Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mikpɔ Masɔmasɔwo Gbɔ Le Lɔlɔ̃ Me

Mikpɔ Masɔmasɔwo Gbɔ Le Lɔlɔ̃ Me

“Minɔ ŋutifafa me kple mia nɔewo.”—MARKO 9:50.

HADZIDZI: 39, 77

1, 2. Nyaʋiʋli kawo ŋue woƒo nu tsoe le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me, eye nu ka tae wòka mí?

ÐE NÈDE ŋugble le nyaʋiʋli siwo ŋu nya wogblɔ le Biblia me ŋu kpɔa? Le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me la, míese be Kain wu Abel (1 Mose 4:3-8); Lamek wu ɖekakpui aɖe si wòbe eƒo ye (1 Mose 4:23); dzre ɖo Abraham ƒe lãkplɔviwo kple Lot ƒe lãkplɔviwo dome (1 Mose 13:5-7); Hagar megabua eƒe aƒenɔ Sara ɖe ɖeke me o, eye Sara trɔ eƒe dzikua kɔ ɖe Abraham dzi (1 Mose 16:3-6); Ismael kɔ eƒe asi dzi ɖe ame sia ame ŋu, eye ame sia ame kɔ asi dzi ɖe eya hã ŋu.—1 Mose 16:12.

2 Nu ka tae woƒo nu tso nyaʋiʋli siawo ŋu le Biblia me? Elabena míate ŋu asrɔ̃ nu tso kuxi siwo me ame madeblibo siawo to la me. Míawo hã míede blibo o, eya ta ne míeɖo nɔnɔme mawo tɔgbi me la, míate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui siwo le Biblia me ahatsri gbegblẽawo. (Romatɔwo 15:4) Esia akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Le nyati sia me la, míasrɔ̃ nu si tae wòle vevie be míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba kple ale si míate ŋu awɔ esiae. Eye míakpɔ Biblia ƒe mɔfiame vevi aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míadzra mía kple amewo dome ɖo ale be mía kple Yehowa dome nanɔ nyuie.

NU SI TAE WÒLE BE MAWU SUBƆLAWO NAKPƆ MASƆMASƆWO GBƆ

4. Nɔnɔme kae le ame akpa gãtɔ si le xexea me, eye nu kae esia he vɛ?

4 Satana koŋ gbɔe wòtso be ɖekawɔwɔ mele amewo dome o. Nu ka tae míegblɔe alea? Satana gblɔ le Eden-bɔa me be ele be amegbetɔ ɖe sia ɖe natso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu na eɖokui, eye mehiã be woanɔ Mawu ƒe kpɔkplɔ te o. (1 Mose 3:1-5) Gake nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me ɖee fia be nu nyui aɖeke medo tso esia me o. Ame geɖe susu be yewokpɔ mɔ atso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu na yewo ɖokui. Esia na wova zu dadalawo, ɖokuitɔdilawo kple ŋuklẽlawo, eye metsɔa fu le lãme na wo ne woƒe nuwɔnawo le nu gblẽm le ame bubuwo ŋu o. Nɔnɔme siawoe na dzrehehewo bɔ ɖe xexea me. Biblia gblɔ be ne míedoa dziku kabakaba la, esia ade dzre mía kple amewo dome eye wòana míada vo geɖe.—Lododowo 29:22.

5. Nu kae Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ atsɔ axe mɔ na masɔmasɔwo?

5 Le Yesu ƒe Todzimawunyaa me la, efia eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ ŋutifafa kaba atsɔ axe mɔ na masɔmasɔwo, ne edze abe esia wɔwɔ made wo dzi o ene gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na wo be woafa tu, woanye ŋutifafalɔ̃lawo, woadzudzɔ dɔmedzoedodo, woakpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba, eye woalɔ̃ woƒe futɔwo.—Mateo 5:5, 9, 22, 25, 44.

6, 7. (a) Nu ka tae wòle vevie be míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba? (b) Nya kawoe wòle be Yehowa ƒe amewo katã nabia wo ɖokuiwo?

6 Gbedodoɖa na Yehowa, gbeƒãɖeɖe kple kpekpeawo dede nye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe. Eya ta ne míegbe ŋutifafawɔwɔ la, míaƒe subɔsubɔ anye dzodzro, madze Yehowa ŋu o. (Marko 11:25) Ele be míatsɔ amewo ƒe vodadawo ake wo hafi míanye Yehowa xɔlɔ̃wo.—Xlẽ Luka 11:4; Efesotɔwo 4:32.

Ðe nètsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo kaba?

