Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nènya Yehowa Abe Ale Si Noa, Daniel Kple Hiob Nyae Enea?

Ðe Nènya Yehowa Abe Ale Si Noa, Daniel Kple Hiob Nyae Enea?

“Nu vlo wɔlawo mate ŋu ase nu si le dzɔdzɔe gɔme o, ke ame siwo dia Yehowa ya ate ŋu ase nu sia nu gɔme.”​—LOD. 28:5.

HADZIDZI: 126, 150

1-3. (a) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu le ŋkeke mamlɛ siawo me? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

ESI ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuwu le aƒe tum la, ame vɔ̃ɖiwo yi edzi le ‘miemiem abe gbe ene.’ (Ps. 92:7) Eya ta, mewɔ nuku o be ame geɖe megale agbe nyui nɔm o. Ekema, aleke míawɔ be míanye “ɖevi suewo le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me” evɔ míazu “ame siwo tsi bliboe le nugɔmesese me” le xexe vɔ̃ɖi sia me?—1 Kor. 14:20.

2 Ŋuɖoɖoa dze le mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo la me; eƒe akpa aɖe gblɔ be: “Ame siwo dia Yehowa ya ate ŋu ase nu sia nu gɔme”—esia fia be woate ŋu ase nu sia nu si hiã be woadze eŋu la gɔme. (Lod. 28:5) Nya sia tɔgbi dze le Lododowo 2:7, 9, afi si gblɔ be Yehowa ‘dzraa nunya vavãtɔ ɖo ɖi na nu dzɔdzɔe wɔlawo.’ Esia ta, nu dzɔdzɔe wɔlawo tea ŋu sea “nu si le dzɔdzɔe, nu si sɔ, kple nu si le eteƒe gɔme,” ɛ̃, wosea “mɔ nyuiwo katã gɔme.”

3 Nunya ma su Noa, Daniel kple Hiob si. (Eze. 14:14) Nenema kee wòle le Mawu subɔla siwo li egbea hã gome. Ke wò ŋutɔ ya ɖe? Ðe nèse “nu sia nu” si hiã be nàdze Yehowa ŋu la ‘gɔmea’? Nu vevi si akpe ɖe ŋuwòe nye be nànya Yehowa nyuie. Eya ta, le nyati sia me la, míadzro (1) ale si Noa, Daniel kple Hiob wɔ va nya Mawu, (2) ale si sidzedze ma ɖe vi na woe kple (3) ale si míana xɔse si nɔ wo si la tɔgbi nasu mía si la me.

NOA ZƆ KPLE MAWU LE XEXE VƆ̃ÐI AÐE ME

4. Aleke Noa wɔ va nya Yehowa, eye aleke sidzedze si su esi la ɖe vi nɛ?

4 Ale si Noa wɔ va nya Yehowa. Tso esime Adam kple Xawa te vidzidzi la, amewo toa mɔ etɔ̃ aɖewo koŋ dzi srɔ̃a nu tso Yehowa ŋu. Wosrɔ̃a nu tso eŋu to ŋkuléle ɖe nuwɔwɔwo ŋu me, wosrɔ̃a nu tso eŋu le mawuvɔ̃la bubuwo gbɔ eye yayra siwo wokpɔna ne wonɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo kple mɔfiame dzɔdzɔeawo nu hã nana wodzea sii. (Yes. 48:18) Ne Noa lé ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋu la, menye nu gbogbo siwo ɖo kpe edzi be Mawu li la koe wòakpɔ o, ke ade dzesi eƒe nɔnɔme makpɔmakpɔwo, abe “eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple Mawunyenye” la ene hã. (Rom. 1:20) Esia wɔe be, menye ɖeko Noa ka ɖe Mawu dzi ko evɔ o, ke exɔ edzi se bliboe hã.

