Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Akpe Ðe Ŋuwò Nàtso Nya Me Nyuie?

Nu Kae Akpe Ðe Ŋuwò Nàtso Nya Me Nyuie?

“Miyi edzi miakpɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu adze sii.”—EFESOTƆWO 5:17.

HADZIDZI: 69, 57

1. Se siwo wode na mí le Biblia me dometɔ aɖewoe nye kawo, eye aleke wo dzi wɔwɔ ɖea vi na míi?

YEHOWA de sewo na mí le Biblia me siwo na míenya nu si tututu wòdi tso mía si. Le kpɔɖeŋu me, ede se na mí be míatsri trɔ̃subɔsubɔ, fififi, ahamumu, matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ. (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Eye Yehowa ƒe Vi Yesu hã de se si me kɔ la na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi. Eye kpɔ ɖa, meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mateo 28:19, 20) Nu sia nu si Yehowa kple Yesu gblɔ be míawɔ la ɖea vi na míawo ŋutɔ. Yehowa ƒe sewo fiaa ale si míakpɔ mía ɖokui kple míaƒe ƒomewo dzii la mí, wokpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na dɔléle aɖewo, eye wonana míekpɔa dzidzɔ. Vevietɔ wu la, Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ nana míaƒe nu dzea eŋu eye wòyraa mí; se si wode be míaɖe gbeƒã hã le eme.

2, 3. (a) Nu ka tae Biblia mede sewo ku ɖe nɔnɔme ɖe sia ɖe si míado goe le agbe me ŋu o? (b) Biabia kawo ƒe ŋuɖoɖowoe míakpɔ le nyati sia me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

2 Biblia mede sewo ku ɖe nɔnɔme ɖe sia ɖe si míado goe le agbe me ŋu na mí o. Le kpɔɖeŋu me, mede se tẽe ku ɖe awu siwo wòle be míado ŋu o. Esia ɖe Yehowa ƒe nunya si me goglo la fia. Togbɔ be amewo ƒe awudodo to vovo le xexea ƒe akpa sia akpa, eye awu ƒe atsyãwo nɔa tɔtrɔm ɣesiaɣi hã la, nya si Biblia gblɔ tso míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ŋu la nu meyina o. Eye mede se gbogbowo ku ɖe dɔ siwo wòle be míawɔ, nu siwo míatsɔ aɖe modzakae, alo nu siwo tututu míawɔ be míanɔ lãmesẽ me ŋu na mí o. Yehowa ɖe mɔ be míawo ŋutɔ alo ƒome ƒe tawo natso nya me le nu siawo ŋu.

3 Ne ehiã be míatso nya me le nu vevi aɖe ŋu le agbe me evɔ Biblia mede se aɖeke ku ɖe eŋu tẽe o la, ke míate ŋu abia be: ‘Ðe ale si matso nya me le vevie na Yehowa? Ne nu si meɖo be mawɔ menye dada le Biblia ƒe se aɖeke dzi o la, ɖe wòfia be Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe eŋua? Nu kae ana mawɔ tiatia si ado dzidzɔ nɛ?’

MÍAƑE NYAMETSOTSOWO KPƆA ŊUSẼ ÐE AMEWO DZI

4, 5. Ŋusẽ kae míaƒe nyametsotsowo kpɔna ɖe mía kple ame bubuwo dzi?

4 Ame aɖewo susuna be yewoate ŋu awɔ nu sia nu si dze yewo ŋu. Gake nu si dzea Yehowa ŋue wòle be míawɔ. Eya ta hafi míatso nya me le nane ŋu la, ele be míatɔ sẽe ade ŋugble le nu si Biblia gblɔ ŋu, eye míadze agbagba awɔ ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ Mawu ƒe susu ku ɖe ʋu zazã ŋu na mí, eya ta míewɔna ɖe edzi. (1 Mose 9:4; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Anyo be míado gbe ɖa abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu be míaƒe nyametsotsowo nadze eŋu.

5 Míaƒe nyametsotsowo ɖea vi na mí loo alo gblẽa nu le mía ŋu. Ne míetso nya me nyuie la, ana mía kple Yehowa dome nanyo. Gake ne míetso nya me nyuie o la, agblẽ mía kplii dome. Míaƒe nyametsotsowo kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo hã dzi. Míadi gbeɖe be míawɔ naneke si agblẽ nu le mía nɔviwo ŋu alo aɖia wo nu o. Eye míadi hã be míade dzre nɔviwo dome alo agblẽ hamea ƒe ŋutifafa me o. Eya ta ele vevie be míatso nya me nyuie ɣesiaɣi.—Xlẽ Romatɔwo 14:19; Galatiatɔwo 6:7.

6. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele nya me tsom?

6 Aleke míatso nya me nyuie ne Biblia megblɔ nu si tututu wòle be míawɔ la na mí o? Mele be míabui be míevo awɔ nu si míedi o, ke boŋ ele be míade ŋugble le nɔnɔmea ŋu nyuie ahawɔ nu si ado dzidzɔ na Yehowa. Ekema míate ŋu aka ɖe edzi be ana míakpɔ dzidzedze.—Xlẽ Psalmo 37:5.

NU KAE YEHOWA DI BE MAWƆ?

7. Ne Biblia mede se ku ɖe nane ŋu tẽe o la, aleke míawɔ anya nu si adze Yehowa ŋu?

7 Ke aleke míawɔ anya nu si ado dzidzɔ na Yehowa? Efesotɔwo 5:17 gblɔ na mí be: “Miyi edzi miakpɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu adze sii.” Ne Biblia mede se le nane ŋu tẽe o la, ke ele be míadze agbagba be míanya nu si Yehowa di tso mía si. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Ele be míado gbe ɖa nɛ eye míana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ mí.

8. Gblɔ ale si Yesu kpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu dze sii la ƒe kpɔɖeŋu.

8 Yesu kpɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu dzea sii ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, zi eve sɔŋ esi dɔ nɔ ameha siwo nɔ Yesu ŋu wum la, edo gbe ɖa eye wòna nuɖuɖu wo nukutɔe. (Mateo 14:17-20; 15:34-37) Gake esi dɔ nɔ Yesu ŋutɔ wum le gbedadaƒo eye Abosam gblɔ nɛ be wòatrɔ kpe wòazu abolo la, egbe. (Xlẽ Mateo 4:2-4.) Yesu nya Yehowa nyuie, eya ta ekpɔe dze sii be ye Fofo madi be yeazã gbɔgbɔ kɔkɔea atsɔ akpɔ yeƒe ŋutilãmehiahiãwo gbɔ o. Eka ɖe edzi be ye Fofo afia mɔ ye ahana nuɖuɖu ye le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.

9, 10. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie ɣesiaɣi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Abe Yesu ene la, míate ŋu atso nya me nyuie ɣesiaɣi ne míewɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Biblia gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ana wò mɔwo nadzɔ. Mèganye nunyala le ɖokuiwò ŋkume o. Vɔ̃ Yehowa, eye nàtsri vɔ̃.” (Lododowo 3:5-7) Ne míesrɔ̃ Biblia hekpɔ Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu la, míanya nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Eye zi ale si míele si dzem Yehowa ƒe susu la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe na mí be míatso nya me wòadze eŋu. Esia ana “dzi si wɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi” la nasu mía si.—Ezekiel 11:19, etenuŋɔŋlɔ.

10 Tsɔe be srɔ̃nyɔnu aɖe kpɔ afɔkpa nyui aɖe esi wòyi fiase me. Gake afɔkpaa xɔ asi ŋutɔ. Togbɔ be srɔ̃aŋutsua mele afi ma kplii o hã la, enya be makpɔ dzidzɔ ne yezã ga gbogbo ma ɖe afɔkpaa ŋu o. Aleke wòwɔ nya? Woɖe wo nɔewo ɣeyiɣi aɖee nye ema, eye enya ale si srɔ̃a di be yewoazã yewoƒe gae. Nenema kee ne míenya Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu kpakple nu siwo wòwɔ va yi la, ana míanya ale si wòdi be míawɔ nui le nɔnɔme ɖe sia ɖe me.

ALEKE NÀWƆ ANYA YEHOWA ƑE SUSU LE NUWO ŊU?

11. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui ne míele Biblia xlẽm alo le nu srɔ̃m? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ne Èle Biblia Srɔ̃m La, Bia Ðokuiwò Be.”)

