Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”

“Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”

“Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo . . . , miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.”—MATEO 28:19, 20.

HADZIDZI: 141, 97

1, 2. Biabia kawoe Yesu ƒe nya si dze le Mateo 24:14 la fɔ ɖe te?

YESU gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na dukɔwo katã. (Mateo 24:14) Amewo nya Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo ɖe woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta. Ame aɖewo kpɔa dzidzɔ ɖe gbedeasi si míeɖea gbeƒãe ŋu, ame aɖewo hã melɔ̃na be yewoaɖo to mí o. Gake ame siawo gɔ̃ hã dometɔ aɖewo dea bubu mía ŋu le dɔ si wɔm míele ta. Ke nyateƒee wònye be míawoe le gbeƒãɖeɖedɔ si Yesu gblɔ ɖi be woawɔ la wɔma? Nu kae na míeka ɖe edzi be míawoe le dɔ sia wɔm?

2 Subɔsubɔha geɖewo gblɔna be yewole gbeƒã ɖem Yesu ƒe gbedeasia. Gake tsɔtsixɔwo me, television dzi, alo Internet dzi koe wogblɔa mawunya le, alo nu si na wova xɔ Yesu dzi se la ŋu nya koe wogblɔna. Ewɔna na ame aɖewo hã be ne yewowɔ kpekpeɖeŋudɔwo abe ɖɔkitawo, dɔnɔdzikpɔlawo alo nufialawo ene la, ke Mawu ƒe dɔ koe nye ema wɔm yewole. Gake gbeƒãɖeɖedɔ si Yesu gblɔ be woawɔe nye ema?

3. Abe ale si wòdze le Mateo 28:19,20 ene la, nu ene kawoe wòle be Yesu yomedzelawo nawɔ?

3 Ðe Yesu di be yeƒe nusrɔ̃lawo nanɔ anyi ɖi anɔ lalam be amewo nava yewo gbɔa? Ao! Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, egblɔ na eyomedzela alafa geɖewo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo . . . , miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.” (Mateo 28:19, 20) Eya ta nu enee Yesu bia tso eyomedzelawo katã si be woawɔ. Ele be woawɔ nusrɔ̃lawo, woanyrɔ wo, eye woafia nu wo. Gake gbã la, ele be woayi amewo gbɔ. Biblia-nyala aɖe gblɔ be: “Enye xɔsetɔ ɖe sia ɖe ƒe dɔ be ‘wòayi,’ ne esia bia be wòatso mɔ alo atso ƒu ayi amewo gbɔ gɔ̃ hã.”—Mateo 10:7; Luka 10:3.

4. Be nusrɔ̃lawo nanye ‘ameɖelawo’ la, nu kae wòle be woawɔ?

4 Nu kae Yesu le mɔ kpɔm be yeƒe nusrɔ̃lawo nawɔ? Ðe wòdi be wo dometɔ ɖe sia ɖe naɖe gbeƒã le eɖokui si loo, alo be hamea nawɔ ɖoɖo wo katã nawɔea? Esi manya wɔ be ame ɖeka naɖe gbeƒã na “dukɔwo katã” o ta la, ele be eƒe nusrɔ̃lawo nawɔ ɖoɖo abe hame ene aɖe gbeƒã. Esiae Yesu wɔnɛ esi wòkpe eƒe nusrɔ̃lawo be woava nye ‘ameɖelawo.’ (Xlẽ Mateo 4:18-22.) Menye lãɖela ɖeka aɖe si da ƒu alo akpoŋ ŋu nya gblɔm Yesu le o. Ke boŋ lãɖeɖe si me wozãa ɖɔ le ye wòtsɔ wɔ kpɔɖeŋu lae. Esia bia dɔ sesẽ wɔwɔ kple ɖoɖo nyui wɔwɔ, eye ele be ame geɖewo nakpe asi ɖe eŋu.—Luka 5:1-11.

5. Biabia ene kawoe wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo na, eye nu ka tae?

5 Be míakpɔ ame siwo le gbeƒã ɖem nya nyuia egbea adze sii la, ele be míadi biabia ene siawo ƒe ŋuɖoɖowo:

  • Gbedeasi kae wòle be Yesu yomedzelawo naɖe gbeƒãe?

  • Nu kae wòdze be wòaʋã wo woaɖe gbeƒã?

  • Gbeƒãɖeɖemɔnu kawoe wòhiã be woazã?

  • Afi kae woƒe dɔa akeke ta ase ɖo, eye ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ?

Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ame siwo tututu le agbeɖeɖedɔ sia wɔm, eye wòagade dzo mía me be míayi dɔa dzi.—1 Timoteo 4:16.

GBEDEASI KAE WÒLE BE WOAÐE GBEƑÃE?

