Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Gbɔgbɔmeme?

Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Gbɔgbɔmeme?

“Mawu . . . nena tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si la nanɔ miawo hã mia si.”—ROM. 15:5.

HADZIDZI: 17, 13

1, 2. (a) Aleke nɔvi geɖe sena le wo ɖokui me ku ɖe tsitsi le gbɔgbɔ me ŋu? (b) Biabia vevi kawo me míadzro le nyati sia me?

NƆVINYƆNU aɖe si le Canada gblɔ be: “Tsitsi le gbɔgbɔ me wɔe be meva le dzidzɔ kpɔm geɖe wu, eye ewɔe be metea ŋu nɔa te ɖe agbemekuxiwo nu nyuie wu.” Nɔviŋutsu aɖe si le Brazil la gblɔ be: “Míeɖe srɔ̃ ƒe 23 ye nye esia eye míele dzidzɔ geɖe kpɔm—agbagba siwo míedze be míanye gbɔgbɔmemewoe na wòle alea.” Nɔviŋutsu aɖe si le Philippines hã gblɔ be: “Tsitsi le gbɔgbɔ me na nye dzi dze eme, eye ekpe ɖe ŋunye be kadodo si le nye kple nɔvi siwo tso teƒe vovovowo la dome ganyo ɖe edzi.”

2 Nya mawo na eme kɔ ƒãa be, viɖe geɖe dona tso eme ne míenye ame siwo tsi le gbɔgbɔ me. Eya ta, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be, ‘Aleke mawɔ atsi le gbɔgbɔ me ale be nye hã makpɔ viɖe siwo ŋu nɔvi mawo ƒo nu tsoe?’ Ke hã, hafi míaɖo nya sia ŋu la, ehiã be míase nya si Biblia gblɔ tso ame si nye gbɔgbɔmeme ŋu la gɔme nyuie. Míakpɔ nyabiase etɔ̃ aɖewo ƒe ŋuɖoɖowo le nyati sia me. (1) Nu kae wòfia be ame nanye gbɔgbɔmeme? (2) Ame kawo ƒe kpɔɖeŋue ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsi le gbɔgbɔ me? (3) Ne míedze agbagba be “Kristo ƒe tamesusu” nasu mía si la, aleke esia akpe ɖe mía ŋu be míatsi le gbɔgbɔ me?

AME KAE NYE GBƆGBƆMEME?

3. Aleke Biblia de vovo gbɔgbɔmeme kple ŋutilãmeme dome?

3 Apostolo Paulo kpe ɖe mía ŋu míese nu si wòfia be ame nanye gbɔgbɔmeme la gɔme esi wògblɔ vovototo si le “gbɔgbɔmeme” kple “ŋutilãmeme” dome. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 2:14-16.) Vovototo kae le wo dome? Egblɔ tso “ŋutilãmeme” ŋu be mexɔa “Mawu ƒe gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsitsi le egbɔ; eye mate ŋu anya wo o.” Ke gbɔgbɔmeme ya “dzroa nuwo katã me kpɔ,” eye “Kristo ƒe tamesusu” le esi. Paulo de dzi ƒo na mí be míanye gbɔgbɔmemewo. Vovototo bubu kawoe le ŋutilãmeme kple gbɔgbɔmeme dome?

4, 5. Nɔnɔme kawoe ɖea dzesi le ŋutilãmeme ŋu?

4 Gbã la, na míabu nɔnɔme si le ŋutilãmeme si ŋu. Gbɔgbɔ si xɔ aƒe ɖe xexea me, si nana amewo ɖia kɔ na ŋutilã ƒe nudzodzrowo la kpɔa ŋusẽ ɖe edzi. Paulo ɖɔ gbɔgbɔ ma be enye “gbɔgbɔ si le dɔ wɔm le vi sẽtowo me fifia.” (Ef. 2:2) Gbɔgbɔ ma wɔnɛ be ame geɖe srɔ̃a ame siwo dome wole la ƒe nɔnɔme gbegblẽwo. Nu si ŋutilãa di lae wowɔna. Eya ta, wo dometɔ akpa gãtɔ wɔa nu si dze woawo ŋutɔwo ŋu, eye wometsɔa ɖeke le nu si Mawu gblɔ tso nyui kple vɔ̃ ŋu me o. Ŋutilãmeme tsia dzi ɖe ŋkɔxɔxɔ, ŋutilãmenuwo didi vivivo alo nu si wòsusu be enye yeƒe gomenɔamesi ta ʋiʋli ŋu fũu akpa.

