Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo—Ðe Miele Klalo Axɔ Nyɔnyrɔa?

Ðeviwo—Ðe Miele Klalo Axɔ Nyɔnyrɔa?

“Mia dometɔ kae li ne edi be yeatu xɔ la, manɔ anyi abu eŋu kɔnta gbã ahakpɔ ɖa be nu sɔ gbɔ ɖe ye si yeate ŋu awu enu o mahã?”—LUKA 14:28.

HADZIDZI: 120, 64

Sɔhɛ siwo dzilawo le wo hem le nyateƒea me eye wodi be yewoaxɔ nyɔnyrɔ ye woŋlɔ nyati sia kple esi kplɔe ɖo na

1, 2. (a) Nu kae nana Mawu ƒe amewo kpɔa dzidzɔ egbea? (b) Nu kae dzila Kristotɔwo kple hamemetsitsiwo awɔ be ɖeviwo nase nyɔnyrɔxɔxɔ gɔme?

“MENYA wò tso gbe si gbe wodzi wò ke, eye edzɔ dzi nam be èdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ.” Nya siae hamemetsitsi aɖe gblɔ na Christopher si xɔ ƒe 12. Azɔ egblɔ be, “Madi be mabia nya ɖeka wò, ‘Nu ka tae nèdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ?’” Susu nyui aɖe tae hamemetsitsia bia nya sia. Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be ɖevi kple sɔhɛ akpe geɖe xɔa nyɔnyrɔ ƒe sia ƒe. (Nyagblɔla 12:1) Gake ele be dzila Kristotɔwo kple hamemetsitsiwo naka ɖe edzi be ɖeviawo ŋutɔe tso nya me be yewoaxɔ nyɔnyrɔ eye wose nu si nyɔnyrɔxɔxɔ nye gɔme nyuie.

2 Biblia fia mí be adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ nye Kristotɔ ƒe agbe yeye gɔme dzedze. Yehowa ƒe yayra le agbe yeye sia nɔnɔ me, ke hã esia nana Satana tɔa ŋku mí. (Lododowo 10:22; 1 Petro 5:8) Ema tae wòle be dzila Kristotɔwo nagbɔ dzi ɖi afia nu si tututu wòbia be ame nanye Kristo ƒe nusrɔ̃la la wo viwo. Ne ɖevi aɖe dzilawo menye Kristotɔwo o la, hamemetsitsiwo akpe ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe be wòase nu si adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ fia la gɔme nyuie. (Xlẽ Luka 14:27-30.) Ale si ko wòhiã dzadzraɖo blibo hafi woate ŋu atu xɔ awu enu la, nenema kee wòhiã be ɖeviwo nadzra ɖo nyuie hafi axɔ nyɔnyrɔ ale be woate ŋu asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe “va se ɖe nuwuwu.” (Mateo 24:13) Nu kae akpe ɖe ɖeviwo kple sɔhɛwo ŋu be woatiae be yewoasubɔ Yehowa ɖaa tegbee? Na míakpɔe ɖa.

3. (a) Nu kae Yesu kple Petro ƒe nyawo fia mí ku ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu? (Mateo 28:19, 20; 1 Petro 3:21) (b) Biabia kawo mee míadzro, eye nu ka tae?

3 Ðevi si di be yeaxɔ nyɔnyrɔe nènyea? Ekema taɖodzinu nyui aɖee nye ema! Bubu gã wònye be ame naxɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefo. Enye nu si wobia tso Kristotɔ ɖe sia ɖe si, eye wònye nu vevi aɖe si wòle be ame nawɔ hafi woaxɔe ɖe agbe le xaxa gã la me. (Mateo 28:19, 20; 1 Petro 3:21) Ne èxɔ nyɔnyrɔ la, eɖenɛ fiana be èdo ŋugbe na Yehowa be yeasubɔe tegbee. Àdi godoo be yeawɔ ɖe yeƒe ŋugbedodoa dzi, eya ta nya siwo gbɔna la biabia ɖokuiwò akpe ɖe ŋuwò nànya ne èsu te na nyɔnyrɔxɔxɔ: (1) Ðe metsi le susu me atso nya me le nya sia ŋua? (2) Ðe medi ŋutɔŋutɔ be maxɔ nyɔnyrɔa? (3) Ðe mese nu si adzɔgbeɖeɖe na Yehowa nye la gɔmea? Na míadzro biabia siawo me.

NE ÈTSI LE SUSU ME ALE SI DZE

4, 5. (a) Nu ka tae menye ame tsitsiwo koe ate ŋu axɔ nyɔnyrɔ o? (b) Nu kae wòfia be Kristotɔ natsi le susu me?