7 Yehowa di tso esubɔlawo katã si be woalɔ̃ tsɔtsɔke eye woalé nɔvisi. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe metsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo kaba? Ðe nɔviwo dome nɔnɔ dzɔa dzi nama?’ Ne èkpɔe be esesẽna na ye be yeatsɔ ake amewo la, ke do gbe ɖa ɖokuibɔbɔtɔe nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàlɔ̃ tsɔtsɔke. Mía Fofo si le dziƒo asee ahaɖo eŋu na wò.—1 Yohanes 5:14, 15.

ÐE NÀŊE AÐABA AƑU VODADA AÐEWO DZIA?

8, 9. Nu kae wòle be míawɔ ne ame aɖe da vo ɖe mía ŋu?

8 Mía dometɔ aɖeke mede blibo o, eya ta míate ŋu akpɔ mɔ be amewo agblɔ nya aɖe alo awɔ nane si aku dzi na mí. (Nyagblɔla 7:20; Mateo 18:7) Ne edzɔ alea la, nu kae nàwɔ? Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso nuteƒekpɔkpɔ sia me: Nɔvinyɔnu aɖe do gbe na nɔviŋutsu eve aɖewo. Ale si nɔvinyɔnua do gbea na wo la medze nɔviŋutsuawo dometɔ ɖeka ŋu kura o, eya ta edo dziku eye wòte nɔvinyɔnua ŋu nya gbegblẽwo gbɔgblɔ na nɔviŋutsu evelia. Gake nɔviŋutsu evelia ɖo ŋku edzi nɛ be nɔvinyɔnua le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe ƒe 40 sɔŋ togbɔ be ele nɔnɔme sesẽ geɖewo me tom hã. Eka ɖe edzi nɛ be menye ɖe nɔvinyɔnua ɖoe be yeawɔ nu wòavee o. Nɔviŋutsu si bi dzi la bu nyaa ŋu, eye wògblɔ be, “Nyateƒee nèto.” Esia na wòɖe asi le nyaa ŋu.

9 Nu kae nèsrɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔ sia me? Ne ame aɖe wɔ nu wòve wò la, aleke nàwɔ nui? Ne lɔlɔ̃ le asiwò vavã la, àlɔ̃ atsɔ ake. (Xlẽ Lododowo 10:12; 1 Petro 4:8.) Edzea Yehowa ŋu ŋutɔ ne míetiae be ‘míaŋe aɖaba aƒu agɔdzedze dzi.’ (Lododowo 19:11; Nyagblɔla 7:9) Eya ta tso fifia ne ame aɖe gblɔ nya aɖe alo wɔ nane wòve wò la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe manyo be maŋe aɖaba aƒu edzi oa? Ðe wòle be mayi edzi anɔ nya sia ŋu buma?’

10. (a) Ŋusẽ kae amewo ƒe nyawo kpɔ ɖe nɔvinyɔnu aɖe dzi gbã? (b) Aleke Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe eŋu wòlé eɖokui?

10 Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míaŋe aɖaba aƒu amewo ƒe nya veamewo dzi o. De ŋugble le nɔvinyɔnu gbe sia gbe mɔɖela aɖe si míayɔ be Lucy ŋu kpɔ. Hamea me tɔ aɖewo nɔa gbɔgblɔm le eŋu be mebi ɖe gbeƒãɖeɖe me o eye mewɔa ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie hã o. Esia ɖe fu nɛ vevie, gake ete ɖe nɔvi tsitsi aɖewo ŋu be woakpe ɖe ye ŋu. Ðe esia ɖe vi nɛa? Ɛ̃, egblɔ be: “Wozã Biblia tsɔ kpe ɖe ŋunye be madzudzɔ amewo ƒe nyawo ŋu bubu fũu akpa, ne matsɔ susu aɖo Yehowa ŋu boŋ.” Mateo 6:1-4 (xlẽe) me nyawo de dzi ƒo na nɔvinyɔnua ŋutɔ. Mawunyakpukpui mawo ɖo ŋku edzi nɛ be dzidzɔdodo na Yehowa ƒe dzie nye nu vevitɔ. Esia na wòtiae be yeaŋe aɖaba aƒu nya veameawo dzi. Fifia ne amewo le nya mawo tɔgbi gblɔm tso eƒe subɔsubɔdɔa ŋu la, medoa dziku o, elabe enyae be yeƒe agbagbadzedzewo dzea Yehowa ŋu.