5 Nu bubu ka hãe gaɖea dzesi le ŋutilãmeme ŋu? Ame si ƒoa eɖokui ɖe “ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo” dometɔ aɖe me la nye ŋutilãmeme. (Gal. 5:19-21) Nɔnɔme bubu siwo ɖea dzesi le ŋutilãmemewo ŋu la dze le agbalẽ gbãtɔ si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Korinto hamea la me. Nɔnɔme siawo ƒe ɖewoe nye: mamadede amewo me, amedzidede, dzrehehe, ame nɔvi kpɔkplɔ ayi ʋɔnui, bubumademade tanyenye ƒe ɖoɖoa ŋu kple nu tsu ɖuɖu kpakple aha tsu nono. Ne tetekpɔ va ŋutilãmeme dzi la, enaa ta le esi teƒe be wòaɖu tetekpɔa dzi. (Lod. 7:21, 22) Yuda gblɔ be ame aɖewo ava nye ŋutilãmemewo ale gbegbe be woanye ame siwo “mebua gbɔgbɔmenuwo ŋu” gɔ̃ hã o.—Yuda 18, 19.

6. Nu kawoe ɖea dzesi le gbɔgbɔmeme ŋu?

6 Ke nu kae wòfia be ame nanye “gbɔgbɔmeme”? Ame si nye gbɔgbɔmeme la mele abe ŋutilãmeme ene o, elabena edina vevie be ƒomedodo nyui nanɔ ye kple Mawu dome. Gbɔgbɔmeme nye ame aɖe si dzea agbagba be ‘yeazu Mawu srɔ̃la.’ (Ef. 5:1) Esia fia be edzea agbagba be yeanya Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu eye yeabu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene. Mawu nyea ame ŋutɔŋutɔ nɛ. To vovo na ŋutilãmeme la, gbɔgbɔmeme dzea agbagba be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ wòasɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu. (Ps. 119:33; 143:10) Gbɔgbɔmeme ƒoa asa na ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo eye wòdzea agbagba be yeaɖe “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” afia. (Gal. 5:22, 23) Be míase nu si wòfia be ame nanye “gbɔgbɔmeme” gɔme nyuie la, bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne ame aɖe bi ɖe asitsatsa me la, wogblɔna be eléa fɔ ɖe asitsatsa ŋu. Nenema kee, ne ame aɖe dea asixɔxɔ gbɔgbɔmenuwo alo mawusubɔsubɔnyawo ŋu la, wogblɔna be enye gbɔgbɔmeme.

7. Nya kae Biblia gblɔ tso ame siwo nye gbɔgbɔmemewo ŋu?

7 Biblia ƒo nu nyui tso ame siwo nye gbɔgbɔmemewo la ŋu. Mateo 5:3 gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la.” Romatɔwo 8:6 gblɔ viɖe si wònyena ne ame aɖe nye gbɔgbɔmeme la ale: “Susu ɖoɖo ŋutilã la ŋu hea ku vanɛ, ke susu ɖoɖo gbɔgbɔ la ŋu hea agbe kple ŋutifafa vanɛ.” Ne míeléa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la, míenɔa ŋutifafa me kple Mawu eye míekpɔa ŋutifafa le ememe fifia. Azɔ hã, míekpɔa mɔ be míava nɔ agbe tegbee.

8. Nu ka tae wòbia agbagbadzedze be míazu gbɔgbɔmemewo ahayi edzi anye gbɔgbɔmemewo?

8 Ke hã, xexe gblẽku mee míele. Esi wònye be ame siwo dome míele la nye ŋutilãmemewo ta la, ehiã be míaku kutri vevie hafi míazu gbɔgbɔmemewo ahayi edzi anye gbɔgbɔmemewo. Ne míena Yehowa ƒe susuwo xɔ susu me na mí o la, xexea me tɔwo ƒe nuŋububu ava xɔ susu me na mí eye míasrɔ̃ woƒe nɔnɔme. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be esia nagadzɔ ɖe mía dzi o? Aleke míawɔ be míatsi le gbɔgbɔ me?

AME SIWO ƑE KPƆÐEŊU MÍATE ŊU ASRƆ̃

9. (a) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míatsi le gbɔgbɔ me? (b) Gbɔgbɔmeme kawo ŋue míasrɔ̃ nu tsoe?

