɔfɔ kple vidzidzi me, eye aleae wòle le eƒe dzidzimevi nyɔnuwo hã gome. Nyɔnuwo ƒe susu katã nɔa wo srɔ̃wo ŋu, gake ŋutsuawo ɖua wo dzi, alo sẽa ŋuta le wo ŋu gɔ̃ hã, abe ale si míele ekpɔm le srɔ̃ɖeɖe geɖewo me egbea ene. (1 Mose 3:16) Biblia bia tso srɔ̃ŋutsuwo si be woawɔ woƒe tanyenyea ŋu dɔ le lɔlɔ̃ me. Eye srɔ̃nyɔnuwo nabɔbɔ ɖe wo srɔ̃wo te. (Ef. 5:33) Eya ta srɔ̃tɔ Mawu vɔ̃la siwo sea nu gɔme na wo nɔewo ƒe kuxiwo dzi ɖena kpɔtɔna, eye wokpɔa nyawo gbɔ keŋkeŋ ɣeaɖewoɣi.

SRƆ̃ÐEÐEWO—TSO ADAM DZI VA ÐO TSIÐƆÐƆA DZI

8. Aleke srɔ̃ɖeɖewo nɔ tso Adam dzi va ɖo Tsiɖɔɖɔa dzi?

8 Adam kple Xawa dzi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo hafi va ku le woƒe nu vɔ̃ kple blibomademade ta. (1 Mose 5:4) Wo vi gbãtɔ Kain ɖe nɔvianyɔnuwo dometɔ ɖeka. Kain tɔgbuiyɔvi Lamek ye nye ame gbãtɔ si ŋu Biblia gblɔ le be eɖe srɔ̃ eve. (1 Mose 4:17, 19) Tso Adam dzi va se ɖe Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa dzi la, ame ʋɛ aɖewo koe wogblɔ be wosubɔ Yehowa. Wo dometɔ aɖewoe nye Abel, Enok kple Noa kpakple eƒe ƒomea. Biblia gblɔ be, le Noa ƒe ŋkekea me la, “Mawu vavã la ƒe viwo kpɔ be amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ. Ale woɖe wo dometɔ siwo katã dze wo ŋu.” Esia mele dzɔdzɔme nu o, eya ta vi siwo mawudɔla siwo do amegbetɔŋutilã kple nyɔnuawo dzi la zu tagbɔsesẽtɔ vɔ̃ɖi nyanyra siwo woyɔna be Nefilimwo. Azɔ hã ‘amegbetɔ ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo ɖe anyigba la dzi,’ eye “eƒe dzimesusuwo katã le vɔ̃wɔwɔ ko ŋu ɖaa.”—1 Mose 6:1-5.

9. Nu kae Yehowa tu kple ame baɖawo le Noa ƒe ŋkekea me, eye nu kae míesrɔ̃ tso nudzɔdzɔ ma me?

9 Yehowa tsɔ Tsiɖɔɖɔ tsrɔ̃ ame vlo mawo le Noa ƒe ŋkekea me, elabe ‘wɔ baɖa, ku baɖae wua ame.’ Ɣemaɣi amewo ƒe susu katã le woƒe gbe sia gbe nuwɔnawo abe srɔ̃ɖeɖe ene ŋu ale gbegbe be wometsɔ ɖeke le nya siwo “Noa, dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela,” nɔ gbɔgblɔm tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ŋu me o. (2 Pet. 2:5) Yesu tsɔ woƒe ŋkekea sɔ kple mía tɔ. (Xlẽ Mateo 24:37-39.) Egbea ame akpa gãtɔ ɖe to ɖa le Fiaɖuƒeŋutinya nyui si ƒe gbeƒã ɖem míele le anyigba bliboa dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã hafi xexe vɔ̃ɖi sia nawu enu la ŋu. Mele be míaɖe mɔ ƒomenyawo, abe srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi ene, nava xɔ susu me na mí ale gbegbe be míaŋlɔ be be Yehowa ƒe ŋkekea gogo o.

