Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lé Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔa Me Ðe Asi!

Lé Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔa Me Ðe Asi!

“Eya gbɔe wòtso be wokpe ŋutilã blibo la ɖekae pɛpɛpɛ, eye wona wòle dɔ wɔm ɖekae.”—EFESOTƆWO 4:16.

HADZIDZI: 53, 107

1. Nu kae ɖe dzesi le Mawu ƒe dɔwo katã ŋu tso gɔmedzedzea me ke?

TSO nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze kee ɖekawɔwɔ nɔ Yehowa kple Yesu dome. Yehowa wɔ Yesu do ŋgɔ na nu bubuwo katã. Emegbe Yesu wɔ dɔ kple Fofoa hezu “dɔwɔla bibi nɔ egbɔ.” (Lododowo 8:30) Yehowa di be ye subɔlawo hã nawɔ ɖeka le dɔ si yede wo si la wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Noa kple eƒe ƒomea wɔ ɖeka le aɖakaʋua kpakpa me. Emegbe Israel-viwo wɔ dɔ ɖekae esi wonɔ avɔgbadɔa tum kple ɣesiaɣi si wòhiã be woahoe agatui ɖe teƒe bubu. Azɔ hã wowɔa ɖeka dzia ha heƒoa ha viviwo tsɔ kafua Yehowa le gbedoxɔa me. Nu si na Yehowa ƒe amewo te ŋu wɔ nu siawo katãe nye be wowɔ dɔ aduadu.—1 Mose 6:14-16, 22; 4 Mose 4:4-32; 1 Kronika 25:1-8.

2. (a) Nu kae dze ƒãa le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu? (b) Biabia kawo mee míadzro?

2 Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo hã wɔ dɔ aduadu. Apostolo Paulo gblɔ be, togbɔ be woƒe ŋutete le vovovo eye subɔsubɔdɔ vovovoe wode asi na wo hã la, wowɔ nuwo ɖekae. Wo katã wosrɔ̃ Yesu Kristo, woƒe Kplɔla la ƒe kpɔɖeŋu. Paulo tsɔ Kristotɔawo sɔ kple ametia ƒe ŋutinu vovovo siwo katã wɔa dɔ ɖekae. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 12:4-6, 12.) Nu kae ana míawo hã míawɔ ɖeka egbea? Aleke míawɔ nu aduadu le gbeƒãɖeɖedɔa me, le hamea me, kple ƒomea me?

KPE ASI ÐE GBEƑÃÐEÐEDƆA ŊU

3. Ŋutega kae apostolo Yohanes kpɔ?

3 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, apostolo Yohanes kpɔ ŋutega aɖe si me mawudɔla adre nɔ kpẽwo kum le. Esi mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽa la, Yohanes kpɔ “ɣletivi aɖe ge tso dziƒo va dze anyigba.” “Ɣletivi” la tsɔ aʋlimesafui aɖe heʋu aʋli la nu. Gbã la, dzudzɔ tu tso aʋli la me, eye ʋetsuviwo do tso dzudzɔa me. Le esi teƒe be ʋetsuviawo nawɔ vɔ̃ atiwo kple anyigbadzinu miemiewo la, wotrɔ ɖe “ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o” la boŋ ŋu hetu nu kpli wo. (Nyaɖeɖefia 9:1-4) Yohanes nya be ʋetsuviwo gblẽa nu ŋutɔ elabena wogblẽ nu le Egipte le Mose ŋɔli eteƒe mekɔ o. (2 Mose 10:12-15) Ʋetsuvi siwo Yohanes kpɔ la le tsitre ɖi na Kristotɔ amesiamina siwo le gbeƒã ɖem gbedeasi sẽŋu aɖe si ku ɖe alakpasubɔsubɔhawo ŋu. Eye ame miliɔn geɖe siwo si agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le hã wɔ ɖeka kpli wo. Ƒuƒoƒo evea siaa le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm ɖekae. Esia na ame geɖewo le dodom le alakpasubɔsubɔ me eye wovo tso Satana ƒe ŋusẽ te.

Nu si na míele gbeƒã ɖem le xexea me godoo ye nye be míewɔa nu aduadu

4. Dɔ gã ka wɔm Mawu ƒe amewo le egbea, eye nu kae ana woawɔ dɔ sia dzidzedzetɔe?

4 Wode dɔ asi na mí be míaɖe gbeƒã “nya nyui” la le xexe bliboa me hafi nuwuwua nava. Menye dɔ vie wònye kura o! (Mateo 24:14; 28:19, 20) Ele be míakpe ame siwo katã “tsikɔ le wuwum” la be woaxɔ “agbetsi la” ano faa; si fia be míafia Biblia ame siwo katã di be yewoanya nyateƒea. (Nyaɖeɖefia 22:17) Gake, ‘asi ɖeka meléa todzo o!’ Eya ta míate ŋu awɔ dɔ sia bɔbɔe nenye be míewɔa nu “ɖekae” le hamea me.—Efesotɔwo 4:16.