4 Biblia megblɔ be ame tsitsiwo alo ame siwo xɔ ƒe aɖewo koŋ ye dze axɔ nyɔnyrɔ o. Lododowo 20:11 gblɔ be: “Ðevi sue gɔ̃ hã ƒe nuwɔnawoe wotsɔna dzea sii be eƒe agbenɔnɔ dza eye wòsɔ.” Nyateƒee, ɖeviwo hã ate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, eye woate ŋu anya nu si wòfia be woaɖe adzɔgbe na Wɔla la. Eya ta ehiã vevie, eye wòsɔ, be ɖevi siwo ɖee fia be yewotsi le susu me eye woɖe adzɔgbe na Yehowa la naxɔ nyɔnyrɔ.—Lododowo 20:7.

5 Nu kae tsitsi le susu me fia? Tsitsi mefia ƒe si ame xɔ kokoko o, eye mele kɔkɔ me hã o. Biblia gblɔ be ame siwo tsi la na hehe woƒe “nugɔmeseseŋutetewo” be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome. (Hebritɔwo 5:14) Ame si tsi le susu me la nya nu si nye nyui eye wòɖoe le eƒe dzi me be yeawɔe. Mekplɔa amewo ɖo lululu gena ɖe nu vɔ̃ me o. Eye mehiã be ame aɖe nagblɔ nu si wòle be wòawɔ nɛ ɣesiaɣi o. Eya ta ele be míakpɔ mɔ be ɖevi si xɔ nyɔnyrɔ la awɔ nu nyui ne edzilawo alo ame tsitsi aɖeke mele egbɔ o hã.—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 2:12.

6, 7. (a) Gblɔ nɔnɔme si me Daniel nɔ le Babilon. (b) Aleke Daniel ɖe tsitsinyenye fiae?

6 Ðe ɖeviwo hã ate ŋu atsi le susu mea? Kpɔ nu si me Daniel to ɖa. Anye ƒewuivi koe wònye esime wokplɔe dzoe le edzilawo gbɔ yi Babilon. Ame siwo dome Daniel nɔ le afi ma la mevɔ̃a Mawu o. Gake na míade ŋugble le Daniel ƒe nɔnɔmea ŋu vie. Wode bubu tɔxɛ eŋu le Babilon. Enɔ ɖekakpuivi dzeaɖaŋu siwo wotia be woasubɔ fia la dome. (Daniel 1:3-5, 13) Daniel nɔ ɖoƒe gã aɖe le Babilon, eye edze abe ɖoƒe ma mate ŋu asu esi le Israel o ene.

7 Aleke Daniel wɔ nu le nɔnɔme ma me? Ðe wòna Babilontɔwo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi wòsrɔ̃ wo alo eƒe xɔse gbɔdzɔa? Kura o! Biblia gblɔ be esi Daniel nɔ Babilon la, eɖoe ‘le eƒe dzi me be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o,’ si fia be ete eɖokui ɖa tso nu sia nu si do ka kple alakpasubɔsubɔ gbɔ. (Daniel 1:8) Ema ɖee fia be etsi le susu me!

Sɔhɛ si tsi le susu me mewɔa nu abe Mawu xɔlɔ̃ ene le Fiaɖuƒe Akpataa me, evɔ wòwɔa nu abe xexea xɔlɔ̃ ene le suku o (Kpɔ memama 8)

8. Nu kae nèsrɔ̃ tso Daniel ƒe kpɔɖeŋua me?

8 Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Daniel gbɔ? Eyae nye be, ɖevi si tsi le susu me alé eƒe dzixɔsewo me ɖe asi sesĩe le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Manɔ abe agama si nɔa eƒe ŋutigbalẽ trɔm ene o. Mewɔa nu abe Mawu xɔlɔ̃ ene le Fiaɖuƒe Akpataa me, evɔ wòwɔa nu abe xexea xɔlɔ̃ ene le suku o. Ke boŋ ewɔa nuteƒe ɣesiaɣi ne wotee kpɔ gɔ̃ hã.—Xlẽ Efesotɔwo 4:14, 15.

Ðevi si tsi le susu me alé eƒe dzixɔsewo me ɖe asi sesĩe le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me

9, 10. (a) Nu ka tae wòanyo be ɖeviwo nabu ale si wowɔ nui va yi esime wodo woƒe xɔse kpɔ ŋu? (b) Nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ fia?

9 Enye nyateƒe be ame aɖeke mede blibo o. Ðeviwo kple tsitsiawo siaa wɔa vodada ɣeaɖewoɣi. (Nyagblɔla 7:20) Gake ne èdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, anyo be nàbu ale si nèɖoe kplikpaa be yeawɔ Yehowa ƒe sewo dzii ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe medze egɔme le to ɖom Yehowa xoxoa?’ Bu ale si nèwɔ nui va yi esime wodo wò xɔse kpɔ ŋu. Ðe nète ŋu tia nu nyuitɔ si wòle be nàwɔa? Abe ale si wònɔ le Daniel gome ene la, ɖe ame aɖe ɖo aɖaŋu na wò kpɔ be nàzã wò ŋutete atsɔ ado Satana ƒe xexea ƒe nuwo ɖe ŋgɔa? Ne èdo go dodokpɔ siawo tɔgbi la, ɖe nàte ŋu akpɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu adze siia?—Efesotɔwo 5:17.

