Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woadze “Nunya Hena Ðeɖekpɔkpɔ”

Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woadze “Nunya Hena Ðeɖekpɔkpɔ”

Tso ɖevime kee nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo, siwo ate ŋu ana nàdze nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ.”—2 TIM. 3:15.

HADZIDZI: 141, 134

1, 2. Nu ka tae dzila aɖewo tsia dzi ne wo viwo di be yewoaɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ?

ƑE SIA ƑE la, Biblia nusrɔ̃vi akpe geɖe ɖea adzɔgbe na Yehowa hexɔa nyɔnyrɔ. Wo dometɔ geɖe nye ɖeviwo kple sɔhɛ siwo wonyi le nyateƒea me eye wotiae be yewoanɔ agbemɔa dzi. (Ps. 1:1-3) Ne dzila Kristotɔe nènye la, ke ɖikeke mele eme o be èle mɔ kpɔm na gbe si gbe viwò axɔ nyɔnyrɔ.—Tsɔe sɔ kple 3 Yohanes 4.

2 Ke hã, ate ŋu adzɔ be nàtsi dzi hã. Ðewohĩ èkpɔ sɔhɛ aɖewo siwo xɔ nyɔnyrɔ, gake emegbe wova nɔ ɖi kem nenye be agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo nue nye nyuitɔ. Wo dometɔ aɖewo do le nyateƒea me gɔ̃ hã. Eya ta, ɖewohĩ àtsi dzi be ye via ate ŋu adze Yehowa subɔsubɔ gɔme nyuie gake lɔlɔ̃ si le esi na nyateƒea nu ava tsi. Ðewohĩ, ɖevia ava wɔ nu abe ƒe alafa gbãtɔ me Efeso hamea me tɔwo ene. Yesu gblɔ tso wo ŋu be: “Ègblẽ lɔlɔ̃ si nɔ asiwò gbã la ɖi.” (Nyaɖ. 2:4) Aleke nàwɔ aƒo asa na esia eye nàkpe ɖe viwòa ŋu ‘wòatsi ahakpɔ ɖeɖe’? (1 Pet. 2:2) Timoteo ƒe kpɔɖeŋua me dzodzro ana míakpɔ ŋuɖoɖoa.

‘ÈNYA ŊƆŊLƆ KƆKƆEAWO’

3. (a) Aleke Timoteo wɔ va zu Kristotɔ, eye aleke wòwɔ nu ɖe Kristo ƒe nufiafiawo ŋui? (b) Nu vevi etɔ̃ siwo nusɔsrɔ̃ lɔ ɖe eme ka dzie Paulo tɔ asii na Timoteo?

3 Anɔ eme be esi apostolo Paulo yi Listra zi gbãtɔ le ƒe 47 Kristotɔwo Ŋɔli mee Timoteo se nu tso Yesu ƒe nufiafiawo ŋu zi gbãtɔ. Anɔ eme be ƒewuivi koe Timoteo nye ɣemaɣi, ke hã, enɔ agbe ɖe nu siwo wòsrɔ̃ la nu. Ƒe eve megbe la, eva zu Paulo ƒe mɔzɔhati. Ƒe 16 aɖewo megbe la, Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo bena: “Nɔ nu siwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se la me, elabena ènya ame siwo gbɔ nèsrɔ̃ wo le, eye be tso ɖevime kee nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo [Hebri Ŋɔŋlɔawo], siwo ate ŋu ana nàdze nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ to Kristo Yesu dzixɔse me.” (2 Tim. 3:14, 15) De dzesii be Paulo tɔ asi nu etɔ̃ aɖewo dzi: (1) Timoteo nya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo, (2) ekpɔ kakaɖedzi le nu siwo wòsrɔ̃ ŋu hexɔ wo dzi se, eye (3) edze nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ to Kristo Yesu dzixɔse me.

4. Dɔwɔnu kawoe nède dzesii be woɖea kpe ŋutɔ le nufiafia viwòwo me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

4 Esi nènye dzila Kristotɔ ta la, èdi be viwòa nanya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo, si lɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo siaa ɖe eme egbea. Ðevi suewo gɔ̃ hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso amewo kple nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ŋu le woƒe ŋutete nu. Yehowa ƒe habɔbɔa trɔ asi le dɔwɔnu gbogbo aɖewo ŋu be dzilawo nazã atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu. Esiawo dometɔ kawoe le mia degbe me? Ðo ŋku edzi be Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedzee nye gɔmeɖoanyi si ana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ ame kple Yehowa dome.

