Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo, Mido Ŋusẽ Miaƒe Xɔse

Ðeviwo, Mido Ŋusẽ Miaƒe Xɔse

“Xɔse nye . . . kpeɖodzi si dze ƒãa be nu siwo kpɔm womele o la li ŋutɔŋutɔ.”—HEB. 11:1.

HADZIDZI: 41, 69

1, 2. Alekee woƒoa nya ɖe ɖeviwo kple sɔhɛwo nu egbea, eye nu kae woate ŋu awɔ tso eŋu?

“WÒ SI ƒe tagbɔ kɔ alea ye be yexɔ Mawu dzi sea?” Nya siae mía nɔvinyɔnuvi sue aɖe si le Britania ƒe sukuvi aɖe gblɔ nɛ. Nɔviŋutsu aɖe si le Germania gblɔ be: “Nye nufialawo gblɔ tso xexemewɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi si le Biblia me ŋu be enye nyakpakpa. Woƒe susu koe nye be sukuviwo katã xɔ amedzɔtsokeseme ƒe nufiafia dzi se.” Nɔvinyɔnuvi Fransetɔ aɖe hã gblɔ be: “Ewɔa nuku na nye nufialawo be sukuvi aɖewo gaxɔ Biblia dzi se kokoko.”

2 Ne ènye ɖevi si le Yehowa subɔm alo fifia hafi nèle nu srɔ̃m tso Eŋu la, ɖe amewo ƒoa nya ɖe nuwò be nàxɔ amedzɔtsokeseme dzi ase, ke menye be Wɔla aɖee wɔ nuwo oa? Ne ele alea la, ke nanewo li nàwɔ atsɔ atu wò xɔse ɖo be wòali ke. Ðekae nye be nàzã tamebubu ƒe ŋutete si Mawu na wò, eyae “adzɔ ŋuwò.” Akpɔ tawò be xexemenunya nagagblẽ wò xɔse dome o.—Xlẽ Lododowo 2:10-12.

3. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Ele be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si hafi míaƒe xɔse me nasẽ. (1 Tim. 2:4) Eya ta ne èle Mawu ƒe Nya kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo srɔ̃m la, mègaƒu du to nusɔsrɔ̃a me dzradzradzra o. Zã wò tamebubuŋutete be ‘nàse nu si xlẽm nèle gɔme.’ (Mat. 13:23) Ewɔwɔ alea ana ale si nèxɔ Mawu si nye Wɔla la kple Biblia dzi se me nasẽ ɖe edzi. Esiawo ŋuti “kpeɖodzi si dze ƒãa” la sɔ gbɔ wu taɖa. Na míadzro eme kpɔ.—Heb. 11:1.

NU SI NÀWƆ BE NÀDO ŊUSẼ WÒ XƆSE

4. Nu ka tae Mawu dzixɔse kple afi si agbe dzɔ tso siaa bia xɔse ƒomevi aɖe? Ke nu kae wòle be mí katã míawɔ?

4 Ðe ame aɖe gblɔ na wò kpɔ be, ‘Nye ya mexɔ amedzɔtsokeseme dzi se elabe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖo kpe edzi. Aleke wɔ nèxɔ Mawu dzi se evɔ ame aɖeke mekpɔe kpɔ o?’ Ame geɖe gblɔa nya sia. Gake ele be wòanɔ susu me na mí be: Ame aɖe xɔ Mawu dzi se alo ɖaxɔ amedzɔtsokeseme dzi se o, evea siaa bia xɔse ƒomevi aɖe. Nu ka tae míegblɔe alea? Mía dometɔ aɖeke mekpɔ Mawu alo kpɔ eteƒe esime wònɔ nuwo wɔm o. (Yoh. 1:18) Nenema kee ame aɖeke, eɖanye dzɔdzɔmeŋutinunyala o, mekpɔ eteƒe nu gbagbe aɖe trɔ le nu gbagbe bubu zum kpɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖeke mekpɔ adoglo wòtrɔ vivivi zu gbɔ̃ kpɔ o. (Hiob 38:1, 4) Eya ta ɖeko mí katã míalé ŋku ɖe kpeɖodziawo ŋu ade ŋugble tso wo ŋu ahatso nya me. Apostolo Paulo gblɔ tso nuwɔwɔwo ŋu be: “[Mawu ƒe] nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi, elabe wodze ƒãa le nu siwo wòwɔ la me, ɛ̃, eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple Mawunyenye la dzena, ale be womate ŋu ado taflatsɛ o.”—Rom. 1:20.

