Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Megblẽ Nuwo Ðe Megbe Hedze Aƒetɔ La Yome

Megblẽ Nuwo Ðe Megbe Hedze Aƒetɔ La Yome

“Ne èdo go yi ɖaɖe gbeƒã la, mègatrɔ va o. Ne ètrɔ va la, maŋe afɔwo le tewò.” Le nya mawo siwo fofonye gblɔ ta la, medzo le aƒea me. Esiae nye zi gbãtɔ si megblẽ nuwo ɖe megbe hedze Aƒetɔ la yome. Ƒe 16 koe mexɔ ɣemaɣi.

ALEKE wòdzɔe be meva nɔ nɔnɔme sia me? Na maɖe eme. Wodzim le July 29, 1929 dzi, eye kɔƒe aɖe si le Philippines ƒe nuto si nye Bulacan mee menɔ tsi. Míenɔ agbe tsɛ, elabena ganyawo nɔ sesẽm ɣemaɣi. Aʋa nɔ edzi yim le dukɔa me esime menɔ ɖevime. Japan-srafowo va dze Philippines dzi. Gake esi wònye be kɔƒe tsoabo aɖe mee míenɔ ta la, aʋaa megblẽ nu le mía ŋu ale o. Radio, television kple nyadzɔdzɔgbalẽwo menɔ kɔƒea me o, eya ta amewo gbɔ koe míesea nu tso aʋaa ŋu le.

Mí ame enyie wodzi, eye nyee nye vi evelia. Tɔgbuinye kple mamanye kplɔm meva nɔ wo gbɔ esime mexɔ ƒe enyi. Katolikotɔwoe míenye ɣemaɣi, ke hã, tɔgbuinye lɔ̃na faa sea ame bubuwo ƒe susu le subɔsubɔnyawo ŋu, eye wòlɔ̃na xɔa agbalẽ siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu tso exɔlɔ̃wo gbɔ. Meɖo ŋku edzi be etsɔ Tagalog-gbe me agbalẽvi aɖewo (Protection, Safety, kple Uncovered) fiam, * hekpe ɖe Biblia hã ŋu. Mekpɔa dzidzɔ ɖe Biblia xexlẽ ŋu, vevietɔ Nyanyuigbalẽ eneawo. Nu siwo mexlẽna la wɔe be medi be madze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome.—Yoh. 10:27.

MESRƆ̃ ALE SI MADZE AƑETƆ LA YOME

Japan-srafowo dzo le dukɔa me le ƒe 1945 me. Ɣemaɣi lɔƒoe dzinyelawo bia tso asinye be matrɔ ava nɔ yewo gbɔ, eye tɔgbuinye de dzi ƒo nam be mayi. Eya ta meyi.

Eteƒe medidi o, le December 1945 me la, Yehowa Ðasefowo tso Angat-dua me va ɖe gbeƒã le míaƒe kɔƒea me. Ðasefo tsitsi aɖe va míaƒe aƒe me, eye wòƒo nu tso nu si Biblia gblɔ tso “ŋkeke mamlɛawo” ŋu na mí. (2 Tim. 3:1-5) Ekpe mí be míava kpɔ gome le Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe me le kɔƒe aɖe si tsɔ mía gbɔ me. Dzinyelawo meyi o, gake nye ya meyi. Ame siwo ade 20 ye va ƒo ƒu, eye wo dometɔ aɖewo bia nya siwo ku ɖe Biblia me nyawo ŋu.

Esi nyemese nya siwo gblɔm wonɔ le kpekpea me la gɔme tututu o ta la, meɖoe be madzo hafi. Gake ɣemaɣi tututu la, wodze Fiaɖuƒeha aɖe dzidzi gɔme. Haa wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe, eya ta nyemegaxa dzo o. Esi wodzi ha do gbe ɖa vɔ la, wokpe vavalawo katã be woade kpekpe aɖe le Angat le Kwasiɖagbe.

