Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔe ɖa be nu kae nàwɔ atsɔ akpe ɖe nɔviwòwo ŋu, atsɔ afa akɔ na wo, alo atsɔ ade dzi ƒo na wo mahã

Àte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu Le Miaƒe Hamea Mea?

Àte Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu Le Miaƒe Hamea Mea?

HAFI Yesu natrɔ ayi dziƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Mianye nye ɖasefowo va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.’ (Dɔwɔwɔwo 1:8) Aleke woawɔ aɖe gbeƒã le anyigba bliboa dzi?

Nufialagã Martin Goodman, si le Oxford Yunivɛsiti, gblɔ be, “gbeƒãɖeɖe ƒe gbɔgbɔ si nɔ Kristotɔwo me na woto vovo na Yudatɔwo kple ha bubuawo le Romatɔwo ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔawo me.” Yesu ɖe gbeƒã tso teƒe yi teƒe. Ele be Kristotɔ vavãwo nasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua eye woaɖe gbeƒã “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la” le afi sia afi. Ele be woatsa adi ame siwo di be yewoanya nyateƒea. (Luka 4:43) Esia tae woɖo “apostolowo” le ƒe alafa gbãtɔ me ɖo; nya “apostolo” gɔmee nye ame si wodɔ ɖa. (Marko 3:14) Yesu de se na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.”—Mateo 28:18-20.

‘Ka xoxoa ŋue wogbea yeyea ɖo,’ eya ta togbɔ be Yesu ƒe apostolo 12-awo megali o hã la, Yehowa subɔla geɖewo le woƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m. Ne wokpe wo be woayi aɖaɖe gbeƒã le nuto siwo me hiahiã geɖe wu le la, wogblɔna be: “Nyee nye esi! Dɔm!” (Yesaya 6:8) Wo dometɔ aɖewo ʋu yi dukɔ didiwo me, abe ame akpe geɖe siwo do le Gilead Sukua ene. Nɔvi bubu aɖewo hã ʋu yi nuto bubuwo me le woƒe dukɔa me. Eye ame geɖe srɔ̃ gbe bubuwo ale be woate ŋu akpe ɖe hame alo ƒuƒoƒo aɖe ŋu. Menɔ bɔbɔe na nɔvi siawo o, gake wolɔ̃ faa tsɔ nuwo sa vɔe le lɔlɔ̃ si le wo si na Yehowa kple wo haviwo ta. Wowɔ woƒe ɖoɖowo nyuie ale be wole woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple ga zãm tsɔ le gbeƒã ɖem le nuto siwo me hiahiã geɖe wu le. (Luka 14:28-30) Dɔ vevi aɖee nye esia wɔm nɔvi siawo le.

Menye mí katãe ate ŋu aʋu ayi afi si hiahiã geɖe wu le alo asrɔ̃ gbe bubuwo o, elabe ‘asiwo katã mesɔ o.’ Gake mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ dɔ abe dutanyanyuigblɔla ene le míaƒe hamewo me.

NYE DUTANYANYUIGBLƆLA LE MIAƑE HAMEA ME

Kpe ɖe nɔviwòwo ŋu

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔwo tsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu togbɔ be wo dometɔ geɖe nɔ wo de eye womeʋu yi duta o hã. Paulo gblɔ na Timoteo be: “Wɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔ, wɔ wò subɔsubɔdɔ la bliboe.” (2 Timoteo 4:5) Aɖaŋuɖoɖo ma yi na Kristotɔ gbãtɔwo kple míawo hã egbea. Elabe ele be Kristotɔwo katã nawɔ ɖe se si wode be woagblɔ Fiaɖuƒegbedeasia ahawɔ amewo nusrɔ̃lawoe dzi. Nu geɖewo li míate ŋu awɔ le míaƒe hamewo me abe dutanyanyuigblɔlawo ene.

‘Du sia du kple eƒe koklokoko,’ esia ta eva hiãna be dutanyanyuigblɔlawo nasrɔ̃ ale si woawɔ atrɔ ɖe nɔnɔme yeyewo ŋu. Ne míate ŋu aʋu ayi afi si hiahiã geɖe wu le o la, ɖe míate ŋu adi mɔnu yeyewo aɖe gbeƒã na amewoa? Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1940 me la, wode dzi ƒo na mía nɔviwo zi gbãtɔ be woawɔ ablɔdziɖaseɖiɖi ŋkeke ɖeka le kwasiɖaa me. Ète ɖaseɖiɖi le ablɔdzi kpɔa? Ðe nèzã kekevi alo kplɔ̃ siwo dzi woɖo agbalẽwo ɖo kpɔa? Nyabiaseae nye be, Ðe nèle klalo be yeazã gbeƒãɖeɖe nya nyuia ƒe mɔnu yeyewoa?