Wɔ nu siwo habɔbɔa na mí ŋu dɔ nàtsɔ adzro nu me kple amewo (Kpɔ memama 5)

5. Nu kawoe wona mí Mawu ƒe amewo be wòakpe ɖe mía ŋu míazã míaƒe tamebubuŋutete?

5 Be “ame nakpɔ nu adze sii” fia be wòakpɔ nane si ɖewohĩ amewo makpɔ alo ade dzesii enumake o. (Heb. 11:3) Eya ta ame siwo kpɔa nu dzea sii la zãa woƒe susu, ke menye woƒe ŋkuwo alo towo ko o. Yehowa ƒe habɔbɔa ku nu me nyuie hena nu vovovo siwo akpe ɖe mía ŋu la mí. Nu siawo nana ‘míekpɔa’ mía Wɔla la kple míaƒe xɔseŋkuwo. (Heb. 11:27) Woƒe ɖewoe nye Wonders of Creation (alo, Merveilles de la création) ƒe video la, Was Life Created? (La vie a-t-elle été créée ?) kple The Origin of Life (Origine de la vie) gbalẽ gbadzaawo kpakple Creator (alo Créateur) gbalẽa. [1]Nyati bubu siwo ɖea kpe ŋutɔ la le míaƒe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me. Wobiaa gbe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple ame bubu siwo ɖe nu si tae wova xɔ Mawu dzi se azɔ me hetanɛ ɖe Nyɔ! me zi geɖe. Nyati siwo ƒe tanyae nye “Ðe Wowɔea?” hea susu yia nu vovovo siwo ƒe wɔwɔme wɔ nuku ŋutɔ la dzi. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔa esiawo dzi tsɔ wɔa nu bubuwo.

6. Vi kae nu siwo habɔbɔa na mí la zazã ɖe na nɔvi aɖewo, eye aleke woɖe vi wò hãe?

6 Ƒe 19-vi aɖe si le Amerika gblɔ le yevugbe me gbalẽ gbadza eveawo ŋu be: “Wokpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Mesrɔ̃ agbalẽawo gasrɔ̃ wo zi gbɔ zi geɖe.” Nɔvinyɔnu Fransetɔ aɖe gblɔ be: “Nyati siwo nye ‘Ðe Wowɔea?’ blea fu lãme nam! Wona mekpɔe be mɔ̃ɖaŋudɔwɔla bibiwo ate ŋu akpɔ dzɔdzɔmenuwo ƒe nɔnɔme dzi awɔ nu bubuwo gake wo tɔa made nua ŋutɔŋutɔ nu gbeɖe o.” Ƒe 15-vi aɖe si le Anyiehe Afrika dzilawo gblɔ be: “Nu gbãtɔ si mía vinyɔnua xlẽna le Nyɔ! me zi geɖee nye ‘Gbebiame’ ƒe nyatia.” Ke wò ya ɖe? Ðe nèwɔa nunana nyui siawo katã ŋu dɔ bliboea? Woate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse wòava nɔ abe ati si ƒe ke yi tome ʋĩi ene. Esia ana wò xɔse nate ŋu anɔ te ɖe aʋatsonufiafiawo ƒe yaƒoƒowo nu.—Yer. 17:5-8.

DO ŊUSẼ ALE SI NÈXƆ BlBLIA DZI SE

7. Nu ka tae Mawu di be nàzã wò tamebubuŋutete?

7 Ðe wògblẽ be nàbia nya siwo ɖe fu na wò tso Biblia ŋua? Gbeɖe! Yehowa di be nàzã wò “tamebubuŋutete” be nàkpɔ nyateƒea adze sii. Medi be nànɔ yeƒe amewo dome dzro ko o. Eya ta bu tame nyuie be nyateƒea ƒe sidzedze nasu asiwò. Sidzedze ma azu xɔse vavã ƒe gɔmeɖoanyi si li ke. (Xlẽ Romatɔwo 12:1, 2; 1 Timoteo 2:4.) Mɔ aɖe si dzi nàto be sidzedze sia nasu asiwòe nye be nàwɔ ɖoɖo asrɔ̃ nu tso nyati tɔxɛ aɖewo ŋu.

8, 9. (a) Nyati kawo ŋue ame aɖewo adi be yewoasrɔ̃ nu tsoe? (b) Esi nɔvi aɖewo de ŋugble le nu si wosrɔ̃ ŋu la, vi kae wòɖe na wo?

