Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wɔ Nuteƒe Na Yehowa Ðaa!

Wɔ Nuteƒe Na Yehowa Ðaa!

“Yehowa nenɔ nye kpli wò dome, eye wòanɔ nye dzidzimeviwo kple wò dzidzimeviwo dome tegbee.”​—1 SAMUEL 20:42.

HADZIDZI: 125, 62

1, 2. Nu ka tae Yonatan kple David ƒe xɔlɔ̃dzedze nye nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe?

ALE SI gbegbe dzi nɔ ɖekadzɛ David ƒo anya wɔ nuku na Yonatan ŋutɔ. David wu ame dzɔtsu Goliat eye wòtsɔ “Filistitɔ la ƒe ta” vɛ na Yonatan fofo, si nye Israel Fia Saul. (1 Samuel 17:57) Yonatan kpɔe dze sii be Mawu li kple David, eye tso ekema dzi la, Yonatan kple David zu xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o. Woka atam be yewoawɔ nuteƒe na yewo nɔewo ɖaa. (1 Samuel 18:1-3) Eye Yonatan wɔ nuteƒe na David le eƒe agbe me katã.

2 Yehowa tia David be wòanye Israel fia, ke menye Yonatan o. Gake Yonatan ku ɖe David ŋu vevie. Eye esi Saul di be yeawu David la, Yonatan tsi dzi ɖe xɔlɔ̃a ŋu vevie. Yonatan nya be David si yi Hores le Zif gbedzi, eya ta eyi afi ma hedo ŋusẽe be wòayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Yonatan gblɔ na David be: “Mègavɔ̃ o, elabena fofonye Saul ƒe asi matu wò o, eye wò la, àzu fia ɖe Israel dzi, ke nye la manye evelia anɔ ŋuwò.”—1 Samuel 23:16, 17.

3. Nu kae nɔ vevie na Yonatan wu nuteƒewɔwɔ na David, eye aleke míewɔ nya? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Zi geɖe la, ame siwo wɔa nuteƒe ƒe nu dzɔa dzi na mí. Gake esi Yonatan wɔ nuteƒe na David ta koe eƒe nu doa dzidzɔ na mía? Ao, nuteƒewɔwɔ na Mawu ye nye nu vevitɔ na Yonatan le eƒe agbe me. Le nyateƒe me la, susu ma tae wòwɔ nuteƒe na David eye meʋã ŋui o, togbɔ be David ye wotia be wòaɖu fia ke menye eya o hã. Yonatan kpe ɖe David ŋu gɔ̃ hã be wòayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Xɔlɔ̃ eve siawo wɔ nuteƒe na Yehowa kple wo nɔewo ɖaa. Woka atam na wo nɔewo be, “Yehowa nenɔ nye kpli wò dome, eye wòanɔ nye dzidzimeviwo kple wò dzidzimeviwo dome tegbee,” eye wolé nya siawo me ɖe asi.—1 Samuel 20:42.

4. (a) Nu kae ana míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavã? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Ele be míawo hã míawɔ nuteƒe na míaƒe ƒomea, mía xɔlɔ̃wo kple mía nɔvi siwo le hamea me. (1 Tesalonikatɔwo 2:10, 11) Gake nu vevitɔe nye be míawɔ nuteƒe na Yehowa. Ɛ̃, Eyae na agbe mí! (Nyaɖeɖefia 4:11) Ne míewɔ nuteƒe nɛ la, míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme ŋutɔŋutɔ. Míenya hã be ele be míawɔ nuteƒe na Mawu le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Le nyati sia me la, míadzro ale si Yonatan ƒe kpɔɖeŋua akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme ene aɖewo me: (1) ne ewɔ na mí be ame si ƒe ŋusẽ te míele medze be míade bubu eŋu o, (2) ne eva hiã be míatia ame si míawɔ nuteƒe na, (3) ne nɔvi siwo le mía nu dometɔ aɖe se míaƒe nuwɔna gɔme bubui alo wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu, kple (4) ne míekpɔe be ele sesẽm na mí be míawɔ ŋugbe aɖe si míedo dzi.

NE EWƆ NA MÍ BE AME SI ƑE ŊUSẼ TE MÍELE MEDZE BE MÍADE BUBU EŊU O

5. Nu ka tae wònɔ sesẽm na Israel dukɔa be woawɔ nuteƒe na Mawu esime Saul nɔ fia ɖum?

5 Yonatan kple Israel dukɔa ɖo nɔnɔme sesẽ me. Fia Saul si nye Yonatan fofo mewɔ nuteƒe o eye Yehowa gbee. (1 Samuel 15:17-23) Gake Mawu ɖe mɔ Saul ɖu fia ƒe geɖe. Eya ta enɔ sesẽm na dukɔa be woawɔ nuteƒe na Mawu esime fia si wotsɔ ɖo “Yehowa ƒe fiazikpui dzi” la nɔ nu baɖabaɖawo wɔm.—1 Kronika 29:23.

