Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàte Ŋu Ayi Ŋgɔ Geɖe Wu Le Mawusubɔsubɔ Mea?

Ðe Nàte Ŋu Ayi Ŋgɔ Geɖe Wu Le Mawusubɔsubɔ Mea?

“Yi edzi nàdo vevie dutoƒo nuxexlẽ, nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia, va se ɖe esime mava.”—1 TIM. 4:13.

HADZIDZI: 45, 70

1, 2. (a) Aleke Yesaya 60:22 le eme vam? (b) Hiahiã kae le hameawo me egbea?

“AME ʋɛwo azu akpe, eye ame suewo azu dukɔ sesẽ.” (Yes. 60:22) Nyagblɔɖi sia le eme vam le ŋkeke mamlɛ siawo me. Kpɔe ɖa ko, le ƒe 2015 subɔsubɔƒea me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela 8,220,105 sɔŋ ye gblɔ nya nyuia le xexea me katã! Ele be mí Kristotɔwo katã míatsɔ ɖe le nyagblɔɖia ƒe akpa mamlɛa me vevie elabe mía Fofo si le dziƒo la gblɔ be: “Nye Yehowa ŋutɔ, mado tsɔtsɔe le ewɔɣi.” Ðeko wòle abe míele ʋu aɖe si le du dzi sesĩe me ene, nusrɔ̃lawɔwɔdɔa le dzidzim ɖe edzi eteƒe mekɔ o. Ke nu ka wɔm míawo ŋutɔwo míele tso esia ŋu? Ðe míele Fiaɖuƒegbedeasia gblɔm dzonɔamemetɔea? Nɔvi geɖewo le gbe sia gbe alo kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm. Ðe dzi medzɔa mí ŋutɔ be mía nɔvi geɖewo lɔ̃ yi ɖale dɔ wɔm le afi si hiahiã geɖe wu le alo le teokrasidɔ bubuwo wɔm oa?

2 Azɔ hã míekpɔe be dɔwɔla geɖewo hiã. Woɖoa hame yeye siwo ade 2,000 sɔŋ ƒe sia ƒe! Ne hamemetsitsi 5 ye asubɔ le hame yeye ɖe sia ɖe me la, ke ehiã be subɔsubɔdɔwɔla 10,000 nadze azu hamemetsitsiwo ƒe sia ƒe. Efia be ele vevie be nɔviŋutsu akpe geɖe naku kutri adze azu subɔsubɔdɔwɔlawo. Míeɖanye nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo o, dɔ geɖe li míawɔ “le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me.”—1 Kor. 15:58.

NU SI ŊGƆYIYI LE MAWUSUBƆSUBƆ ME FIA

3, 4. Nu kae wòfia be nàyi ŋgɔ?

3 Xlẽ 1 Timoteo 3:1. Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘minya’ fia be ame nadidi asi anɔ ʋiʋlim be yeatsɔ nane si le adzɔge. Nya si apostolo Paulo gblɔ ɖee fia be ŋgɔyiyi le mawusubɔsubɔ me bia veviedodonu. Tsɔe be nɔvi aɖe di be yeayi ŋgɔ le hamea me. Ðewohĩ mezu subɔsubɔdɔla haɖe o, gake ekpɔe be ehiã be yeatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo ɖo. Gbã la, eʋli vevie ɖo subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe nudidiawo gbɔ. Ema megbe ele mɔ kpɔm be yeadze azu dzikpɔla. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, eyi edzi le nɔnɔme nyui siwo hiã be wòaxɔ agbanɔamedzi geɖe wu le hamea me la tum ɖo.

4 Nenema kee anyo be nɔvi siwo di be yewoazu mɔɖelawo, Betel dɔwɔlawo, alo Fiaɖuƒe Akpata Tulawo naʋli aɖo taɖodzinu ma gbɔ. Mina míadzro ale si Mawu ƒe Nya de dzi ƒo na mí katã be míayi ŋgɔ le subɔsubɔ vavãtɔ me la me.