10 Nu ka tae wòle vevie be nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo? Elabe ana nàkpɔe be menye fefenyae nyɔnyrɔxɔxɔ nye kura o. Nyɔnyrɔxɔxɔ nana amewo kpɔnɛ be èdo ŋugbe vevi aɖe na Yehowa, be yealɔ̃e ahasubɔe kple dzi blibo ɖaa tegbee. (Marko 12:30) Ele be ame sia ame si xɔ nyɔnyrɔ naɖoe kplikpaa be yeawɔ ŋugbe si yedo na Yehowa dzi.—Xlẽ Nyagblɔla 5:4, 5.

WÒ ŊUTƆE DI BE YEAXƆ NYƆNYRƆA?

11, 12. (a) Nu ka dzie wòle be ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la naka ɖo? (b) Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàbu nyɔnyrɔxɔxɔ abe ale si Yehowa bunɛ ene?

11 Biblia gblɔ be Yehowa ƒe amewo katã, siwo dome ɖeviwo hã le “atsɔ wo ɖokuiwo ana faa” le eyama subɔsubɔ me. (Psalmo 110:3) Eya ta ele be ame sia ame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la naka ɖe edzi be ye ŋutɔ yeƒe nyametsotsoe. Esia abia be nàdzro ɖokuiwò me nyuie, vevietɔ ne dziwòlawo nye Ðasefowo.

12 Esi ƒeawo va le yiyim la, ɖewohĩ èkpɔe be ame geɖe, siwo dome xɔ̃wòwo kple nɔviwòwo le, la le nyɔnyrɔ xɔm. Gake ele be nàkpɔ nyuie be menye esi nètsi xɔ ƒe aɖe alo esi amewo le nyɔnyrɔ xɔm tae wò hã nàdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ ɖo o. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàbu nyɔnyrɔxɔxɔ abe ale si Yehowa bunɛ ene? Eyae nye be nàgbɔ dzi ɖi abu nu si ta nyɔnyrɔxɔxɔ le vevie ŋutɔ ɖo ŋu nyuie. Àkpɔ susu nyui geɖe siwo tae la le nyati sia kple esi kplɔ esia ɖo me.

13. Ne ètso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, aleke nàwɔ anya ne wò dzi mee wòtso?

13 Nu gbãtɔ si ana nànya ne wò ŋutɔe di tso dzi me be yeaxɔ nyɔnyrɔ ye nye ale si nèdoa gbe ɖae. Zi nenie nèdoa gbe ɖa na Yehowa? Nu kawo ŋue nèdoa gbe ɖa le? Ale si nàɖo biabia siawo ŋu ana nàkpɔ kadodo si tɔgbi le wò kple Yehowa dome. (Psalmo 25:4) Zi geɖe la, míekpɔa gbe siwo míedona ɖa na Yehowa ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me. Eya ta nu evelia si akpe ɖe ŋuwò nànya ne èdi be yeanye Yehowa xɔlɔ̃ ahasubɔe tso dzi blibo mee nye ale si nèsrɔ̃a nui. (Yosua 1:8) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mesrɔ̃a Biblia le ɖokuinye si edziedzia? Ðe mekpɔa gome le míaƒe ƒometadedeagu me bliboea?’ Nya siawo ŋu ɖoɖo ana nàkpɔe nenye be èdi ŋutɔŋutɔ be yeaxɔ nyɔnyrɔ.

NU KAE NYE ADZƆGBEÐEÐE?

14. Vovototo kae le adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ dome?

14 Ate ŋu adzɔ be ɖevi alo sɔhɛ aɖewo manya vovototo si le adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ dome o. Wo dometɔ aɖewo gblɔna be yewotsɔ yewoƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa evɔ yewomedi be yewoaxɔ nyɔnyrɔ haɖe o. Ðe esia anya wɔa? Ao, elabena ‘mele ge mele ge, ɖie wotsina dɔna’! Adzɔgbeɖeɖe fia be ame nado gbe ɖa na Yehowa ahado ŋugbe nɛ be yeasubɔe tegbee. Eye nyɔnyrɔxɔxɔ ɖoa kpe edzi le gaglãgbe be amea ɖe adzɔgbe na Yehowa xoxo. Eya ta hafi nàxɔ nyɔnyrɔ la, ehiã be nàse nu si adzɔgbeɖeɖe na Mawu fia gɔme nyuie.

