Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Nu Tso Yehowa Subɔla Wɔnuteƒewo Gbɔ

Srɔ̃ Nu Tso Yehowa Subɔla Wɔnuteƒewo Gbɔ

“Nu ka dim Yehowa le tso asiwò? Eya koe nye be nàwɔ nu dzɔdzɔe, nàlɔ̃ nu si le eteƒe la wɔwɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ kple wò Mawu!”​—MIKA 6:8.

HADZIDZI: 63, 43

1, 2. Aleke David ɖee fia be yewɔa nuteƒe na Mawu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

SAUL kple eƒe aʋawɔla 3,000-awo ƒe ŋku biã vevie wole David dim le Yuda-gbedzi be yewoawui. Gake le zã aɖe me la, David kple eŋumewo va ke ɖe Saul kple eƒe aʋawɔlawo ŋu le afi si wotsi dɔ. Wo katã dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye David kple Abisai wɔ dzadzadza zɔ to aʋawɔlaawo ŋu va ɖo Saul gbɔ. Abisai do dalĩ na David be: “Na matsɔ akplɔ la amimii ɖe anyigba zi ɖeka pɛ ko, nyemadae zi eve o.” Gake David meɖe mɔ wòté ŋku ɖee hewu Saul o. Egblɔ na Abisai be: “Mègawui o, elabena ame kae aka asi Yehowa ƒe amesiamina ŋu, eye maɖi fɔ o?” Eye David gagblɔ be: “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ŋkume be mado nye asi ɖe Yehowa ƒe amesiamina la gbɔ!”—1 Samuel 26:8-12.

2 David nya nu si nuteƒewɔwɔ na Yehowa bia le nɔnɔme ma me. Enya be ele be yeade bubu Saul ŋu, eye meva susu me nɛ kura be yeawɔ nu vevii o. Nu ka tae? Elabena Mawue tia Saul be wòanye Israel fia. Abe ale si wònɔ le blema ene la, Yehowa di be ye subɔla siwo li egbea hã nawɔ nuteƒe na ye eye woade bubu ame siwo yeɖe mɔ na wole ŋusẽnɔƒewo ŋu.—Xlẽ Mika 6:8.

3. Alekee Abisai wɔ nuteƒe na David?

3 Abisai de bubu David ŋu elabe enyae be Mawue ɖoe fia. Ke hã esi David nɔ fia ɖum la, ewɔ nu vɔ̃ gã aɖewo. Ewɔ ahasi kple Uriya srɔ̃ eye wògblɔ na eƒe aʋafia Yoab be wòakpɔ egbɔ be Uriya tsi aʋa. (2 Samuel 11:2-4, 14, 15; 1 Kronika 2:16) Yoab nye Abisai nɔvi, eya ta Abisai anya se nu tso nu si David wɔ ŋu, gake megblɔ be, ‘kpɔ vuvue dzɔa dzi na gbɔ̃’ ale be wògbe bubudede David ŋu o. Azɔ hã aʋakplɔlae Abisai nye, eya ta ate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ atsɔ aɖo eɖokui fiae, gake mewɔe o. Ke boŋ esubɔ David nuteƒewɔwɔtɔe eye wòxɔ nɛ esime futɔwo di be yewoawui.—2 Samuel 10:10; 20:6; 21:15-17.

4. (a) Nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe kpɔɖeŋu kae David ɖo ɖi na mí? (b) Ame bubu kawo hã ƒe kpɔɖeŋuwo mee míadzro?