11 Aleke míawɔ anya Yehowa ƒe susu? Nu vevitɔ si míawɔ ye nye be míanɔ Biblia xlẽm ahanɔ esrɔ̃m ɣesiaɣi. Ne míele exlẽm la, míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Nu kae nya sia fiam tso Yehowa ŋu? Nu ka tae wòwɔ nu alea?’ Abe David ene la, míawo hã míate ŋu abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míadze si eyama nyuie. David gblɔ be: “Oo Yehowa, na manya wò mɔwo; fia wò toƒewom. Na mazɔ le wò nyateƒe la me, eye nàfia num, elabena wòe nye nye xɔname Mawu la. Wòe mele mɔ kpɔm na ŋkeke blibo la.” (Psalmo 25:4, 5) Ɣesiaɣi si míele nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu la, ele be míanɔ ŋugble dem le nɔnɔme siwo me míate ŋu awɔ eŋudɔe le la ŋu. Ðe nàte ŋu azã nu si nèsrɔ̃ la le wò ƒomea me, le dɔ me, le suku, alo le gbeadzia? Ne míede ŋugble le nɔnɔme aɖe koŋ ŋu la, anɔ bɔbɔe na mí be míakpɔ ale si Yehowa di be míawɔ nufiamea ŋu dɔe la adze sii.

Be míanya Yehowa ƒe susu la, ele vevie be míanɔ Biblia xlẽm ahanɔ esrɔ̃m ɣesiaɣi

12. Aleke míaƒe agbalẽwo kple kpekpeawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya Yehowa ƒe susu le nu vovovowo ŋu?

12 Nu bubu si akpe ɖe mía ŋu míanya Yehowa ƒe susu le nuwo ŋue nye be míalé to ɖe nu siwo eƒe habɔbɔa fiaa mí tso Biblia me ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ne míedi be míatso nya me le nane ŋu la, Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ Yehowa ƒe susu le eŋu. Míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã ate ŋu aɖe vi na mí ne míeɖoa to nyuie, ɖoa nya ŋu hedea ŋugble le nu siwo wole mía fiam ŋu. Esiawo akpe ɖe mía ŋu míabu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene. Eye ana míaƒe nyametsotsowo nadze eŋu eye wòayra ɖe wo dzi.

DE ŊUGBLE LE YEHOWA ƑE SUSUWO ŊU HAFI NÀTSO NYA ME

13. Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be ne míebu Yehowa ƒe susu nane ŋu la akpe ɖe mía ŋu míatso nya me le nunya me?

13 Míate ŋu atso nya me nyuie ne míedea ŋugble le Yehowa ƒe susu le nyaawo ŋu ŋuti. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Ðewohĩ èdi be yeawɔ mɔɖeɖedɔa. Ètrɔ asi le wò dɔwɔɖoɖowo ŋu ale be nàte ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Gake esi esia ana wò fetu dzi naɖe akpɔtɔ eye nanewo magate ŋu asu asiwò o ta la, wò susu le wɔwɔm eveve ne nyametsotso sia ana nàkpɔ dzidzɔ. Ele eme baa be Biblia megblɔ be ele be míawɔ mɔɖeɖedɔa kokoko hafi míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu o. Eye ne míenye gbeƒãɖelawo hã míate ŋu asubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Gake Yesu gblɔ be Yehowa yraa ame siwo tsɔa nanewo saa vɔe ɖe Fiaɖuƒea ta. (Xlẽ Luka 18:29, 30.) Biblia gblɔ hã be edzea Yehowa ŋu ne míewɔa míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe le eyama kafukafu me, eye wòdi be míasubɔ ye kple dzidzɔ. (Psalmo 119:108; 2 Korintotɔwo 9:7) Ne míede ŋugble le nya sia ŋu hedo gbe ɖa tso eŋu la, ana míatso nya me ale si dze, eye Yehowa ayra ɖe edzi.

14. Aleke nàwɔ anya ne awu ƒe atsyã aɖe adze Yehowa ŋu?

14 Kpɔɖeŋu bubu aɖee nye esi: Awu ƒe atsyã aɖe koŋ dzɔa dzi na wò, gake ènya be ne yedo awu ma la, aɖia hamea me tɔ aɖewo nu. Biblia megblɔ nya aɖeke tso atsyã ma tututu ŋu o. Eya ta aleke nàwɔ anya Yehowa ƒe susu le eŋu? Biblia gblɔ na mí be: “Nyɔnuwo . . . nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me, menye le ɖaƒoƒo ƒe atsyãwo kple sika alo dzonuwo alo awu xɔasiwo dodo me o, ke boŋ woaɖo atsyɔ̃ abe ale si wòdze nyɔnu siwo vɔ̃a Mawu la ene, le dɔ nyuiwo wɔwɔ me.” (1 Timoteo 2:9, 10) Yehowa subɔlawo katãe aɖaŋuɖoɖo sia yi na, ŋutsuwo hã le eme. Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, míagblɔ gbeɖegbeɖe be nu si amewo agblɔ le míaƒe awudodowo ŋu la meka mí o. Eye esi míelɔ̃ mía nɔviwo ta la, míewɔa naneke si aɖia wo nu o. (1 Korintotɔwo 10:23, 24; Filipitɔwo 3:17) Ne míebua Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu kple nya si Biblia gblɔ tso eŋu ŋu la, míaƒe nyametsotsowo adze eŋu.