15. Adzɔgbeɖeɖe gɔme ɖe?

15 Ne ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa la, efia be ègblɔ nɛ be fifia yezu etɔ. Èdo ŋugbe nɛ be esubɔsubɔ ye anye nu vevitɔ na ye le agbe me. (Xlẽ Mateo 16:24.) Ŋkubiãnya ŋutɔe ŋugbedodo na Mawu alea nye! (Mateo 5:33) Eya ta aleke nàɖee afia be ènya be mèganye ɖokuiwò tɔ o ke boŋ Yehowa tɔe nènye azɔ?—Romatɔwo 14:8.

16, 17. (a) Nu kae wòfia be ame nagbe nu le eɖokui gbɔ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa la, nya ka tututu gblɔm wòle?

16 De ŋugble le kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be xɔ̃wò aɖe ƒle ʋu tsɔ ke wò. Etsɔ ʋua ƒe agbalẽwo na wò hegblɔ be: “Ʋu sia zu tɔwò.” Gake xɔ̃wòa gblɔ na wò be: “Safuiawo anɔ gbɔnye. Eye nyee anɔ ʋua kum, menye wò o.” Àkpɔ dzidzɔ ɖe nunana sia ŋua? Aleke nàbu xɔ̃wò si be yetsɔ ʋua na wò lae?

17 Ne ame aɖe tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa la, ele gbɔgblɔm na Mawu be: “Metsɔ nye agbe na wò. Mezu tɔwò.” Yehowa tɔ dzɔ be wòakpɔ mɔ be amea nawɔ eƒe ŋugbedodoa dzi. Ke ne ame ma megava le to ɖom Yehowa o, eye wòdze ahiã ame si mesubɔa Mawu o le adza me ɖe? Alo ne ame ma le dɔ aɖe wɔm evɔ dɔ ma na be metea ŋu dea gbeadzi kple kpekpeawo edziedzi o ɖe? Ke efia be amea mele wɔwɔm ɖe ŋugbe si wòdo na Yehowa dzi o. Ðeko wòle abe ʋua ƒe safuiawo gale egbɔ ene. Ne míeɖe adzɔgbe na Yehowa la, efia be míegblɔ nɛ be, “Nye agbe zu tɔwò, meganye tɔnye o.” Eya ta míedina ɣesiaɣi be míawɔ nu si Yehowa di, ne menye nu mae míawo ŋutɔ míadi be míawɔ o gɔ̃ hã. Mina míasrɔ̃ Yesu, ame si gblɔ be: “Meɖi tso dziƒo va, menye be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.”—Yohanes 6:38.

Nyɔnyrɔxɔxɔ nye nyametsotso vevi kple mɔnukpɔkpɔ gã aɖe

18, 19. (a) Aleke Rose kple Christopher ɖee fia be nyɔnyrɔxɔxɔ nye mɔnukpɔkpɔ si me yayra geɖe le? (b) Aleke nèbua nyɔnyrɔxɔxɔe?

18 Ɛ̃, eme kɔ ƒãa be nyametsotso vevi aɖee nyɔnyrɔxɔxɔ nye. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe wònye be ame naɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ. Ðevi kple sɔhɛ siwo lɔ̃ Yehowa eye wose nu si adzɔgbeɖeɖe bia gɔme nyuie la mahe ɖe megbe kura o, ke boŋ woatsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbe na Mawu axɔ nyɔnyrɔ. Nyametsotso sia mave wo akpɔ o. Sɔhɛ xɔnyɔnyrɔ aɖe si ŋkɔe nye Rose gblɔ be: “Melɔ̃ Yehowa, eye nyemeka ɖe edzi be dzidzɔ le nu bubu aɖe me wu Yehowa subɔsubɔ o. Nye susu mewɔna nam eveve le nya me si metso be maxɔ nyɔnyrɔ ŋu gbeɖe o.”

19 Ke aleke nuwo va yi na Christopher si xɔ ƒe 12 si ŋu nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze? Aleke wòse le eɖokui me esi wòtso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ? Egblɔ be dzi dzɔ ye ŋutɔ be yetso nya me nenema. Esi wòxɔ ƒe 17 la, ezu gbesiagbe mɔɖela, eye woɖoe subɔsubɔdɔwɔla esime wòxɔ ƒe 18. Egbea ele subɔsubɔm le Betel. Egblɔ be: “Nyɔnyrɔxɔxɔ nye nyametsotso nyui aɖe. Nye dzi dze eme le agbe me esi mele dɔ wɔm na Yehowa kple eƒe habɔbɔa.” Ne èdi be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, nu kae nàwɔ atsɔ adzra ɖo? Nyati si kplɔ esia ɖo aɖo biabia sia ŋu.