Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ʋli Sesĩe Be Yehowa Nayra Wò

Ʋli Sesĩe Be Yehowa Nayra Wò

Ète kame kple Mawu kpakple amegbetɔ, eye nète ŋui.”—1 MOSE 32:28.

HADZIDZI: 60, 38

1, 2. Futɔ kawoe wòle be Yehowa subɔlawo nawɔ avu kple?

TSO nuteƒewɔla gbãtɔ Abel dzi kee mawusubɔla wɔnuteƒewo le avuwɔwɔ dzi va se ɖe egbea. Apostolo Paulo gblɔ le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Hebri Kristotɔwo me be ‘wodo dzi eye woʋli vevie le fukpekpewo me’ be Yehowa nayra wo. (Heb. 10:32-34) Paulo tsɔ avu si wɔm Kristotɔwo le la sɔ kple hoʋlila siwo nɔ blema Hela, abe duɖimekelawo, kametelawo kple kɔdalawo ene. (Heb. 12:1, 4) Egbea míele agbedu ƒum, eye futɔ aɖewo di vevie be yewoatɔtɔ mí, ade afɔ atame na mí míadze anyi, aƒo mí aƒu anyi ahagblẽ míaƒe dzidzɔ kple etsɔmemɔkpɔkpɔ me.

2 Gbã la, ele be míate kame sesĩe kple Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖia. (Ef. 6:12) Ele vevie be míagaɖe mɔ be “nu siwo li ke sesĩe” le xexe sia me nagblẽ nu le mía ŋu o. Wo dometɔ aɖewoe nye woƒe nufiafiawo, xexemenunya kple agbe baɖa nɔnɔ abe ahasiwɔwɔ, atamanono alo aha tsu nono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã ene. Azɔ hã, ehiã be míayi edzi anɔ avu wɔm kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kpakple nu siwo ɖea dzi le ame ƒo.—2 Kor. 10:3-6; Kol. 3:5-9.

3. Mɔ kawo dzie Mawu tona naa hehe mí be míakpe akɔ kple míaƒe futɔwo?

3 Ðe míate ŋu aɖu futɔ sesẽ siawo dzia? Ɛ̃, míate ŋui, gake ahiã be míaʋli vevie. Paulo tsɔ eɖokui sɔ kple blema kɔdalawo eye wògblɔ be: “Ale si mele nye kɔwo dam la, menye be mada dadagbo o.” (1 Kor. 9:26) Menye ɖeko kɔdala nɔa kɔ tum ame kemɛa ko o, ke ekpɔa eɖokui ta hã. Nenema kee wòle be míaxe alo ade axa na míaƒe futɔwo ƒe kɔwoe. Yehowa le mía mlam hele kpekpem ɖe mía ŋu le esia me. Etoa eƒe Nya la dzi naa mɔfiame siwo axɔ mí ɖe agbe la mí. Eye etoa míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo, Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpe suewo kple gãawo dzi doa ŋusẽ mí. Ðe nètsɔa nu siwo nèsrɔ̃na dea dɔwɔwɔ mea? Ne mèwɔa esia o la, ke èle “dadagbo” dam, eye wò futɔa aɖu dziwò bɔbɔe.

4. Nu kae míawɔ be nu vɔ̃ɖi nagaɖu mía dzi o?

4 Ne míele ŋudzɔ o la, míaƒe futɔwo adze mía dzi atu nu kpli mí, vevietɔ ne míegbɔdzɔ, eya ta ele be míanɔ dzadzraɖoɖi. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.” (Rom. 12:21) Nya dedziƒoname si nye be míagaɖe mɔ “nu vɔ̃ɖi naɖu” mía dzi o ɖee fia be míate ŋu aɖu nu vɔ̃ɖi dzi. Míate ŋu awɔ esia ne míeyi avuwɔwɔa dzi tamanamanae. Gake ne míeɖe ŋu ɖi vie alo dzudzɔ avuwɔwɔa ko la, Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖia kpakple míaƒe blibomademade akpe mía dzi. Mègana Satana nado vɔvɔ̃dzi na wò ale be wò asiwo nado agblɔ wòaɖu dziwò gbeɖe o!—1 Pet. 5:9.

5. (a) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi aʋli be Mawu nayra mí? (b) Ame kawo ƒe kpɔɖeŋuwo mee míadzro?

