Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Tsɔ Nu Siawo De Asi Na Nuteƒewɔlawo”

“Tsɔ Nu Siawo De Asi Na Nuteƒewɔlawo”

“Tsɔ nu siawo de asi na nuteƒewɔlawo, ekema woawo hã woadze nyuie afia nu ame bubuwo.”—2 TIM. 2:2.

HADZIDZI: 123, 53

1, 2. Aleke ame aɖewo bua woƒe dɔwoe?

ZI GEÐE la, dɔ si ƒomevi amewo wɔnae nana wosusuna be bubu le yewo ŋu alo bubu mele yewo ŋu o. Eye dɔ si ame wɔna ye ame geɖe kpɔna hafi dea bubu eŋu. Le dukɔ aɖewo me la, ne wodo go ame aɖe zi gbãtɔ la, nya siwo wobiana gbã dometɔ ɖekae nye, “Dɔ kae nèwɔna?”

2 Ɣeaɖewoɣi la, Biblia yɔa dɔ si amewo wɔna la tɔna ɖe woƒe ŋkɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tso “Mateo, si nye adzɔxɔla,” “lãgbalẽŋudɔwɔla aɖe si ŋkɔe nye Simon,” kple “Luka, atikewɔla lɔlɔ̃tɔ la” ŋu. (Mat. 10:3; Dɔw. 10:6; Kol. 4:14) Biblia yɔa subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo hã tɔna ɖe amewo ƒe ŋkɔ ŋu. Esia ƒe kpɔɖeŋuwoe nye Fia David, nyagblɔɖila Eliya kple apostolo Paulo. Ŋutsu siawo de asixɔxɔ dɔ si Mawu de wo si la ŋu. Nenema kee wòle be míade asixɔxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su mía si ŋu.

3. Nu ka tae wòhiã be nɔvi tsitsiwo nana hehe ɖekakpuiwo? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Mía dometɔ geɖe lɔ̃ dɔ si míewɔna eye adzɔ dzi na mí be míayi edzi anɔ ewɔm ɖaa. Gake nublanuitɔe la, tso esime Adam dze aglã ko la, dzidzime nu yina eye bubu va xɔna ɖe eteƒe. (Nyagb. 1:4) Ne edzɔ alea la, ehea kuxi aɖewo vana siwo gbɔ wòle be Kristotɔ vavãwo nakpɔ. Dɔ si wɔm Yehowa ƒe amewo le la le ta kekem eye wòbiaa aɖaŋunu geɖe ŋu dɔ wɔwɔ. Ɣesiaɣi si míetrɔ ɖe mɔnu yeyewo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa dodo ɖe ŋgɔ me la, zi geɖe la, ebiana be míawɔ aɖaŋudɔwɔnu siwo le tɔtrɔm kabakaba le ŋkeke siawo me ŋu dɔ. Esia na wòsesẽ na mía nɔvi tsitsi aɖewo be woatrɔ ɖe mɔnu yeyeawo ŋu. (Luka 5:39) Ne mele alea o hã, ŋusẽ kple ŋutete geɖe nɔa ɖekakpuiwo ŋu wu ame tsitsiwo. (Lod. 20:29) Eya ta, enye nu si me lɔlɔ̃ le eye wòsɔ hã be nɔvi tsitsiwo nana hehe ɖekakpuiwo be woaxɔ agbanɔamedzi geɖe wu.—Xlẽ Psalmo 71:18.

4. Nu ka tae wòsesẽna na ame aɖewo be woaɖe asi le woƒe dɔ aɖewo ŋu na ame bubuwo? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Si Ta Ame Aɖewo Melɔ̃na Ðea Asi Le Woƒe Dɔwo Ŋu Na Ame Bubuwo O.”)

4 Ate ŋu asesẽ na ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo be woaɖe asi le woƒe dɔwo ŋu na ɖekakpuiwo. Wo dometɔ aɖewo vɔ̃na be yewomegale dɔ si doa dzidzɔ na yewo la wɔ ge azɔ o. Nɔvi bubuwo tsia dzi be ne yewomele dɔa nu o la, ɖekakpuiwo mate ŋu awɔe wòade edeƒe o. Eye nɔvi aɖewo asusu be ɣeyiɣi meli yewoana hehe ɖekakpuiwo o. Gake ele na ɖekakpuiwo be woaɖɔ ŋu ɖo be woagatsi dzi akpa ne womele dɔ geɖe wu dem asi na wo o.