9 Ðevi ate ŋu atsi le susu me ne eléa ŋku ɖe edzilawo ŋu hesrɔ̃a woƒe nɔnɔme nyuiwo. Nenema kee míawo hã míate ŋu atsi le gbɔgbɔ me ne míeléa ŋku ɖe ame siwo tsi le gbɔgbɔ me la ŋu hesrɔ̃a woƒe kpɔɖeŋu. Gake ame siwo nye ŋutilãmemewo ya ƒe nuwɔnawo nye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋuwo na mí. (1 Kor. 3:1-4) Biblia ƒo nu tso ame siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo kple ame siwo ɖo kpɔɖeŋu gbegblẽwo la ŋu. Gake esi wònye be míaƒe taɖodzinue nye be míatsi le gbɔgbɔ me ta la, na míalé ŋku ɖe ame aɖewo siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi, siwo ƒe kpɔɖeŋu míate ŋu asrɔ̃ la ŋu. Míadzro kpɔɖeŋu si Yakob, Maria kple Yesu siaa ɖo ɖi la me.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yakob ƒe kpɔɖeŋua me? (Kpɔ memama 10)

10. Aleke Yakob ɖee fia be yenye gbɔgbɔmeme?

10 Gbã, bu Yakob ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Abe ale si ko wòle le mía dometɔ akpa gãtɔ gome ene la, agbea menɔ bɔbɔe na Yakob kura o. Ehiã be wòado dzi anɔ anyi kple nɔvia, Esau, si nye ŋutilãmeme, si di be yeawui la. Gakpe ɖe eŋu la, ekpe fu le toa, si dze agbagba enuenu be yeatafae la si me. Ke hã, Yakob yi edzi nye gbɔgbɔmeme, togbɔ be enɔ ame siwo nye ‘ŋutilãmemewo’ dome gɔ̃ hã. Exɔ ŋugbe si Mawu do na Abraham la dzi se eye wòdze agbagba vevie lé be na eƒe ƒomea, elabena enyae be yeƒe ƒomea awɔ akpa vevi aɖe be Yehowa ƒe tameɖoɖoa nava eme. (1 Mose 28:10-15) Yakob ƒe nyawo kple nuwɔnawo ɖee fia be eƒe susu nɔa Mawu ƒe nudidiwo ŋu ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, esime Yakob nɔ vɔvɔ̃m be Esau ava dze ye kple yeƒe ƒomea dzi la, egblɔ na Mawu be: “Meɖe kuku, ɖem . . . Wò ŋutɔ ègblɔ be: ‘Mawɔ nyui na wò godoo, eye mana wò dzidzimeviwo nanɔ abe ƒutake, si sɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu axlẽe o la ene.’” (1 Mose 32:6-12) Edze ƒãa be Yakob xɔ ŋugbe siwo Yehowa do na eya kple tɔgbuiawo la dzi se eye wòdi be yeawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kpakple eƒe tameɖoɖoa.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Maria ƒe kpɔɖeŋua me? (Kpɔ memama 11)

11. Nu kae ɖee fia be Maria nye gbɔgbɔmeme?

11 Fifia bu Maria ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Nu ka tae Yehowa tia Maria be wòanye Yesu dada? Ðikeke mele eme o be esi wònye gbɔgbɔmeme tae. Aleke míewɔ nya? Kafukafunya wɔdɔɖeamedzi, siwo nya se, siwo wògblɔ esi wòyi ɖasrã Zakariya kple Elizabet siwo nye eƒe ƒometɔwo kpɔ la ɖee fia kɔtɛ be gbɔgbɔmemee wònye vavã. (Xlẽ Luka 1:46-55.) Maria ƒe nyawo ɖee fia be elɔ̃ Mawu ƒe Nya la vevie ŋutɔ eye enya Hebri Ŋɔŋlɔawo hã nyuie. (1 Mose 30:13; 1 Sam. 2:1-10; Mal. 3:12) De dzesii hã be, togbɔ be srɔ̃tɔ yeyewoe eya kple Yosef nye hã la, womedɔ kple wo nɔewo o va se ɖe esime wòdzi Yesu ko hafi. Nu kae esia ɖe fia? Eɖee fia be wo ame evea siaa tsi dzi ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu wu woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo. (Mat. 1:25) Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Maria lé ŋku ɖe nu siwo yi edzi le Yesu ƒe agbe me ŋu nyuie helé to ɖe Yesu ƒe nufiafia siwo me nunya le la ŋu. Eye edzra “nya siawo katã ɖo nyuie ɖe eƒe dzi me.” (Luka 2:51) Etsɔ ɖe le Mawu ƒe tameɖoɖo si ku ɖe Mesia la ŋu me vevie. Ðe Maria ƒe kpɔɖeŋua mekpe ɖe mía ŋu be míabu ale si míawɔ atsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me ŋu oa?