5. Aleke Noa wɔ va nya tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu?

5 Biblia gblɔ be “nu si wose la mee xɔse tsona.” (Rom. 10:17) Aleke Noa wɔ se nu tso Yehowa ŋu? Anɔ eme be ese nu tso eŋu le eƒe ƒometɔwo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, Fofoa, Lamek, si xɔ Mawu dzi se, la tso Adam ɖo. (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) Eƒe ƒometɔ bubuwoe nye tɔgbuia, Metusala, kple tɔgbuitɔgbuia, Yared, si ganɔ agbe ƒe 366 sɔŋ le Noa dzidzi megbe. * (Luka 3:36, 37) Ate ŋu anye be ame siawo kple wo srɔ̃wo gbɔe Noa srɔ̃e le be Mawue wɔ amegbetɔwo eye wòɖoe be woadzi ahayɔ anyigbaa dzi eye woasubɔ ye, gake wodze aglã ɖe eŋu le Eden-bɔa me. Noa ŋutɔ hã nɔ esia me tsonu gbegblẽawo teƒe kpɔm. (1 Mose 1:28; 3:16-19, 24) Nu siwo Noa srɔ̃ tso Mawu ŋu la wɔ dɔ ɖe edzi, eye esia ʋãe be wòasubɔe.—1 Mose 6:9.

6, 7. Aleke mɔkpɔkpɔ si nɔ Noa si la do ŋusẽ eƒe xɔse?

6 Mɔkpɔkpɔ doa ŋusẽ ame ƒe xɔse. Bu ale si Noa anya se le eɖokui me esi wòva nyae be gɔmesese si le yeƒe ŋkɔa ŋu la naa mɔkpɔkpɔ ame ŋu kpɔ, elabena eƒe ŋkɔa gɔmee nye “Gbɔɖeme; [alo] Akɔfafa.” (1 Mose 5:29, etenuŋɔŋlɔ) Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Lamek wògblɔ be: “Ame sia [si nye Noa] ana míakpɔ akɔfafa tso míaƒe . . . dɔ sesẽ siwo míetsɔa míaƒe asiwo wɔna me le esi Yehowa ƒo fi de anyigba la ta.” Eya ta, Noa nɔ mɔ kpɔm be Mawu ava ɖɔ nuwo ɖo. Exɔe se be “dzidzimevi” aɖe ava gbã ta na da la, abe ale si Abel kple Enok hã xɔe se ene.—1 Mose 3:15.

7 Togbɔ be Noa mese nyagblɔɖi si dze le 1 Mose 3:15 la gɔme tsitotsitso o hã la, ɖikeke mele eme o be enɔ mɔ kpɔm be nyagblɔɖi ma me vava ana etsɔme nyui aɖe nasu amegbetɔwo si. Gakpe ɖe eŋu la, Enok ɖe gbeƒã gbedeasi aɖe si wɔ ɖeka kple nyagblɔɖi ma, esi wògblɔe ɖi be Mawu ava drɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo. (Yuda 14, 15) Enok ƒe gbedeasia me nyawo, siwo ava eme bliboe le Armagedon me la anya do ŋusẽ Noa ƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ godoo!