5. Biabia kawo me míadzro le nyati sia me?

5 Na míadzro nya sia me le go eve aɖewo me kpɔ. Gbã, aleke nɔvi tsitsiwo ate ŋu akpe ɖe ɖekakpuiwo ŋu woaxɔ agbanɔamedzi geɖe wu, eye nu ka tae esia le vevie? (2 Tim. 2:2) Evelia, nu ka tae wòle vevie be nɔnɔme nyuitɔ nanɔ ɖekakpuiwo si esime wole kpekpem ɖe nɔvi siwo kpɔ nuteƒe wu la ŋu hele nu srɔ̃m tso wo gbɔ? Hafi míaɖo nya siawo ŋu la, na míadzro ale si Fia David dzra viaŋutsua ɖo be wòasu te awɔ dɔ vevi aɖe la me gbã.

DAVID DZRA SALOMO ÐO HEKPE ÐE EŊU

6. Nu kae Fia David di be yeawɔ, eye nya kae Yehowa gblɔ tso eŋu?

6 David nye sisila si nɔ tsaglãla tsam ƒe geɖe, gake emegbe eva zu fia si nɔ aƒe nyui aɖe me. Ete ɖe edzi be “aƒe,” alo gbedoxɔ aɖeke meli si ŋu wokɔ na Yehowa o, eya ta edi be yeatu gbedoxɔ nɛ. Ale wògblɔ na nyagblɔɖila Natan be: “Kpɔ ɖa, mele sedertixɔ me, ke Yehowa ƒe nubablaɖakaa ya le avɔgbadɔ me.” Natan ɖo eŋu nɛ be: “Nu sia nu si le dzi me na wò la, wɔe, elabena Mawu vavã la li kpli wò.” Ke hã, Yehowa melɔ̃ be David natu xɔ na ye o. Egblɔ na Natan be wòagblɔ na David be: “Menye wòe atu xɔ nam manɔ eme o.” Togbɔ be Yehowa ka ɖe edzi na David lɔlɔ̃tɔe be yeayi edzi ayrae hã la, Yehowa gblɔ be David viŋutsu Salomo ye atu gbedoxɔa. Aleke David wɔ nui?—1 Kron. 17:1-4, 8, 11, 12; 29:1.

7. Esi Yehowa gblɔ be David matu gbedoxɔ na ye o la, nu kae David wɔ?

7 David mese veve hegbe asikpekpe ɖe gbedoxɔa tutu ŋu le esi etutu ŋuti kafukafua mayi nɛ o ta o. Le nyateƒe me la, wova yɔ gbedoxɔa be Salomo ƒe gbedoxɔ, ke menye David ƒe gbedoxɔ o. Togbɔ be ate ŋu ate ɖe David dzi be mɔnukpɔkpɔa mesu ye si yewɔ nu si yeɖo ɖe dzi me o hã, ekpe asi ɖe dɔa ŋu bliboe. Ewɔ ɖoɖo ɖe dɔwɔlawo ƒe hatsotso vovovowo ŋu eye wòƒo gayibɔ, akɔbli, klosalo kple sika kpakple sedertiwo nu ƒu. Azɔ hã, ede dzi ƒo na Salomo hegblɔ nɛ be: “Vinye, Yehowa nenɔ kpli wò, ne wòadze edzi na wò, ale be nàtu Yehowa wò Mawu ƒe xɔ la, abe ale si tututu wògblɔ le ŋuwò ene.”—1 Kron. 22:11, 14-16.

8. Nu ka tae David ate ŋu asusu be Salomo medze atu gbedoxɔa o, ke hã nu kae David wɔ?

8 Xlẽ 1 Kronika 22:5. David ate ŋu asusu be Salomo medze akpɔ dɔ vevi ma gbegbe dzi o. Eye le nyateƒe me la, gbedoxɔ si woatu la “lolo ale gbegbe eye eƒe nyonyo ƒo ɖe sia ɖe ta sãsãsã,” evɔ “ɖekakpui dzaa makpɔnuteƒe” koe Salomo nye ɣemaɣi. Ke hã, David nyae be Yehowa akpe ɖe Salomo ŋu wòawɔ dɔ si wòde esi la ade goe. Eya ta David trɔ susu ɖe nu si wòate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe eŋu la ŋu, eye wòƒo xɔtunuwo nu ƒu nɛ le agbɔsɔsɔ gã aɖe me.