12. (a) Mɔ ka nue Yesu wɔ nu abe Fofoa ene le? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

12 Gake le ame siwo katã nɔ anyi kpɔ dome la, ame kae nye gbɔgbɔmeme si ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí? Eyae nye Yesu. Le eƒe anyigbadzinɔɣi kple subɔsubɔdɔa katã me la, eɖee fia be yedi be yeasrɔ̃ ye Fofo, Yehowa, ƒe kpɔɖeŋu. Edze agbagba be yeƒe tamesusu, seselelãme kple nuwɔnawo naɖi Yehowa tɔ eye yeƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kpakple eƒe nudidiwo. (Yoh. 8:29; 14:9; 15:10) Le kpɔɖeŋu me, de dzesi ale si nyagblɔɖila Yesaya ɖɔ Yehowa ƒe veveseɖeamenu kple nublanuikpɔkpɔe eye nàtsɔe asɔ kple nya siwo Nyanyuigbalẽŋlɔla Marko gblɔ tso Yesu ƒe seselelãmewo ŋu. (Xlẽ Yesaya 63:9; Marko 6:34.) Ðe míele abe Yesu ene hele klalo be ne míedo go ame siwo le hiã me la míase veve ɖe wo nu ahakpe ɖe wo ŋua? Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu lé fɔ ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple nufiafia amewo ŋu. (Luka 4:43) Seselelãme kple nuwɔna siawo tɔgbi ɖea dzesi le ame si nye gbɔgbɔmeme ŋu.

13, 14. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso gbɔgbɔmeme siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui egbea la gbɔ? (b) Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Tsɔ kpe ɖe kpɔɖeŋu nyui ɖola siwo ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me ŋu la, gbɔgbɔmeme siwo nye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo, siwo ku kutri vevie srɔ̃ Kristo ƒe nɔnɔme la li egbea hã. Ðewohĩ, ède dzesi dzo si le wo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, woƒe amedzrowɔwɔ, woƒe veveseɖeamenu, alo woƒe nɔnɔme nyoameŋu bubuwo. Togbɔ be womede blibo o hã la, wodzea agbagba vevie be yewoatu nɔnɔme nyuiwo ɖo ahawɔ nu si Yehowa di tso yewo si. Rachel, si nye nɔvinyɔnu aɖe si le Brazil la gblɔ be: “Tsã la, awu ƒe atsyã yeye siwo xexea to vɛ la dodo dzɔa dzi nam. Esia wɔe be nyemedoa awu ɖe nɔnɔme nyui me o. Gake nyateƒea sɔsrɔ̃ ʋãm meɖe afɔ siwo ana matsi le gbɔgbɔ me. Tɔtrɔwɔwɔ menɔ bɔbɔe nam o, gake esi mete ŋu wɔ tɔtrɔ siwo hiã la, ewɔe be mele dzidzɔ geɖe kpɔm fifia wu tsã eye taɖodzinu vavã va le nye agbe ŋu.”

14 Nu bubue nye kuxi na Reylene, si le Philippines ya. Togbɔ be ele nyateƒea me hã la, evu ɖe suku kɔkɔ dede ŋu eye wòva di dɔ gã aɖe nɔ wɔwɔm. Egblɔ be: “Mekpɔe be nye gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo megava nɔ vevie nam o. Gake meva nɔ sesem le ɖokuinye me be nane si le vevie wu nye dɔwɔɖuia le ŋunye tom le agbe me. Esia wɔe be megbugbɔ lé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu.” Tso ɣemaɣi la, Reylene to eƒe nuwɔna me le eɖem fia be yexɔ Yehowa ƒe ŋugbedodo si le Mateo 6:33, 34 la dzi se. Egblɔ be: “Meka ɖe edzi bliboe be Yehowa alé be nam!” Ðewohĩ, ènya wò hamea me tɔ aɖewo siwo hã le ewɔm alea. Ðe ale si nuteƒewɔla siawo le Kristo yome dzem la meʋã mí be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu oa?—1 Kor. 11:1; 2 Tes. 3:7.