6. Nu kae ɖee fia be Yehowa Ðasefowoe le gbeƒã ɖem gbedeasi nyuitɔ?

6 Xlẽ Luka 4:43. “Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” lae Yesu ɖe gbeƒãe, eye gbedeasi mae wòdi be yeƒe nusrɔ̃lawo nagblɔ. Ƒuƒoƒo kae le gbeƒã ɖem gbedeasi ma na dukɔwo katã? Yehowa Ðasefowoe! Ame aɖewo siwo melɔ̃a míaƒe nya o gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe esia dzi. Le kpɔɖeŋu me, se nya si nunɔla mawunyadɔgbedela aɖe si tsa le dukɔ vovovowo me la gblɔ na Yehowa Ðasefo aɖe ɖa. Egblɔ be, esi yebia Yehowa Ðasefowo le dukɔ mawo dometɔ ɖe sia ɖe me be gbedeasi kae woɖea gbeƒãe mahã la, “Wo katã woɖo eŋu bometsitsitɔe be: ‘Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui lae.’” Nunɔlaa ƒe nyaa ɖo kpe edzi be Kristotɔ vavã siwo wɔ ɖekae míenye, ke menye ɖe míetsi bome o. (1 Korintotɔwo 1:10) Mawu Fiaɖuƒea ŋue míaƒe agbalẽ si nye Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe la ƒoa nu tsoe. Míetaa ɖekaɖeka 59,000,000 sɔŋ ɣleti sia ɣleti le mama dedie nu, ɖe gbegbɔgblɔ 254 me, si wɔe be wònye agbalẽ si wotana wu le xexea me!

Yehowa Ðasefowo ɖeɖe koe le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia

7. Aleke míewɔ nya be menye gbedeasi nyuitɔe subɔsubɔhakplɔlawo ɖea gbeƒãe o?

7 Menye Mawu Fiaɖuƒeae subɔsubɔha siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la ƒe kplɔlawo ɖea gbeƒãe o. Wo dometɔ aɖewo siwo ƒoa nu tso Fiaɖuƒea ŋu gɔ̃ hã gblɔna be ame ƒe dzi mee wòle. (Luka 17:21) Womefiaa amewo be Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si le dziƒo eye be Yesue nye eƒe Fia o. Zi geɖe ne wole Yesu ƒe dzigbe alo eƒe kuzã ɖum ye woƒoa nu tso Yesu ŋu. Womeɖea eme na amewo be Fiaɖuƒeae akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ, eye be ava ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖa le anyigba dzi o. (Nyaɖeɖefia 19:11-21) Eme kɔ keŋ be, ha siwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye la ƒe kplɔlawo menya nu si Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia Yesu ava wɔ o. Eye esi womese gbedeasi si Yesu ɖe gbeƒãe gɔme o ta la, nu si aʋã wo woaɖe gbeƒã la do viviti ɖe wo.

NU KAE WÒDZE BE WÒAƲÃ MÍ MÍAWƆ DƆ SIA?

8. Susu gbegblẽ ka tae ame aɖewo gblɔa mawunya ɖo?

8 Mele be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo naɖe gbeƒã ɖe ga ta alo ɖe xɔ gã nyadriwo tutu ta o. Yesu gblɔ be: “Faa miexɔe, faa minae.” (Mateo 10:8) Eya ta mele be gbeƒãɖeɖedɔa nazu asitsadɔ o. (2 Korintotɔwo 2:17) Mele be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nabia be woaxe fe na yewo ɖe mawunyagbɔgblɔ ta o. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 20:33-35.) Togbɔ be Yesu ƒe sededea me kɔ hã la, sɔlemeha geɖewo ƒe susu katã le gadzɔdzɔ le amewo si koŋ ŋu be yewoakpɔ ga atsɔ axe fe na yewoƒe hakplɔlawo kple dɔwɔla bubuwo. Esia wɔe be habɔbɔ siwo gblɔna be Kristotɔwo yewonye la ƒe kplɔlawo zu hotsuitɔ gãwo.—Nyaɖeɖefia 17:4, 5.