SRƆ̃ÐEÐEWO—TSO TSIÐƆÐƆA DZI VA ÐO YESU ŊƆLI

10. (a) Gbɔdɔdɔnuwɔna kawo mee dukɔ geɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖo le blema? (b) Kpɔɖeŋu nyui kae Abraham kple Sara ɖo le woƒe srɔ̃ɖeɖe me?

10 Togbɔ be srɔ̃ ɖeka koe nɔ Noa kple viaŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe si hã la, amewo ɖe srɔ̃ geɖe le blema. Le teƒe geɖe la, gbɔdɔdɔ manɔsenu bɔ ale gbegbe be wotsɔe tsaka kple woƒe subɔsubɔ gɔ̃ hã. Esi Abraham kple srɔ̃a Sara wɔ Mawu ƒe gbe dzi heʋu yi Kanaan la, anyigba ma dzi tɔwo wɔa nu nyɔŋu siwo ɖia gbɔ srɔ̃ɖeɖe. Yehowa tsrɔ̃ Sodom kple Gomora le esi woƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo me ta. Abraham ya nye ƒome ƒe ta nyui, eye Sara hã ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le ale si wòbɔbɔna ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye te me. (Xlẽ 1 Petro 3:3-6.) Abraham na woɖe Yehowa subɔla na via Isak. Eye Isak vi Yakob hã tsi dzi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu nenema ke. Viawo ƒe dzidzimeviwoe va zu Israel-to 12-awo.

11. Aleke Mose ƒe Sea kpɔ Israel-viwo tae?

11 Emegbe Yehowa bla nu kple Yakob, si wogayɔna be Israel, ƒe dzidzimeviwo. Ena mɔfiame wo le Mose ƒe Sea me, si akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ srɔ̃ geɖe ɖeɖe, si nye nu si bɔ ɣemaɣi la ŋu nyawo gbɔ. Sea bia be Israel-viwo nagaɖe srɔ̃ tso trɔ̃subɔdukɔwo me o, ale be woƒe subɔsubɔ nanɔ dzadzɛ. (Xlẽ 5 Mose 7:3, 4.) Ne kuxi sesẽwo ɖo srɔ̃ɖeɖewo me la, ametsitsiwo kpena ɖe wo ŋu. Ðoɖo le Sea me ku ɖe nuteƒemawɔmawɔ, ŋuʋaʋã kple vɔ̃bubu ɖe ame srɔ̃ ŋu ŋuti. Woɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu na wo, gake ɖoɖo le eya hã ŋu. Ŋutsu ate ŋu agbe srɔ̃a ne ewɔ “nu manyomanyo aɖe.” (5 Mose 24:1) Womegblɔ “nu manyomanyo” si tɔgbi wòanye o, gake anɔ eme godoo be manye nya suesuewo o.—3 Mose 19:18.

MÈGAWƆ ALAKPANU ÐE SRƆ̃WÒ ŊU O

12, 13. (a) Agbe ka nɔm ŋutsu aɖewo le ɖe wo srɔ̃wo ŋu le Malaki ƒe ɣeyiɣia me? (b) Egbea ne srɔ̃tɔ xɔnyɔnyrɔ aɖe wɔ ahasi heva ɖe ame bubu la, nu kae adzɔ ɖe edzi?

12 Le nyagblɔɖila Malaki ƒe ŋkekea me la, srɔ̃ŋutsu Yudatɔ geɖewo nɔ alakpanu wɔm ɖe wo srɔ̃wo ŋu, eye wotsɔa nya maɖinyawo tsoa wo nu hegbea wo. Anye be ɖe ŋutsu mawo gblẽ woƒe ɖekakpuimesrɔ̃wo ɖi be yewoaɖe ɖetugbuiwo alo dutanyɔnuwo. Yuda-ŋutsuwo kpɔtɔ nɔ alakpanu wɔm ɖe wo srɔ̃wo ŋu henɔ wo gbem “le nya sia nya ta” va se ɖe Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi. (Mat. 19:3) Yehowa Mawu lé fu srɔ̃gbegbe.—Xlẽ Malaki 2:13-16.