15, 16. (a) Ne míeyia edzi nɔa gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna makɔmakɔwo ŋu bum la, aleke Yehowa ase le eɖokui me? (b) Ne míele modzakaɖeɖe tiam la, aleke míawɔ anya esi adze Yehowa ŋu? (d) Aleke míatso nya me le agbemenya veviwo ŋu?

15 Míesrɔ̃e le Biblia me be ne amewo wɔa nu vɔ̃ɖiwo hebua susu vɔ̃wo la, etena ɖe Yehowa dzi vevie eye wògbãa dzi nɛ. (Xlẽ 1 Mose 6:5, 6.) Edze ƒãa be Yehowa medi be míanɔ nu siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃wo ɖe mía me la ŋu bum o. Nyateƒeae nye be, ne míebua nu mawo ŋu la, ate ŋu ana míawɔ wo. Yehowa di be míanɔ nu siwo le dzadzɛ kple nu siwo nyo boŋ ŋu bum. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ tso Yehowa ƒe nunya ŋu be: “Gbã la, ele dzadzɛ, azɔ hã, ewɔa ŋutifafa, esea nu gɔme, elɔ̃na faa ɖoa to, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũu, medea vovototo amewo me o, alakpanuwɔwɔ mele eme o.” (Yakobo 3:17) Eya ta Biblia fia mí be míatsri modzakaɖeɖe ɖe sia ɖe si ate ŋu aƒã nu makɔmakɔwo ɖe susu me na mí alo ana wòadzro mí. Eye ne míekpɔ nu siwo Yehowa lɔ̃ kple nu siwo wòlé fui dze sii nyuie la, anɔ bɔbɔe na mí be míanya agbalẽ, sinima kple fefe siwo míatia. Mahiã be míabia amewo be woatso nya me na mí o.

16 Zi geɖe la, ne míedi be míatso nya me le nane ŋu la, tiatia geɖewo li míawɔ wòadze Yehowa ŋu. ‘Vi bianyatase medzɔa lã o,’ eya ta ne nyametsotso vevi aɖee wònye la, anyo be míabia hamemetsitsi alo nɔvi kpɔnuteƒe aɖe be wòaɖo aɖaŋu na mí. (Tito 2:3-5; Yakobo 5:13-15) Mele be míabia be amea natso nya me na mí o. Ke boŋ míade ŋugble le nu si wofia mí tso Biblia me ŋu nyuie atso nya me le mía ɖokui si. (Hebritɔwo 5:14) Apostolo Paulo gblɔ be: “Ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.”—Galatiatɔwo 6:5.

17. Ne míaƒe nyametsotsowo dzea Yehowa ŋu la, vi kae wòaɖe na mí?

17 Ne míaƒe nyametsotsowo dzea Yehowa ŋu la, mía kplii dome nyona ɖe edzi, ekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu eye wòyraa mí. (Yakobo 4:8) Esia nana míegaxɔa Yehowa dzi sena geɖe wu. Eya ta mina míanɔ ŋugble dem le nu siwo míexlẽna le Biblia me ŋu ale be míanya Mawu ƒe susu le nuwo ŋu. Nyateƒee wònye be míate ŋu asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu avɔ gbeɖe o. (Hiob 26:14) Gake ne míedze agbagba srɔ̃ nu geɖe tso eŋu fifia la, míadze nunya eye míaƒe nyametsotsowo anyo ɣesiaɣi. (Lododowo 2:1-5) Amegbetɔwo ƒe susuwo kple ɖoɖowo nɔa tɔtrɔm ɣesiaɣi, gake Yehowa ya metrɔna gbeɖe o. Psalmo ŋlɔla ɖeka gblɔ be: “Yehowa ƒe nyametsotsowo ya li tegbee; eƒe dzimesusuwo li tso dzidzime yi dzidzime.” (Psalmo 33:11) Ɛ̃, míate ŋu atso nya me nyuie ɣesiaɣi ne míesrɔ̃ ale si Yehowa bua nuwo ŋu eye míewɔa nu siwo dzea eŋu.