5 Hafi ame si le kame tem naɖu dzi la, mele be wòaŋlɔ susu si ta wòle hoa ʋlim ɖo la be o. Be míaƒe nu nadze Mawu ŋu wòayra mí la, ele be míaƒe susu nanɔ Hebritɔwo 11:6 ƒe nya siwo ŋu kakaɖedzi le la ŋu be: “Ame sia ame si tena vaa Mawu gbɔ la naxɔe ase be eli, eye wònyea teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie.” Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “dinɛ vevie” la fia kutrikuku kple veviedodo. (Dɔw. 15:17) Ŋutsu kple nyɔnu geɖe siwo do vevie nu di Yehowa ƒe yayra la ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo le Ŋɔŋlɔawo me na mí. Yakob, Rahel, Yosef kple Paulo to nɔnɔme sesẽ siwo na nu te wo ŋu vevie me, gake wona míekpɔe be dzidodo hea yayra geɖe vanɛ. Aleke míate ŋu asrɔ̃ ame ene siawo, siwo ʋli va se ɖe nuwuwu ƒe kpɔɖeŋu?

KUTRIKUKU HEA YAYRAWO VANƐ

6. Nu kae kpe ɖe Yakob ŋu wòku kutri vevie, eye aleke woɖo eteƒe nɛ? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

6 Nu si na blemafofo Yakob ʋli heku kutri vevie ye nye be elɔ̃ Yehowa, ede asixɔxɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu, eye wòxɔ ŋugbe si Yehowa do be yeayra eƒe dzidzimeviwo dzi se bliboe. (1 Mose 28:3, 4) Esia tae esi wòsusɔ vie Yakob naxɔ ƒe 100 la, ewɔ nu sia nu si wòate ŋu be Mawu nayra ye. Ete kame kple mawudɔla aɖe si do amegbetɔŋutilã gɔ̃ hã. (Xlẽ 1 Mose 32:24-28.) Yakob ŋutɔ ƒe ŋusẽ koe na wòdo dzi te kame kple mawudɔla sesẽ ma? Ao! Gake eɖoe kplikpaa be yeaʋli, yemana ta o, eye wòɖee fia be yemesina ne eɖo sesẽaƒe o! Mawu yrae ɖe eƒe kutrikuku ta. Eye wòtsɔ ŋkɔ Israel nɛ (egɔmee nye “Ame Si Te Kame Kple Mawu [Kutrikula]” alo “Mawu Te Kame Kplii”). Yakob ƒe asi su nu si dim wònɔ dzi, si nye Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple yayra, eye esia tututu minyam míawo hã míele.

7. (a) Nɔnɔme wɔnublanui ka mee Rahel to? (b) Nu kae wòyi edzi wɔ si na woyrae mlɔeba?

7 Yakob srɔ̃ lɔlɔ̃a Rahel hã di vevie be yeakpɔ ale si Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo na ye srɔ̃ dzii teƒe. Gake edze abe nane si ŋu mate ŋu awɔ naneke le o la le mɔ xem nɛ ene. Vi menɔ esi o. Ɣemaɣi nuxaxa gã aɖee wònyena na nyɔnu ne medzi vi o. Nu kae do ŋusẽ Rahel wòyi eƒe avuwɔwɔa dzi le nɔnɔme wɔnublanui ma me? Mɔkpɔkpɔ mebu ɖee o. Ke boŋ eyi edzi nɔ gbe dom ɖa kutrikukutɔe. Yehowa se Rahel ƒe kukuɖeɖewo, eye wòyrae wòdzi vi mlɔeba. Eme kɔ be esia tae Rahel gblɔ kple aseyetsotso be: “Ʋiʋli sesẽe meʋli . . . Meɖu dzi hã!”—1 Mose 30:8, 20-24.

8. Nɔnɔme sesẽ ka mee Yosef to ɣeyiɣi didi aɖe, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

8 Nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yakob kple Rahel ɖo ɖi la anya kpɔ ŋusẽ ɖe ale si wo viŋutsu Yosef nɔ te ɖe xɔse ƒe dodokpɔwo nui dzi. Esi Yosef xɔ ƒe 17 la, nuwo trɔ le eƒe agbe me kpata. Ŋuʋaʋã na eya ŋutɔ nɔviŋutsuwo tsɔe dzra wòzu kluvi. Emegbe wolée de gaxɔ me madzemadzee le Egipte ƒe geɖe. (1 Mose 37:23-28; 39:7-9, 20, 21) Dzi meɖe le Yosef ƒo alo wòdo dziku vevie ale gbegbe be wòdi be yeaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o. Etsɔ eƒe susu kple dzi ɖo kadodo nyui si le eya kple Yehowa dome boŋ ŋu. (3 Mose 19:18; Rom. 12:17-21) Nu kae míesrɔ̃ tso Yosef ƒe kpɔɖeŋua me? Eyae nye be, ne míekpe fu le ɖevime alo edze abe nɔnɔme si me míele fifia maka ɖe eme o ene gɔ̃ hã la, ele be míayi edzi aʋli sesĩe ahado dzi. Ne míewɔ esia la, Yehowa ayra mí godoo.—Xlẽ 1 Mose 39:21-23.