13 Egbea Yehowa ƒe amewo meɖea mɔ ɖe alakpanuwɔwɔ le srɔ̃ɖeɖe me ŋu o. Gake tsɔe be srɔ̃tɔ xɔnyɔnyrɔ aɖe wɔ ahasi eye wògbe srɔ̃a heva ɖe ame ma. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzime la ɖa le hamea me be hamea nakpɔtɔ anɔ dzadzɛ. (1 Kor. 5:11-13) Ele be amea ‘natse ku siwo dze dzimetɔtrɔ’ hafi woagaxɔe ɖe hamea me. (Luka 3:8; 2 Kor. 2:5-10) Ele eme be womeɖo ɣeyiɣi didi si ava yi hafi woagaxɔ amea o ya, gake mele be woayɔ ɖe ame si wɔ alakpanu sia tɔgbi le Mawu ƒe amewo dome la xɔxɔ ŋu o. Ate ŋu axɔ ƒe ɖeka alo esi wu nenema hafi nu vɔ̃ wɔlaa nawɔ nu si aɖee afia be etrɔ dzi me vavã. Ne wogbugbɔ xɔe ɖe hamea me gɔ̃ hã la, mefia be edo le ta dzi nɛ o, woabia akɔntae le “Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.”—Rom. 14:10-12; kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, November 15, 1979, axa 31-32 (Fransegbe me tɔ, February 15, 1980, axa 31-32).

KRISTOTƆWO ƑE SRƆ̃ÐEÐE

14. Taɖodzinu ka gbɔe Sea ɖo?

14 Mose ƒe Sea fia mɔ Israel-viwo ƒe 1,500 kple edzivɔ. Mɔfiame siwo le eme kpe ɖe Mawu ƒe amewo ŋu wokpɔ ƒomenyawo kple nya bubuwo gbɔ, eye wòkplɔ wo yi Mesia la gbɔe. (Gal. 3:23, 24) Yesu ƒe kua he Se la va nuwuwui, eye Mawu wɔ ɖoɖo yeye. (Heb. 8:6) Ðoɖo yeye sia megaɖe mɔ ɖe nu siwo nɔ Sea me la dometɔ aɖewo ŋu o.

15. (a) Srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖo kae kplɔa Kristotɔwo? (b) Nu kawoe wòle be wòanɔ susu me na Kristotɔ ne ele srɔ̃gbegbe ŋu bum?

15 Esi Yesu nɔ nya ŋu ɖom na Farisitɔ aɖewo la, egblɔ be togbɔ be Mose ƒe Sea ɖe mɔ na wo be woagbe wo srɔ̃wo hã la, “menye nenemae wòle tso gɔmedzedzea me o.” (Mat. 19:6-8) Yesu ƒe nya sia ɖee fia be ɖoɖo si Mawu wɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu le Eden-bɔa me la dzie Kristo hamea azɔ ɖo. (1 Tim. 3:2, 12) Esi atsu kple asi nye “ŋutilã ɖeka” ta la, ele be woaku ɖe wo nɔewo ŋu goŋgoŋ, eye woana lɔlɔ̃ na Mawu kple wo nɔewo nado ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖea. Ne ame ɖeka gbe srɔ̃a le setɔwo gbɔ, evɔ menye le ahasiwɔwɔ ta o la, mevo aɖe srɔ̃ bubu gbeɖe o. (Mat. 19:9) Ate ŋu adzɔ be srɔ̃tɔ maɖifɔa natiae be yeatsɔe ake ye srɔ̃ si wɔ ahasi hetrɔ dzi me la, abe ale si ko nyagblɔɖila Hosea tsɔ srɔ̃a Gomer ƒe ahasiwɔwɔ kee ene. Nenema kee Yehowa kpɔ nublanui na Israel dukɔ si wɔ gbɔgbɔmehasi esime wotrɔ dzi me. (Hos. 3:1-5) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne srɔ̃tɔ aɖe nya nyuie be ye srɔ̃ wɔ ahasi evɔ wo kplii wodɔ la, efia be etsɔe kee eye magate ŋu anɔ te ɖe ema dzi agbee wòasɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o.