Mele be gbeƒãɖeɖedɔa nazu asitsadɔ o

9. Nu kae ʋãa Yehowa Ðasefowo woɖea gbeƒã nya nyuia?

9 Ðe Yehowa Ðasefowo dzɔa ga le amewo si le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo alo woƒe takpekpewo mea? Ao! Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ doa alɔ woƒe dɔa. (2 Korintotɔwo 9:7) Le ƒe si va yi me la, Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo miliɔn 2,000 kloe tsɔ ɖe gbeƒã nya nyuia, eye wosrɔ̃a Biblia kple ame siwo wu miliɔn 9 ɣleti sia ɣleti. Togbɔ be womexea fe na wo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ta o hã la, wotsɔa dzidzɔ zãa woawo ŋutɔwo ƒe ga ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Numekula aɖe gblɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu be: “Woƒe taɖodzinu koŋue nye gbeƒãɖeɖe kple nufiafia amewo.” Egblɔ hã be hakplɔla siwo woxea fe na mele Yehowa Ðasefowo si o. Ne menye ga tae o la, ke nu kae ʋãa mí míeɖea gbeƒã nya nyuia? Esi míelɔ̃ Yehowa kple mía haviwo tae míewɔa dɔ vevi sia ɖo. Nɔnɔme nyui sia na nyagblɔɖi si le Psalmo 110:3 la le eme vam. (Xlẽe.)

GBEƑÃÐEÐEMƆNU KAWOE WÒHIÃ BE WOAZÃ?

Míeɖea gbeƒã na amewo le afi sia afi si míakpɔ wo le (Kpɔ memama 10)

10. Gbeƒãɖeɖemɔnu kawoe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zã?

10 Aleke Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒãe? Woyi amewo gbɔ le afi sia afi si woake ɖe wo ŋu le. Woɖe gbeƒã le ablɔwo dzi kple asiwo me. Woyi amewo gbɔ le woƒe aƒewo me hã. (Mateo 10:11; Luka 8:1; Dɔwɔwɔwo 5:42; 20:20) Nyateƒee, gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe mee nye ɖoɖo nyui si na woke ɖe ame vovovowo ŋu.

11, 12. Ne ètsɔ ale si Yehowa ƒe amewo le nya nyuia gblɔm sɔ kple subɔsubɔha bubuwo tɔ la, nya kae nàgblɔ?

11 Ðe subɔsubɔha siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la ɖea gbeƒã nya nyuia abe ale si Yesu wɔe enea? Zi geɖe la, woƒe hakplɔla siwo woxea fe na lae gblɔa mawunya na hameviwo. Womewɔa nusrɔ̃la yeyewo o, ɖeko wodzea agbagba be yewoƒe hameviwo nagado le haa me o. Ɣeaɖewoɣi wodea dzi ƒo na hameviwo be woayi aɖaɖe gbeƒã, gake ‘afɔtude memua de o.’ Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2001 me la, Papa John Paul II (Jean-Paul II) gblɔ le eƒe lɛta aɖe me be, ele be yewoƒe hameviwo naɖe gbeƒã Nya Nyuia eye woatsɔ dzo ɖe eŋu abe apostolo Paulo ene, ame si gblɔ be: “Ne nyemegblɔ Nya Nyuia o la, baba nam.” Papa la gblɔ kpee be, hameviwo katãe wòle be woawɔ dɔ sia, ke menye ame ʋɛ aɖewo siwo xɔ hehe koe o. Ke hã hamevi akpa gãtɔ mete ŋu wɔ eƒe nyawo dzi o.

12 Ke Yehowa Ðasefowo ya ɖe? Woawo koe ɖea gbeƒã be Yesu zu Fia tso ƒe 1914 me. Woɖoa to Yesu eye wotsɔa gbeƒãɖeɖedɔa ɖoa nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me. (Marko 13:10) Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Gbeƒãɖeɖedɔa le vevie na Yehowa Ðasefowo wu dɔ bubu ɖe sia ɖe.” Eye nuŋlɔlaa he susu yi Ðasefo aɖe ƒe numenya dzi hegblɔ be: “Ne woke ɖe ame siwo dɔ le wuwum, wotsi akogo, alo wole dɔ lém ŋu la, wokpena ɖe wo ŋu, . . . gake woɖoa ŋkui ɣesiaɣi be yewoƒe dɔ vevitɔe nye be, yewoaɖe gbeƒãe be xexea ƒe nuwuwu gogo eye be amegbetɔƒomea hiã ɖeɖekpɔkpɔ.” (Pillars of Faith—American Congregations and Their Partners) Nyateƒee, Yehowa Ðasefowoe le gbeƒã ɖem abe ale si Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo wɔe ene.

AFI KAE DƆA AKEKE TA ASE ÐO, EYE ƔEYIƔI DIDI KAE WÒAXƆ?

13. Afi kae gbeƒãɖeɖedɔa akeke ta ase ɖo?

13 Yesu gblɔ be ye yomedzelawo aɖe gbeƒã nya nyuia “le anyigba blibo la katã dzi.” Ede se na wo be woawɔ “dukɔwo katã me tɔwo” woanye nusrɔ̃lawo. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Esia fia be ele be woaɖe gbeƒã nya nyuia le xexea me katã.