5, 6. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be míewɔ ɖeka le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me?

5 Be nya nyuia naɖo ame geɖewo gbɔ la, ele be míawɔ ɖoɖo nyui ɖe eŋu. Mɔfiame siwo míexɔna le hamea me kpena ɖe mía ŋu míewɔa esia. Míewɔa kpekpe hena gbeadziyiyi, eyome míetsɔa Fiaɖuƒeŋutinya nyuia yina na amewo. Eye míenaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo hã amewo. Míema agbalẽ miliɔn gbogbo aɖewo le xexea me godoo. Ɣeaɖewoɣi míekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛwo hã me. Ne èkpɔa gome le dɔ siawo wɔwɔ me la, efia be èwɔ ɖeka kple nɔvi miliɔn geɖe siwo le gbedeasi ma ke gblɔm le xexe bliboa me! Eye efia hã be èle dɔ wɔm kple mawudɔla siwo hã le asi kpem ɖe Mawu ƒe amewo ŋu be woaɖe gbeƒã nya nyuia.—Nyaɖeɖefia 14:6.

6 Dzidzɔ gãe wònyena na mí be míaxlẽ nu tso ale si gbeƒãɖeɖedɔa le afɔ tsɔm le xexea me godoo ŋu le míaƒe Ƒegbalẽwo me! De ŋugble le ale si míewɔa dɔ ɖekae hekpea amewo na míaƒe takpekpewo ŋu kpɔ. Mí katã míexɔa nufiame ɖeka le takpekpe siawo me. To nuƒowo, dramawo kple wɔwɔfiawo dzi la, wodea dzi ƒo na mí be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔwo ana Yehowa. Eye míegawɔa ɖeka kple mía nɔviwo le xexe bliboa me ƒe sia ƒe hena Ŋkuɖodzia. (1 Korintotɔwo 11:23-26) Esia fia be míewɔna ɖe Yesu ƒe sedede dzi hekpena ɖekae le ŋkeke ma dzi, le Nisan 14 ƒe ɣeɖoto megbe, elabena míekpɔ ŋudzedze ɖe nu gã si Yehowa wɔ na mí ŋu. Kwasiɖa aɖewo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia la, mí katã míekpea ame geɖe ale si míate ŋui be woava wɔ ɖeka kpli mí le wɔna tɔxɛ sia me.

7. Viɖe kae le dodom tso míaƒe dɔwɔwɔ aduadu me?

7 Ʋetsuvi ɖeka mate ŋu awɔ nu boo aɖeke o. Nenema kee mía dometɔ ɖeka aɖeke mate ŋu aɖe gbeƒã na amewo katã o. Gake esi míaƒe asi sɔ ɖe dɔa ŋu ta la, míele nu fiam ame miliɔn geɖewo tso Yehowa ŋu hele kpekpem ɖe wo ŋu wole bubu kple kafukafu tsɔm nɛ.

NA ÐEKAWƆWƆ NANƆ HAMEA ME

8, 9. (a) Kpɔɖeŋu kae Paulo wɔ tsɔ te gbe ɖe ɖekawɔwɔ ƒe vevienyenye dzi na Kristotɔwo? (b) Nu kae ana míawɔ nu asi-le-asi-me le hamea me?

8 Paulo ƒo nu tso ale si wòle be hamea nawɔ ɖekae ŋu na Efesotɔwo, eye wògblɔ be ehiã be hamea me tɔ ɖe sia ɖe ‘natsi le nuwo katã me.’ (Xlẽ Efesotɔwo 4:15, 16.) Paulo tsɔ ametia wɔ kpɔɖeŋu heɖe eme be Kristotɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ akpa aɖe be hamea nawɔ ɖeka ahadze Yesu si nye hamea Kplɔla la yome. Egblɔ be ŋutilãa ƒe “kpeƒekpeƒewo katã le woƒe akpa dzi wɔm.” Eya ta míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, míele lãmesẽ me alo míedze dɔ o, nu kae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ?

Akpa kae nàwɔ atsɔ alé hamea ƒe ɖekawɔwɔ me ɖe asi?