4 David wɔ nuteƒe na Yehowa le eƒe agbe me katã. Le eƒe ɖevime la, ewu ame dzɔtsu Goliat si nɔ vlo dom Yehowa kple Israel-viwo. (1 Samuel 17:23, 26, 48-51) Esime Fia David wɔ nu vɔ̃ la, Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖila Natan wòva ka mo nɛ. David lɔ̃ ɖe edzi enumake be yewɔ nu vɔ̃ eye wòtrɔ dzi me. (2 Samuel 12:1-5, 13) Emegbe esi David ku tɔgbui la, ate ŋu agblɔ be, ‘zɔ medea tɔ me o’ eya ta yewɔ ye tɔ vɔ, gake ena kesinɔnu gbogbo aɖe be woatsɔ atu Yehowa ƒe gbedoxɔa. (1 Kronika 29:1-5) Eme kɔ be togbɔ be David wɔ vodada gãwo le agbe me hã la, medzudzɔ nuteƒewɔwɔ na Mawu o. (Psalmo 51:4, 10; 86:2) Le nyati sia me la, míadzro David kple eŋɔlimetɔ aɖewo ƒe ŋutinyawo me ahasrɔ̃ ale si míawɔ nuteƒe na Yehowa wu ale si míewɔnɛ na ame bubuwo. Azɔ hã míadzro nɔnɔme aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu be míawɔ esia me.

ÀWƆ NUTEƑE NA YEHOWA?

5. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso vodada si Abisai wɔ me?

5 Esime Abisai nɔ didim be yeabu mo na Saul la, ebui be yenɔ nuteƒe wɔm na David. Gake David nyae be masɔ be yeawɔ nu vevi “Yehowa ƒe amesiamina” la o, eya ta meɖe mɔ na Abisai wòwu fia la o. (1 Samuel 26:8-11) Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe le esia me: Ne eva hiã be míatso nya me le ame si míawɔ nuteƒe na ŋu la, ele be míade ŋugble le Biblia me mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu la ŋu.

Nuteƒewɔwɔ na Yehowa ye nye nu vevitɔ na mí

6. Togbɔ be míedina be míawɔ nuteƒe na ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã la, nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie?

6 Le dzɔdzɔme nu la, míedina be míawɔ nuteƒe na ame siwo míelɔ̃, abe mía xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo ene. Gake esi míede blibo o ta la, míaƒe dzi ate ŋu able mí bɔbɔe. (Yeremiya 17:9) Eya ta ne ame aɖe si míelɔ̃ vevie wɔ nu gbegblẽ hedo le nyateƒea me la, nenɔ ŋku dzi na mí be nuteƒewɔwɔ na Yehowa ye nye nu vevitɔ na mí.—Xlẽ Mateo 22:37.

7. Aleke nɔvinyɔnu aɖe wɔ nuteƒe na Mawu le nɔnɔme sesẽ aɖe me?

7 Ne woɖe wò ƒometɔ aɖe le hamea me la, anye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàɖee afia Yehowa be yewɔa nuteƒe na Eyama. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka la, Anne nɔ si woɖe le hamea me ƒo ka nɛ be yedi be yeava nɔ egbɔ vie. [1] (Kpɔ dzesidenya la.) Anne nɔ gblɔ be yemele dzidzɔ kpɔm o elabe ƒomea gbe nuƒoƒo na ye. Nya sia te ɖe Anne dzi, eya ta egblɔ nɛ be yeaŋlɔ agbalẽ atsɔ aɖo eŋu nɛ. Hafi Anne naŋlɔ lɛtaa la, ede ŋugble le Biblia me mɔfiame aɖewo ŋu. (1 Korintotɔwo 5:11; 2 Yohanes 9-11) Le lɛta si wòŋlɔ na nɔa me la, eɖe nu me nɛ tufafatɔe be eya ŋutɔe gbe nu le ƒomea gbɔ esi wòwɔ nu vɔ̃ hegbe dzimetɔtrɔ. Anne gblɔ na nɔa be, mɔ ɖeka si dzi wòato akpɔ dzidzɔ ye nye be wòatrɔ ava Yehowa gbɔ, elabe ‘koklovi tsi mɔta aʋakoe ƒonɛ.’—Yakobo 4:8.

8. Nɔnɔme kawoe akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe na Mawu?

8 Nuteƒewɔla siwo subɔ Mawu le David ƒe ŋkekea me la bɔbɔ wo ɖokui, wofa tu, eye dzi nɔ wo ƒo. Mina míakpɔ ale si nɔnɔme siawo akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe na Yehowae ɖa.