Mía dometɔ aɖewo zɔ mɔ kilometa 8 de kpekpea le Cruz ƒomea ƒe aƒe me. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ be ɖevi sue siwo nɔ ame 50 siwo va kpe ta dome la gɔ̃ hã ɖo nya ŋu esime wonɔ Biblia me nya goglowo me dzrom. Esi mede kpekpea enuenu hena ɣeyiɣi aɖe la, Nɔviŋutsu Damian Santos, si nye mɔɖela tsitsi aɖe kple dumegã kpɔ la, kpem gbe ɖeka be mava tsi yewo gbɔ ŋu nake. Míenɔ zã dzi gaƒoƒo geɖe nɔ Biblia me dzrom.

Le ŋkeke mawo me la, mía dometɔ geɖe xɔ nyɔnyrɔ esi míenya srɔ̃ Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ko. Esi mete kpekpeawo dede sẽ kple sẽ ko la, nɔviawo bia nye kple ame bubuwo be, “Miadi be yewoaxɔ nyɔnyrɔa?” Meɖo eŋu be, “Ɛ̃, medi be maxɔ nyɔnyrɔ.” Nye didie wònye be ‘masubɔ Aƒetɔ Kristo abe kluvi ene.’ (Kol. 3:24) Eya ta, le February 15, 1946 dzi la, míeyi tɔsisi aɖe si tsɔ mía gbɔ la to, eye wonyrɔ mí ame eve.

Míenyae be esi míenye Kristotɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ ta la, ele be míanɔ gbeƒã ɖem edziedzi, abe ale si Yesu wɔe ene. Gake medzɔ dzi na fofonye be menye gbeƒãɖela o, eya ta egblɔ be, “Mètsi haɖe be nànɔ gbeƒã ɖem o. Azɔ hã, tɔsisi ma me wonyrɔ wò ɖo la mefia be ele be nànye gbeƒãɖela kokoko o.” Meɖe eme nɛ be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. (Mat. 24:14) Megblɔ kpee be, “Ele be mawɔ adzɔgbe si meɖe na Mawu la dzi.” Ɣemaɣie fofonye gblɔ nya mawo siwo dze le etame la be yeatsɔ ado ŋɔdzi nam. Ɛ̃, eɖoe kplikpaa be yemana maɖe gbeƒã o. Ɣemaɣie nye zi gbãtɔ si megblẽ nuwo ɖe megbe be mati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome.

Cruz ƒomea xɔm ɖe wo ƒeme be manɔ yewo gbɔ le Angat. Wode dzi ƒo na nye kple wo vinyɔnu suetɔ, Nora, be míanye mɔɖelawo. Mí ame evea míedze mɔɖeɖedɔa gɔme le November 1, 1947 dzi. Nora wɔ mɔɖeɖedɔa le du bubu me, ke nye ya meyi edzi nɔ gbeƒã ɖem le Angat.

MƆNUKPƆKPƆ BUBU GASU ASINYE BE MAGBLẼ NUWO ÐE MEGBE

Esi mete mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe eve megbe la, Nɔviŋutsu Earl Stewart, si tso alɔdzedɔwɔƒea ƒo nuƒo aɖe le dutoƒo le Angat, eye ame 500 kple edzivɔe va se nuƒoa. Eƒo nuƒoa le Eŋlisigbe me, eyome meva tò nuƒoa ɖe eme na vavalawo le Tagalog-gbe me. Ƒe adre koe mede suku, ke hã, míaƒe nufialawo doa Eŋlisigbea na mí edziedzi. Nu si hã gakpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ Eŋlisigbea ye nye be Biblia-srɔ̃gbalẽ ʋɛ aɖewo koe nɔ Tagalog-gbe me. Eya ta, Eŋlisigbe mee mesrɔ̃ míaƒe agbalẽawo dometɔ geɖe le. Esiae wɔe be mete ŋu se Eŋlisigbea ale si dze si na be mete ŋu ɖe nuƒo ma kple nuƒo bubuwo gɔme emegbe.

