Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Biblia Kpɔtɔ Le Wò Agbenɔnɔ Trɔma?

Ðe Biblia Kpɔtɔ Le Wò Agbenɔnɔ Trɔma?

“Mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me.”—ROMATƆWO 12:2.

HADZIDZI: 61, 52

1-3. (a) Tɔtrɔ kawo wɔwɔe ate ŋu asesẽ na mí le míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe? (b) Ne edzɔ alea la, nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokuiwo? (Kpɔ nɔnɔmetata siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

KEVIN daa loto, eyɔa sigareti, emua aha, eye wòzã atike vɔ̃ɖiwo ƒe geɖe. [1] (Kpɔ dzesidenya la.) Emegbe eva srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye wòdi be yeazu exɔlɔ̃. Gake ehiã be wòaɖe asi le agbe siwo wònɔna ŋu hafi. Yehowa kpe ɖe eŋu, eye ŋusẽ si le eƒe Nya Biblia ŋu la hã ʋãe wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ.—Hebritɔwo 4:12.

2 Le Kevin ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, egahiã kokoko be wòanɔ asi trɔm le eƒe nɔnɔme ŋu be wòazu Kristotɔ ɖɔʋu. (Efesotɔwo 4:31, 32) Le kpɔɖeŋu me, dzi kunɛ kabakaba. Gbe ɖeka Kevin ƒe mo da tu esi nane dzɔ si na wòkpɔe be esesẽ na ye ŋutɔ be yeaɖu yeƒe dziku dzi. Kevin gblɔ gɔ̃ hã be, yeƒe dziku nu léle sesẽ na ye kura wu asiɖeɖe le agbe baɖa siwo yenɔ hafi va xɔ nyɔnyrɔ ŋu! Gake mlɔeba esi wòɖe kuku na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ye ŋu eye wòlé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu la, ete ŋu ɖu nɔnɔme sia dzi.

3 Hafi mía dometɔ geɖe naxɔ nyɔnyrɔ la, ehiã be míawɔ tɔtrɔ gãwo be míate ŋu anɔ agbe ɖe nu siwo míesrɔ̃ le Biblia me nu. Va se ɖe fifia gɔ̃ hã míekpɔe be ele be míayi edzi anɔ asi trɔm le nɔnɔme aɖewo ŋu be míate ŋu aɖi Mawu kple Kristo. (Efesotɔwo 5:1, 2; 1 Petro 2:21) Ðewohĩ míekpɔe be míetoa nyatoƒoe, míegblɔa amenya, alo nye amegɔmeɖulawo. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be vɔvɔ̃ na ale si amewo abu mí alo nya si woagblɔ tso mía ŋu nawɔe be míaɖe afɔ gbegblẽ. Ðewohĩ míele agbagba dzem ƒe geɖee nye esia be míaɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ aɖewo ŋu gake gbeɖegbeɖea koe. Eya ta àbia be: ‘Nu ka tae wòle sesẽm nam be mawɔ tɔtrɔ suesue siawo? Nu kae akpe ɖe ŋunye be mawɔ nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me dzi ale be mayi edzi anɔ nye nɔnɔme trɔm?’

ÀTE ŊU AWƆ NU WÒADZE YEHOWA ŊU

4. Nu ka tae wòsesẽna na mí be míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le nu sia nu me?

4 Míelɔ̃ Yehowa, eye míedi tso dzi blibo me be míawɔ nu wòadze eŋu. Gake ewɔ nublanui be míetea ŋu wɔa esia ɣesiaɣi o, le esi míede blibo o ta. Apostolo Paulo gblɔ be: “Nu nyui wɔwɔ ƒe didia le menye, ke ŋutetea ya meli o.” Zi geɖe la, ewɔna na míawo hã nenema.—Romatɔwo 7:18; Yakobo 3:2.

5. Nuwɔna kawo ŋue míeɖe asi le hafi xɔ nyɔnyrɔ, gake gbɔdzɔgbɔdzɔ kawoe kpɔtɔ ɖea fu na mí?

5 Hafi míava zu hamea me tɔwo la, míeku kutri ɖe asi le nu siwo Yehowa lé fui ŋu. (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Gake míekpɔtɔ nye ame madeblibowo. (Kolosetɔwo 3:9, 10) Eya ta míedaa vo nenye be ƒe geɖee nye esia míexɔ nyɔnyrɔ gɔ̃ hã. Ɣeaɖewoɣi dzodzro vɔ̃wo nyɔna ɖe mía me, alo enɔa sesẽm na mí be míaɖu nɔnɔme gbegblẽ aɖewo dzi. Le nyateƒe me la, míate ŋu anɔ avu wɔm kple nu ɖeka ma ke ƒe geɖe.

