Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔ Yehowa Kple Dzidzɔ

Subɔ Yehowa Kple Dzidzɔ

ÈÐO ŋku ŋkeke si dzi nèkpɔ dzidzɔ manyagblɔ le wò agbe me dzia? Gbe si gbe nèɖe srɔ̃ yea, alo gbe si gbe nèdzi viwò gbãtɔ yea? Alo ŋkeke si dzi nèxɔ nyɔnyrɔ yea? Ɛ̃, anɔ eme be wò nyɔnyrɔxɔgbee nye ŋkeke vevitɔ kple esi dzi nèkpɔ dzidzɔ le wu. Eye dzi dzɔ nɔviwò Kristotɔwo hã gbe ma gbe esi wokpɔe be nèɖo kpe edzi be yelɔ̃ Mawu kple yeƒe dzi, luʋɔ, susu kple ŋusẽ blibo!—Marko 12:30.

Anye be èle dzidzɔ geɖe kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me tso esime nèxɔ nyɔnyrɔ. ‘Gake xexea me mele ɖeka o,’ eya ta nublanuitɔe la, dzi megale nɔvi aɖewo dzɔm abe tsã ene o. Nu ka gbɔe wòtso? Susu kawo tae wòle be míayi edzi asubɔ Yehowa kple dzidzɔ?

NU SI TAE DZI MEGALE AME AÐEWO DZƆM O

Fiaɖuƒegbedeasia nana dzi dzɔa mí ŋutɔ. Nu ka tae? Elabe Yehowa do ŋugbe be Fiaɖuƒea atutu ʋuɖome na xexe vɔ̃ɖi sia kpuie eye wòana Mawu ƒe xexe yeyea naxɔ ɖe eteƒe. Zefaniya 1:14 gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe! Etu aƒe, eye wòle du dzi sesĩe gbɔna!” Gake ne ele wɔwɔm na mí be eteƒe le didim akpa la, esia ate ŋu ana dzi magava nɔ mía dzɔm o. Eye wòana hã be míagaʋã ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu tututu o.—Lododowo 13:12.

Hadede kple míaƒe haxɔsetɔwo dea dzi ƒo na mí be míayi edzi asubɔ Yehowa kple dzidzɔ. Ate ŋu anye be Yehowa ƒe amewo ƒe agbenɔnɔ nyui ye he mí va tadedeagu vavãtɔ me, si na míedze Mawu subɔsubɔ gɔme kple dzidzɔ. (1 Petro 2:12) Gake nu kae adzɔ ne mía nɔvi aɖe da le Mawu ƒe se dzi eye wohe to nɛ le hamea me? Esia ate ŋu aɖe dzi le nɔvi aɖewo ƒo eye womagava nɔ dzidzɔ kpɔm o.

Ŋutilãmenudidi fũu hã ate ŋu ana dzi manɔ mía dzɔm ale si dze o. Le mɔ ka nu? Satana ƒe xexea yɔa ʋu ɖe mía te be míaƒle nu siwo míehiã ŋutɔŋutɔ o. Eya ta mina Yesu ƒe nya siawo nanɔ susu me na mí be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o; elabena alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo alé ɖe ɖeka ŋu, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” (Mateo 6:24) Manya wɔ be míanɔ Yehowa subɔm kple dzidzɔ esime míevu ɖe xexemenuwo didi ŋu o.

KPƆ DZIDZƆ LE YEHOWA SUBƆSUBƆ ME

Yehowa subɔsubɔ menye agba kpekpe na ame siwo lɔ̃e o. (1 Yohanes 5:3) Ðo ŋku edzi be Yesu gblɔ be: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na mia ɖokuiwo. Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:28-30) Kristotɔ vavãwo kpɔa gbɔdzɔe kple dzidzɔ geɖe. Susu nyuiwo li siwo tae wòle be míanɔ dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me ɖo. Mina míadzro wo dometɔ etɔ̃ me kpɔ.—Habakuk 3:18.

Míaƒe Agbenala, si nye Mawu dzidzɔtɔ la subɔm míele. (Dɔwɔwɔwo 17:28; 1 Timoteo 1:11) Míenya be Wɔla lae na agbe mí. Eya ta ɣeyiɣi didi kae míeɖaxɔ nyɔnyrɔ o, mina míayi edzi asubɔe kple dzidzɔ.

Nu si nana dzi dzɔa Héctor ye nye be enana Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa nɔa susu me nɛ eye wòtsɔa dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu

Bu Nɔviŋutsu Héctor, si subɔ Yehowa abe dzikpɔla mɔzɔla ene ƒe 40 sɔŋ ŋu kpɔ. Ekpɔtɔ le Yehowa subɔm kple dzidzɔ ‘le eƒe tsitsime gɔ̃ hã.’ (Psalmo 92:12-14) Héctor srɔ̃ dze dɔ vevie, si na be Héctor megate ŋu le geɖe wɔm le Mawu subɔsubɔ me o, ke hã ekpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm. Egblɔ be: “Togbɔ be etena ɖe dzinye be srɔ̃nye ƒe dɔlélea le nyanyram ɖe edzi eye beléle nɛ le sesẽm nam hã la, nyemeɖe mɔ esia na nye lãme fa ɖe Mawu vavã la subɔsubɔ ŋu o. Menyae be Yehowa ye na agbem, eye tameɖoɖo nyui aɖe tae wòwɔ amegbetɔ ɖo, eya tae melɔ̃e vevie hele esubɔm kple dzi blibo ɖo. Medzea agbagba be mado ŋusẽ nu le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye menana Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa nɔa susu me nam ale be mayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm.”