KPƆ DZIDZƆ ÐE HEHENANA AME BUBUWO ŊU

Ne míekpɔ ale si ɖekakpuiwo va le agbanɔamedzi geɖe wu xɔm la, edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ (Kpɔ memama 9)

9. Nu kae ana wòanɔ bɔbɔe na ame tsitsiwo be woatsɔ woƒe dɔwo ade asi na ɖekakpuiwo kple dzidzɔ? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Mele be wòate ɖe nɔviŋutsu tsitsiwo dzi ne eva hiã be woaɖe asi le woƒe dɔwo ŋu na ɖekakpuiwo o. Nu si tae nye be, ne wona hehe ɖekakpuiwo be woatsɔ agbanɔamedziwo la, ana dɔa natsɔ afɔ nyuie. Dzidzɔ gãe wòle be wòanye na hamemetsitsiwo be ɖekakpui siwo wona hehee la dze be woayi dɔa dzi. Le kpɔɖeŋu me, bu vifofo si fia ʋukuku viaŋutsu ŋu kpɔ. Esi ɖevia le sue la, ɖeko wònɔ ŋku lém ɖe fofoa ŋu. Esi ɖevia va tsi vie la, fofoa ɖe nu si wɔm wòle la me nɛ. Esi ɖevia tsi aku ʋu le se nu la, eva le ʋua kum eye fofoa nɔa nu ɖekaɖeka aɖewo me ɖem nɛ. Ɣeaɖewoɣi la, ne fofoa ku ʋua sẽe la, eɖea mɔ ɖevia hã kunɛ sẽe, gake mlɔeba ɖevia koŋue va kua ʋua esi fofoa le tsitsim. Vifofo dzenunya sia akpɔ dzidzɔ ŋutɔ be ye via va xɔ ɖe ye teƒe le ʋua kum azɔ, eye megblɔna be ye kokokoe aku ʋua o. Nenema kee wònyea dada na ame tsitsiwo hã ne wona hehe ɖekakpuiwo be woaxɔ teokrasigbanɔamedzi geɖe wu.

10. Aleke Mose se le eɖokui me le bubu kple ɖoƒe ŋu?

10 Ele be mí ame tsitsiwo míanɔ ŋudzɔ ɖe ŋuʋaʋã ŋu. De ŋugble le ale si Mose wɔ nui esime Israel-vi aɖewo va nɔ nu wɔm abe nyagblɔɖilawo ene le asaɖaa me ŋu kpɔ. (Xlẽ 4 Mose 11:24-29.) Yosua si nye Mose ƒe kpeɖeŋutɔ la di be yeagbee na wo. Edze ƒãa be Yosua susu be wova le bubu si Mose dze na la ƒe ɖe xɔm. Gake Mose gblɔ nɛ be: “Ŋu ʋãm nèle ɖe nunyea? Ao, ɖe madi be Yehowa nakɔ eƒe gbɔgbɔ la ɖe Yehowa ƒe dukɔ la me tɔwo katã dzi ne woanye nyagblɔɖilawo hafi!” Mose kpɔe be Yehowa ƒe asi le nyaa me. Mose medi bubu na eɖokui o, ke boŋ eƒe nyawo ɖee fia be edi be Yehowa nana Eƒe gbɔgbɔ la esubɔlawo katã abe ale si wòna ye ene. Abe Mose ene la, ɖe menyea dzidzɔ na mí ne ame bubuwo xɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si míakpɔ mɔ be woatsɔ ana mí hafi oa?