9 Yesu ɖo hamemetsitsiwo be woanɔ ŋgɔ le hamea me, eye wòdi be míade bubu wo ŋu ahawɔ ɖe woƒe mɔfiafiawo dzi. (Hebritɔwo 13:7, 17) Esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Gake míate ŋu abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu. Eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu aʋã mí míawɔ mɔfiame ɖe sia ɖe si hamemetsitsiwo ana mí dzi. Wò ya bu vi si gbegbe wòaɖe na hamea ne mí katã míebɔbɔa mía ɖokui hewɔa nu aduadu kple hamemetsitsiwo ŋu kpɔ ko. Esia awɔe be mama aɖeke manɔ hamea me o, ke boŋ míalɔ̃ mía nɔewo vevie.

10. Akpa kae subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna be hamea nawɔ ɖeka? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

10 Subɔsubɔdɔwɔlawo hã kpea asi ɖe ɖekawɔwɔ si le hamea me ŋu. Wokua kutri kpena ɖe hamemetsitsiwo ŋu, eye míekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ siwo katã wɔm wole ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wokpɔa egbɔ be agbalẽ siwo míazã le gbeƒãɖeɖedɔa me la li, eye woxɔa ame siwo vaa míaƒe kpekpewo atuu henaa zikpui wo. Wokpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa dzadzraɖo ŋu hekpɔa egbɔ be ele dzadzɛ. Dɔwɔwɔ kple nɔviŋutsu siawo nana míewɔa ɖeka hesubɔa Yehowa le ɖoɖo nyui nu.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 6:3-6.

11. Nu kae sɔhɛwo ate ŋu awɔ atsɔ alé hamea ƒe ɖekawɔwɔ me ɖe asi?

11 Hamemetsitsi aɖewo le dɔ sesẽwo wɔm le hamea me ƒe geɖee nye esia. Gake tsitsi wɔe be fifia womegate ŋu le geɖe wɔm abe tsã ene o. Nɔviŋutsu sɔhɛwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu. Ne wona hehe wo la, woate ŋu akpɔ dɔ vevi geɖewo gbɔ le hamea me. Eye ne subɔsubɔdɔwɔlawo do vevie nu la, woate ŋu ava zu hamemetsitsiwo. (1 Timoteo 3:1, 10) Hamemetsitsi aɖewo siwo nye ɖekakpuiwo gawɔ ŋgɔyiyi geɖe ale be wova zu nutome sue dzikpɔlawo hele kpekpem ɖe nɔviwo ŋu le hameawo me. Dzi dzɔa mí ŋutɔ be ɖekakpui geɖewo tsɔ wo ɖokuiwo na faa le wo nɔviwo subɔm.—Xlẽ Psalmo 110:3; Nyagblɔla 12:1.

MIWƆ NU ÐEKAE LE ƑOMEA ME

12, 13. Nu kae ana ɖekawɔwɔ nanɔ ƒomea me tɔwo katã dome?

12 Nu kae ate ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔwo ŋu be woawɔ nu ɖekae? Eyae nye gomekpɔkpɔ le ƒometadedeagu me kwasiɖa sia kwasiɖa. Ne dzilawo kple wo viwo srɔ̃a nu tso Yehowa ŋu ɖekae la, woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo me sẽna ɖe edzi. Woate ŋu azã ɣeyiɣia ƒe akpa aɖe atsɔ adzra dzeɖonya aɖe ɖo si akpe ɖe wo ŋu be woaɖi ɖase nyuie. Eye ne ƒomea me tɔwo ɖoa dze tso nyateƒea ŋu hekpɔe be yewolɔ̃ Yehowa hedi vevie be yewoawɔ nu si dzea eŋu la, esia tea ƒomea ƒoa ƒu ɖekae.

Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu lɔ̃ Yehowa hesubɔnɛ aduadu la, woawɔ ɖeka ahakpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me

13 Nu kae ana ɖekawɔwɔ nanɔ srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome? (Mateo 19:6) Ne wolɔ̃ Yehowa hesubɔnɛ aduadu la, woakpɔ dzidzɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me. Ele be woaɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo abe ale si Abraham kple Sara, Isak kple Rebeka, kpakple Elkana kple Hana wɔe ene. (1 Mose 26:8; 1 Samuel 1:5, 8; 1 Petro 3:5, 6) Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu wɔa esia la, woawɔ ɖeka ahate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu.—Xlẽ Nyagblɔla 4:12.