8 Ame aɖewo ɖoe be yewoasrɔ̃ nu tso Biblia me nyagblɔɖiwo ŋu alo aku nu me tso ale si ŋutinyaŋlɔlawo, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple blematomenukulawo ɖo kpe Biblia me nuŋlɔɖiwo dzii ŋu. Nyagblɔɖi ʋãme si ŋu nàte ŋu asrɔ̃ nu tsoe nye 1 Mose 3:15. Kpukpui ma he susu yi Biblia me nyati vevi si nye Mawu ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli kple eƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ to Fiaɖuƒea dzi la dzi. Kpukpuia zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ tsɔ ɖɔ ale si Yehowa aɖe fukpekpe siwo va amegbetɔƒomea dzi tso esime wodze aglã ɖe eŋu le Eden la ɖa. Mɔ ka nue nàsrɔ̃ nua le? Ðekae nye be nàɖo ɣeyiɣiawo ɖe agbalẽ dzi. Eyome nàŋlɔ mawunyakpukpui vevi siwo fia ale si Mawu ɖe ame vovovo kple ɖoɖo siwo ŋu nya wogblɔ le kpukpuia me la ɖe go vivivi, si ɖo kpe edzi be nyagblɔɖi sia ava eme. Ne èkpɔ ale si kpukpui vovovoawo de nu wo nɔewo mee la, ɖikeke mele eme o be àƒo nya ta be “gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã” nyagblɔɖilawo kple Biblia ŋlɔlawo katã vavã.—2 Pet. 1:21.

9 Nɔviŋutsu aɖe si le Germania ƒo nu tso ale si Fiaɖuƒea ŋu nya dze le Biblia gbalẽwo katã me ŋu, eye wògblɔ be: “Ele alea togbɔ be ame 40 sɔŋ ye ŋlɔ Biblia. Wo dometɔ geɖe nɔ agbe le ɣeyiɣi vovovowo me eye womenya wo nɔewo ŋkume kple ŋkume o hã.” Nyati aɖe si ku ɖe gɔmesese si le Ŋutitotoa ŋu si dze le December 15, 2013 ƒe Gbetakpɔxɔ me wɔ dɔ ɖe nɔvinyɔnu Australiatɔ aɖe dzi vevie. Azã tɔxɛ ma do ƒome kple 1 Mose 3:15 kple Mesia si ŋugbe wodo la. Nɔvinyɔnua gblɔ be, “Nusɔsrɔ̃ ma ʋu nye ŋkuwo ale be mekpɔ ale si gbegbe Yehowa loloe. Ale si wòte ŋu wɔ ɖoɖo sia na Israel-viwo kpakple ale si wòva eme ɖe Yesu dzi de ƒu tome nam ŋutɔ. Eva hiã be matɔ ade ŋugble le ale si nu si woɖu le Ŋutitotoa dzi la nye nyagblɔɖi wɔnuku aɖe la ŋu!” Nu kae na nɔvinyɔnua se le eɖokui me alea? Eyae nye be eyi ŋugble me ʋĩi le nu si wòxlẽ ŋu si na ‘wòse egɔme.’ Esia do ŋusẽ eƒe xɔse eye wòtee ɖe Yehowa ŋu.—Mat. 13:23.

10. Aleke Biblia ŋlɔlawo ƒe anukwareɖiɖi nana míegaxɔa woƒe nuŋlɔɖiawo dzi se geɖe wu?

10 Nu bubu si doa ŋusẽ ame ƒe xɔse si ŋu nàte ŋu asrɔ̃ nu tsoe ye nye Biblia ŋlɔlawo ƒe dzideƒo kple anukwareɖiɖi. Blema ŋutinyaŋlɔla geɖe kafua woƒe kplɔlawo wògbɔa eme eye wodoa woƒe fiaɖuƒewo ɖe dzi. Gake Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo ya toa nyateƒe ɣesiaɣi. Wolɔ̃ faa ŋlɔ nu tso wo detɔwo kple woƒe fiawo gɔ̃ hã ƒe vodadawo ŋu. (2 Kron. 16:9, 10; 24:18-22) Eye woʋu go woawo ŋutɔwo ƒe vodadawo kple Mawu subɔla bubuwo hã tɔwo. (2 Sam. 12:1-14; Marko 14:50) Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si le Britania gblɔ be: “Anukwareɖiɖi alea mebɔ kura o. Esia na míegakana ɖe edzi wu be Biblia tso Yehowa gbɔ nyateƒe.”