NE MÀTE ŊU AŊE AÐABA AƑU VODADA AÐE DZI O

11, 12. (a) Nu kae wòle be nàwɔ ne èkpɔe be “nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò”? (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Abraham kpɔ masɔmasɔ aɖe gbɔe me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

11 “Mí katã míedaa vo zi geɖe.” (Yakobo 3:2) Eya ta tsɔe be èsee be wò nyagbɔgblɔ alo nuwɔna aɖe te ɖe nɔvi aɖe dzi. Nu kae nàwɔ? Yesu gblɔ be: “Ne ètsɔ wò nunana va vɔsamlekpuia gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nàdzo ayi. Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.” (Mateo 5:23, 24) Eya ta yi nɔviwòa gbɔ miagblɔe. Yi kple taɖodzinu be miawɔ ŋutifafa. Lɔ̃ ɖe wò vodada dzi eye mègabu fɔ nɔvia o. Ŋutifafawɔwɔ kple mía nɔviwoe nye nu vevitɔ.

Yi kple taɖodzinu be miawɔ ŋutifafa

12 Biblia fia ale si Mawu subɔlawo awɔ ŋutifafa kple wo nɔewo ne ʋiʋli ɖo wo dome la mí. Le kpɔɖeŋu me, esi alẽwo kple nyiwo va sɔ gbɔ ɖe Abraham kple eƒe tɔɖiyɔvi Lot si la, dzre dzɔ ɖe woƒe lãkplɔviwo dome le esi anyigba la mede wo nu o ta. Esi Abraham di ŋutifafa ta la, ena Lot tia anyigbaa ƒe akpa si dze eŋu. (1 Mose 13:1, 2, 5-9) Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi! Anyigba dama aɖe to Abraham ŋu ya, gake ɖe dɔmenyonyo alea gblẽ nu le eŋua? Kura o! Le nudzɔdzɔ ma megbe kpuie la, Yehowa do ŋugbe na Abraham be yeayrae geɖe. (1 Mose 13:14-17) Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Ne masɔmasɔwo gbɔ kpɔkpɔ le lɔlɔ̃ me abia be nanewo nabu na mí gɔ̃ hã la, Yehowa ayra mí geɖe wu. [1]—Kpɔ dzesidenya la.

13. Aleke takpekpedɔwɔƒe dzikpɔla aɖe wɔ nui esi nɔvi aɖe da gbe ɖe egbɔ, eye nu kae nèsrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋu nyuia me?

13 De ŋugble le egbegbe kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Takpekpedɔwɔƒe dzikpɔla aɖe ƒo ka na nɔviŋutsu aɖe hebiae ne ate ŋu ava kpe asi ɖe dɔa ŋu. Nɔviŋutsua da gbe ɖe egbɔ eye wòtsi telefon la. Nu ka tae? Elabe takpekpedɔwɔƒe ma dzikpɔla xoxoa wɔ nane si kpɔtɔ le dzi kum nɛ. Dɔdzikpɔla yeyea medo dziku o, gake megblẽ nyaa ɖi nenema hã o. Le gaƒoƒo ɖeka megbe la, egaƒo ka na nɔviŋutsua ake eye wògblɔ nɛ be anyo be yewoado go. Nɔviŋutsu eveawo do go le Fiaɖuƒe Akpata me le kwasiɖa si kplɔe ɖo me, eye esi wodo gbe ɖa na Yehowa vɔ la, woɖo dze abe gaƒoƒo ɖeka ene. Nɔviŋutsua gblɔ nu si dɔdzikpɔla xoxoa wɔ ɖe eŋu. Dɔdzikpɔla yeyea ɖo to se eƒe nyawo katã veveseɖeamenutɔe, eye wodzro mawunyakpukpui aɖewo me. Esia na nɔviŋutsu eve siawo kpɔ nyaa gbɔ le ŋutifafa me eye wowɔ dɔ aduadu le takpekpea me. Edzɔ dzi na nɔviŋutsua be dɔdzikpɔla yeyea ƒo nu na ye le tufafa me.

ƔEKAƔIE NÀDI HAMEMETSITSIWO ƑE KPEKPEÐEŊU?

14, 15. (a) Ɣekaɣie wòle be míawɔ ɖe mɔfiame siwo le Mateo 18:15-17 dzi? (b) Afɔ etɔ̃ kawoe Yesu gblɔ be míaɖe, eye nu kae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu le wo me?

14 Zi geɖe la, Kristotɔwo ate ŋu akpɔ wo kple wo nɔviwo dome nyawo gbɔ le woawo ɖeɖe ko dome, eye aleae wòle be woawɔe hã. Gake ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme aɖewo biana be míawɔ ɖe mɔfiame si le Mateo 18:15-17 dzi. (Xlẽe.) “Nu vɔ̃” si Yesu yɔ le afi sia mefia nya suesue siwo tea ŋu ɖoa Kristotɔwo dome o. Nu ka tae míegblɔe alea? Yesu gblɔ be ne nu vɔ̃ wɔlaa gbe dzimetɔtrɔ eye meɖo to nɔvia o, meɖo to ɖasefowo o, eye meɖo to hamemetsitsiwo hã o la, ekema woabui “abe dukɔwo me tɔ kple adzɔxɔla ene.” Esia fia be woaɖee le hamea me. “Nu vɔ̃” si Yesu wɔnɛ le afi sia ƒe ɖewoe nye ametafatafa kple ameŋugbegblẽ. Gake nu vɔ̃wo abe ahasiwɔwɔ, ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, xɔsegbegbe, alo trɔ̃subɔsubɔ ene mele eme o, elabe hamemetsitsiwo koe wòle be woakpɔ nu vɔ̃ siawo gbɔ.

