Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se

Xɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se

“Xɔse nye . . . kpeɖodzi si dze ƒãa be nu siwo kpɔm womele o la li ŋutɔŋutɔ.”—HEB. 11:1.

HADZIDZI: 54, 125

1. Aleke wòle be míabu xɔse si le mía si?

NƆNƆME xɔasi aɖee Kristotɔwo ƒe xɔse nye. Menye amewo katã sie wòle o. (2 Tes. 3:2) Ke hã, Yehowa naa “xɔse ƒe dzidze” aɖe esubɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe. (Rom. 12:3; Gal. 5:22) Ele be ame siwo katã si xɔse le la nada akpe ɖe eta.

2, 3. (a) Ne xɔse le mía si la, aleke wòɖea vi na mí? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Yesu Kristo gblɔ be ye Fofo si le dziƒo la hea amewo ɖe eɖokui ŋu to Vi la dzi. (Yoh. 6:44, 65) Ne amewo xɔ Yesu dzi se la, esia wɔnɛ be Mawu tsɔa woƒe nu vɔ̃wo kea wo. Esia hã ʋua mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be woava nɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa tegbee. (Rom. 6:23) Ðe míedze na yayra wɔnuku sia? Esi míenye nu vɔ̃ wɔlawo ta la, ku koe míedze na. (Ps. 103:10) Ke hã, Yehowa kpɔe be ŋutetea le mía ŋu be míawɔ nu si le eteƒe. Le eƒe amenuveve geɖea ta la, eʋu míaƒe dziwo be míaxɔ nya nyuia. Esia wɔe be míeva xɔ Yesu dzi se hele mɔ kpɔm be míava nɔ agbe tegbee.—Xlẽ 1 Yohanes 4:9, 10.

3 Gake nu ka tututue nye xɔse? Ne míenya nu siwo wɔm Mawu le na mí fifia kple nu siwo wòava wɔ na mí le etsɔme la, ɖe wòfia be xɔse le mía sia? Eye vevietɔ wu la, mɔ kawo nue wòle be míaɖee afia le be xɔse le mía si?

‘XƆE SE LE WÒ DZI ME’

4. Ne xɔse le mía si la, aleke wòdzena le míaƒe nuwɔna me?

4 Ne míexɔ Yehowa kple Yesu dzi se la, menye ɖeko míenyaa nu siwo wowɔ na mí kple nu siwo woava wɔ na mí le etsɔme ko evɔ o, ke míedina vevie hã be míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ne míexɔ mɔ si dzi Mawu ato aɖe mí dzi se la, esia aʋã mí míaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo. Apostolo Paulo ɖe eme be: “Ne ètsɔ wò nu ɖea gbeƒã le dutoƒo be Yesu nye Aƒetɔ, eye nèxɔna sena le wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ekema àkpɔ ɖeɖe. Elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, ke wotsɔa nu ʋua eme le dutoƒo hena ɖeɖekpɔkpɔ.”—Rom. 10:9, 10; 2 Kor. 4:13.

5. Nu ka tae xɔse le vevie ŋutɔ, eye aleke míate ŋu ayi edzi anɔ ŋusẽ domee? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

5 Eme kɔ ƒãa be hafi míate ŋu anɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me la, ele be xɔse nanɔ mía si eye míayi edzi anɔ ŋusẽ domee. Míate ŋu atsɔ ale si wòle vevie be míanɔ ŋusẽ dom míaƒe xɔse asɔ kple ale si wòle vevie be woanɔ tsi dem seƒoƒo. Seƒoƒo ŋutɔŋutɔ mele abe aŋeseƒoƒo siwo amewo wɔna ene o, elabena seƒoƒo ŋutɔŋutɔ ya yia edzi nɔa tsitsim. Ne womedea tsii edziedzi o la, ayrɔ, gake ne wodea tsii edziedzi la, atsi nyuie. Nenema kee ne womegale tsi dem seƒoƒo si le tsitsim la ale si dze o la, ate ŋu ava ku mlɔeba. Alea kee wòle le xɔse hã gome. Ne mímedoa ŋusẽ míaƒe xɔse o la, agbɔdzɔ eye wòava ku mlɔeba. (Luka 22:32; Heb. 3:12) Gake ne míedoa ŋusẽ míaƒe xɔse ale si dze la, anɔ “tsitsim,” eye ‘míasẽ ŋu le xɔse me.’—2 Tes. 1:3; Tito 2:2.