Ƒometadedeagu kpena ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ŋu wowɔa ɖeka (Kpɔ memama 12, 15)

14. Ne srɔ̃wò mele Yehowa subɔm o la, nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ ado ŋusẽ wò srɔ̃ɖeɖea?

14 Biblia gblɔe eme kɔ be mele be míaɖe ame si mesubɔa Yehowa o. (2 Korintotɔwo 6:14) Gake nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo srɔ̃wo menye Yehowa Ðasefowo o. Wo dometɔ aɖewo ɖe srɔ̃ hafi va srɔ̃ nyateƒea, gake wo srɔ̃wo ya meva zu Ðasefowo o. Nɔvi aɖewo hã srɔ̃wo nye Yehowa subɔlawo tsã gake wova do le nyateƒea me. Ne edzɔ alea la, Kristotɔwo dzea agbagba ɖe sia ɖe wɔa Biblia ƒe mɔfiafiawo dzi tsɔ doa ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖea. Gake esia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Mary kple srɔ̃a David nɔ Yehowa subɔm. Gake David va dzudzɔ kpekpeawo dede. Ke hã, Mary dzea agbagba be yeaɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo afia ahanye srɔ̃nyɔnu nyui. Efiaa nu wo vi adeawo tso Yehowa ŋu eye wòkplɔa wo yia kpekpewo kple takpekpewo. Ƒe aɖewo megbe esi ɖeviawo tsi heʋu le aƒea me la, Mary yi edzi subɔ Yehowa togbɔ be menɔ bɔbɔe nɛ o hã. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David te magazine siwo Mary dana ɖi nɛ la xexlẽ. Mlɔeba egadze kpekpeawo dometɔ aɖewo dede gɔme. David tɔgbuiyɔvi si xɔ ƒe ade la léa zikpui ɖi nɛ, eye ne meva kpekpea o la, ɖevia gblɔna nɛ be, “Tɔgbui, mekpɔ mɔ na wò egbea kakaka gake mèva o.” David trɔ va Yehowa gbɔ le ƒe 25 sɔŋ megbe, eye eya kple srɔ̃a gava le dzidzɔ kpɔm ake le Yehowa subɔsubɔ me.

15. Aleke srɔ̃tɔ tsitsiwo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔ yeyewo ŋui?

15 Satana le ƒomewo dzi dzem egbea. Esia tae wòle be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siwo le Yehowa subɔm la ƒe ɖekawɔwɔ me nasẽ. Ɣeyiɣi didi ka kee nèɖe srɔ̃ o, yi edzi nàde ŋugble le nu siwo nàwɔ atsɔ ado ŋusẽ miaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu. Ne èɖe srɔ̃ ƒe geɖee nye esia la, àte ŋu anye kpɔɖeŋu nyui na srɔ̃tɔ yeyewo. Àte ŋu akpe srɔ̃tɔ yeyewo be woava wɔ ɖeka kpli mi le miaƒe ƒometadedeagu me. Esia ana woakpɔe be ne ƒeawo va le yiyim hã la, ele be srɔ̃tɔwo nayi adzi aɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo ahawɔ ɖeka.—Tito 2:3-7.

“MIVA MÍAYI YEHOWA ƑE TO LA DZI”

16, 17. Nu kae Mawu subɔla siwo léa ɖekawɔwɔ me ɖe asi la le mɔ kpɔm na?

16 Ne Israel-viwo yina woƒe azãwo ɖuƒe le Yerusalem la, wowɔa nuwo ɖekae. Wotsɔa nu sia nu si wohiã na mɔzɔzɔa ɖe asi. Wozɔa mɔa ɖekae eye wokpena ɖe wo nɔewo ŋu. Ne wova ɖo gbedoxɔa me la, wo katã wokafua Yehowa hesubɔnɛ le ɖekawɔwɔ me. (Luka 2:41-44) Egbea esi míele dzadzram ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ŋu la, ele vevie be míawɔ ɖeka kple mía nɔviwo ahawɔ nu aduadu. Ðe manyo be nàbu mɔ vovovo siwo dzi nàto awɔ esia geɖe wu la ŋu oa?

17 Le egbexexea me la, ɖekawɔwɔ aɖeke mele amewo dome o, eye dzre dzi ko wonɔna ɣesiaɣi. Gake dzidzɔ gãe wònye na mí be Yehowa kpe ɖe mía ŋu míenya nyateƒea eye míele ŋutifafa me! Yehowa ƒe ame siwo le xexea me godoo le esubɔm le mɔ si dzea eŋu nu. Eye vevietɔ le nuwuwuŋkeke siawo me la, eƒe amewo ƒe ɖekawɔwɔa me gasẽ ɖe edzi. Nya si Yesaya kple Mika gblɔ ɖi la le eme vam egbea: míewɔ ɖeka esi míeyina “Yehowa ƒe to la dzi.” (Yesaya 2:2-4; xlẽ Mika 4:2-4.) Aleke gbegbe míakpɔ dzidzɔ le etsɔmee nye esi ne anyigbadzitɔwo katã va le “dɔ wɔm ɖekae” hele Yehowa subɔm aduadu.