11. Nya kae nɔviŋutsu aɖe gblɔ tso asiɖeɖe le eƒe agbanɔamedziwo ŋu ŋuti?

11 Egbea, nɔviŋutsu siwo ku kutri le woƒe dɔwo me ƒe geɖe eye wona hehe ame bubuwo be woawo hã woawɔ geɖe la ƒe kpɔɖeŋuwo li. Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Peter la wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe 74 kple edzivɔ, eye le ƒe mawo me la, etsɔ ƒe 35 wɔ dɔ le alɔdzedɔwɔƒe aɖe le Europa. Eyae nye Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea dzi kpɔla hafi nɔvi bubu xɔ ɖe eteƒe nyitsɔ laa ko. Fifia Paul si nye ɖekakpui si wɔ dɔ kplii ƒe geɖe lae va le dɔ si wòwɔna tsã la wɔm. Esi wobia gbe Peter tso ale si wòse le eɖokui me ku ɖe tɔtrɔa ŋu la, egblɔ be, “Dzidzɔe wònye nam be nɔviŋutsu siwo wona hehee nyuie la li be woaxɔ agbanɔamedzi geɖe wu eye wole dɔa dzi kpɔm nyuie.”

DE BUBU AME TSITSI SIWO LE MÍA DOME ŊU

12. Nu kae wòle be míasrɔ̃ tso Rehabeam ƒe ŋutinya si le Biblia me la me?

12 Le Salomo ƒe ku megbe la, viaŋutsu Rehabeam va zu fia ɖe eteƒe. Esi Rehabeam hiã aɖaŋuɖoɖo ku ɖe ale si wòatsɔ eƒe agbanɔamedziwoe ŋu la, eyi ɖakpɔ ame tsitsiwo gbã. Ke hã, egbe woƒe aɖaŋuɖoɖoa kura! Le esia teƒe la, ewɔ ɖe ɖekakpui siwo nye ehati siwo nɔa eŋu la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi. Nu gbegblẽ sɔŋ koe do tso eme. (2 Kron. 10:6-11, 19) Nufiame kae le eme na mí? Nunya le eme be míabu ame tsitsi kpɔnuteƒewo ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu nyuie. Togbɔ be mele be ɖekakpuiwo nase le wo ɖokui me be ele kokoko be yewoalé tsã ƒe mɔnuwo me ɖe asi o hã la, mele be woaŋe aɖaba ƒu nɔvi tsitsiwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wo ŋu mabumabui o.

13. Aleke wòle be ɖekakpuiwo nawɔ dɔ kple ame tsitsiwo?

13 Ðekakpui aɖewo ate ŋu anɔ dɔ aɖe si me ame tsitsiwo hã le gome kpɔm le la dzi kpɔm fifia. Togbɔ be ɖekakpuiawoe va le dɔa dzi kpɔm fifia hã la, anyo be woase nya si le ame tsitsi kpɔnuteƒewo si hafi atso nya me, ale be woƒe nunya naɖe vi na wo. Paul, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, si xɔ ɖe Peter teƒe fifia le Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea dzi kpɔm la gblɔ be: “Media ɣeyiɣi ɖabiaa Peter ƒe aɖaŋuɖoɖo, eye mede dzi ƒo na nɔvi siwo le dɔdzikpɔƒea be woawo hã woawɔe nenema.”

14. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Timoteo wɔ dɔ aduadu kple Paulo la me?

14 Timoteo si nye ɖekakpui la nɔ Paulo ŋu wowɔ dɔ ɖekae ƒe geɖe. (Xlẽ Filipitɔwo 2:20-22.) Paulo ŋlɔ agbalẽ na Korintotɔwo be: “Mele Timoteo dɔm ɖe mia gbɔ, elabena enye vinye lɔlɔ̃a kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me. Aɖo ŋku mɔnu siwo mezãna le Kristo Yesu me, abe ale si mele nu fiam le hame ɖe sia ɖe me le afi sia afi ene la, dzi na mi.” (1 Kor. 4:17) Kadodo kplikplikpli si nɔ Paulo kple Timoteo dome la dze ƒãa le nya kpui ma me. Paulo di ɣeyiɣi fia ‘mɔnu siwo wòzãna le Kristo Yesu me’ la Timoteo. Timoteo hã lé hehe si Paulo nɛ la me ɖe asi sesĩe heva zu ame si gbɔ Paulo melɔ̃a nu le o, eye Paulo ka ɖe edzi be ate ŋu akpɔ nɔvi siwo nɔ Korinto la ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi esia nye na hamemetsitsiwo be woasrɔ̃ egbea esi wole hehe nam nɔviŋutsu bubuwo be woaxɔ ŋgɔ le hamea me!