ƲLI BE NÀWƆ GEÐE WU

5. Aleke sɔhɛwo ate ŋu azã woƒe ŋusẽ le Fiaɖuƒedɔwo me?

5 Ŋusẽ le ɖekakpuiwo kple ɖetugbuiwo ŋu be woawɔ dɔ geɖe na Yehowa. (Xlẽ Lododowo 20:29.) Wo dometɔ aɖewo le asi kpem ɖe Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata kple wo babla ŋu le Betel. Ðewo hã le gome kpɔm le Fiaɖuƒe Akpatawo tutu kple beléle na wo me. Ne dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le nɔvi aɖewo ŋu la, ɖekakpui kple ɖetugbuiwo kpena ɖe Ðasefo kpɔnuteƒewo ŋu wodoa alɔ wo. Sɔhɛ mɔɖela geɖewo hã tsɔa nya nyuia yina na ame siwo le kɔƒe totroewo me kple dutagbedolawo.

6-8. (a) Aleke sɔhɛ aɖe trɔ nɔnɔme si le esi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu, eye nu kae do tso eme? (b) Aleke ‘míeɖɔnɛ kpɔ hekpɔnɛ be Yehowa nyo’?

6 Ðewohĩ èkpɔe be ele vevie be míasubɔ Mawu tso dzi blibo me. Ke ne èsena le ɖokuiwò me abe nɔviŋutsu Aron ene ɖe? Kristotɔwo ƒe ƒome mee Aron tsi le, gake eʋu eme be: “Kpekpeawo kple gbeadzidede mevivia nunye kura o.” Edi be yeasubɔ Mawu kple dzidzɔ gake menya nu si tae dzi mele ye dzɔm o. Nu kae wòwɔ?

7 Aron wɔ ɖoɖo xlẽa Biblia, dzraa kpekpeawo ɖo heɖoa nya ŋu le wo me. Vevietɔ la, edze gbedodoɖa edziedzi gɔme. Esi eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nɔ to dem ɖe edzi la, eva nɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm nyuie. Tso ɣemaɣi la, Aron wɔ mɔɖeɖedɔa dzidzɔtɔe, eya kple nɔvi bubuwo na kpekpeɖeŋu ame siwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo eye wòyi ɖasubɔ le duta. Aron le Betel fifia eye wònye hamemetsitsi. Nya kae wògblɔ tso ŋgɔyiyi siawo ŋu? Egblɔ be: “‘Meɖɔe kpɔ hekpɔe be Yehowa nyo.’ Ale si wòyram na mekpɔe be menyi fe gã aɖe le eŋu, eʋãm be mawɔ geɖe le esubɔsubɔ me, eye esia gana mekpɔ yayra bubuwo.”

8 Psalmo ŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ame siwo dia Yehowa la, nu nyui aɖeke mahiã wo o.” (Xlẽ Psalmo 34:8-10.) Nyateƒee, Yehowa medoa ŋukpe ame siwo tsɔa dzo ɖe esubɔsubɔ ŋu o. ‘Míeɖɔnɛ kpɔ hekpɔnɛ be Yehowa nyo’ nenye be míewɔa míaƒe ŋutete katã le subɔsubɔdɔa me. Eye ne míesubɔ Mawu tso luʋɔ blibo me la, míekpɔa dzidzɔ si ɖeke mesɔ kplii o.

DO VEVIE NU EYE ÐEÐI MEGATE ŊUWÒ O

9, 10. Nu ka tae wòle vevie be ‘nàkpɔ Mawu sinu’?

9 Esi nèle wò taɖodzinuwo minyam la, ‘nɔ Mawu sinu kpɔm.’ (Mika 7:7) Yehowa kpena ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu ɣesiaɣi, gake eɖea mɔ ɣeaɖewoɣi be woalala axɔ dɔdeasiwo alo akpɔ tɔtrɔ nyui aɖewo sinu. Edo ŋugbe na Abraham be adzi vi, gake ehiã be blemafofo sia naɖe xɔse afia ahagbɔ dzi ɖi. (Heb. 6:12-15) Togbɔ be Abraham lala ƒe gbogbo aɖewo hafi dzi Isak hã la, dzi meɖe le eƒo o, eye Yehowa wɔ ŋugbe si wòdo nɛ la dzi.—1 Mose 15:3, 4; 21:5.