9. Abe Yakob, Rahel kple Yosef ene la, nu kae wòle be nàwɔ be Yehowa nayra wò?

9 Egbea mía dometɔ ɖe sia ɖe le dodokpɔ aɖe me tom. Ðewohĩ wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe ŋuwò, wobua susu vɔ̃ ɖe ŋuwò, alo ɖua fewu le ŋuwò. Anɔ eme be ame aɖe si le ŋu ʋãm wò la da alakpa ɖe asiwò. Be wò asiwo nado agblɔ nàna ta teƒe la, ɖo ŋku nu si kpe ɖe Yakob, Rahel kple Yosef ŋu woyi edzi subɔ Yehowa kple dzidzɔ la dzi. Mawu do ŋusẽ wo heyra wo elabe wode asixɔxɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu le woƒe agbe me katã. Woʋli va se ɖe nuwuwu, eye wowɔ nu wòwɔ ɖeka kple woƒe gbedodoɖawo. Míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe yɔyrɔe nu, eya ta ele vevie be míaƒe susu katã nanɔ nu siwo míele mɔ kpɔm na ŋu! Ðe wò hã nàʋli vevie be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò, ne ehiã be nàte kame hafi gɔ̃ hã?

YI KAMETETEA DZI BE MAWU NAYRA WÒ

10, 11. (a) Nu kawo mee wòahiã be míate kame vevie be Mawu nayra mí le? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ tiatia nyuiwo?

10 Nɔnɔme kawoe ate ŋu abia be míate kame vevie hafi Mawu nayra mí? Ðekae nye be ame geɖe le ʋiʋlim vevie be yewoaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi. Ame aɖewo hã le agbagba dzem be yewoatsɔ gbeƒãɖeɖedɔa aɖo nɔƒe vevi aɖe le yewoƒe agbe me. Alo ɖewohĩ ehiã be mía dometɔ aɖewo míayi edzi anɔ dzi dom le dɔléle alo akogotsitsi ta. Ʋiʋlie wònye na nɔvi aɖewo hã be woatsɔ vodada siwo ame aɖewo wɔ ɖe wo ŋu ake wo. Ɣeyiɣi didi ka kee míeɖale Yehowa subɔm o, ehiã vevie be mí katã míawɔ avu be naneke nagaxe mɔ ɖe míaƒe Mawu subɔsubɔ nu o, elabe eyraa nuteƒewɔlawo.

Èle ʋiʋlim be Mawu nayra wòa? (Kpɔ memama 10, 11 10, 11)

11 Nyateƒee wònye be ate ŋu asesẽ be míawɔ tiatia nyuiwo ahanɔ agbe abe Kristotɔwo ene. Vevietɔ ne míaƒe dzi alakpatɔa le eƒom ɖe mía nu be míawɔ nu si mesɔ o. (Yer. 17:9) Ne aleae wòle le gowòme la, ke do gbe ɖa nàbia gbɔgbɔ kɔkɔea. Gbedodoɖa kpakple gbɔgbɔ kɔkɔea ana ŋusẽ naɖo ŋuwò nàto mɔ dzɔdzɔea be Yehowa nayra wò. Wɔ nu wòasɔ kple wò gbedodoɖawo. Dze agbagba nàxlẽ Biblia gbe sia gbe, eye nàdi ɣeyiɣi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple Ƒometadedeagu.—Xlẽ Psalmo 119:32.

12, 13. Nu kae kpe ɖe Kristotɔ eve aɖewo ŋu woɖu dzodzro vɔ̃wo dzi?

12 Ale si Mawu ƒe Nya la, eƒe gbɔgbɔa kple míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo kpe ɖe mía nɔvi aɖewo ŋu woɖe asi le nɔnɔme gbegblẽwo ŋu la ƒe kpɔɖeŋu geɖewo li. Ðekakpuivi aɖe xlẽ nyati si nye “Aleke Nàwɔ Aɖu Dzodzro Vɔ̃wo Dzi?” si dze le December 8, 2003 ƒe Nyɔ! me. Dɔ kae wòwɔ ɖe edzi? Egblɔ be: “Mele avu wɔm vevie be maɖe asi le nu gbegblẽwo ŋu bubu ŋu. Nyatia gblɔ be, ‘le ame geɖe gome la, nu sesẽ ŋutɔe avuwɔwɔ be woaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi nye.’ Nya siawo xexlẽ na mekpɔe be nɔviwo ƒe habɔbɔ mee mele vavã. Mekpɔe be menye nye ɖekae le nɔnɔme sia me tom o.” Nyati bubu si hã ɖe vi na sɔhɛ siae nye “Nuwɔna Manɔdzɔdzɔmenuwo—Ðe Mawu Da Asi Ðe Wo Dzia?” si dze le October 8, 2003 ƒe Nyɔ! me. Ede dzesii be le ame aɖewo gome la, ele be woayi edzi awɔ avu kple ‘ŋù si le woƒe ŋutilã me.’ (2 Kor. 12:7) Woyi edzi le avu wɔm be yewoanɔ agbe dzadzɛ, eye mɔkpɔkpɔ mebu ɖe wo o. Egblɔ kpee be: “Esi ŋkekeawo va le yiyim la, meva kpɔe be mate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe. Medaa akpe na Yehowa be wòto eƒe habɔbɔa dzi le kpekpem ɖe mía ŋu be míado dzi gbe sia gbe le xexe vɔ̃ɖi sia me.”