16. Nya kae Yesu gblɔ le trenɔnɔ ŋu?

16 Yesu na wòdze ƒãa be mɔɖeɖe meli be Kristotɔ nagbe srɔ̃a o, negbe ɖe srɔ̃a wɔ ahasi ko hafi. Eyome eƒo nu tso ame siwo si trenɔnɔ ƒe “nunana” le ŋu. Eye wògblɔ be: “Ame si ate ŋui la, newɔe.” (Mat. 19:10-12) Ame geɖe tiae be yewoanɔ tre ale be yewoate ŋu asubɔ Yehowa susuhenuwo manɔmee. Wodze na kafukafu!

17. Nu kae ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ ŋu wòatso nya me nenye be aɖe srɔ̃?

17 Be ame naɖe srɔ̃ alo anɔ tre la, ehiã be eya ŋutɔ nadzro eƒe dzi me akpɔe ɖa be yeate ŋu anɔ anyi srɔ̃maɖemaɖe mahã. Apostolo Paulo kafu trenɔnɔ, gake egblɔ be: “Le gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe bɔbɔ ta la, srɔ̃ nenɔ ŋutsu sia ŋutsu si, eye srɔ̃ nenɔ nyɔnu sia nyɔnu si.” Paulo gblɔ ƒu edzi be: “Ne womate ŋu aɖu wo ɖokuiwo dzi o la, ekema woaɖe srɔ̃, elabena enyo be woaɖe srɔ̃ wu be fieŋufieŋu nanɔ fu ɖem na ame.” Srɔ̃ɖeɖe ate ŋu akpɔ ame ta tso fieŋufieŋu si kplɔa ame dea ɖokuigbɔdɔdɔ kple matrewɔwɔ me la me. Ame ƒe ƒexɔxɔ hã le vevie, elabena apostoloa gblɔ be: “Ke ne ame aɖe susu be yemele nu wɔm ɖe yeƒe ɖekakpuinyenye alo ɖetugbuinyenye ŋu nyuie o, eye wòto sɔhɛnyenye me do la, ekema nu si wòawɔe nye esi: newɔ nu si dim wòle; mewɔ nu vɔ̃ o. Neɖe srɔ̃ faa.” (1 Kor. 7:2, 9, 36; 1 Tim. 4:1-3) Gake yɔyɔ gblẽa nu, eya ta mele be gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro sesẽ si nɔa sɔhɛwo me naƒoe ɖe wo nu woaɖe srɔ̃ o. Ðewohĩ wometsi atsɔ srɔ̃ɖeɖe me gbanɔamedziwo o.

18, 19. (a) Ame kawoe dze aɖe srɔ̃ le Kristo hamea me? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

18 Ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔ siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wolɔ̃e kple woƒe dzi bliboe dze aɖe srɔ̃ le hamea me. Ele be woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo nasa kɔ ale gbegbe be woadi be yewoanɔ anyi ɖaa abe srɔ̃tɔwo ene. Eye Yehowa ayra wo ne wowɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo be woaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko” la dzi. (1 Kor. 7:39) Ne wonya ɖe srɔ̃ ko la, ehiã be woalɔ̃ ɖe edzi be Biblia mee aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ si ana yewoƒe srɔ̃ɖeɖea navivi la le.

19 Egbea míele ‘ŋkeke mamlɛawo’ me, eye nɔnɔme nyui siwo ana srɔ̃ɖeɖewo nadze edzi la mele ame akpa gãtɔ si le xexea me o. (2 Tim. 3:1-5) Eya ta le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro Biblia me mɔfiame vevi aɖewo siwo akpe ɖe mí Kristotɔwo ŋu be míaƒe srɔ̃ɖeɖe navivi eye dzidzɔ nanɔ eme togbɔ be kuxiwo li hã la me. Esia akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anɔ agbe mavɔ mɔ la dzi.—Mat. 7:13, 14.