10 Lala mele bɔbɔe o. (Lod. 13:12) Ne nɔnɔme si me míele ŋu koe míebuna eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí la, dzi aɖe le mía ƒo vevie. Nunya anɔ eme boŋ be míawɔ ɣeyiɣia ŋu dɔ atsɔ atrɔ asi le míaƒe nɔnɔme ŋu wòanyo ɖe edzi. Na míakpɔ mɔ etɔ̃ siwo dzi míato awɔ esia ɖa.

11. Nɔnɔme nyui kawoe wòle be míatu ɖo eye nu ka tae wohiã vevie?

11 Tu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Ne míexlẽa Mawu ƒe Nya la hedea ŋugble le eŋu la, ana nunya, gɔmesese, nyametsotso nyui wɔwɔ ƒe ŋutete, sidzedze, kple tamebubuŋutete nasu mía si eye míaɖɔ ŋu ɖo hã. Ele vevie ŋutɔ be nɔnɔme nyui siawo nanɔ ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me si. (Lod. 1:1-4; Tito 1:7-9) Azɔ hã Biblia-srɔ̃gbalẽwo xexlẽ ana míakpɔ Mawu ƒe susu le nya geɖewo ŋu. Míedoa go nya siwo ku ɖe modzakaɖeɖe, awudodo kple dzadzraɖo, gazazã kpakple ale si míawɔ nu kple amewo ŋu gbe sia gbe. Ne míewɔa nu siwo míesrɔ̃ le Biblia me dzi ko hafi míaƒe nyametsotsowo adze Yehowa ŋu.

12. Nu kae hamea me tɔwo awɔ be woaka ɖe wo dzi?

12 Nye ame si dzi woate ŋu aka ɖo. Míeɖanye nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo o, ele be míawɔ teokrasidɔ ɖe sia ɖe si wode mía si la veviedodotɔe. Esi Nehemiya nye dudzikpɔla la, eva hiã be wòatia ŋutsu aɖewo ade dɔ asi na wo le Mawu ƒe amewo dome. Ame kawoe wòtia? Ame siwo vɔ̃a Mawu siwo dzi woate ŋu aka ɖo ye. (Neh. 7:2; 13:12, 13) Egbea hã, “nu si wodi tso aƒedzikpɔlawo sie nye be woanye nuteƒewɔlawo.” (1 Kor. 4:2) Dɔ nyuiwo mate ŋu anɔ ɣaɣla ɖaa o.—Xlẽ 1 Timoteo 5:25.

13. Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yosef ƒe kpɔɖeŋu ne amewo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò?

13 Na Yehowa nadza ŋuwò. Nu kae nàwɔ ne amewo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò? Ðewohĩ àte ŋu awɔ nane atsɔ akpɔ nyaa gbɔ kaba. Gake ɣeaɖewoɣi nyaa gagblẽna ɖe edzi kura ne èʋli ɖokuiwò ta ŋkubiãtɔe. Yosef nɔviŋutsuwo sẽ tagbɔ le eŋu gake melé wo ɖe dɔme o. Emegbe ame aɖe hã da alakpa ɖe Yosef si, si na wodee gaxɔ me madzemadzee. Ke hã eɖe mɔ Yehowa fia mɔe le nɔnɔme sesẽ mawo me. Nu kae do tso eme? ‘Yehowa ƒe nya la dza eŋu.’ (Ps. 105:19) Esi dodokpɔ siawo katã wu enu la, Yosef dze nyuie na dɔdeasi tɔxɛ aɖe. (1 Mose 41:37-44; 45:4-8) Ne èle kuxi sesẽwo me tom la, do gbe ɖa nàbia nunya, ƒo nu fafɛ, eye nàɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋu. Yehowa akpe ɖe ŋuwò.—Xlẽ 1 Petro 5:10.