De dzi ƒo na wo be woawɔ “nya nyui gbɔgblɔ dɔ” la

Ne èkpɔa mɔ na nu nyuiwo la, àwɔ subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe kple dzidzɔ. Zi geɖe la, nɔvi siwo ʋu yi afi si hiahiã geɖe wu le alo srɔ̃ gbe bubu la nyea gbeƒãɖela bibi siwo ate ŋu anye kpekpeɖeŋu gã na hamea. Woxɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Nenema kee dutanyanyuigblɔlawo hã xɔa ŋgɔ le hamea me va se ɖe esime nutoa me nɔviwo dze awɔ esia. Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔe nènye la, ɖe nèle subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi ƒe dɔ “minyam” be nàte ŋu asubɔ nɔviwòwo geɖe wua?—1 Timoteo 3:1.

“ŊUSẼDODO” NƆVIWÒWO

Wɔ nane koŋ na wo

Míate ŋu akpe ɖe hamea me tɔwo ŋu le mɔ bubuwo hã nu. Mí katã míate ŋu anye “ŋusẽdodo” na míaƒe haxɔsetɔ siwo ɖo hiã me, míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo, ŋutsuwo alo nyɔnuwo o.—Kolosetɔwo 4:11, etenuŋɔŋlɔ.

Hafi míate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo ŋu la, ele be míanya wo nyuie. Biblia de dzi ƒo na mí be “míanɔ mía nɔewo ŋu bum” ne míeva kpe ta ɖekae. (Hebritɔwo 10:24) Gake nya sia mefia be míanɔ agbagba dzem be míanya amewo ƒe nya ɣaɣlawo o. Ke boŋ be míanya nu siwo me tom mía nɔviwo le kple woƒe nuhiahiãwo. Ate ŋu ahiã be míawɔ nane koŋ atsɔ akpe ɖe wo ŋu, míafa akɔ na wo, alo atsɔ Biblia me nyawo ade dzi ƒo na woe. Enye nyateƒe be le go aɖewo me la, hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo koe ate ŋu akpe ɖe wo ŋu. (Galatiatɔwo 6:1) Ke hã nu geɖe li mí katã míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nɔvi tsitsiwo, alo ƒome siwo kuxiwo ɖe kpe na la ŋu.

Fa akɔ na nɔvi siwo agbemekuxiwo ɖe kpe na

Nɔviŋutsu Salvatore ɖo nɔnɔme sia me. Le ga aɖe si yi ɖe edzi ta la, eva hiã be wòadzra eƒe dɔwɔƒe, eƒe aƒe kple ƒomea ƒe nunɔamesi geɖe. Etsi dzi ɖe eƒe ƒomea ŋu vevie. Ƒome bubu aɖe si le woƒe hamea me kpɔe be wohiã kpekpeɖeŋu. Wona ga Salvatore eye wodi dɔ na eya kple srɔ̃a. Wonɔa wo gbɔ le fiẽ aɖewo me, ɖoa dze kpli wo hedea dzi ƒo na wo. Esia na wova zu xɔlɔ̃ veviwo. Fifia ƒome eveawo ɖoa ŋku ale si wode ha kple wo nɔewo le ɣeyiɣi sesẽ ma me la dzi kple dzidzɔ.

Kristotɔ vavãwo memiaa nu ɖe woƒe dzixɔsewo dzi o. Ele be míasrɔ̃ Yesu ahaƒo nu tso nu nyui siwo ŋugbe Mawu do la ŋu na amewo. Míate ŋu aʋu ayi afi si hiahiã geɖe wu le loo alo míate ŋui o, mí katã míate ŋu ana kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si hiã la nɔviwo le míaƒe hamea me. (Galatiatɔwo 6:10) Ne míenaa nu amewo la, míakpɔ dzidzɔ geɖe eye míayi edzi anɔ “ku tsem le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.”—Kolosetɔwo 1:10; Dɔwɔwɔwo 20:35.