‘ÈKPƆ KAKAÐEDZI LE WO ŊU HEXƆ WO DZI SE’

5. (a) Nu kae wòfia be ame ‘nakpɔ kakaɖedzi le nu ŋu ahaxɔ edzi ase’? (b) Aleke míewɔ nya be Timoteo kpɔ kakaɖedzi le Yesu ŋuti nya nyui si wòsrɔ̃ la ŋu hexɔ edzi se?

5 Ele vevie be ame nanya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo. Ke hã, ŋɔŋlɔawo zazã atsɔ ahe ɖeviwo bia nu geɖe wu nufiafia wo tso amewo kple nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu dzro ko. Wogblɔ tso Timoteo ŋu be ‘ekpɔ kakaɖedzi le nu siwo wòsrɔ̃ la ŋu hexɔ wo dzi se.’ Le Helagbea nu la, nyagbe ma fia be “woaka ɖe nane dzi bliboe” alo “woalɔ̃ ɖe nyateƒenya vevi aɖe dzi bliboe.” Timoteo nya Hebri Ŋɔŋlɔawo tso eƒe ɖevime ke. Emegbe ekpɔ kpeɖodzi sẽŋu siwo na wòva ka ɖe edzi be Yesu ye nye Mesia la. Ne míagblɔe bubui la, kakaɖedzi si su esi la na wòxɔ nu siwo wònya la dzi se. Timoteo xɔ nya nyuia dzi se ale gbegbe be eʋãe wòxɔ nyɔnyrɔ heva zu Paulo ƒe zɔhɛ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.

6. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woakpɔ kakaɖedzi le nu siwo wosrɔ̃ le Mawu ƒe Nyaa me ŋu ahaxɔ wo dzi ase?

6 Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woakpɔ kakaɖedzi le nu siwo wosrɔ̃ ŋu ahaxɔ wo dzi ase, abe ale si wònɔ le Timoteo gome ene? Gbã la, ebia dzigbɔɖi. Kakaɖedzi mesua ame si le zã ɖeka kple eƒe dodo me o, eye viwòwo maxɔ nu siwo dzi nèka ɖo la dzi ase le esi nèka ɖe wo dzi ta ko o. Ehiã be ɖevi ɖe sia ɖe nawɔ eya ŋutɔ ƒe “tamebubuŋutete” ŋu dɔ be wòakpɔ kakaɖedzi le Biblia me nyateƒea ŋu. (Xlẽ Romatɔwo 12:1.) Esi nènye dzila ta la, akpa vevi aɖe li nàwɔ le go sia me, vevietɔ ne viwòa bia nyabiasewo. Na míadzro esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka me.

7, 8. (a) Aleke dzila Kristotɔ aɖe wɔa nu dzigbɔɖitɔe le nufiafia via gome? (b) Ɣekaɣie wòva hiã be wò hã nàgbɔ dzi ɖi na viwò?

7 Thomas, si nye vifofo si si vinyɔnuvi si xɔ ƒe 11 le la gblɔ be: “Vinyea tea ŋu biana be, ‘Ðe wòanye be nuwo ƒe tɔtrɔ vivivi dzie Yehowa to wɔ nu gbagbewo ɖe anyigba dzia?’ alo, ‘Nu ka tae mímekpɔa gome le nuwɔnawo abe akɔdada ene me kple susu be nuwo naka ɖe eme wu le dukɔa me o?’ Ɣeaɖewoɣi la, ɖe meléa ɖokuinye ale be magava nɔ nu si dzi wòle be wòaxɔ ase la ɖom nɛ o. Menye nyateƒenya ɖeka aɖe gbɔgblɔ kã ye ana kakaɖedzi nasu esi o, ke boŋ kpeɖodzinya viviviwoe.”