YI ŊGƆ LE SUBƆSUBƆDƆA ME

14, 15. (a) Nu ka tae wòle be míalé ŋku ɖe ale si míeɖea gbeƒãe ŋu? (b) Aleke nàtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋui? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze kple aɖaka si nye “ Àdi Be Yeate Gbeƒãɖeɖe Ƒe Mɔnu Bubuwo Kpɔa?”)

14 Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “Yi edzi nàdo vevie dutoƒo nuxexlẽ, nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia . . . Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia dzi nyuie ɣeawokatãɣi.” (1 Tim. 4:13, 16) Ɣemaɣi Timoteo nye Fiaɖuƒegbeƒãɖela kpɔnuteƒe xoxo. Gake ne ‘eyi edzi kpɔ eƒe nufiafia dzi’ ko hafi eƒe subɔsubɔdɔa atse ku. Mate ŋu agblɔ be ale si yefiaa nui la, nenema dzi ko yeanɔ o. Ele vevie be wòatrɔ eƒe nufiafiamɔnuwo ɖe amewo ƒe hiahiãwo nu be eƒe nufiafia nade dzi gbɔ na wo. Aleae wòle be mí Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hã míawɔe.

15 Zi geɖe la, míetua amewo le aƒe me ne míele dɔ wɔm tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu o. Míetea ŋu gena ɖe aƒe gãgã aɖewo alo nuto siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo hede agbo enu la me o. Ne nenemae wò anyigbamama le la, ɖe manyo be nàɖe gbeƒã nya nyuia to mɔ bubuwo nu oa?

16. Mɔ ka dzie míato aɖi ɖase le dutoƒo wòaɖe vi?

16 Dutoƒoɖaseɖiɖidɔa nye mɔ nyui aɖe si dzi míetona kakaa nya nyuia. Ðasefo gbogbo aɖewo le vivi sem le dɔ sia me. Wowɔa ɖoɖo yina ɖaɖia ɖase na amewo le ketekedzeƒewo, ʋutɔɖoƒewo, asiwo kple modzakaɖebɔwo me kpakple ablɔwo dzi. Ðasefoa ate ŋu adze dzeɖoɖo gɔme kple ame aɖe aɖaŋutɔe, ahe amea ƒe susu ayi nyadzɔdzɔ aɖe dzi loo, akafu amea ƒe viwo, alo abia nya aɖee tso eƒe dɔ ŋu. Ne dzeɖoɖoa le edzi yim la, gbeƒãɖelaa abia nya aɖe tso Ŋɔŋlɔawo me ahaɖe mɔ na amea wòaɖo eŋu. Zi geɖe la, amea ƒe ŋuɖoɖo nana wodzroa Biblia me yia ŋgɔe.

17, 18. (a) Nu kae ade dzi ƒo na wò be nàwɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa? (b) Nu ka tae wòle vevie be gbɔgbɔ si nɔ David me nanɔ mewò ɖe subɔsubɔdɔa ŋu?

17 Ne ɖaseɖiɖi le dutoƒo sesẽna na wò la, dzi megaɖe le ƒowò o. Tsã la, dzeɖoɖo kple amewo le ablɔ dzi menya wɔna na Eddie si nye mɔɖela le New York Dugã me o. Gake emegbe dzi ɖo eƒo wòdze egɔme. Nu kae kpe ɖe eŋu? Egblɔ be: “Le ƒometadedeagu me la, nye kple srɔ̃nye míekua nu me le ale si míaɖo dzeɖonyanutsinyawo kple amewo ƒe susu totrowo ŋu la ŋuti. Míebiaa aɖaŋuɖoɖo tso Ðasefo bubuwo hã gbɔ.” Fifia dutoƒoɖaseɖiɖidɔa vivia Eddie nu ale gbegbe.