8. Mɔ kawo nue Mawu nyanya nyuie kpɔ Noa ta le?

8 Ale si Mawu nyanya nyuie ɖe vi na Noa. Esi Noa nya Mawu nyuie ta la, xɔse kple mawumenunya su esi, eye esia kpɔ eta, vevietɔ tso nu siwo ate ŋu agblẽ ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome la me. Le kpɔɖeŋu me, esi Noa “zɔ kple Mawu vavã la” ta la, mede ha kple ame mavɔ̃mawuwo o. Noa meɖe mɔ gbɔgbɔ vɔ̃ siwo va zu amegbetɔwo le anyigba dzi la flui abe ale si wònɔ le ame geɖe gome ene o—ɖewohĩ, wova nɔ wo subɔm gɔ̃ hã le esi ŋusẽ si gbegbe le wo si la wɔ dɔ ɖe wo dzi ta. (1 Mose 6:1-4, 9) Azɔ hã, Noa nyae be amegbetɔwoe Mawu gblɔ be woadzi ayɔ anyigbaa dzi. (1 Mose 1:27, 28) Eya ta, anya kpɔe be nyɔnuwo kple mawudɔla siwo zu amegbetɔwo ƒe dɔdɔ mele dzɔdzɔme nu o eye wònye nu gbegblẽ hã. Esia gadze ƒãa esi wòkpɔe be wo viwo va zu dzidehlɔ̃meviwo. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu gblɔ na Noa be yele tsiɖɔɖɔ tsɔ ge atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã. Esi Noa xɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃amenya ma dzi se ta la, esia ʋãe wòkpa aɖakaʋu si na eƒe ƒomea tsi agbe.—Heb. 11:7.

9, 10. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Noa ƒe xɔse?

9 Ale si míana xɔse si nɔ Noa si la tɔgbi nasu mía si. Nu vevitɔe nye be míanye Mawu ƒe Nyaa srɔ̃la dovevienuwo, míana nu siwo míesrɔ̃ la natsi dzi me na mí, eye míaɖe mɔ nu siwo míesrɔ̃ la namla mí ahafia mɔ mí. (1 Pet. 1:13-15) Ekema, xɔse kple mawumenunya akpɔ mía ta tso Satana ƒe ayemɔwo kpakple xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me. (2 Kor. 2:11) Xexea ƒe gbɔgbɔ ma nana amewo lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ kple gbɔdɔdɔ manɔsenu. Eye gbɔgbɔ ma ƒonɛ ɖe amewo nu be woaɖi kɔ na ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo. (1 Yoh. 2:15, 16) Ate ŋu ana gɔ̃ hã be ame siwo gbɔdzɔ le mawusubɔsubɔ me la naŋe aɖaba aƒu nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu ƒe ŋkeke gãa tu aƒe la dzi. De dzesii be esi Yesu tsɔ míaƒe ŋkekea sɔ kple Noa ƒe ŋkekea la, menye amewo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ alo gbɔdɔdɔ manɔsenu dzie wòhe susu yi o, ke ale si amewo metsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me o dzie wòhe susu yi.—Xlẽ Mateo 24:36-39.

10 Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye agbenɔnɔ ɖenɛ fiana be menya Yehowa nyuiea? Ðe nye xɔse ʋãam be mawɔ Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi eye maƒo nu tso wo ŋu na amewoa?’ Neva eme be ale si nàɖo nyabiase siawo ŋui la naɖee afia be wò hã ‘èle zɔzɔm kple Mawu vavã la.’

DANIEL ÐE MAWUMENUNYA FIA LE BABILONTƆ TRƆ̃SUBƆLAWO DOME

11. (a) Nu kae ɖekakpui Daniel ƒe mawusosroɖa ɖe fia le hehe si edzilawo nɛ ŋu? (b) Daniel ƒe nɔnɔme nyui kawoe nàdi be yeasrɔ̃?

11 Ale si Daniel wɔ nya Yehowa. Edze ƒãa be Daniel dzilawo na hehe eyama nyuie ale be wòlɔ̃ Yehowa kple eƒe Nya la. Daniel tu lɔlɔ̃ sia ɖo le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Esi wòku amegã gɔ̃ hã la, egaléa fɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ ŋu. (Dan. 9:1, 2) Daniel nya Mawu nyuie, eye wònya nu siwo katã Mawu wɔ na Israel-viwo hã. Esia dze kɔtɛ le gbe si Daniel do ɖa ɖokuibɔbɔtɔe tso dzi me, si dze le Daniel 9:3-19 la me. Ðe manyo ŋutɔ be nàzã ɣeyiɣi vi aɖe atsɔ axlẽ eƒe gbedodoɖaa ahade ŋugble tso eŋu oa? Eyome bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae gbedodoɖa sia fiam tso Daniel ŋu?’