Le gbe si gbe meɖe Nɔviŋutsu Stewart ƒe nuƒoa gɔme la, egblɔ na míaƒe hamea be wohiã nɔviŋutsu ɖeka alo eve aɖewo siwo nye mɔɖelawo be woava wɔ dɔ le Betel. Esi wòva hiã be dutanyanyuigblɔlawo nade Teokrasi Ƒe Dzidziɖedzi Takpekpea le New York, le Amerika le ƒe 1950 me tae hiahiã ma do mo ɖa ɖo. Menɔ nɔviŋutsu siwo yi ɖawɔ dɔ le Betel la dome. Aleae wòdzɔe be megagblẽ teƒe si nɔnɔ mam la ɖi, ale be mawɔ dɔ le Betel.

Meyi Betel le June 19, 1950 dzi hedze nye subɔsubɔdɔ yeyea gɔme. Ɣemaɣi la, aƒe gã xoxo aɖe si ŋu wodo ati gãwo ɖo lae nye alɔdzedɔwɔƒea. Anyigba si dzi aƒea nɔ la ƒe lolome nye agbleka eve kple afã. Nɔviŋutsu tre wuieve aɖewoe nɔ dɔ wɔm le afi ma. Mekpea asi ɖe dɔ ŋu le dzodoƒea ŋdi kanya. Ke ne eƒo abe ga asieke ene la, meɖoa awuwo dzi le nunyaƒea. Dɔ siawo kee megawɔna le ŋdɔ me hã. Esi dutanyanyuigblɔlawo gbɔ tso dukɔwo dome takpekpea gɔ̃ hã la, megayi edzi nɔ dɔ wɔm le Betel. Medea magazinewo agbalẽkotokuwo me, mekpea asi ɖe eŋu woɖoa agbalẽwo ɖe ame siwo dɔ wo, eye mewɔa dɔ le amedzroxɔƒea hã; mewɔ dɔ ɖe sia ɖe si wode asinye.

MEGBLẼ MÍA DE PHILIPPINES ÐE MEGBE HEDE GILEAD SUKU

Le ƒe 1952 me la, dzi dzɔ nye kple nɔviŋutsu ade bubu siwo hã tso Philippines esi wokpe mí na Gilead Sukua ƒe klass 20 lia. Nu siwo míekpɔ kple nuteƒekpɔkpɔ siwo su mía si le Amerika la dometɔ geɖe nye nu yeye na mí, eye wowɔ moyaa na mí hã. Nuwo to vovo kura na ale si wole le kɔƒe sue si me metso.

Nye kple ame siwo míede Gilead Suku

Le kpɔɖeŋu me, eva hiã be míasrɔ̃ ale si míazã mɔɖaŋunuwo kple dzodoƒe ƒe ŋudɔwɔnu siwo míezã kpɔ o. Eye yame ƒe nɔnɔme hã to vovo kura! Gbe ɖeka ŋdi esi medo ɖe gota la, afi sia afi fu tititi. Emae nye zi gbãtɔ si mekpɔ sno le nye agbe me. Eye aleke gbegbe yame fa miamiamia ye nye esi!

Ke hã, mese vivi na hehe si xɔm menɔ le Gilead Sukua ale gbegbe be tɔtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu meɖe fu nam kura o. Míaƒe nufialaawo wɔ nufiafiaɖaŋu nyuiwo ŋu dɔ. Míesrɔ̃ ale si míasrɔ̃ nu wòame kple ale si míaku nu me nyuie. Hehe si mexɔ le Gilead Sukua kpe ɖe ŋunye medo ŋusẽ nye kple Yehowa dome ƒomedodoa.

Esi mewu sukua nu la, mezu mɔɖela vevi ɣeyiɣi kpui aɖe le Bronx, le New York City. Esia wɔe be mete ŋu de Xexeme Yeye Habɔbɔa ƒe takpekpe si wowɔ le July 1953 me le dugã ma me. Esi wowɔ takpekpea vɔ la, wogaɖom ɖe Philippines.