13 Bu nu si dzɔ ɖe nɔvinyɔnu aɖe si le Amerika dzi hã ŋu kpɔ. Eŋlɔ ɖo ɖe mí be: “Medi be mada akpe gã aɖe na mi ɖe ale si mienaa nu si míehiã la mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi ta. Zi geɖe la, ewɔna nam be nyee wokpɔ hafi ŋlɔ nyatia. Ƒe geɖee nye esia nane si Yehowa lé fui wɔwɔ dzroam vevie eye mele avu wɔm kplii. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko medina be maɖe asi le ɖokuinye ŋu ko ne nyaa navɔ. Menya be Yehowa nye nublanuikpɔla eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena, gake esi dzodzro vɔ̃ sia le menye eye nyemelé fui tso dzi me o ta la, ewɔna nam be nyemedze axɔ eƒe kpekpeɖeŋu o. Avuwɔwɔ sia tɔtɔ nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe. . . . Esi mexlẽ nyati si nye “Ðe ‘Dzi Si Ana Nàdze Si Yehowa’ La Le Asiwòa?” le March 15, 2013, ƒe Gbetakpɔxɔ me la, mekpɔe be Yehowa di be yeakpe ɖe ŋunye vavã.”

14. (a) Nu kae Paulo kpɔ tso avu si wɔm wòle la ŋu? (b) Nu kae míawɔ be míaɖu dzi le avu si wɔm míele kple míaƒe ŋutilã madebliboa me?

14 Xlẽ Romatɔwo 7:21-25. Paulo ŋutɔ kpɔ ale si wòsesẽe be wòate ka me kple ŋutilã madebliboa ƒe nudzodzrowo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Gake eka ɖe edzi bliboe be yeate ŋu aɖu avuwɔwɔ sia dzi ne yedoa gbe ɖa na Yehowa heɖoa ŋu ɖe eŋu eye yexɔ vɔ si Yesu sa ɖe ye ta dzi se. Ke míawo ya ɖe? Míate ŋu aɖu dzi le avu si wɔm míele kple míaƒe ŋutilã madebliboa me. Le mɔ ka nu? Ne míesrɔ̃ Paulo heɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe ke menye ɖe míaƒe ŋusẽ ŋu o, eye míexɔ tafevɔsa la dzi se.

15. Aleke gbedodoɖa akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe ahado dzi le dodokpɔɣi?

15 Ɣeaɖewoɣi Mawu daa ŋku ɖi be yeakpɔ ale si gbegbe míetsi dzi ɖe nane ŋui. Le kpɔɖeŋu me, ne míawo ŋutɔ, alo míaƒe ƒometɔ aɖe, dze dɔ vevie alo wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu ɖe? Míaɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe ne míeɖea kuku nɛ ɣesiaɣi be wòado ŋusẽ mí míawɔ nuteƒe nɛ eye míaƒe dzidzɔ kple ƒomedodo si le mía kplii dome me nagagblẽ o. (Flp. 4:13) Ame geɖe siwo nɔ anyi le Paulo ƒe ŋkekeawo me kple egbea siaa ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖo kpe edzi be gbedodoɖa ate ŋu ana ŋusẽ yeye naɖo mía ŋu eye dzi naɖo mía ƒo míayi edzi ado dzi.

ƲLI SESĨE BE YEHOWA NAYRA WÒ

16, 17. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

16 Adzɔ dzi na Abosam ŋutɔ be wò asi nado agblɔ eye dzi naɖe le ƒowò. Ðoe kplikpaa be ‘yealé ɖe nu si nyo la ŋu.’ (1 Tes. 5:21) Ka ɖe edzi be yeate ŋu aɖu Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖi la kpakple nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo dzi. Àte ŋu awɔ esia ne èɖo ŋu ɖe ŋusẽ si Mawu nana ŋu bliboe.—2 Kor. 4:7-9; Gal. 6:9.

17 Nu ka kee ɖadzɔ o, yi avuwɔwɔa dzi. Yi ʋiʋlia dzi. Yi kametetea dzi. Eye yi kutrikukua dzi. Ka ɖe edzi bliboe be Yehowa ‘adudu yayra akɔ ɖe dziwò va se ɖe esime naneke magahiã wò o.’—Mal. 3:10.