NUTEƑEWƆWƆ BIA ÐOKUIBƆBƆ

9. Nu ka tae Abner di be yeawu David?

9 Saul viŋutsu Yonatan kple Israel ƒe aʋafia Abner nɔ eteƒe esime David tsɔ Goliat ƒe ta vɛ na Fia Saul. Yonatan va zu David xɔlɔ̃ eye wòwɔ nuteƒe nɛ. (1 Samuel 17:57–18:3) Gake Abner ya mewɔ esia o. Le nyateƒe me la, edo alɔ Saul si nɔ adeklo dzi be yeawu David la gɔ̃ hã. (1 Samuel 26:1-5; Psalmo 54:3) Yonatan kple Abner siaa nyae be Mawu si ami na David be wòazu Israel fia. Gake le Saul ƒe ku megbe la, Abner mewɔ ɖeka kple David o. Ke boŋ ete kpɔ be yeaɖo Saul vi Is-Boset fiae. ‘Didiƒe dzata meɖea gbe dzro o.’ Ate ŋu anye be esi Abner ŋutɔ di be yeazu fia tae wòdɔ Fia Saul srɔ̃ ɖeka gbɔ ɖo. (2 Samuel 2:8-10; 3:6-11) Nu ka tae Yonatan kple Abner ƒe nuwɔwɔ ɖe David ŋu to vovo alea? Elabena Yonatan wɔa nuteƒe na Yehowa eye wòbɔbɔa eɖokui, gake Abner ya mele nenema kura o.

10. Nu kae na Absalom mewɔ nuteƒe na Mawu o?

10 Fia David vi Absalom mewɔ nuteƒe na Mawu o le esi mebɔbɔa eɖokui o ta. Edi be yeaɖo ye ɖokui fia, eya ta edi “tasiaɖam kple sɔwo na eɖokui kpakple ŋutsu blaatɔ̃ siwo aƒu du le eŋgɔ.” (2 Samuel 15:1) Eble Israel-vi geɖewo nu woƒe dzi va ku ɖe eya boŋ ŋu. Edi gɔ̃ hã be yeawu ye fofo David, evɔ enyae nyuie be Yehowae ɖoe Israel fia hafi.—2 Samuel 15:13, 14; 17:1-4.

11. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Abner, Absalom kple Baruk ƒe ŋutinya siwo le Biblia me la me?

11 Ne ame aɖe mebɔbɔa eɖokui o eye wòto ŋku gã la, esesẽna nɛ be wòawɔ nuteƒe na Mawu. Anɔ eme be esi míelɔ̃ Yehowa ta la, míadi gbeɖe be míadi mía ɖokui tɔ ahavɔ̃ɖi abe Abner kple Absalom ene o. Gake ele be míakpɔ nyuie be míagava nɔ ga yome alo adi be míawɔ dɔ gã si ana woabu mí ame vevii o. Elabe esia agblẽ mía kple Yehowa dome. Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, Baruk, si nye Yeremiya ƒe agbalẽŋlɔla, va nɔ nu gã nu gã siwo mele esi o yome tim, si na megava nɔ dzidzɔ kpɔm le Mawu subɔsubɔ me o. Eya ta Yehowa gblɔ na Baruk be: “Kpɔ ɖa! Mele nu si metu la, gbãm ƒu anyi, eye mele nu si medo la, hom—ava anyigba blibo la dzi. Ke wò ya èle nu gãwo dim na ɖokuiwò. Mègadi nu mawo o.” (Yeremiya 45:4, 5) Baruk se Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖoa. Eye ele be míawo hã míawɔ ɖe nya siawo dzi elabena eteƒe madidi o, woatsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia keŋkeŋ.

Ne ède dzi ƒo na nɔvi aɖe be wòabia hamemetsitsiwo be woakpe ɖe eŋu la, enye nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple dɔmenyonyo na nɔviwòa

12. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be ne míedia mía ɖokui tɔ la, manya wɔ be míawɔ nuteƒe na Mawu o.