6, 7. (a) Nu kae ʋu mɔ na mí be míazu Yehowa xɔlɔ̃wo togbɔ be míede blibo o hã? (b) Nu ka tae mele be míagbe Yehowa ƒe tsɔtsɔke biabia o?

6 ‘Agbenɔxevi metsia fumato o,’ eya ta togbɔ be míede blibo o hã la, míate ŋu azu Yehowa xɔlɔ̃wo ahasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Ðo ŋku nu si te wò ɖe Yehowa ŋu zi gbãtɔ dzi. Eyae kpɔ nu nyui aɖe le ŋuwò eye wòhe wò ɖe eɖokui ŋu. (Yohanes 6:44) Yehowa nyae hã be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le ŋuwò, eye àda vo ɖe ye ŋu godoo. Gake elɔ̃ be nànye ye xɔlɔ̃.

7 Yehowa lɔ̃ mí ale gbegbe be wòna nu xɔasi aɖe mí. Edɔ Via Yesu ɖo ɖe anyigba dzi be wòatsɔ eƒe agbe axe fe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. (Yohanes 3:16) Ne míeda vo la, míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa abia eƒe tsɔtsɔke. Eye le tafea ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be atsɔe ake mí be míayi edzi anye exɔlɔ̃wo. (Romatɔwo 7:24, 25; 1 Yohanes 2:1, 2) Ðo ŋkui be nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo tae Yesu ku ɖo. Eya ta ne ewɔ na wò be yeƒe nu vɔ̃wo lolo ŋutɔ gɔ̃ hã la, mele be nàdzudzɔ tsɔtsɔke biabia Yehowa gbeɖe o. Ne míedo gbe ɖa bia nu vɔ̃ tsɔtsɔke o la, ɖeko wòle abe ɖe míaƒe asi ƒo ɖi gake míegbe ekɔklɔ ene. Míeda akpe gã aɖe na Yehowa be eʋu mɔ ɖi na mí be míazu exɔlɔ̃wo togbɔ be míede blibo o hã!—Xlẽ 1 Timoteo 1:15.

Ne míedi be mía kple Yehowa dome nanɔ nyuie la, ele be míaku kutri asrɔ̃ eya kple Via

8. Nu ka tae mele be míaŋe aɖaba aƒu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi o?

8 Míate ŋu aŋe aɖaba aƒu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi alo atsɔ wo anɔ taflatsɛ dom o. Yehowa na míenya ame siwo ƒomevi wòdi be ye xɔlɔ̃wo nanye. (Psalmo 15:1-5) Eya ta ne míedi be mía kplii dome nanɔ nyuie la, ele be míaku kutri asrɔ̃ eya kple Via. Ele be míaho aʋa ɖe míaƒe dzodzro vɔ̃wo hã ŋu, elabena ne míewɔe nenema la, míate ŋu aɖu wo dometɔ aɖewo dzi keŋkeŋ. Ɣeyiɣi didi kae míeɖaxɔ nyɔnyrɔ o, ele vevie be míayi edzi anɔ míaƒe nɔnɔme trɔm.—2 Korintotɔwo 13:11.

9. Nu kae na míekpɔe be míate ŋu ayi edzi anɔ amenyenye yeyea dom?

9 Apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔwo be: “Wofia nu mi be miaɖe amenyenye xoxo si sɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ tsãtɔ nu, si le gbegblẽm le eƒe nudzodzro fluamewo nu, la ɖa. Ke minɔ miaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme si kpɔa ŋusẽ ɖe mia dzi wɔm yeyee, eye miado amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me.” (Efesotɔwo 4:22-24) Efia be ehiã be míanɔ ʋiʋlim ɣesiaɣi be míaɖe nɔnɔme xoxowo aƒu gbe, eye ‘míado amenyenye yeyea.’ Eya ta míate ŋu ayi edzi anɔ nu geɖe srɔ̃m tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu eɖanye ɣeyiɣi didi kae míele esubɔm o. Azɔ hã Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ míaƒe nɔnɔmewo trɔm vivivi be míaɖi Mawu.

NU KA TAE WÒLE SESẼM?