12-14. (a) Aleke Daniel ɖe mawumenunya fiae? (b) Aleke Mawu yra Daniel ɖe eƒe dzideƒo kple nuteƒewɔwɔ ta?

12 Ale si Mawu nyanya nyuie ɖe vi na Daniel. Menɔ bɔbɔe na Yudatɔ wɔnuteƒe siwo nɔ Babilon, afi si trɔ̃subɔsubɔ xɔ aƒe ɖo la be woasubɔ Mawu o. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ na Yudatɔwo be: “Midi ŋutifafa na du si me mena woɖe aboyo mi yii la.” (Yer. 29:7) Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, ebia tso wo si be woasubɔ ye ɖeka ko tso dzi blibo me. (2 Mose 34:14) Aleke Daniel awɔ se evea siaa dzi? Mawumenunya na Daniel kpɔe be ele be yeaɖo to Yehowa wu amegbetɔ siwo nye ŋusẽtɔwo. Ƒe alafa aɖewo megbe la, Yesu hã te gbe ɖe gɔmeɖose ma ke dzi.—Luka 20:25.

13 Ðo ŋku nu si Daniel wɔ esi wode se be, le ŋkeke 30 me la, ame aɖeke nagado gbe ɖa na mawu alo amegbetɔ aɖeke o, negbe fia la ko la dzi. (Xlẽ Daniel 6:7-10.) Anye ne Daniel ate ŋu agblɔ ko be, ‘Ŋkeke blaetɔ̃ koe ɖe!’ Gake Daniel mena amegbetɔwo ƒe se dzi wɔwɔ nɔ vevie nɛ wu Mawu subɔsubɔ o. Ate ŋu ado gbe ɖa le bebeme ale be ame aɖeke naganya o hafi. Ke hã, enyae be ame geɖe nya be yedoa gbe ɖa gbe sia gbe. Eya ta, togbɔ be Daniel nya be yeƒe agbe aɖo afɔku me hã la, etso nya me be yemawɔ naneke si ana amewo nasusu be yedzudzɔ Mawu subɔsubɔ o.

14 Yehowa yra Daniel ɖe eƒe dzideƒo kple nuteƒewɔwɔa ta. Ekpɔ Daniel ta nukutɔe tso dzatawo si me. Esia va nye ɖaseɖiɖi nyui aɖe tso Yehowa ŋu, elabena ewɔe be amewo va nya nu tso eŋu le Medo-Persia Fiaɖuƒe bliboa me!—Dan. 6:25-27.

15. Aleke míawɔ be xɔse si nɔ Daniel si la tɔgbi nasu mía si?

15 Ale si míana xɔse si nɔ Daniel si la tɔgbi nasu mía si. Be xɔse sẽŋu nasu ame si la, menye Mawu ƒe Nya la xexlẽ koe esia bia o, ke ebia be ame ‘nase egɔme’ hã. (Mat. 13:23) Ele be Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu nanɔ mía si, eye esia bia be míase Biblia me gɔmeɖosewo gɔme. Eya ta, ele be míade ŋugble le nu siwo míexlẽ ŋu. Ele vevie hã be míado gbe ɖa tso dzi me, vevietɔ ne míele xaxawo alo nɔnɔme sesẽwo me tom. Ne míedo gbe ɖa bia Yehowa be wòana nunya mí ahado ŋusẽ mí, eye míebiae le xɔse me la, ana mí faa.—Yak. 1:5.

HIOB WƆ NUTEƑE LE ƔEYIƔI NYUIWO KPLE ƔEYIƔI MADEAMEDZIWO ME

16, 17. Aleke Hiob wɔ nya Mawu nyuie?