ALE SI BIBLIA ÐƆ XƆSE

6. Nu eve kawoe Hebritɔwo 11:1 gblɔ tso xɔse ŋu?

6 Ale si Biblia ɖɔ xɔsee la dze le Hebritɔwo 11:1. (Xlẽe.) Xɔse ku ɖe nu eve aɖewo siwo míekpɔna kple ŋku o ŋu: (1) “Nu si wole mɔ kpɔm na”—esia fia nu siwo ŋugbe Mawu do be woava eme le etsɔme gake womeva eme haɖe o. Le kpɔɖeŋu me, vɔ̃ɖinyenye ɖeɖe ɖa kple xexe yeyea ƒe vava. (2) “Nu siwo kpɔm womele o [siwo] li ŋutɔŋutɔ.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “kpeɖodzi si dze ƒãa” le nya sia me la fia ‘kpeɖodzi si naa kakaɖedzi ame’ be nu siwo kpɔm womele o la li ŋutɔŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, míenyae be Yehowa Mawu, Yesu Kristo kple mawudɔlawo li ŋutɔŋutɔ, eye Dziƒofiaɖuƒea hã nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ. (Heb. 11:3) Aleke míaɖee afia be míexɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se eye míeka ɖe edzi be nu siwo kpɔm míele o la li ŋutɔŋutɔ? Míawɔ esia to nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me, elabena esiawo manɔmee la, míaƒe xɔsea made blibo o.

7. Aleke Noa ƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe mía ŋu míese nu si wòfia be xɔse nanɔ ame si gɔme? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

7 Hebritɔwo 11:7 he susu yi Noa, ame si “Mawu na toklãe tso nu siwo womekpɔ haɖe o ŋu, [si ɖe] mawuvɔvɔ̃ fia, eye wòkpa aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe” la ƒe xɔse dzi. Esi Noa xɔ Mawu dzi se ta la, ekpa aɖakaʋu gã aɖe. Ðikeke mele eme o be, eŋɔlimetɔwo biae be nu ka tae wòle aɖakaʋu gã ma gbegbe kpam mahã. Ðe Noa zi kpi kpɔ wo alo gblɔ na wo be wo gbɔ nya kae wòtsɔ hã? Kura o! Eƒe xɔse ʋãe wòɖi ɖase na wo dzinɔameƒotɔe hexlɔ̃ nu wo tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna ŋu. Anɔ eme godoo be Noa gblɔ nya siwo tututu Yehowa gblɔ nɛ la na wo be: “Meɖoe be matsrɔ̃ ŋutilãwo katã, elabena wona ŋutasesẽ yɔ anyigba la dzi fũu . . . Mahe tsiɖɔɖɔ ava anyigba la dzi, ne matsrɔ̃ ŋutilã ɖe sia ɖe si me agbegbɔgbɔ le la ɖa le dziƒoa te. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃.” Azɔ hã, ɖikeke mele eme o be, Noa gblɔ mɔ ɖeka kolia si dzi woato akpɔ ɖeɖe la na wo le Mawu ƒe gbe si va nɛ la nu be: ‘Miyi ɖe aɖakaʋu la me.’ Noa to esia me zu “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela”; ale wògaɖee fia be xɔse le ye si.—1 Mose 6:13, 17, 18; 2 Pet. 2:5.

8. Nya kae gbɔgbɔ ʋã nusrɔ̃la Yakobo wògblɔ tso xɔse vavã ŋu?

8 Anɔ eme be esi gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòƒo nu tso nu si xɔse fia ŋu megbe kpuie ye Yakobo ŋlɔ eƒe agbalẽa. Abe Paulo ke ene la, Yakobo hã ɖe eme be xɔse vavã mefia be woaka ɖe nane dzi ko evɔ o; ele be dɔwɔwɔ nakpe ɖe eŋu. Yakobo ŋlɔ bena: “Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔ mekpe ɖo o lam, eye nye hã mafia nye xɔse la wò to nye dɔwɔwɔwo me.” (Yak. 2:18) Eyome eɖee fia kɔtɛ be, ne woka ɖe nane dzi la, mefia be xɔse le ame si o. Gbɔgbɔ vɔ̃wo ka ɖe edzi be Mawu li, gake womexɔ Yehowa dzi se o. Ke boŋ wotsia tsitre ɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu vevie. (Yak. 2:19, 20) Gake esi Yakobo nɔ nu ƒom tso xɔsetɔ aɖe si nɔ anyi le blema ŋu la, ebia be: “Ðe womebu mía fofo Abraham ame dzɔdzɔe to dɔwɔwɔ me, esi wòtsɔ via Isak na le vɔsamlekpui la dzi oa? Èkpɔe be eƒe xɔse zɔ aduadu kple eƒe dɔwɔwɔwo, eye eƒe dɔwɔwɔwo na eƒe xɔse la de blibo.” Eyome Yakobo te gbe ɖe edzi be ele be woaɖe xɔse afia to dɔwɔwɔwo me esi wògblɔ be: “Ale si ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la, nenema kee xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.”—Yak. 2:21-23, 26.