12 Eva hiã be nɔviŋutsu aɖe si le Meksiko, si ŋkɔe nye Daniel, natia ame si wòawɔ nuteƒe na. Enɔ didim be yeaɖe ɖetugbui aɖe si menye Yehowa subɔla o. Daniel gblɔ be: “Meyi edzi nɔ lɔlɔ̃nyawo ŋlɔm ɖo ɖe ɖetugbuia esi mezu mɔɖela megbe gɔ̃ hã.” Gake emegbe nɔviŋutsu sia va kpɔe be ɖeko yele ye ɖokui tɔ dim. Menɔ nuteƒe wɔm na Yehowa o, eye ehiã be wòalɔ̃ ɖe esia dzi ɖokuibɔbɔtɔe. Eya ta eɖo dze tso ɖetugbuia ŋu na hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe. Daniel ɖe eme be: “Hamemetsitsia kpe ɖe ŋunye mekpɔe be, ne medi be mawɔ nuteƒe na Mawu la, ke ele be madzudzɔ nuŋɔŋlɔ ɖo ɖe ɖetugbuia. Mefa avi hedo gbe ɖa ŋkeke geɖe hafi te ŋu ɖe afɔ sia. Eteƒe medidi o, meva nɔ dzidzɔ geɖe kpɔm le subɔsubɔdɔa me.” Fifia srɔ̃nyɔnu si lɔ̃ Yehowa ye le Daniel si, eye wònye nutome sue dzikpɔla hã.

NUTEƑEWƆWƆ NA MAWU BIA BE NÀFA TU

Ne èva nyae be xɔ̃wò wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, ɖe nàɖo aɖaŋu nɛ ahakpɔ egbɔ be hamemetsitsiwo kpe ɖe eŋua? (Kpɔ memama 14)

13. Aleke Natan wɔ nuteƒe na Mawu kple David siaa esime David wɔ nu vɔ̃?

13 Nuteƒewɔwɔ na Yehowa nana míewɔa nuteƒe na ame bubuwo hã, eye míekpena ɖe wo ŋu le mɔ nyuitɔ nu. Nyagblɔɖila Natan wɔ nuteƒe na Yehowa kple David siaa. Esi David xɔ ŋutsu aɖe srɔ̃ eye wòwu ŋutsua ƒu edzi la, Yehowa dɔ Natan be wòava ka mo nɛ. Dzi nɔ Natan ƒo eye wòɖo to Yehowa. Gake ewɔ nu le nunya me hã, eye wòƒo nu na David tufafatɔe. Edi be yeakpe ɖe David ŋu wòakpɔe be nu vɔ̃ gãe wòwɔ. Eya ta ewɔ kpɔɖeŋu na David ku ɖe kesinɔtɔ aɖe si fi alẽvi ɖeka pɛ si le ame dahe aɖe si la ŋu. Esi David se nu si kesinɔtɔa wɔ la, eƒe dziku fla ɖe eŋu. Natan gblɔ nɛ be: “Wòe nye ŋutsu la!” Enumake David kpɔe be yewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.—2 Samuel 12:1-7, 13.

14. Aleke nàte ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa kple wò ame veviwo siaa?

14 Ne èfa tu la, àwɔ nuteƒe na Yehowa gbã, eye emegbe na ame bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ kpeɖodzi le asiwò be nɔvi aɖe wɔ nu vɔ̃ gã. Àdi be yeawɔ nuteƒe nɛ, vevietɔ ne xɔ̃wò alo wò ƒometɔe wònye. Gake ènyae hã be nuteƒewɔwɔ na Yehowa le vevie wu. Eya ta abe Natan ene la, ɖo to Yehowa, gake nàwɔ nu ɖe nɔviwòa ŋu tufafatɔe. De dzi ƒo nɛ be wòabia hamemetsitsiwo be woakpe ɖe eŋu, eye be wòagblɔe na wo kaba. Ne egbe la, yi ɖagblɔe na hamemetsitsiwo. Esia anye nuteƒewɔwɔ na Yehowa. Eye anye dɔmenyonyo na nɔviwòa hã, elabena hamemetsitsiwo ate ŋu adzra eya kple Yehowa dome ɖo. Eye woaɖɔe ɖo le lɔlɔ̃ kple tufafa me.—Xlẽ 3 Mose 5:1; Galatiatɔwo 6:1.