“KRISTO ƑE TAMESUSU” NENƆ ASIWÒ

15, 16. (a) Nu kae wòle be míawɔ be míanɔ abe Kristo ene? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be “Kristo ƒe tamesusu” nanɔ mía si?

15 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Kristo lae? Biblia gblɔ le 1 Korintotɔwo 2:16 be “Kristo ƒe tamesusu” nanɔ mía si. Eye Romatɔwo 15:5 gblɔ be “tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si” la nanɔ mía si. Eya ta, be míanɔ abe Kristo ene la, ehiã be míanya ale si wòbua nuwo ŋui kple eƒe amenyenye. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ehiã be míadze eƒe afɔɖoƒewo yome. Yesu dze agbagba ɣesiaɣi be ƒomedodo nyui nanɔ ye kple Mawu dome. Eya ta, ne míele abe Yesu ene la, míaƒe nɔnɔme agaɖi Yehowa tɔ geɖe wu. Le susu siawo ta la, eme kɔ ƒãa be ele vevie be míadze agbagba asrɔ̃ ale si míabu nuwo ŋu abe ale si Yesu wɔnɛ ene.

16 Aleke míate ŋu awɔ esiae? Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ nukunu siwo wòwɔ la teƒe, wosee wòƒo nu na amehawo, wokpɔ ale si wòwɔ nu ɖe ame ƒomevi vovovowo ŋui, eye wokpɔ ale si wòwɔ Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi. Eya ta, wogblɔ be: “Míawoe nye nu siwo katã wòwɔ . . . la ŋuti ɖasefowo.” (Dɔw. 10:39) Gake míawo ya míate ŋu akpɔ Yesu egbea o. Ke hã, lɔlɔ̃tɔe la, Yehowa na Nyanyuigbalẽawo, siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ame si ƒomevi Yesu nye le susu me nyuie la mí. Ne míexlẽ Biblia-gbalẽ siwo nye Mateo, Marko, Luka kple Yohanes eye míede ŋugble le nu siwo míexlẽ ŋu la, míakpɔ tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si la nyuie. Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míadze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ’ eye ‘míatsɔ tamesusu ƒe nɔnɔme ma ke abla akpae.’—1 Pet. 2:21; 4:1.

17. Aleke nuwo ŋu bubu abe Kristo ene akpe ɖe mía ŋui?

17 Ne míesrɔ̃ ale si míabu nuwo ŋu abe Kristo ene la, aleke esia akpe ɖe mía ŋui? Ale si ko nuɖuɖu nyuiwo doa ŋusẽ ŋutilãa ene la, nenema kee ne míena Kristo ƒe tamesusu xɔ susu me na mí la, esia ana míali ke le gbɔgbɔ me. Vivivi la, míava nya ale si Kristo awɔ nui le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Esia hã akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso siwo ana dzitsinya nyui nanɔ mía si le Mawu ŋkume eye míaƒe nu nadze eŋu. Ðe mèkpɔe be esiawo nye susu nyui siwo tae wòle be “[míado] Aƒetɔ Yesu Kristo” oa?—Rom. 13:14.

18. Nu kae nèsrɔ̃ tso numedzodzro sia si ku ɖe ale si míawɔ anye gbɔgbɔmemewo ŋu la me?

18 Míedzro nu si wòfia be ame nanye gbɔgbɔmeme la me. Míekpɔe hã be míate ŋu asrɔ̃ nu tso gbɔgbɔmeme siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi la gbɔ. Mlɔeba, míekpɔe be ne “Kristo ƒe tamesusu” le mía si la, esia akpe ɖe mía ŋu be míabu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene eye ƒomedodo nyui anɔ mía kplii dome. Ke hã, nu bubuwo gali míasrɔ̃. Le kpɔɖeŋu me, aleke míadzro mía ɖokui me anya nenye be míawo ŋutɔwo míeli ke le gbɔgbɔ me? Nu bubu kawoe míagawɔ be míatsi le gbɔgbɔ me? Eye ne míenye gbɔgbɔmemewo la, aleke wòaɖe vi na mí le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me? Nyati si kplɔ esia ɖo la aɖo nyabiase siawo ŋu.