11. Nu kae akpe ɖe mi ɖeviwo ŋu miakpɔ asixɔxɔ si le Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu?

11 Nu bubu si na ame geɖewo xɔe se be Biblia tso Mawu ƒe gbɔgbɔ mee nye mɔfiame nyui siwo le eme. (Xlẽ Psalmo 19:7-11.) Ðetugbui aɖe si le Japan gblɔ be: “Ne míaƒe ƒomea wɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi la, míekpɔa dzidzɔ vavã. Ŋutifafa, ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ nɔa mía dome.” Biblia ƒe mɔfiafia dzi zɔzɔ kpɔa mía ta tso alakpasubɔsubɔ kple aʋatsodzixɔse siwo wɔ ame geɖe kluvii la me. (Psalmo 115:3-8) Ðe xexemenunya si nye be Mawu aɖeke meli o ɖea vi na amewoa? Gbeɖe. Ðeko nufiafiawo abe amedzɔtsokeseme ene nana dzɔdzɔmenuwo dzena abe mawu aɖe ene, eye wotsɔa kafukafu si Yehowa ɖeɖe dze na la nana dzɔdzɔmenuwo. Ame siwo xɔe se be Mawu aɖeke meli o la, gblɔna be míaƒe etsɔme le míawo ŋutɔ si me. Gake esia menaa mɔkpɔkpɔ nyui aɖeke mí o.—Ps. 146:3, 4.

DE ŊUGBLE KPLE AMEWO

12, 13. Mɔ nyui ka dzie nàto adzro nuwo wɔwɔ alo Biblia me kple sukuhatiwo, nufialawo alo ame bubuwo?

12 Nu kae nàwɔ be wò nyawo nade dzi gbɔ na amewo ne èle nu me dzrom kpli wo ku ɖe nuwo wɔwɔ kple Biblia ŋu? Gbãtɔe nye be, mègasusui enumake be yenya nu si dzi amewo xɔ se o. Elabe ame aɖewo gblɔna be yewoxɔ amedzɔtsokeseme dzi se gake ewɔna na wo be Mawu li. Wosusui be ɖeko Mawu to nɔnɔmetɔtrɔ dzi wɔ nu gbagbe bubuwo. Ame aɖewo hã gblɔna be nu si tae yewoxɔ amedzɔtsokeseme dzi see nye be ne nya ma menye nyateƒe o la, anye ne womanɔ yewo fiam le suku o. Ame bubuwo hã megava xɔ Mawu dzi se o le subɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo ta. Eya ta hafi nàdzro afi si agbe dzɔ tso me kple ame aɖe la, anyo be nàbia eƒe susu gbã. Dze agbagba nànya nu si dzi wòxɔ se. Ne èse nu gɔme nɛ heɖo toe nyuie la, ɖewohĩ eya hã alɔ̃ aɖo to wò.—Tito 3:2.

13 Gake ne èkpɔe be ame aɖe le tsitre tsim ɖe wò dzixɔse si nye be ɖe wowɔ nuwo ŋu la, àte ŋu atrɔ nyaa ada ɖe edzi aɖaŋutɔe. Biae be wòaɖe ale si agbe dzɔ Wɔla manɔmee la me na ye. Àte ŋu agblɔ be ne ɖe nuwo dzɔ le wo ɖokui si la, ke ele be ŋutete nanɔ nu gbagbe gbãtɔa si be wòadzi alo be wòagbugbɔ awɔ etɔgbiwo. Nu gbagbewo ƒe wɔwɔme ŋuti nufialagã aɖe gblɔ be nu siwo ahiã hafi esia nanya wɔ ƒe ɖewoe nye be (1) ayi alo agbadze si akpɔ eta nanɔ eŋu, (2) ŋutete nanɔ esi be woahe ŋusẽ ahawɔ eŋutidɔ, (3) nyatakakawo nanɔ eƒe domenyiŋusẽa me, eye (4) ŋutete nanɔ esi hã be woagbugbɔ nyatakaka mawo anɔ ŋɔŋlɔm. Egblɔ kpee be: “Ale si nu gbagbe suetɔ kekeake gɔ̃ hã de ŋgɔe la wɔa nuku na ame ale gbegbe.”

14. Nu kae nàwɔ ne ewɔ na wò be yemate ŋu adzro nuwo wɔwɔ ƒe dzixɔsea me kple amewo o?

14 Ne edze abe esesẽ na wò be nàdzro amedzɔtsokeseme alo nuwo wɔwɔ ƒe nufiafia me kple amewo ene la, àte ŋu ade ŋugble kpli wo le mɔ bɔbɔe nu abe ale si Paulo wɔe ene. Egblɔ be: “Aƒe sia aƒe la, amee tsonɛ, ke ame si wɔ nuwo katãe nye Mawu.” (Heb. 3:4) Susu le nya sia me eye wòwɔa dɔ ŋutɔ! Kakaɖedzitɔe la, nunyala aɖee wɔ nu gbagbe siwo de ŋgɔ sãsãsã wu la. Àte ŋu azã agbalẽ aɖe si sɔ hã faa. Nɔvinyɔnu aɖe tsɔ agbalẽ gbadza eve siwo míeyɔ la na ɖekakpui aɖe si gblɔ be yemexɔe se be Mawu li o eye be yeka ɖe nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi. Anɔ abe kwasiɖa ɖeka ene la, ɖekakpuia gblɔ be, “Mexɔ Mawu dzi se azɔ.” Esia na wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ɖekakpuia eye wòva zu mía nɔvi.