MEGBLẼ DUGÃ ME NƆNƆ ÐE MEGBE

Nɔvi siwo le alɔdzedɔwɔƒea gblɔ nam be, “Fifia àzu nutome sue dzikpɔla.” Dɔ sia ana mɔnukpɔkpɔm be madze Aƒetɔ la ƒe afɔɖoƒewo yome, abe ale si ko eya hã zɔ mɔ tso du me yi du me ɖanɔ kpekpem ɖe Yehowa ƒe alẽwo ŋu ene. (1 Pet. 2:21) Mewɔ dɔ sia le nuto gã aɖe me le Luzon, si nye ƒukpo gãtɔ le Philippines. Du siwo me mewɔ dɔ le la ƒe ɖewoe nye Bulacan, Nueva Ecija, Tarlac kple Zambales. Hafi mate ŋu ayi du aɖewo me la, ele be mazɔ mɔ glidzaglidzawo ato Sierra Madre Tonutowo me. Dugbadzaʋu si ame sia ame ɖona menɔ nuto mawo me o. Eya ta mebiaa atigbatsɔʋu kulawo be woaɖe mɔ nam manɔ atikpo siwo wotsɔ do agba na woƒe ʋuwo la dzi. Zi geɖe la, woɖea mɔ nam, gake mɔzɔzɔ ƒe mɔnu sia mede ame dzi tututu o.

Hame akpa gãtɔ siwo nɔ afi ma nye hame yeyewo eye wonɔ sue. Eya ta edzɔ dzi na nɔviawo be mefia wo ale si woawɔ ɖoɖo ɖe kpekpewo kple gbeadzidede ŋu nyuie wu.

Emegbe meyi ɖasubɔ hame siwo le Bicol nuto bliboa me. Ƒuƒoƒo saɖeagawoe nɔ nuto ma me, eye mɔɖela veviwo nɔ dɔ wɔm le nuto ma ƒe anyigbamama siwo me Ðasefowo mewɔ dɔ le kpɔ o la me. Le aƒe aɖe me la, do aɖe si dzi wotsɔ atikpo eve da ɖo lae nye nugododeƒea. Esi meɖo afɔ atiawo dzi la, meɖiɖi ge dze doa me kple atiawo. Exɔ ɣeyiɣi ŋutɔ hafi mete ŋu klɔ ɖia ɖa le ɖokuinye ŋu hesɔ gbe na ŋdinu ɖuɖu!

Esime menɔ nuto ma mee meva nɔ Nora ŋu bum. Edze mɔɖeɖedɔa gɔme le Bulacan ɣeaɖeɣi va yi. Azɔ eva nye mɔɖela vevi le Dumaguete Dugã la me, eye meyi ɖasrãe kpɔ le afi ma. Tso ekema dzi la, míenɔ lɛta ŋlɔm ɖo ɖe mía nɔewo, eye le ƒe 1956 me la, meɖee. Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, míeyi ɖasrã hame aɖe si nɔ Rapu Rapu Ƒukpoa dzi. Le afi ma la, míelia towo eye míezɔ afɔ ŋutɔ, gake dzi dzɔ nye kple srɔ̃nye be míewɔ dɔ ɖekae subɔ nɔviawo le nuto tsoabo mawo me!

WOGAKPEM BE MAVA WƆ DƆ LE BETEL

Esi míewɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa ɖekae ƒe ene kloe megbe la, wokpe mí be míava wɔ dɔ le alɔdzedɔwɔƒea. Aleae wòdzɔe be mele dɔ wɔm le Betel ƒe gbogbo aɖewoe nye esia tso January 1960 me. Le ƒe mawo me la, mesrɔ̃ nu geɖe esi mewɔ dɔ kple nɔvi siwo nɔ agbanɔamedzi kpekpewo tsɔm, eye Nora hã wɔ dɔ vovovowo le Betel.