8 Thomas nyae hã be nufiafia bia dzigbɔɖi. Le nyateƒe me la, Kristotɔwo katã hiã dzigbɔɖi. (Kol. 3:12) Thomas nyae hã be ahiã be yeanɔ nu me dzrom kple ye via edziedzi hena ɣeyiɣi didi aɖe. Ehiã be wòakpe ɖe via ŋu be wòade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu ale be wòate ŋu aka ɖe nu siwo srɔ̃m wòle la dzi. Thomas gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míedina be míanya nenye be mía via xɔ nu si srɔ̃m wòle la dzi se eye wòse egɔme, vevietɔ ne nya veviwo fɔ ɖe te. Ne ebia nyawo la, mekpɔnɛ be esia sɔ ŋutɔ. Le nyateƒe me la, matsi dzi nenye be elɔ̃na ɖe nya siwo míegblɔ dzi gake mebiaa nyawo o.”

9. Aleke nàte ŋu aku Mawu ƒe Nyaa ɖe to me na viwòwo?

9 Ne dzilawo gbɔa dzi ɖi fiaa nu wo viwo la, ʋɛʋɛʋɛ la, ɖeviawo ava se nu si dzi woxɔ se la ƒe “kekeme kple didime kple kɔkɔme kpakple goglome gɔme.” (Ef. 3:18) Míate ŋu afia nu wo wòasɔ ɖe woƒe ƒexɔxɔ kple ŋutetewo nu. Zi ale si wole kakaɖedzi geɖe wu kpɔm le nu siwo srɔ̃m wole ŋu la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe na wo wu be woaʋli woƒe dzixɔsewo ta le woƒe sukuhatiwo kple ame bubuwo ŋkume. (1 Pet. 3:15) Le kpɔɖeŋu me, ɖe viwòwo ate ŋu azã Biblia atsɔ aɖe nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku mea? Ðe wokpɔe be susu le nu si Biblia gblɔ tso nyaa ŋu mea? * Nyateƒee, ebia dzigbɔɖi be nàku Mawu ƒe Nyaa ɖe to me na viwòa, gake eɖea vi mlɔeba.—5 Mose 6:6, 7.

10. Nu kae wòle be wòawɔ akpa vevi aɖe le nufiafia ɖeviwo me?

10 Kpɔɖeŋu nyui si nàɖo hã awɔ akpa vevi aɖe be xɔse sẽŋu nasu viwòwo si. Stephanie, si nye vidada aɖe si si vinyɔnuvi etɔ̃ le, gblɔ be: “Tso esime ɖeviawo nɔ sue la, mebiaa ɖokuinye be, ‘Ðe meƒoa nu na vinyewo tso nu si tae nye ŋutɔ meka ɖe edzi be Yehowa li, elɔ̃ mí, eye eƒe mɔwo dzɔ ŋua? Ðe vinyewo kpɔnɛ kɔtɛ le ŋunye be melɔ̃ Yehowa vavã?’ Ne kakaɖedzi mele nye ŋutɔ asinye o la, ke nyemate ŋu akpɔ mɔ be wòanɔ vinyewo si o.”

ALE SI WOADZE “NUNYA HENA ÐEÐEKPƆKPƆ”

11, 12. Nu kae nye nunya, eye nu ka tae míate ŋu aƒo nya ta be nunya mele ƒexɔxɔ me kokoko o?

11 Abe ale si míekpɔe va yi ene la, (1) Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze su Timoteo si, eye (2) eka ɖe nu siwo dzi wòxɔ se la dzi. Gake nu kae Paulo wɔnɛ esi wògblɔ be ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo ate ŋu ana Timoteo nadze “nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ”?

12 Insight on the Scriptures, (Étude perspicace des Écritures) Babla 2 lia ɖe eme be le Biblia me la, nunya fia be “ŋutete nanɔ ame si be wòazã sidzedze kple nugɔmesese atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔ, wòatsɔe aƒo asa na afɔkuwo alo ado le wo me, wòatsɔe aɖo taɖodzinu aɖewo gbɔ, alo wòaɖo aɖaŋu na amewo be woawɔe nenema. Nunya ƒe amesimanɔmanɔ nye bometsitsi.” Biblia gblɔ be “bometsitsi bla ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu.” (Lod. 22:15) Ekema eme kɔ ƒãa be esi bometsitsi nye nunya ƒe amesimanɔmanɔ ta la, nunya ƒe amesinɔnɔ fia be ame tsi le susu me. Menye ƒe si ame aɖe xɔe afia be etsi le gbɔgbɔ me o, ke boŋ ale si wòvɔ̃a Yehowa eye wòdina be yeawɔ eƒe sewo dzie aɖee afia.—Xlẽ Psalmo 111:10.