16 Ale si Hiob wɔ nya Yehowa. Menye Israel-vie Hiob nye o. Ke hã, etɔgbuitɔgbuiwoe nye Abraham, Isak kple Yakob, eye Yehowa na woamawo dze si Eyama kple tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu. To mɔ aɖe si Biblia megblɔ na mí o dzi la, Hiob va nya nu tso nyateƒenya vevi mawo dometɔ geɖe ŋu. (Hiob 23:12) Esia ta Hiob te ŋu gblɔ be: “Wogblɔ nya le ŋuwò mese.” (Hiob 42:5) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa ŋutɔ gblɔ tso Hiob ŋu be egblɔ nu si nye nyateƒe tso ye ŋu.—Hiob 42:7, 8.

Míaƒe xɔse me asẽ ne míelé ŋku ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu eye míekpɔ eƒe nɔnɔmewo dze sii (Kpɔ memama 17)

17 Azɔ hã, Hiob kpɔ Mawu ƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo dze sii to ŋkuléle ɖe nuwɔwɔwo ŋu me. (Hiob 12:7-9, 13) Emegbe, Elihu kpakple Yehowa siaa he Hiob ƒe susu yi nuwɔwɔwo dzi tsɔ ɖee fiae be amegbetɔ meɖi naneke kura o ne wotsɔe sɔ kple Mawu. (Hiob 37:14; 38:1-4) Yehowa ƒe nyawo de Hiob ƒe dzi gbɔ, elabe egblɔ na Mawu ɖokuibɔbɔtɔe be: “Azɔ menyae be àte ŋu awɔ nu sia nu eye naneke meli nàɖo, si màte ŋu awɔ o. . . . Metrɔ dzi me le ke kple afi me.”—Hiob 42:2, 6.

18, 19. Mɔ kawo nue Hiob ɖee fia le be yenya Yehowa nyuie?

18 Ale si Mawu nyanya nyuie ɖe vi na Hiob. Hiob se mawumegɔmeɖosewo gɔme nyuie. Enya Yehowa nyuie, eye esia ʋãe wòwɔ nu si sɔ. Le kpɔɖeŋu me, Hiob nyae be yemate ŋu agblɔ be yelɔ̃ Mawu evɔ yemawɔ nu ɖe ye havi ŋu nyuie o. (Hiob 6:14) Mebui be yenyo wu ame bubuwo o, ke boŋ ewɔ nu ɖe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me, woɖanye kesinɔtɔwo alo hiãtɔwo o. Egblɔ be: “Ðe menye Ame si wɔm le vidzidɔ me la kee wɔ woawo hã oa?” (Hiob 31:13-22) Eme kɔ ƒãa be Hiob meɖe mɔ bubu si nɔ eŋu kpakple eƒe kesinɔnuwo wɔe be wòsusui be yekɔ wu ame bubuwo o. Eƒe nɔnɔme to vovo sãsãsã na xexe sia me ŋusẽtɔwo kple kesinɔtɔwo tɔ vavã!

19 Hiob gbe trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi ɖe sia ɖe—egbee le eƒe dzi me gɔ̃ hã. Enyae be ne yeɖo dzi ɖe kesinɔnuwo ŋu la, esia afia be yegbe “Mawu vavã si le dziƒo la,” eye esia anye alakpasubɔsubɔ ƒomevi aɖe. (Xlẽ Hiob 31:24-28.) Ekpɔe be srɔ̃ɖeɖe nye nubabla kɔkɔe le ŋutsu kple nyɔnu dome. Ebla nu kple eƒe ŋkuwo gɔ̃ hã ale be yemalé ŋku ɖe ɖetugbui ŋu le mɔ gbegblẽ nu o. (Hiob 31:1) Ðo ŋku edzi be ɣemaɣi la, Mawu ɖe mɔ amewo tea ŋu ɖea srɔ̃ wu ɖeka. Eya ta ne Hiob lɔ̃ la, agate ŋu aɖe srɔ̃ bubu akpee hafi. * Gake anye be enyae be ŋutsu ɖeka kple nyɔnu ɖekae nɔ srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ si Mawu ɖo anyi le Eden-bɔa me la me, eya ta etiae be yeatsɔ gɔmeɖose ma awɔ dɔe. (1 Mose 2:18, 24) Ƒe 1,600 aɖewo megbe la, Yesu Kristo fia nu amewo be woawɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe kple agbe nyui nɔnɔ ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔe mawo ke dzi.—Mat. 5:28; 19:4, 5.