NUTEƑEWƆWƆ NA MAWU BIA DZIDEƑO

15, 16. Nu ka tae Husai hiã dzideƒo hafi ate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu?

15 Husai nye Fia David xɔlɔ̃ aɖe si wɔ nuteƒe nɛ. Esi amewo di be yewoaɖo Absalom fiae la, ehiã be Husai nalé dzi ɖe ƒo hafi ate ŋu awɔ nuteƒe na David kple Mawu siaa. Enya be Absalom kple eƒe aʋawɔlawo ho va Yerusalem, eye David si dzo. (2 Samuel 15:13; 16:15) Gake nu kae Husai wɔ? Ðe wògblɔ be ‘tsoɖo ye woɖuna,’ eya ta David neheyia? Kura o! Togbɔ be David ku amegã eye ame geɖe nɔ eƒe agbe yome tim hã la, Husai kpɔtɔ ku ɖe David ŋu elabena Yehowae ɖoe fia. Eya ta Husai yi ɖakpe David le Amito la dzi.—2 Samuel 15:30, 32.

16 David bia tso Husai si be wòagbugbɔ ayi Yerusalem ahawɔ abe Absalom xɔlɔ̃e yenye ene, ale be wòate ŋu able Absalom nu wòagbe Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo ahaɖo to etɔ. Dzi nɔ Husai ƒo wòtsɔ eƒe agbe de afɔku me heɖo to David eye wòto esia dzi wɔ nuteƒe na Yehowa. David do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe Husai ŋu, eye alea tututue wòva emee. Absalom meɖo to Ahitofel o, ke eɖo to Husai boŋ.—2 Samuel 15:31; 17:14.

17. Nu ka tae wòhiã be míalé dzi ɖe ƒo sesĩe hafi ate ŋu awɔ nuteƒe?

17 Ehiã dzideƒo geɖe hafi míate ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa ahaɖo toe, nenye be nu si míaƒe ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo alo dziɖuɖuwo bia tso mía si la to vovo. Esia dzɔ ɖe Taro, si le Japan dzi; tso esime wònye ɖevi sue la, edzea agbagba be yeado dzidzɔ na ye dzilawo. Eɖoa to wo hewɔa nuteƒe na wo, menye esi wobiae tso esi ta ko o, ke boŋ esi wòlɔ̃ wo vevie ta. Gake esi Yehowa Ðasefowo va nɔ nu srɔ̃m kplii la, edzilawo gblɔ nɛ be wòadzudzɔ. Esia te ɖe edzi, eye esesẽ nɛ ŋutɔ hafi wòte ŋu gblɔ na wo be yeɖoe be yeanɔ kpekpeawo dem. Taro gblɔ be: “Wodo dɔmedzoe ɖe ŋunye ale gbegbe be wode se nam be nyemegaɖo afɔ yewoƒe aƒe me gbeɖe o. Medo gbe ɖa bia be dzi nanɔ ƒonye malé nye nyametsotsoa me ɖe asi. Ƒe geɖee nye esia, eye fifia woƒe dzi fa, si na be metea ŋu yia wo gbɔ edziedzi.”—Xlẽ Lododowo 29:25.

18. Aleke nusɔsrɔ̃ sia ɖe vi na wòe?

18 Abe David, Yonatan, Natan kple Husai ene la, neva eme be míawo hã míakpɔ dzidzɔ si dona tso nuteƒewɔwɔ na Yehowa me. Míadi gbeɖe be míanɔ abe Abner kple Absalom siwo gbe nuteƒewɔwɔ la ene o. Ele eme be míede blibo o, eye míedaa vo ɣeaɖewoɣi. Gake mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe aɖee afia Yehowa be nuteƒewɔwɔ nɛ ye nye nu vevitɔ na mí le agbe me.

^ [1] (memama 7) Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.