6. Nu kae ɖee fia be Yonatan wɔ nuteƒe na Yehowa?

6 Yonatan yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. Wò ya bu nu si Yonatan wɔ esi Saul gbe toɖoɖo Mawu megbe teti ŋu kpɔ. (1 Samuel 13:13, 14) Ɣemaɣi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ gã aɖe ho ɖe Israel ŋu kple tasiaɖam 30,000 sɔŋ. Aʋawɔla 600 pɛ koe nɔ Saul ŋu, eye eya kple Yonatan ko sie yi alo akplɔ nɔ. Gake vɔvɔ̃ meɖo Yonatan o. Elabena eɖo ŋku nyagblɔɖila Samuel ƒe nya siawo dzi be: “Yehowa magblẽ eƒe dukɔ la ɖi o le eƒe ŋkɔ gã la ta.” (1 Samuel 12:22) Yonatan gblɔ na aʋawɔla ɖeka be: “Naneke mexea mɔ na Yehowa, be wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋɛ axɔ na ame o.” Eya ta eya kple aʋawɔla ɖeka ma yi ɖadze Filistitɔwo ƒe aʋalɔgo aɖe dzi hewu ame abe 20 ene le wo dome. Yonatan xɔ Yehowa dzi se, eye Yehowa yrae. Yehowa na anyigba ʋuʋu sesĩe eye ŋɔdzi lé Filistitɔwo. Ame sia ame trɔ eƒe yi ɖe ehavi ŋu hewui, ale be Israel-viwo ɖu aʋa dzi.—1 Samuel 13:5, 15, 22; 14:1, 2, 6, 14, 15, 20.

7. Aleke Yonatan wɔ nu ɖe fofoa ŋu?

7 Togbɔ be Saul gbe nuteƒewɔwɔ na Yehowa hã la, Yonatan ya ɖo to fofoa ɣesiaɣi si wòanya wɔ. Le kpɔɖeŋu me, enɔ fofoa ŋu wowɔ aʋa na Yehowa ƒe amewo.—1 Samuel 31:1, 2.

8, 9. Nu ka tae bubudede ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu nye nuteƒewɔwɔ na Mawu?

8 Abe Yonatan ene la, míawo hã míate ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa ne míeɖoa to míaƒe dukplɔlawo ɣesiaɣi si wòanya wɔ. Yehowa ye ɖe mɔ na “ŋusẽtɔwo” be woaɖu mía dzi, eye wòbia tso mía si be míade bubu wo ŋu. (Xlẽ Romatɔwo 13:1, 2.) Esia tae wòle be míatsɔ bubu ana dumegãwo nenye be womeɖia anukware o eye míebui be womedze be míabu wo o gɔ̃ hã. Nya lae nye be, ele be míade bubu ame siwo katã Yehowa ɖo ŋusẽnɔƒewo ŋu.—1 Korintotɔwo 11:3; Hebritɔwo 13:17.

Mɔ aɖe si dzi míato awɔ nuteƒe na Yehowa ye nye be míade bubu mía srɔ̃ ŋu ne menye Yehowa subɔla o hã (Kpɔ memama 9)

9 Nɔvinyɔnu Olga si le Anyiehe Amerika la wɔ nuteƒe na Yehowa to ale si wòbua srɔ̃a togbɔ be ŋutsua wɔa dɔmevevi le eŋu hã me. [1] (Kpɔ dzesidenya la.) Ɣeaɖewoɣi la, ŋutsua medea nu eŋu o, eye wòdzua dzu gã dzu gãwo nɛ le esi wònye Yehowa Ðasefo ta. Edo ŋɔdzi nɛ be yeagbee ahakplɔ ɖeviawo adzo le egbɔ. Gake ‘dzu metoa kɔ o,’ eya ta Olga meɖo “vɔ̃ vɔ̃ teƒe” nɛ o. Edze agbagba ɖe sia ɖe be yeanye srɔ̃nyɔnu nyui. Eɖaa nu nɛ, nyaa eƒe nuwo, eye wòléa be na eƒe ƒometɔ bubuwo gɔ̃ hã. (Romatɔwo 12:17) Eye ɣesiaɣi si wòate ŋui la, wo kplii woyina ɖakpɔa eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ɖa. Le kpɔɖeŋu me, esime srɔ̃aŋutsua fofo ku wòhiã be woayi kua teƒe le du bubu me la, edi nu siwo katã woazã le mɔzɔzɔa me la ɖe alɔ dzi. Le kua teƒe la, elala srɔ̃a le tsɔtsixɔa godo. Ƒe geɖe megbe la, ŋutsua va nɔ nu wɔm ɖe Olga ŋu nyuie le esi Olga gbɔa dzi ɖi nɛ hebunɛ ɣesiaɣi ta. Fifia ŋutsua dea dzi ƒo nɛ be wòade kpekpeawo eye wòkɔnɛ yina. Edea kpekpea kplii ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã.—1 Petro 3:1.