9, 10. Aleke apostolo Yohanes kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ale si wòle vevie be míaɖe xɔse afia?

9 Ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔ megbe la, apostolo Yohanes ŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽa kple agbalẽ etɔ̃ bubuwo. Ðe eƒe nyawo wɔ ɖeka kple nya vevi siwo gbɔgbɔ ʋã Biblia-ŋlɔla bubuwo wogblɔ tso nu si xɔse vavã fia ŋua? Yohanes ye zã Helagbe me nya si gɔme woɖena ɣeaɖewoɣi be “xɔ edzi se” la wu Biblia-ŋlɔla bubuawo.

10 Le kpɔɖeŋu me, Yohanes gblɔ be: “Ame si xɔa Vi la dzi sena la, agbe mavɔ le esi; ame si meɖoa to Vi la o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia edzi.” (Yoh. 3:36) Xɔse si le Kristotɔwo si la bia be woawɔ Yesu ƒe sewo dzi. Enuenu la, Yohanes tea gbe ɖe Yesu ƒe nya siwo fia be ele be míayi edzi anɔ eɖem fia be xɔse le mía si la dzi.—Yoh. 3:16; 6:29, 40; 11:25, 26; 14:1, 12.

11. Aleke míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒea si míeva nya ŋu?

11 Aleke gbegbe wòle be míada akpee nye esi be Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ɖe nyateƒea fia mí hekpe ɖe mía ŋu míexɔ nya nyuia dzi se! (Xlẽ Luka 10:21.) Ele be míayi edzi anɔ akpe dam na Yehowa ɖaa be ete mí ɖe eɖokui ŋu to Via, si nye “míaƒe xɔse ƒe Kplɔla Vevitɔ kple Ame si na míaƒe xɔse de blibo la” dzi. (Heb. 12:2) Be míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe amenuveve gã sia ŋu la, ele be míanɔ ŋusẽ dom míaƒe xɔse to gbedodoɖa kple Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ dzi.—Ef. 6:18; 1 Pet. 2:2.

Wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nàtsɔ agblɔ nya nyuia na amewo atsɔ aɖe wò xɔse afia (Kpɔ memama 12)

12. Mɔ kawo nue wòle be míaɖe xɔse afia le?

12 Ele be míanɔ eɖem fia be míexɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se. Ele be ale si míewɔa esiae la nadze ƒãa amewo nakpɔ. Le kpɔɖeŋu me, míeɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea hekpɔa gome le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míeyia edzi ‘wɔa nyui na amewo katã, vevietɔ na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me.’ (Gal. 6:10) Eye míedzea agbagba ‘ɖea amenyenye xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa’ henɔa ŋudzɔ ɖe nu sia nu si ate ŋu agblẽ nu le ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome ŋu la ŋu.—Kol. 3:5, 8-10.

MAWU DZI XƆXƆ SE NYE MÍAƑE GƆMEÐOANYIA ƑE AKPA AÐE

13. Aleke gbegbee “Mawu dzi xɔxɔ se” le vevie? Nu kae wotsɔe sɔ kple, eye nu ka tae?

13 Biblia gblɔ be: “Ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze Mawu ŋu nyuie o, elabena ele be ame sia ame si tena vaa Mawu gbɔ la naxɔe ase be eli, eye wònyea teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie.” (Heb. 11:6) Mawu ƒe Nya la gblɔ tso “Mawu dzi xɔxɔ se” ŋu be enye “gɔmeɖoanyi” si hiã be ame nava zu Kristotɔ vavã eye wòayi edzi awɔ nuteƒe la ƒe akpa aɖe. (Heb. 6:1) Ele be Kristotɔwo natsɔ nɔnɔme nyui bubuwo “akpe ɖe [woƒe] xɔse ŋu” ahatui ɖe gɔmeɖoanyi ma dzi ale be “woanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa.”—Xlẽ 2 Petro 1:5-7; Yuda 20, 21.

14, 15. Nu ka tae wòhiã be lɔlɔ̃ nanɔ mía si ke menye xɔse ɖeɖe ko o?