13. Aleke ɖeviwo ate ŋu aɖee afia be yewodze nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ?

13 Ne ɖeviwo tsi le gbɔgbɔ me la, womeɖea mɔ woƒe nudzodzrowo kple ɖevi bubuwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo ‘ƒoa wo yina gbɔna henyamaa wo abe ƒutsotsoewo ene’ o. (Ef. 4:14) Ke boŋ, wonaa hehe “woƒe nugɔmeseseŋutetewo” ale be “woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome.” (Heb. 5:14) Wotsoa nya me le nunya me ne wo dzilawo alo ame tsitsi bubuwo mele wo kpɔm o gɔ̃ hã, eye esia ɖenɛ fiana be wole ŋgɔ yim ɖo ta tsitsinyenye gbɔ. (Flp. 2:12) Nunya sia tɔgbie hiã hena ɖeɖekpɔkpɔ. (Xlẽ Lododowo 24:14.) Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be nunya sia nasu wo si? Gbã la, kpɔ egbɔ be Biblia ƒe agbenɔnɔ ŋuti mɔfiame siwo me nèléna ɖe asi la me kɔ na viwòwo. To wò nyawo kple kpɔɖeŋu siwo nèɖona dzi la, na woakpɔe be mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzie nèwɔna.—Rom. 2:21-23.

Nu ka tae wòle vevie be dzilawo nayi edzi anɔ kpekpem ɖe wo viwo ŋu? (Kpɔ memama 14-18)

14, 15. (a) Nya vevi kawo ŋue wòle be ɖevi alo sɔhɛ si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la nade ŋugble le? (b) Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woabu yayra siwo Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ hena vɛ ŋu?

14 Ke hã, be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woatu xɔse ɖo la, ebia nu geɖe wu nu si nyo kple nu si menyo o gbɔgblɔ na wo ko. Anyo be nàkpe ɖe wo ŋu woade ŋugble le biabiawo abe esiawo ene ŋu: ‘Nu ka tae Biblia de se ɖe nuwɔna aɖewo siwo dzroa ŋutilã la ŋu? Nu kae na meka ɖe edzi be Biblia me mɔfiamewo dzi wɔwɔe aɖe vi nam ɣeawokatãɣi?’—Yes. 48:17, 18.

15 Ele be woakpe ɖe ɖevi si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la ŋu be wòade ŋugble la nya bubu aɖe hã ŋu. Eyae nye ale si wòsena le eɖokui me ku ɖe agba si Kristotɔnyenye ada ɖe edzi la ŋu. Ne eva zu Kristotɔ la, viɖe kawoe ado tso eme? Kuxi kawo mee wòato? Aleke viɖeawo ƒo kuxiawo tae? (Marko 10:29, 30) Nu mawoe ate ŋu ado mo ɖa le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe. Eya ta, ele vevie ŋutɔ be ame nabu nya mawo ŋu nyuie hafi axɔ nyɔnyrɔ. Ne wokpe ɖe ɖeviwo ŋu wode ŋugble le yayra siwo toɖoɖo hena vɛ kple tomaɖomaɖo me tsonuwo ŋu nyuie la, esia ana woaka ɖe nya vevi aɖe dzi. Eyae nye ka? Eyae nye be Biblia me mɔfiamewo dzi wɔwɔ aɖe vi na wo ɣeawokatãɣi.5 Mose 30:19, 20.

NE ÐEVI SI XƆ NYƆNYRƆ ƑE XƆSE LE GBƆDZƆGBƆDZƆM

16. Nu kae dzilawo awɔ ne wo vi si xɔ nyɔnyrɔ la ƒe xɔse le gbɔdzɔgbɔdzɔm?

16 Ke ne edzɔ be viwò de asi ɖikeke me ɣeaɖeɣi le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe ɖe? Le kpɔɖeŋu me, nu siwo le xexea me la ate ŋu ava nɔ sɔhɛ si xɔ nyɔnyrɔ la dzrom alo ava nɔ ɖi kem nenye be nunya le eme be ame nanɔ agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu. (Ps. 73:1-3, 12, 13) Ale si nàkpɔ nya siawo tɔgbi gbɔe la ate ŋu ana viwòa natiae be yeayi edzi asubɔ Yehowa loo alo yeadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Viwòa gakpɔtɔ le sue alo enye sɔhɛ o, ɖoe kplikpaa be yemakpe ŋgo kplii ɖe nya sia ta o. Ke boŋ, kpe ɖe eŋu wòakpɔe be èlɔ̃e eye èdi be yeakpe ɖe eŋu.