AME SIA AME ƑE WƆƑE LI

15. Aleke aɖaŋu si Paulo ɖo na Kristotɔwo le Roma la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne tɔtrɔ siwo wɔm habɔbɔa le la lɔ mí ɖe eme?

15 Ɣeyiɣi vevi aɖe mee míele. Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la le ŋgɔ yim le mɔ geɖe nu, eye ŋgɔyiyi sia wɔe be nu geɖewo le tɔtrɔm. Ne tɔtrɔ mawo va lɔ mí ɖe eme la, mina míabɔbɔ mía ɖokui eye míana míaƒe ŋku nanɔ nu si ade Yehowa ƒe habɔbɔa dzi ŋu, ke menye míawo ŋutɔwo dzi o. Ewɔwɔ alea doa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ. Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma be: “Mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o, ke boŋ be wòabu ale si wòanɔ ŋute le susu me ŋu, ame sia ame le xɔse ƒe dzidze si Mawu nɛ la nu. Elabena ale si ko ŋutinu geɖewo le ŋutilã ɖeka ŋu na mí, gake ŋutinuawo katã mewɔa dɔ ɖeka ƒomevi o la, nenema kee míawo hã, togbɔ be míesɔ gbɔ hã la, ŋutilã ɖekae míenye le Kristo me.”—Rom. 12:3-5.

16. Nu kae nɔvi tsitsiwo kple ɖekakpuiwo kpakple wo srɔ̃wo siaa ate ŋu awɔ be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nakpɔtɔ anɔ Yehowa ƒe habɔbɔa me?

16 Aleke kee nɔnɔmea ɖale le mía gome o, mina mí katã míawɔ mía tɔ sinua ado Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe Fiaɖuƒe la ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. Mi ame tsitsiwo, mina hehe ɖekakpuiwo be woawɔ dɔ siwo wɔm miele. Mi ɖekakpuiwo, milɔ̃ faa miaxɔ agbanɔamedziwo, mibɔbɔ mia ɖokui, eye miyi edzi miade bubu ame tsitsiwo ŋu. Mi srɔ̃nyɔnuwo hã, misrɔ̃ Akwila srɔ̃ Priskila ƒe kpɔɖeŋu; enɔ srɔ̃a Akwila ŋu hekpe asi ɖe eŋu nuteƒewɔwɔtɔe le nɔnɔme vovovowo me.—Dɔw. 18:2.

17. Aleke Yesu ka ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi, eye dɔ kae wòna hehe wo be woawɔ?

17 Le hehenana amewo be woaxɔ agbanɔamedzi geɖe ƒe nyaa me la, Yesue ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi. Enya be yeƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa ava wu enu eye ahiã be ame bubuwo nayi yeƒe dɔa dzi. Togbɔ be eƒe nusrɔ̃lawo mede blibo o hã, eka ɖe wo dzi eye wògblɔ na wo be woawɔ dɔ siwo lolo wu esi yewɔ. (Yoh. 14:12) Ena hehe wo nyuie, eye wokaka nya nyuia le xexe si wonya ɣemaɣi la me tsitotsito.—Kol. 1:23.

18. Etsɔme nyui kae míele mɔ kpɔm na, eye nu kae míate ŋu awɔ fifia?

18 Le Yesu ƒe vɔsakua megbe la, wofɔe ɖe tsitre wòyi dziƒo afi si wogade dɔ geɖe asi nɛ le be wòawɔ tsɔ kpe ɖe ɖoƒe si ‘ƒo dziɖuɖuwo kple gãnyenye kple ŋusẽ kple aƒetɔnyenye katã ta sãsãsã’ ŋu. (Ef. 1:19-21) Ne míeku hafi Armagedon-ʋaa dze egɔme la, woafɔ mí ɖe tsitre le xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me, afi si dɔ dodzidzɔname geɖe anɔ míawɔ. Gake fifia gɔ̃ hã, dɔ vevi aɖe li si mí katã míate ŋu awɔ—eyae nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa. Mina mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, míayi edzi “[awɔ] geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me.”—1 Kor. 15:58.