10. Nu kae hiã hafi Biblia nakpe ɖe mía ŋu míatrɔ míaƒe agbenɔnɔ, eye nya kawoe míate ŋu abia ku ɖe esia ŋu?

10 Mí katã míedi be míawɔ ɖe Biblia ƒe sewo dzi. Gake ehiã be míawɔ avu hafi ate ŋu anɔ míaƒe agbenɔnɔ trɔm. Nu ka tae agbagbadzedze hiã? Ðe Yehowa ŋutɔ mate ŋu awɔ nane be nu nyui wɔwɔ nanɔ bɔbɔe na mí oa?

11-13. Nu ka tae Yehowa kpɔa mɔ be míaku kutri aɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi?

11 Ne míebu nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi ŋu la, míekpɔnɛ be ŋusẽ le Yehowa si be wòawɔ nu sia nu si wòdi. Le kpɔɖeŋu me, ewɔ ɣe si nu sẽ ale gbegbe. Le sɛkɛnd ɖe sia ɖe me la, keklẽ kple dzoxɔxɔ si dona le ɣea me la mele gbɔgblɔ me o, evɔ esia ƒe sue aɖe koe lé agbe ɖe te le anyigba dzi. (Psalmo 74:16; Yesaya 40:26) Yehowa doa ŋusẽ esubɔla siwo le anyigba dzi hã ɣesiaɣi si wòhiã. (Yesaya 40:29) Edze ƒãa be ne Yehowa lɔ̃ la, ate ŋu awɔ nane be nɔnɔme gbegblẽwo dzi ɖuɖu nanɔ bɔbɔe na mí alo be dzodzro vɔ̃wo manyɔ ɖe mía me kura o. Ke nu ka tae mewɔe o?

12 Yehowa na tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe mí. Eɖe mɔ na mí be míatiae be míaɖo to ye alo agbe toɖoɖo. Ne míetiae be míaɖo toe eye míeʋli vevie wɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃e eye míedi be míaƒe nu nadze eŋu. Satana gblɔ be Yehowa mekpɔ mɔ aɖu fia ɖe Eƒe nuwɔwɔwo dzi o. Eya ta ne míeɖo to Yehowa la, eɖenɛ fiana be míedi be wòanye míaƒe Dziɖula. Eye míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo lɔ̃ame la kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba ɖe sia ɖe si míedzena be míase eƒe gbe la ŋu. (Hiob 2:3-5; Lododowo 27:11) Azɔ hã, ne míeku kutri ɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi togbɔ be manɔ bɔbɔe o hã la, efia be míele nuteƒe wɔm na Yehowa eye míelɔ̃ be wòanye míaƒe Fia.

13 Yehowa di be míaku kutri asrɔ̃ yeƒe nɔnɔmewo. (Kolosetɔwo 3:12; xlẽ 2 Petro 1:5-7.) Ekpɔa mɔ hã be míadze agbagba ada asɔ le nu siwo ŋu míebuna kple nu siwo míeɖea mɔ wòdzroa mí la ŋu. (Romatɔwo 8:5; 12:9) Ɣesiaɣi si míeʋli be míaɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ aɖe ŋu eye míete ŋui la, dzi dzɔa mí ŋutɔ.

NA MAWU ƑE NYA LA NANƆ WÒ AGBENƆNƆ TRƆM

14, 15. Agbagba kawoe wòle be míadze be míatu nɔnɔme siwo dzea Yehowa ŋu ɖo? (Kpɔ aɖaka si nye “ Biblia Kple Gbedodoɖa Trɔ Woƒe Agbenɔnɔ.”)

14 Nu kae míawɔ be míatu nɔnɔme nyui siwo dzea Yehowa ŋu ɖo? Menye tɔtrɔ siwo sɔ le míawo ŋutɔ ŋkume ye míawɔ o, ke esiwo Mawu di be míawɔ boŋ ye. Romatɔwo 12:2 gblɔ be: “Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me, ne miawo ŋutɔwo miate ŋu akpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.” Eya ta be míanya nu si Yehowa di la, ele be míana wòafia mɔ mí. Ehiã be míaxlẽ Biblia gbe sia gbe, ade ŋugble le eŋu eye míado gbe ɖa abia Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí. (Luka 11:13; Galatiatɔwo 5:22, 23) Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu to mɔ siawo dzi be míakpɔ nu siwo dzea eŋu la adze sii, eye míava nɔ nuwo ŋu bum abe ale si wòbua woe ene. Esia ana be míaƒe nuŋububu, nuƒoƒo kple nuwɔnawo nadze Yehowa ŋu geɖe wu, eye míasrɔ̃ ale si míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Le esiawo katã megbe la, ele be míayi edzi anɔ avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔawo.—Lododowo 4:23.