17, 18. Ne ɖikeke ɖo ɖevi alo sɔhɛ aɖe me la, aleke edzilawo ate ŋu akpe ɖe eŋu?

17 Ðevi alo sɔhɛ si xɔ nyɔnyrɔ la ɖe adzɔgbe na Yehowa xoxo. Adzɔgbeɖeɖe sia fia be edo ŋugbe be yealɔ̃ Mawu, eye eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe anɔ vevie na ye wu nu bubu ɖe sia ɖe. (Xlẽ Marko 12:30.) Yehowa mebua ŋugbedodo ma nu tsɛ o, eye nenemae wòle be wòanɔ le míawo hã gome. (Nyagb. 5:4, 5) Ðo ŋku nya mawo dzi na viwòa lɔlɔ̃tɔe le ɣeyiɣi si sɔ dzi. Gake hafi nàɖe afɔ sia la, wɔ dɔwɔnu siwo Yehowa ƒe habɔbɔa na dzilawo la ŋu dɔ nyuie. Ewɔwɔ alea aʋu mɔ na wò be nàte gbe ɖe edzi nɛ be ŋkubiãnyae wònye be ame naɖe adzɔgbe na Yehowa anye Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ, eye yayrawo dona tso eme hã.

18 Le kpɔɖeŋu me, aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques) Babla 1 ƒe megbenya si ƒe tanyae nye “Nya Siwo Dzilawo Biana” la me. Wogblɔ le afi ma be: “Mègatsɔ dzitsitsi ƒo nya ta be viwòa gbe nu le wò xɔse gbɔ o. Zi geɖe la, anye be nanewo me tomee wòle tae.” Ate ŋu anye be sɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenue. Alo ate ŋu anye be akogotsitsie le fu ɖem nɛ, alo ese le eɖokui me be ye tɔ sɔhɛ Kristotɔ bubuwo le agbagba dzem le Yehowa subɔsubɔ me wu ye. Megbenyaa gblɔ yi edzi be: “Le go siawo tɔgbi me la, menye wò dzixɔseawo ŋutɔ ŋue nyaa ku ɖo o. Nu siwo wɔe be agbenɔnɔ ɖe eƒe dzixɔsewo nu le sesẽm nɛ fifia la koŋ gbɔe kuxia tso.” Wogaɖo aɖaŋu bubuwo le megbenyaa me ku ɖe ale si dzila Kristotɔ ate ŋu akpe ɖe sɔhɛ si ƒe xɔse le gbɔdzɔgbɔdzɔm la ŋu.

19. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woadze “nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ”?

19 Agbae wònye be nàhe viwòwo “le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me,” gake eganye mɔnukpɔkpɔ hã. (Ef. 6:4) Abe ale si míekpɔe va yi ene la, taɖodzinu ma gbɔ ɖoɖo bia nu geɖe wu Biblia me nyawo fiafia wo ko. Ele be woakpe ɖe wo ŋu woaka ɖe nu siwo srɔ̃m wole hã dzi. Ɛ̃, ele be woƒe kakaɖedzia me nasẽ ale gbegbe be wòaʋã wo woaɖe adzɔgbe na Yehowa ahasubɔe kple dzi blibo. Neva eme be Yehowa ƒe Nya la, eƒe gbɔgbɔa kple wò agbagbadzedzewo nakpe ɖe viwòwo ŋu woadze “nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ.”

^ mm. 9Nu Ka Tututue Nye Biblia Ƒe Nufiafia?” ƒe nusrɔ̃gbalẽviawo nye dɔwɔnu nyui aɖe si ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ŋu be woase Biblia me nyateƒewo gɔme ahaɖe wo me. Ele gbegbɔgblɔ geɖe me le jw.org. Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > BIBLIASƆSRƆ̃ ƑE DƆWƆNUWO.