14, 15. Nu kae ɖee fia be Yehowa Ðasefowoe na Yesu ƒe nyagblɔɖia le eme vam? (Kpɔ nɔnɔmetata siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

14 Yesu gblɔe ɖi be woaɖe gbeƒã nya nyuia le xexe bliboa me. Yehowa Ðasefowo koe na be nyagblɔɖi sia le eme vam. Nu ka tae míegblɔe alea? Le Amerika la, subɔsubɔhakplɔla siwo ade 600,000 ye gblɔa mawunya le tsɔtsixɔwo me, evɔ Yehowa Ðasefo siwo anɔ 1,200,000 ye le gbeƒã ɖem nya nyuia le afi sia afi le dukɔa me. Le xexe bliboa me la, Katoliko fada 400,000 ye gblɔa mawunya, gake Yehowa Ðasefo miliɔn 8 kple edzivɔe le nya nyuia gblɔm le dukɔ 240 me. Eme kɔ be Yehowa Ðasefowoe le gbeƒã ɖem le xexea ƒe afi sia afi, eye esia kafua Yehowa hedea bubu eŋu!—Psalmo 34:1; 51:15.

15 Mí Yehowa Ðasefowo míaƒe taɖodzinue nye be míagblɔ nya nyuia na ame geɖe ale si nu míate ŋui hafi nuwuwua naɖo. Míetaa agbalẽ, magazine kple trakt miliɔn geɖe, eye míetaa takpekpe kple Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviwo hã ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 700 me hemaa wo na amewo. Amewo xɔa agbalẽ siawo femaxee. Le ƒe si va yi ɖeɖe ko me la, míeta Biblia-srɔ̃gbalẽ miliɔn 4,500 kloe. Eye míeta Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia miliɔn 200 kple edzivɔ ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 130 me. Azɔ hã nyatakaka siwo le gbegbɔgblɔ 750 kple edzivɔ mee le míaƒe Internet Nyatakakadiƒea. Nyateƒeae nye be, Yehowa Ðasefowo koe le dɔ gã sia gbegbe wɔm.

16. Nu kae na míeka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo dzie Mawu ƒe gbɔgbɔa le?

16 Ɣeyiɣi didi kae míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa axɔ? Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒã nya nyuia va se ɖe esime nuwuwua nava. Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔeae le ŋusẽ dom Ðasefowo wole vevie dom nu le gbeƒãɖeɖedɔa me le ŋkeke mamlɛ siawo me. (Dɔwɔwɔwo 1:8; 1 Petro 4:14) Ame siwo be mawusubɔlawoe yewonye la gblɔna be, yewo dzie Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le. Gake ɖe wote ŋu le dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le le nuwuɣi siawo me la wɔma? Ame aɖewo tee kpɔ be yewoaɖe gbeƒã abe míawo ene gake ɖeko wòglo wo. Didia le ame aɖewo hã me be yewoaɖe gbeƒã gake ƒãa hafi wowɔnɛ. Eye ne ame bubu aɖewo ɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me hã la, menye Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ye wogblɔna o. Eya ta menye dɔ si Yesu wɔ la wɔm wole o.

AME KAWO TUTUTUE LE NYA NYUIA KAKAM EGBEA?

17, 18. (a) Nu kae na míeka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia egbea? (b) Ame kae le kpekpem ɖe mía ŋu be míawɔ dɔ sia awu enu?

17 Ekema ame kawoe le Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gblɔm egbea? Yehowa Ðasefowo ɖeɖe koe! Alekee míewɔ nya? ‘Ame si wodze si la, womesia akaɖi kpɔa mo nɛ le zã me o.’ Míawoe le gbedeasi nyuitɔ, si nye Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gblɔm. Míawoe le mɔnu nyuitɔ zãm, elabe míedia amewo le afi sia afi si míakpɔ wo le. Nu si ʋãa mí míeɖea gbeƒã nya nyuiae nye be, míelɔ̃ Yehowa kple mía haviwo. Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔae keke ta wu, elabe míele gbeƒã ɖem na dukɔwo katã le gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me. Eye míayi Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ dzi va se ɖe nuwuwu!

18 Ale si gbegbe Yehowa ƒe amewo le nya nyuia kakam le ŋkeke mamlɛ siawo me la wɔ nuku ŋutɔ. Gake nu kae na míete ŋu le dɔ gã sia wɔm le xexe bliboa me? Apostolo Paulo gblɔ be: “Mawue nye ame si doa ŋusẽ mi, eye wònaa didia kple ŋusẽ la mi be miawɔ nu si dzea eŋu.” (Filipitɔwo 2:13) Eya ta neva eme be Yehowa nayi edzi ado ŋusẽ mí be míaku kutri ayi nya nyuia gbɔgblɔ dzi!—2 Timoteo 4:5.