15, 16. Mɔ vovovo kawo dzie nàte ŋu ato adzro Biblia me kple amewo, eye nu kae anye wò taɖodzinu?

15 Àte ŋu azã mɔnu bɔbɔe sia ke ne èle nu me dzrom kple ame si meka ɖe Biblia dzi o. Dze agbagba nànya nu si tututu dzi wòxɔ se kple nyati si me wòadi be míadzro. (Lod. 18:13) Ne ètsɔ ɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya me la, gblɔ kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be nya siwo Biblia gblɔ le dzɔdzɔmenuwo ŋu la wɔ ɖeka pɛpɛpɛ kple nu siwo ŋu nunyalawo ke ɖo. Kpɔɖeŋu siwo ɖo kpe edzi be Biblia me nyagblɔɖiwo kple ŋutinyawo le eteƒe tututu la awɔ dɔ ɖe ame bubuwo dzi. Eye àte ŋu ahe susu ayi Biblia me mɔfiamewo abe esiwo le Todzimawunyaa me ene dzi.

16 Ðo ŋku edzi be èdi be nyaa nade dzi gbɔ na ameawo ke menye be nàhe nya kpli wo aɖu wo dzi o. Eya ta ɖo to wo nyuie. Bia nya wo tso dzi me, eye nàƒo nu na wo le tufafa kple bubu me, vevietɔ ne ame tsitsiwoe nèle dzea ɖom kplii. Esia ate ŋu ana woade bubu wò nyawo ŋu. Ana woakpɔe hã be èbua tame le nu vevi siwo dzi nèxɔ se ŋu. Ema ye ɖevi geɖe mewɔna o. Gake anyo be wòanɔ susu me na wò be menye dzizizie wònye be nàɖo nya ŋu na ame siwo le akpasesẽnya hem alo di be yewoako wò ɖe wò dzixɔsewo ta la o.—Lod. 26:4.

WƆ NYATEƑEA TƆWÒE

17, 18. (a) Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyateƒea tɔwòe? (b) Biabia ka ŋue míaɖo le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Menye Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ɖeɖe koe nana ame ƒe xɔse lia ke o. Eya ta ku Mawu ƒe Nya la me veviedodotɔe abe kesinɔnu siwo ɣla dim nèle ene. (Lod. 2:3-6) Wɔ dɔwɔnu bubu siwo le mia degbe me ŋu dɔ nyuie siwo ƒe ɖewoe nye, Gbetakpɔxɔ Agbalẽdzraɖoƒe si le DVD dzi alo esi le Internet dzi kple Watch Tower Publications Index (alo Index des publications Watch Tower) kpakple Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo. Azɔ hã ɖoe be yeaxlẽ Biblia bliboa. Àte ŋu aɖoe be kaka ɣleti 12 nava yi la, yeaxlẽe awu enu. Naneke medoa ŋusẽ míaƒe xɔse wu Mawu ƒe Nya la xexlẽ o. Esi nutome sue dzikpɔla aɖe nɔ nu siwo me wòto le ɖevime ŋu bum la, egblɔ be: “Esi mexlẽ Biblia tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu ko hafi meva kpɔe be enye Mawu ƒe Nya vavã. Ema na mese Biblia me ŋutinya siwo wofiam esime menye ɖevi sue la me nyuie mlɔeba. Esia kpe ɖe ŋunye metsi le gbɔgbɔ me.”

18 Dzilawo, miawo koŋue afia nu mia viwo tso Yehowa ŋu. Aleke nàkpe ɖe viwò ŋu be wòatu xɔse sẽŋu ɖo? Míadzro biabia sia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

[Dzesidenya]

^ [1] (memama 5) Kpɔ nyati siwo nye “Aleke Nu Gbagbewo Wɔ Va Dzɔ?” le January 15, 2015 ƒe Nyɔ!, axa 3-6; “Nuwɔwɔwo Ðea Mawu Gbagbe La Fiana,” le October 15, 2013 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 7; kple “Nuwɔwɔ Wɔnukuwo Doa Yehowa Ðe Dzi” le November 15, 2005 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 13.