14 Biblia-ŋlɔla siwo nye Kristotɔwo la ƒo nu tso xɔse ŋu zi alafa geɖe tsɔ te gbe ɖe eƒe vevienyenye dzi. Womeƒo nu tso nɔnɔme nyui bubu siwo Kristotɔwo hiã la ŋu de enu o. Gake ɖe ema fia be xɔse ye nye nɔnɔme vevitɔ si wòle be wòanɔ Kristotɔwo sia?

15 Esi Paulo tsɔ xɔse nɔ sɔsɔm kple lɔlɔ̃ la, egblɔ be: “Ne . . . xɔse le asinye ale gbegbe be mate ŋu aho towo, gake lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenye naneke o.” (1 Kor. 13:2) Yesu te gbe ɖe lɔlɔ̃ na Mawu, si nye nɔnɔme vevitɔ la dzi esi wòɖo biabia si nye, “Sedede kae nye gãtɔ le Se la me?” la ŋu. (Mat. 22:35-40) Lɔlɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míetua Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui siwo dome xɔse hã le la ɖo. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: ‘Lɔlɔ̃ xɔa nuwo katã dzi sena.’ Exɔa nu siwo Mawu gblɔ le eƒe Nya si nye nyateƒe la me dzi sena.—1 Kor. 13:4, 7.

16, 17. Aleke wote gbe ɖe xɔse kple lɔlɔ̃ siaa dzi ɖekae le Ŋɔŋlɔawo me, gake wo dometɔ kae le vevie wu, eye nu ka tae?

16 Esi lɔlɔ̃ kple xɔse le vevie ta la, Biblia-ŋlɔla siwo nye Kristotɔwo te gbe ɖe nɔnɔme nyui eve siawo dzi ɖekae enuenu, eye zi geɖe la, wodzena le nyafɔkpe ɖeka ma ke me. Paulo de dzi ƒo na ehati Kristotɔwo be woado “xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu la.” (1 Tes. 5:8) Petro ŋlɔ bena: “Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e. Togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔa edzi sena, eye miekpɔa dzidzɔ gã manyagblɔ hetsoa aseye.” (1 Pet. 1:8) Yakobo bia nɔvia amesiaminawo be: “Ðe Mawu metia ame siwo nye ame dahewo le xexea ƒe nukpɔkpɔ nu, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple domenyilawo le Fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la me oa?” (Yak. 2:5) Yohanes ŋlɔ bena: “[Mawu ƒe] sedede lae nye be: míaxɔ Via Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo.”—1 Yoh. 3:23.

17 Togbɔ be xɔse le vevie hã, ne Mawu ƒe ŋugbedodo siwo míele mɔ kpɔm na va eme vɔ la, xɔse magahiã o. Gake ahiã be míalɔ̃ Mawu kple mía haviwo yi ɖe mavɔmavɔ me. Esia tae Paulo ŋlɔ bena: “Ke azɔ la, nu etɔ̃ siawoe kpɔtɔ li: xɔse, mɔkpɔkpɔ, lɔlɔ̃; ke esi ƒo wo tae nye lɔlɔ̃.”—1 Kor. 13:13.

XƆSE ÐEÐE FIA SI ÐE DZESI

18, 19. Xɔse ɖeɖe fia ɖedzesi ka teƒe kpɔm míele egbea, eye ame kae wòle be míatsɔ kafukafua ana ɖe esia ta?

18 Le míaƒe ŋkekea me la, Yehowa ƒe amewo xɔ nu siwo Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu dzi se. Esia wɔe be wo ame siwo wu miliɔn enyi sɔŋ va le gbɔgbɔmeparadiso me le xexea me godoo. Nu si tae nye be ame gbogbo siwo le gbɔgbɔmeparadiso sia me la ɖea Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea fiana. (Gal. 5:22, 23) Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple xɔse ɖeɖe fia ɖedzesi ka gbegbee nye esi!

19 Womate ŋu atsɔ esia ƒe kafukafu ana ame aɖeke o. Mía Mawu la gbɔe esia tso. Nukunu sia na ‘Yehowa ƒe ŋkɔ nyɔ, eye wònye dzesi mavɔ si nu mayi akpɔ gbeɖe o.’ (Yes. 55:13) Vavãe, “Mawu ƒe nunanae” wònye be ‘woaɖe mí to xɔse me.’ (Ef. 2:8) Míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa ayi edzi anɔ ta kekem ahanɔ nyonyom ɖe edzi va se ɖe esime anyigba dzi yɔ kple ame dzɔdzɔe deblibo siwo anɔ anyi le dzidzɔ me hena Yehowa ƒe ŋkɔa ƒe kafukafu tegbee. Neva eme be míayi edzi axɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi ase!