Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Be dzila siwo nye amedzrowo le dukɔ bubu me nakpe ɖe wo viwo ŋu woalɔ̃ Yehowa la, nu ka tae wòle be woabu gbe si wo viwo se ŋu?

Zi geɖe la, ɖeviwo srɔ̃a gbe si amewo dona le suku kple nuto si me wole. Etea ŋu ɖea vi ne ɖevi se gbe vovovowo. Ele be dzilawo nadae kpɔ nyuie akpɔe ɖa nenye be hame si me wodoa nutoa me gbe le alo hame si me wodoa wo degbe le me nɔnɔe akpe ɖe wo viwo ŋu woase nyateƒea gɔme ahayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. Dzila Kristotɔwo bua wo viwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ be ele vevie wu yewo ŋutɔ yewoƒe didiwo.—w17.05, axa 9-11.

Esi Yesu bia Petro be: “Èlɔ̃am wu esiawoa?” la, nu kae ‘esiawo’ si wògblɔ la fia? (Yoh. 21:15)

Edze ƒãa be tɔmelã si woɖe teti la alo lãɖeɖedɔa alo evea siaae Yesu wɔnɛ. Le Yesu ƒe ku megbe la, Petro gatrɔ yi eƒe lãɖeɖedɔa dzi. Ele be Kristotɔwo nadzro wo ɖokuiwo me kpɔ be dɔwɔɖuie nye nu vevitɔ na yewo hã.—w17.05, axa 22-23.

Nu ka tae Abraham bia tso srɔ̃a si be wòagblɔ be nɔviae yenye? (1 Mose 12:10-13)

Le nyateƒe me la, Sara kple Abraham nye tɔviwo. Ne ɖe Sara gblɔ be Abraham srɔ̃e yenye la, woate ŋu awu Abraham ɖe esia ta, eye mate ŋu adzi dzidzimevi si ƒe ŋugbe Mawu do nɛ la o.—wp17.3, axa 14-15.

Aɖaŋu ka ŋu dɔe Elias Hutter wɔ tsɔ kpe ɖe ame siwo di be yewoasrɔ̃ Hebrigbe la ŋu?

Edi be yeakpe ɖe sukuvi siwo nɔ Hebrigbe si wozã le Biblia me srɔ̃m la ŋu be woade vovo Hebri nyagbewo kple nya siwo woŋlɔ tsiã ɖe wo ŋu le wo ŋgɔ alo wo megbe la dome. Eya ta ezã ŋɔŋlɔdzesi gã siwo woŋlɔ wòtò tsɔ ŋlɔ nyagbea ŋutɔ, eye wòzã esiwo metò o na nya siwo woŋlɔ tsiã ɖe nyagbea ŋu le ŋgɔ alo megbe la. Wozã mɔnu sia tɔgbi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe si ŋu numeɖeɖewo kpe ɖo ƒe etenuŋɔŋlɔwo me.wp17.4, axa 11-12.

Susu kawo tae mele be tu nanɔ Kristotɔ aɖe si be yeatsɔ akpɔ ye ɖokui ta tso ame bubuwo si me o?

Susuawo dometɔ aɖewoe nye esi: Agbe nye nu xɔasi le Mawu ŋkume. Yesu mefia eyomedzelawo be woatsɔ lãnuwo akpɔ wo ɖokuiwo ta o. (Luka 22:36, 38) Ele be míatsɔ míaƒe yiwo atu agblenuwoe. Agbea le vevie wu nunɔamesiwo. Míebua ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu, eye míedi be míanye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo. (2 Kor. 4:2)—w17.07, axa 31-32.

Nu ka tae nu siwo Mateo kple Luka ŋlɔ ɖi tso Yesu dzidzi kple eƒe ɖevimenɔɣi ŋu la to vovo?

Nu siwo ku ɖe Yosef koŋ ŋu, abe ale si wòwɔ nui esi wòse nu tso Maria ƒe fufɔfɔ ŋu kple gbedeasi si wòxɔ tso Mawu gbɔ be wòasi ayi Egipte ahatrɔ agbɔ emegbe ene ŋue Mateo ƒo nu tsoe. Luka ya ƒo nu tso Maria koŋ ŋu; eƒo nu tso nudzɔdzɔwo abe esime Maria yi ɖasrã Elizabet kpɔ kple ale si wòwɔ nui esi woke ɖe Yesu si nye ɖevi la ŋu le gbedoxɔa me ene ŋu.—w17.08, axa 32.

Nu siwo ate ŋu ana Biblia nu nayi hafi gake wògakpɔtɔ li la dometɔ aɖewo ɖe?

Gɔmesese si nɔ nya kple nyagbe aɖewo siwo wozã le Biblia me ŋu la va trɔ le ɣeyiɣi aɖewo megbe. Dziɖuɖuwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe dukɔ bubuwo dzi na amewo va nɔ gbe bubuwo dom. Amewo tsi tsitre ɖe Biblia gɔme ɖeɖe ɖe gbe si ame akpa gãtɔ dona me ŋu.—w17.09, axa 19-21.

Ðe mawudɔla aɖe li si dzɔa ŋuwòa?

Ao. Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe mawudɔlawo kpɔa Mawu ƒe mo. (Mat. 18:10) Eƒe nyawo fia be mawudɔlawo tsɔ ɖe le eme na yeƒe nusrɔ̃lawo, ke menye be mawudɔlawo le wo dometɔ ɖe sia ɖe ta kpɔm nukutɔe o.—wp17.5, axa 5.

Lɔlɔ̃ kae ƒo lɔlɔ̃ ɖe sia ɖe ta?

Ne wotu a·gaʹpe ɖe gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzi la, eyae nyea lɔlɔ̃ si tɔgbi ƒo ɖe sia ɖe ta. Elɔ numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ kple vividoɖeameŋu ɖe eme. Nɔnɔme nyuiwo abe nuwɔwɔ ɖokuitɔmadimaditɔe be wòaɖe vi na ame bubuwo ene ɖea dzesi le lɔlɔ̃ sia ŋu.—w17.10, axa 7.