18 Ne èva bi ɖe nya nyuia gbɔgblɔ dzideƒotɔe me la, wò ŋgɔgbedede adze ƒãa. (Xlẽ 1 Timoteo 4:15.) Eye àkafu mía Fofo si le dziƒo abe David ene be: “Makafu Yehowa ɣeawokatãɣi; eƒe kafukafu anɔ nu nam ɖaa. Matsɔ Yehowa aƒo adegbe; ame fafawo asee, eye dzi adzɔ wo.” (Ps. 34:1, 2) Gakpe ɖe eŋu la, ate ŋu ava eme be wò gbeƒãɖeɖedɔa naʋã ame fafawo woawɔ ɖeka kpli wò dzidzɔtɔe le subɔsubɔ vavãtɔ me.

YI ŊGƆ, BE NÀKAFU MAWU

19. Nu ka tae wòle be dzi nanɔ Yehowa subɔla wɔnuteƒewo dzɔm le nɔnɔme madeamedziwo gɔ̃ hã me?

19 David dzi ha be: “Oo Yehowa, wò nuwɔwɔwo katã ada akpe na wò, eye ame siwo wɔa nuteƒe na wò la akafu wò. Woagblɔ wò fiaɖuɖu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu nya, eye woaƒo nu le wò ŋusẽ ŋu, ne woana amegbetɔviwo nanya wò nu dzɔtsuwo, kple wò fianyenye ƒe atsyɔ̃ kple ŋutikɔkɔe.” (Ps. 145:10-12) Aleae Yehowa Ðasefo wɔnuteƒewo katã sena le wo ɖokuiwo me. Ke ne dɔléle alo tsitsi na mète ŋu le geɖe wɔm o ya ɖe? Ekema ɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be ne ègblɔa nya nyuia na dɔnɔdzikpɔlawo kple ame bubuwo la, wò hã èle mía Mawu wɔnuku la kafum. Azɔ hã ne wode wò gaxɔ me le wò xɔse ta eye nèƒoa nu tso nyateƒea ŋu ne nɔnɔmea ɖe mɔ na wò la, ke èle dzidzɔ dom na Yehowa ƒe dzi. (Lod. 27:11) Nenema kee wòle nenye be èsubɔa Yehowa togbɔ be srɔ̃wò mele nyateƒea me o hã. (1 Pet. 3:1-4) Ɛ̃, àte ŋu akafu Yehowa ahawɔ geɖe le mawusubɔsubɔ me le nɔnɔme madeamedziwo gɔ̃ hã me.

20, 21. Ne wode dɔ geɖe asi na wò le Yehowa ƒe habɔbɔa me la, nu kae nàwɔ be wòanye yayra na ame bubuwo?

20 Yehowa ayra wò ne èwɔ geɖe le esubɔsubɔ me. Gake afɔe woɖena hafi yia ŋgɔ, eya ta ɖewohĩ ahiã be nàwɔ tɔtrɔ aɖewo le wò ɖoɖowɔɖiwo kple gbe sia gbe gbenɔnɔ me, ale be nàte ŋu agblɔ Mawu ƒe nyateƒe xɔasia ŋu nya na ame siwo mɔkpɔkpɔ bu ɖo. Gakpe ɖe eŋu la, ɖokuiwò tsɔtsɔ sa vɔ aɖe vi na haxɔsetɔwo ale gbegbe. Eye ne èkpea asi ɖe hamea me dɔwo ŋu ɖokuibɔbɔtɔe la, ame siwo lɔ̃ Yehowa la alɔ̃ wò, woakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò ahakpe asi ɖe ŋuwò.

21 Mí katã míate ŋu ayi ŋgɔ le Yehowa subɔsubɔ me, eɖanye ƒe geɖe ye nye esia alo ɣleti ʋɛ aɖewo koe nye esia míele esubɔm o. Gake aleke Kristotɔ kpɔnuteƒewo ate ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu woayi ŋgɔ? Míakpɔ biabia sia ƒe ŋuɖoɖo le nyati si kplɔ esia ɖo me.