Ŋlɔ nyati alo mawunyakpukpui siwo kpe ɖe ŋuwò nèɖu wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi la ɖi be nànɔ wo xlẽm edziedzi (Kpɔ memama 15)

15 Hekpe ɖe Biblia xexlẽ gbe sia gbe ŋu la, ele be míazã míaƒe agbalẽwo abe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ene atsɔ asrɔ̃ Biblia. Wotaa nyati geɖe ɖe wo me siwo fiaa ale si míasrɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple ale si míawɔ avu kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwoe la mí. Míate ŋu ake ɖe nyati alo mawunyakpukpui aɖe si akpɔ míaƒe nɔnɔmea gbɔ na mí la ŋu. Anyo be míaŋlɔ mawunyakpukpuiawo ɖi eye míaɖe nyati mawo ɖe vovo ale be míate ŋu anɔ wo xlẽm edziedzi.

16. Nu ka tae mele be dzi naɖe le mía ƒo ne míete ŋu le tɔtrɔwo wɔm kabakaba o?

16 Axɔ ɣeyiɣi hafi míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔmewo nyuie. Eya ta ne ewɔ na wò be mète ŋu le tɔtrɔwo wɔm kabakaba abe ale si nèdii ene o la, wò ya gbɔ dzi ɖi. Le gɔmedzedzea la, ahiã be nàsẽ mo hafi ate ŋu awɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi. Gake zi ale si nèle agbagba dzem be yeƒe nuŋububu kple nuwɔna nadze Yehowa ŋu la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe na wò be nàbu nuwo ŋu abe ale si wòbua woe ene eye nàwɔ nu si le eteƒe.—Psalmo 37:31; Lododowo 23:12; Galatiatɔwo 5:16, 17.

WÒ SUSU NENƆ NU NYUI SIWO GBƆNA ŊU

17. Nu nyui kawoe míate ŋu akpɔ mɔ na ne míewɔ nuteƒe na Yehowa?

17 Míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me míade blibo ahasubɔ Yehowa tegbee. Ɣemaɣi la, gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke manɔ mía ŋu si míanɔ avu wɔm kplii o, eye anɔ bɔbɔe na mí wu be míasrɔ̃ Yehowa. Gake fifia gɔ̃ hã, fe si Yehowa xe ɖe mía ta ʋu mɔ na mí míele esubɔm. Togbɔ be míede blibo o hã la, míaƒe nu adze eŋu ne míeyi edzi le míaƒe agbenɔnɔ trɔm hele nu siwo Biblia fia mí la dzi wɔm.

18, 19. Nu kae na míeka ɖe edzi be ŋusẽ le Biblia ŋu be wòatrɔ míaƒe agbenɔnɔ?

18 Kevin dze agbagba ɖe sia ɖe ɖu eƒe dziku dzi. Edea ŋugble le nu siwo wòxlẽ le Biblia me ŋu eye wòʋlina be yeaɖe asi le yeƒe tsãgbenɔnɔ ŋu. Ewɔna ɖe aɖaŋu siwo hati Kristotɔwo ɖona nɛ hã dzi. Togbɔ be ƒe ʋɛ aɖewo va yi hafi Kevin te ŋu ɖe asi le eƒe nɔnɔme gbegblẽawo ŋu hã la, eva zu subɔsubɔdɔwɔla emegbe. Eye wònye hamemetsitsi ƒe 20 ye nye esia. Gake fifia gɔ̃ hã enyae be ele be yeayi edzi anɔ avu wɔm kple yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo.

19 Abe Kevin ene la, mí katã míate ŋu atrɔ asi le míaƒe nɔnɔme ŋu wòanyo ɖe edzi. Ne míeyi esia wɔwɔ dzi la, tsi mato mía kple Yehowa dome o. (Psalmo 25:14) Eye ne míewɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe heyi edzi le míaƒe agbenɔnɔ trɔm be míaƒe nu nadze eŋu la, ayra ɖe míaƒe agbagbadzedze dzi. Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Biblia anɔ míaƒe agbenɔnɔ trɔm ɖaa.—Psalmo 34:8.

^ [1] (memama 1) Míetrɔ ŋkɔa.