Mele nuƒo ƒom le takpekpe me, eye wole egɔme ɖem ɖe Cebuano-gbe me

Dɔwɔwɔ le Betel na mekpɔ ale si ame geɖe va le Yehowa subɔm le Philippines. Esime menye ɖekakpui tre eye meva wɔ dɔ le Betel zi gbãtɔ la, gbeƒãɖela 10,000 aɖewo koe nɔ dukɔ bliboa me. Fifia, gbeƒãɖela 200,000 kple edzivɔe le Philippines, eye Betel dɔwɔla alafa geɖe le asi kpem ɖe gbeƒãɖeɖedɔ vevi la ŋu.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim eye dzidziɖedzi nɔ vavam la, alɔdzedɔwɔƒea megava lolo na mí o. Eya ta, Dɔdzikpɔhaa bia tso mía si be míadi anyigba si dzi míatu Betel si lolo wu ɖo. Nye kple agbalẽtaƒea dzikpɔla míeyi tso aƒe me yi aƒe me nɔ nutoa me tɔwo, siwo dometɔ geɖe nye Chinatɔwo la biam be woalɔ̃ adzra woƒe anyigba na mí hã. Wo dometɔ aɖeke melɔ̃ o, eye ŋutsu aɖe gblɔ gɔ̃ hã be: “Mí Chinatɔwo míedzraa nu o. Ðe míeƒlea nu.”

Mele Nɔviŋutsu Albert Schroeder ƒe nuƒo gɔme ɖem

Ke hã, gbe ɖeka le vo me la, anyigbatɔ aɖe va bia mí be míadi be míaƒle yeƒe anyigba hã, elabena enɔ ʋuʋum yi Amerika. Eyome nanewo dzɔ keŋ siwo wɔ moyaa na mí ale gbegbe. Aƒelika bubu hã tso nya me be yeadzra yeƒe anyigba, eye wòde dzi ƒo na nutoa me tɔ bubuwo hã be woadzra wo tɔ. Míete ŋu ƒle ŋutsu si gblɔ be “Mí Chinatɔwo míedzraa nu o” la gɔ̃ hã ƒe anyigba. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, míete ŋu kpɔ anyigba si ƒe lolome wu esi dzi Betel xɔa nɔ la ƒe teƒe etɔ̃. Meka ɖe edzi be Yehowa Mawue di be nuwo nava yi nenema.

Le ƒe 1950 me la, nyee nye ɖevitɔ le Betel-ƒome bliboa me. Gake fifia, nye kple srɔ̃nyee nye ame siwo tsi wu le ƒome sia me. Mevem kura be medze Aƒetɔ la yome hena wòfia mɔm o. Ɛ̃, dzinyelawo nyam le wo ƒeme, gake Yehowa na haxɔsetɔwo ƒe ƒome gã aɖem. Meka ɖe edzi bliboe be dɔ ka kee Yehowa ɖade mía si o, enaa nu sia nu si míehiã ale be míate ŋu awɔe la mí. Nye kple Nora míedaa akpe na Yehowa ɖe nu siwo katã wòna mí dɔmenyotɔe la ta, eye míele dzi dem ƒo na ame bubuwo hã be woado Yehowa kpɔ.—Mal. 3:10.

Gbe ɖeka Yesu gblɔ na Mateo, si wogayɔna be Lewi bena: “Dze yonyeme.” Nu kae Mateo wɔ? ‘Egblẽ nu sia nu ɖi tso dze Yesu yome.’ (Luka 5:27, 28) Mɔnukpɔkpɔwo su nye hã asinye megblẽ nuwo ɖe megbe hedze Yesu yome, eye mele dzi dem ƒo na ame bubuwo hã be woawɔ nenema ke ne woakpɔ yayra gbagowo.

Enye dzidzɔ nam be mekpɔtɔ le asi kpem ɖe dɔa ŋu le Philippines

^ mm. 6 Yehowa Ðasefowoe ta wo, gake womegale wo tam fifia o.