Ate ŋu ahiã be nàyi nɔviwòa gbɔ zi geɖe ale be miawɔ ŋutifafa (Kpɔ memama 15)

15 Míelɔ̃ mía nɔviwo, eye esia tae Yesu ɖo aɖaŋu mawo na mí be yeafia ale si míakpe ɖe wo ŋui la mí. (Mateo 18:12-14) Aleke nàwɔ ɖe eƒe mɔfiamea dzii? (1) Ele be wò ɖeɖe nàdze agbagba ayi egbɔ ne miawɔ ŋutifafa. Ate ŋu ahiã be nàyi egbɔ zi gbɔ zi geɖe. Nu kae nàwɔ ne èwɔ esia gake miete ŋu wɔ ŋutifafa o? (2) Ele be nàkplɔ nɔvi bubu si nya nu tso nyaa ŋu, alo nɔvi si ate ŋu ade dzesii ne ŋkubiãnyae wònye nyateƒe ne miayi egbɔ. Ne miekpɔ nyaa gbɔ la, “ekema èɖe nɔviwò.” Gake ne èɖe afɔ siawo heƒo nu kple nɔvia zi geɖe, evɔ miete ŋu wɔ ŋutifafa o ko hafi (3) nàgblɔe na hamemetsitsiwo.

16. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yesu ƒe mɔfiamea nye mɔ nyuitɔ si dzi míato akpɔ masɔmasɔwo gbɔ le lɔlɔ̃ me?

16 Enyo ŋutɔ be menye ɣesiaɣie wòhiãna be míaɖe afɔ etɔ̃ siwo woyɔ le Mateo 18:15-17 la katã o. Nu ka tae míegblɔe alea? Elabena edzɔna enuenu be nu vɔ̃ wɔlaa dea dzesi eƒe vodada eye wòɖɔa nɔnɔmea ɖo, ale be mahiã be woaɖee le hamea me o. Ele be ame si dzi wòdze agɔa le la hã nalɔ̃ faa atsɔ akee be ŋutifafa nava. Eya ta Yesu ƒe nyawo na wòdze ƒãa be mele be míatsɔ dzitsitsi atsɔ nya siwo gbɔ míawo ŋutɔ míate ŋu akpɔ hafi la ayi na hamemetsitsiwo o. Negbe ɖe míeɖe afɔ eve gbãtɔawo wòglo, eye kpeɖodzi li be agɔdzedzea nye ŋkubiãnya hafi.

17. Yayra kawoe míakpɔ ne ‘míedia ŋutifafa’?

17 Esi blibomademade ɖo mí abe axɔ̃ ene ta la, míadze agɔ le mía nɔviwo dzi ɣeaɖewoɣi kokoko. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, enye ame deblibo si ate ŋu ade ga eƒe ŋutilã bliboa hã.” (Yakobo 3:2) Be míakpɔ masɔmasɔwo gbɔ la, ele be míadze agbagba ɖe sia ɖe be ‘míadi ŋutifafa ahati eyome.’ (Psalmo 34:14) Ne míele ŋutifafa me kple mía nɔviwo la, míazu xɔlɔ̃ nyuiwo, eye ɖekawɔwɔ anɔ mía dome. (Psalmo 133:1-3) Ƒo wo katã ta la, mía kple Yehowa, “Mawu si naa ŋutifafa,” dome anɔ nyuie. (Romatɔwo 15:33) Yayra siawo katã asu mía si ne míekpɔa masɔmasɔwo gbɔ le lɔlɔ̃ me.

^ [1] (memama 12) Ame bubu siwo kpɔ masɔmasɔwo gbɔ le lɔlɔ̃ mee nye: Yakob, ewɔ ŋutifafa kple Esau (1 Mose 27:41-45; 33:1-11); Yosef, ewɔ ŋutifafa kple nɔviawo (1 Mose 45:1-15); kple Gideon, ewɔ ŋutifafa kple Efrayimtɔwo (Ʋɔnudrɔ̃lawo 8:1-3). Ðewohĩ wò susu yi Biblia me kpɔɖeŋu bubuwo dzi.