NE EVA HIÃ BE MÍATIA AME SI MÍAWƆ NUTEƑE NA

10. Nu kae kpe ɖe Yonatan ŋu wòtia ame si wòawɔ nuteƒe na?

10 Esi Saul di be yeawu David la, ehiã be Yonatan namia ŋku hafi ate ŋu awɔ nyametsotso nyuitɔ. Edi be yeawɔ nuteƒe na ye fofo kple David siaa. Gake Yonatan nyae be David dzie Mawu ƒe gbɔgbɔ le ke menye ye fofo Saul o, eya ta etiae be yeawɔ nuteƒe na David. Eɖo afɔ afɔta na David be wòasi aɖabe, eye wòde adaŋu kple fofoa Saul be wòagakɔ David ƒe ʋu ɖi o.—Xlẽ 1 Samuel 19:1-6.

11, 12. Aleke lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe nɛ?

11 Eva hiã be nɔvinyɔnu Alice si tso Australia natia ame si wòawɔ nuteƒe na. Esi wònɔ Biblia srɔ̃m la, egblɔa nu siwo srɔ̃m wòle na eƒe ƒometɔwo. Egblɔ na wo hã be yemagaɖu Kristmas (alo Noël) kpli wo o. Gbã la, esia te ɖe eƒe ƒometɔwo dzi vie, gake emegbe wova do dziku ɖe eŋu helĩhelĩ. Ewɔ na wo be Alice gbe nu le yewo gbɔ. Azɔ Alice nɔ gblɔ nɛ be ye kplii yewoma taku me. Alice gblɔ be: “Nye nu koe ku, nya la te ɖe dzinye ale gbegbe, elabe melɔ̃ nye ƒomea vevie. Ke hã meɖoe kplikpaa be Yehowa kple Via ye axɔ nɔƒe vevitɔ le nye dzi me, eya ta mexɔ nyɔnyrɔ le takpekpe si kplɔe ɖo me.”—Mateo 10:37.

12 Mele be míaɖe mɔ be nuteƒewɔwɔ na bɔlƒoha aɖe, míaƒe suku, alo míaƒe dukɔ kple esiawo tɔgbi, nanɔ vevie na mí wu nuteƒewɔwɔ na Yehowa o. Aɖidada aɖe ƒomevi dzɔa dzi na Henry, eya ta enɔ woƒe sukua ƒe aɖidaha me henɔ kutri kum be yewoƒe sukua naɖu dzi le hoʋiʋli aɖe me. Gake ‘alɔ le eve mewɔa evedɔ o,’ eya ta Henry megava nɔ ɣeyiɣi kpɔm ɖe subɔsubɔdɔa kple kpekpeawo dede ŋu o le esi wònɔa aɖia dam le kwasiɖanuwuwu ɖe sia ɖe ta. Henry gblɔ be yekpɔe be yeva nɔ nuteƒe wɔm na sukua wu Mawu. Eya ta etso nya me be yeadzudzɔ aɖidada na sukua.—Mateo 6:33.

13. Nu ka tae nuteƒewɔwɔ na Mawu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe ƒomekuxiwo nu?

13 Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ nuteƒe na ƒometɔ vovovowo. Esia dzɔ ɖe Ken dzi. Egblɔ be: “Medina be mayi aɖakpɔ nɔnye ɖa edziedzi, eye be wòava nɔ mía gbɔ ɣeaɖewoɣi. Gake nɔnye kple srɔ̃nye ƒe ŋku medoa go o.” Egblɔ kpee be: “Ne mebe madze ame ɖeka ŋu ko la, ke medze agɔ le evelia dzi.” Ken de ŋugble le nu si Biblia gblɔ ŋu eye wòkpɔe be, le nɔnɔme sia me la, ele be yeawɔ nuteƒe na ye srɔ̃ ahawɔ nu si adze eŋu. Eya ta eɖe afɔ aɖewo tsɔ kpɔ kuxia gbɔ wòdze srɔ̃a ŋu. Eyome eɖe nu si tae wòle be ye srɔ̃ nakɔ mo na ye nɔ la me nɛ. Eye wòɖe nu si tae wòle be ye nɔ hã nade bubu ye srɔ̃ ŋu la me nɛ.—Xlẽ 1 Mose 2:24; 1 Korintotɔwo 13:4, 5.