Yehowa xe fe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta be wòaʋu mɔ na mí be míakpɔ dzidzɔ le agbe me. Vavãe “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Ɛ̃, Mawu ate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí ale be míanɔ agbe tegbee nenye be míexɔ tafe ƒe nunanaa dzi se. Esia nye susu vevi aɖe si tae míada akpe nɛ ɖo! Eye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu ade dzo mía me be míasubɔ Yehowa kple dzidzɔ.

Jesús nɔ agbe tsɛ eye wòsubɔ Yehowa dzidzɔtɔe ƒe geɖe

Nɔviŋutsu Jesús, si nɔ Meksiko, gblɔ be: “Meva zu kluvi na nye dɔ, elabe ɣeaɖewoɣi metea ŋu wɔa dɔ zã kple keli madzudzɔmadzudzɔe togbɔ be dɔwɔƒea mebiae alea o hã. Ðeko mewɔnɛ be makpɔ ga geɖe. Emegbe esi meva srɔ̃ nu tso Yehowa kple ale si wòtsɔ Via na ɖe amegbetɔwo ta ŋu la, ena didi be masubɔe va nɔ fiefiem le menye. Eya ta metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa. Togbɔ be mewu ɖokuinye hewɔ dɔ na dɔwɔƒe ma ƒe 28 sɔŋ hã la, meɖe asi le dɔa ŋu heva dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme.” Esia na Jesús le Yehowa subɔm kple dzidzɔ azɔ.

Míenɔa agbe dzadzɛ si nana míekpɔa dzidzɔ. Èɖo ŋku ale si nènɔa agbee tsã hafi va dze si Yehowa dzia? Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na Kristotɔ siwo nɔ Roma be wonye “nu vɔ̃ ƒe kluviwo tsã,” gake wova zu “dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo.” Esi wova le agbe dzadzɛ nɔm ta la, woate ŋu anɔ mɔ kpɔm na agbe mavɔ nɔnɔ. (Romatɔwo 6:17-22) ‘Klo metsyɔa akɔ anyi hɔ̃ ƒonɛ o.’ Esi míewɔna ɖe Yehowa ƒe sewo dzi ta la, vevesese si dona tso agbe vlo kple agbe baɖa nɔnɔ me la meƒoa go mí o. Dzidzɔnya kae nye esi!

“Tso esime medze Yehowa subɔsubɔ gɔme la, meva le dzidzɔ kpɔm wu le agbe me.”—Jaime

Bu Jaime, si nye kɔdala, mawudzimaxɔsela, kple ame si xɔe se be ɖe amegbetɔwo dzɔ tso kese me la ŋu kpɔ. Lɔlɔ̃ si le nɔviwo dome wɔ dɔ ɖe Jaime dzi ŋutɔ esi wòdze Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede gɔme. Jaime do gbe ɖa bia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu be yeaxɔ eyama dzi ase ale be yeate ŋu aɖe asi le yeƒe tsãgbenɔnɔ ŋu. Jaime gblɔ be: “Vivivi la, meva kpɔe be Fofo lɔ̃ame si nye Mawu nublanuikpɔla aɖe li. Agbenɔnɔ ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu kpɔ tanye. Ne menye ɖe metrɔ o la, anye ne wowum abe ale si wowu xɔ̃nye kɔdala bubu aɖewo ene. Tso esime medze Yehowa subɔsubɔ gɔme la, meva le dzidzɔ kpɔm wu le agbe me.”

ÐEÐI MEGATE ŊUWÒ O!

Aleke wòle be míawɔ nui esi míele xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu lalam? Míele Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm hele mɔ kpɔm na agbe mavɔ. Eya ta “migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o, elabena ne ɖeɖi mete mía ŋu o la, míaŋe nu le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.” (Galatiatɔwo 6:8, 9) Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mina míayi edzi ado dzi, aku kutri atu nɔnɔme siwo hiã la ɖo be míatsi agbe le “xaxa gã la” me, eye míasubɔ Yehowa kple dzidzɔ.—Nyaɖeɖefia 7:9, 13, 14; Yakobo 1:2-4.

Míeka ɖe edzi be Yehowa aɖo eteƒe na mí ne míedo dzi, elabena enya dɔ siwo lɔlɔ̃ ʋã mí míele wɔwɔm le eyama kple eƒe ŋkɔ la ta. Ne míeyi edzi subɔe kple dzidzɔ la, míanɔ abe hakpala David ene, ame si gblɔ be: “Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunyeme ɖaa. Esi wòle nye ɖusime ta la, nyemaʋã akpɔ o. Eya ta nye dzi le dzidzɔ kpɔm, nye ameti bliboa le aseye tsom. Eye manɔ dedie.”—Psalmo 16:8, 9.