GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 2016

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso October 24 va se ɖe November 27, 2016 la le tata sia me.

Mègana ‘Wò Asiwo Nado Agblɔ O’

Aleke Yehowa doa ŋusẽ esubɔlawo hedea dzi ƒo na wo egbea? Aleke wò hã nàwɔe?

Ʋli Sesĩe Be Yehowa Nayra Wò

Mawu ƒe amewo toa nɔnɔme sesẽ geɖewo me esi wole agbagba dzem be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu. Gake woate ŋu aɖu dzi!

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu kae nye “Mawu ƒe nya” si ŋu Hebritɔwo 4:12 gblɔ le be ele “agbe, eye ŋusẽ le eŋu”?

Ale Si Míaʋli Nya Nyuia Ta Le Dumegãwo Ŋkume

Míate ŋu asrɔ̃ nu tso nuteƒekpɔkpɔ siwo su Paulo si le eŋɔli me ʋɔnudrɔ̃nyawo me la me.

Ðe Wò Awudodo Dea Bubu Mawu Ŋua?

Ŋɔŋlɔawo ate ŋu afia mɔ mí le esia ŋu.

Na Yehowa Ƒe Mɔfiafia Naɖe Vi Na Wò

Ðasefo siwo le Poland kple Fiji wɔ nu si me nunya le.

Ðeviwo, Mido Ŋusẽ Miaƒe Xɔse

Ðe amewo ƒoa nya ɖe nuwò be nàxɔ amedzɔtsokeseme dzi se, ke menye be Wɔla aɖee wɔ nuwo oa? Ne ele alea la, ke nyatakaka sia aɖe vi na wò.

Dzilawo, Mitu Mia Viwo Ƒe Xɔse Ðo

Ðe wòwɔna na wò ɣeaɖewoɣi be yemate ŋui oa? Kpɔ nu ene siwo nàwɔ be nàkpɔ dzidzedze.