NE NƆVI AÐE SE MÍAƑE NUWƆNA GƆME BUBUI ALO WƆ NU MADZƆMADZƆ ÐE MÍA ŊU

14. Nu kae Saul wɔ ɖe Yonatan ŋu?

14 Míate ŋu awɔ nuteƒe na Yehowa ne nɔvi siwo le mía nu dometɔ aɖe wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu gɔ̃ hã. Saul nye fia si Mawu ŋutɔ tia, gake ewɔ dɔmevevi le via Yonatan ŋu. Mese nu si tae Yonatan lɔ̃ David ɖo gɔme o. Esi Yonatan nɔ David ta ʋlim la, Saul ƒe dzi ho eye wòdo ŋukpe via le amehawo ŋkume. Gake Yonatan kpɔtɔ de bubu fofoa ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ewɔ nuteƒe na Yehowa kple David, ame si Mawu tia be wòazu Israel fia ɖe fofoa yome.—1 Samuel 20:30-41.

15. Ne nɔvi aɖe wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu la, nu kae wòle be míawɔ?

15 Egbea nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm le míaƒe hamewo me dzea agbagba be yewoawɔ nu ɖe ame sia ame ŋu sɔsɔe. Gake womede blibo o. Le esia ta ate ŋu adzɔ be womase nu si tae míewɔ nane ɖo la gɔme o. (1 Samuel 1:13-17) Eya ta ne edzɔ be wodrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ na mí alo se míaƒe nuwɔna gɔme bubui hã la, mina míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa.

NE ELE SESẼM NA MÍ BE MÍAWƆ ŊUGBE AÐE SI MÍEDO DZI

16. Nɔnɔme kawo mee wòle be míawɔ nuteƒe na Mawu ahatsri ɖokuitɔdidi le?

16 Saul di be Yonatan nazu fia ɖe ye teƒe, ke menye David o. (1 Samuel 20:31) Gake Yonatan lɔ̃ Yehowa hewɔa nuteƒe nɛ. Eya ta esi Yonatan nadi eɖokui tɔ teƒe la, ɖe wòdze xɔ̃ David boŋ eye wòwɔ ŋugbe si wòdo nɛ dzi. Nyateƒea ye nye be, ame sia ame si lɔ̃ Yehowa hewɔa nuteƒe nɛ la, “megbea eƒe ŋugbedodo dzi wɔwɔ o, ne esia agblẽ nu le eya ŋutɔ ŋu gɔ̃ hã.” (Psalmo 15:4) Le nuteƒewɔwɔ na Mawu ta la, ele be míawɔ míaƒe ŋugbedodowo katã dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne míewɔ dɔwɔɖoɖo aɖe la, míadze agbagba awɔ nu si dzi míelɔ̃ ɖo la pɛpɛpɛ, nenye be ewɔwɔ va le sesẽm na mí gɔ̃ hã. Eye ne kuxi ɖo míaƒe srɔ̃ɖeɖe me la, míaɖee afia be míelɔ̃ Yehowa ne míewɔ nuteƒe na mía srɔ̃.—Xlẽ Malaki 2:13-16.

Ne míewɔ dɔwɔɖoɖo aɖe la, ele be míawɔ nu si dzi míelɔ̃ ɖo la pɛpɛpɛ le esi míewɔa nuteƒe na Mawu ta (Kpɔ memama 16)

17. Aleke nyati sia ɖe vi na wòe?

17 Abe Yonatan ene la, míedi vevie be míawɔ nuteƒe na Mawu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã. ‘Lãtaɖula mevɔ̃a ŋkua o,’ eya ta mina míayi edzi awɔ nuteƒe na mía nɔviwo, aku ɖe wo ŋu, ne wowɔ nu wòve mí gɔ̃ hã. Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom hã la, mina míawɔ nuteƒe na Yehowa ɖaa. Ekema míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, eye míawo ŋutɔ hã míakpɔ dzidzɔ geɖe. (Lododowo 27:11) Míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu awɔ nu si nyo la na mí ɣesiaɣi ahalé be na mí. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso ame siwo wɔ nuteƒe le David ŋɔli kple ame siwo mewɔ nuteƒe o dometɔ aɖewo ƒe ŋutinyawo me.

^ [1] (memama 9) Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.