20. Aleke Yehowa kpakple eƒe nudidiwo nyanya nyuie kpena ɖe mía ŋu míeɖɔa ŋu ɖo le ame siwo míade ha kplii kple nu siwo míatsɔ aɖe modzakae tiatia me?

20 Ale si míana xɔse si nɔ Hiob si la tɔgbi nasu mía si. Abe ale si míedzro eme va yi ene la, nu vevitɔe nye be míanya Yehowa nyuie, eye míanɔ agbe ɖe nu si míenya la nu le nu sia nu me. Le kpɔɖeŋu me, hakpala David gblɔ be Yehowa lé “fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ,” eye wòƒo nu tsi tre ɖe hadede kple “ameblelawo” hã ŋu. (Xlẽ Psalmo 11:5; 26:4.) Nu kawoe ŋɔŋlɔ mawo fia wò tso ale si Mawu bua nuwo ŋui ŋu? Ŋusẽ kae wòle be esia nakpɔ ɖe nu siwo nèbuna nu vevitɔwoe le agbe me, ale si nèzãa Internet, ame siwo nèdea ha kplii kple nu siwo nètsɔna ɖea modzakae dzi? Ale si nàɖo nya mawo ŋui ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si gbegbe nènya Yehowae. Hafi míate ŋu anye mokakamanɔŋutɔwo le xexe vɔ̃ɖi sia me la, ele be míana hehe míaƒe “nugɔmeseseŋutetewo” ale be menye ɖeko míade vovo nyui kple vɔ̃ dome ko o, ke míade vovo nu si me nunya le kple nu si me nunya mele o hã dome.—Heb. 5:14; Ef. 5:15.

21. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míase “nu sia nu” si gɔme wòle be míase be míadze mía Fofo si le dziƒo la ŋu?

21 Esi Noa, Daniel kple Hiob di Yehowa kple dzi blibo ta la, eya hã na wova nyae nyuie. Ekpe ɖe wo ŋu wose “nu sia nu” si wòhiã be woanya ale be woadze eŋu la “gɔme.” Woto esia me zu dzɔdzɔenyenye ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖolawo, eye wokpɔ dzidzedze vavãtɔ le agbe me. (Ps. 1:1-3) Eya ta bia ɖokuiwò be, ‘Ðe menya Yehowa nyuie abe ale si Noa, Daniel kple Hiob nyae enea?’ Egbea, míawo ya míate ŋu anya Yehowa nyuie wu gɔ̃ hã, elabena eɖe nu geɖe wu fia mí tso eɖokui ŋu! (Lod. 4:18) Eya ta dzro Mawu ƒe Nya la me nyuie. De ŋugble le eŋu. Eye nàdo gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea. Esia ana nàgate ɖe Fofowò si le dziƒo la ŋu geɖe wu. Eye mawumenunya kple gɔmesese afia mɔ wò le xexe vɔ̃ɖi sia me.—Lod. 2:4-7.

^ mm. 5 Noa tɔgbuitɔgbui, Enok, hã “yi edzi zɔ kple Mawu vavã la.” Ke hã, “Mawu kɔe dzoe” ƒe 69 aɖewo hafi wodzi Noa.—1 Mose 5:23, 24.

^ mm. 19 Noa hã ate ŋu atiae be yeawɔ nenema hafi. Gake srɔ̃ ɖeka koe nɔ esi, togbɔ be le Eden-bɔa me aglãdzedzea megbe kpuie ko la, amewo va te srɔ̃ geɖe ɖeɖe hã.—1 Mose 4:19.