Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilawo, Mitu Mia Viwo Ƒe Xɔse Ðo

Dzilawo, Mitu Mia Viwo Ƒe Xɔse Ðo

“Ðekakpuiwo kple ɖetugbuiwo siaa . . . nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ.”—PS. 148:12, 13.

HADZIDZI: 88, 115

1, 2. (a) Agba kae le dzilawo dzi, eye aleke woate ŋu atsɔe? (b) Nu ene kawo mee míadzro?

ATSU kple asi aɖe si le France gblɔ be: “Míexɔ Yehowa dzi se gake esia mefia kokoko be mía viwo hã xɔ edzi se o.” Wogblɔ yi edzi be: “Menye ɖe wonyia xɔse dome o. Ðe mía viawo nɔa etum ɖo vivivi.” Nɔviŋutsu Australiatɔ aɖe gblɔ be: “Anɔ eme be wò agbanɔmedzi sesẽtɔe nye be nàtu viwò ƒe xɔse ɖo. Ele be nàwɔ nu sia nu si akpe ɖe eŋu la ŋu dɔ. Awɔ na wò be yeɖo ye vi ƒe nyabiabia aɖe ŋu nɛ nyuie. Gake kaka nàkpɔa egabia nya ma ke ɣebubuɣi! Ŋuɖoɖo si na wòse nya aɖe gɔme egbea masu nɛ etsɔ o. Ehiã be miagbugbɔ anɔ nyati aɖewo me dzrom edziedzi.”

2 Ne dzilae nènye la, ɖe wòwɔna na wò ɣeaɖewoɣi be yemate ŋu afia nu ye viwo be woalɔ̃ Yehowa ahayi edzi asubɔe le woƒe tsitsime oa? Le nyateƒe me la, mía dometɔ aɖeke mate ŋu awɔ esia le eɖokui si o. (Yer. 10:23) Gake míate ŋu awɔe ne míena Mawu fia mɔ mí. Na míadzro nu ene siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtu viwòwo ƒe xɔse ɖo la me: (1) Nya viwòwo nyuie. (2) Fia nu siwo tsi dzi me na wò la wo. (3) Wɔ kpɔɖeŋu nyuiwo. (4) Gbɔ dzi ɖi eye nɔ gbe dom ɖa.

NYA VIWÒWO NYUIE

3. Aleke dzilawo asrɔ̃ Yesu le nufiafia wo viwo me?

3 Metso dzika ƒo na Yesu be wòabia eƒe nusrɔ̃lawo nu si dzi woxɔ se o. (Mat. 16:13-15) Srɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. Anyo be nàbia viwòwo woagblɔ woƒe susu kple seselelãmewo na wò ne miele dze ɖom alo le dɔ wɔm ɖekae. Àte ŋu abia nya wo tso nu siwo dzi womeka ɖo tututu o la hã ŋu. Nɔviŋutsuvi Australiatɔ aɖe si xɔ ƒe 15 la gblɔ be: “Nye kple Papa míeɖoa dze tso nye xɔse ŋu eye wòkpena ɖe ŋunye medea ŋugble. Ebianam be: ‘Nya kae Biblia gblɔ?’ ‘Ðe nèxɔ nya si wògblɔ dzi sea?’ ‘Nu ka tae nèka ɖe edzi?’ Edina be maɖo eŋu le nye ŋutɔ nye nyagbewo me, ke menye be magbugbɔ nya si eya alo Dada gblɔ dzro ko o. Esi mele tsitsim la, edina be maɖe nu me kpee.”

4. Nu ka tae wòle be nàbu viwò ƒe biabiawo nya veviwoe? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Ne viwò gblɔ be yemexɔ nufiafia aɖe dzi se tututu o la, mègablu ɖe eta alo atee kpɔ be yeaʋli nya kplii o. Gbɔ dzi ɖi nàkpe ɖe eŋu wòade ŋugble le nya la ŋu. Dzila aɖe gblɔ be: “Bu viwò ƒe biabia la nya vevii. Megawɔ na wò be nyamaɖinyae o, eye mègaɖe asi le nyaa ŋu le esi emeɖeɖe ate ŋu sesẽ na wò ta o.” Nya lae nye be, anyo be nàbui be esi nufiafia ma le vevie na viwòa eye wòdi be yease egɔme tae wòbia nya tso eŋu ɖo. Ðo ŋku edzi be ƒe 12 koe Yesu xɔ evɔ wòbia nya sesẽwo. (Xlẽ Luka 2:46.) Ƒe 15-vi aɖe si le Denmark gblɔ be: “Esi megblɔ be nyemeka ɖe edzi tututu ne subɔsubɔha vavãtɔ mee míele o la, dzinyelawo mehe nya kplim o, togbɔ be woanya tsi dzi ɖe ŋunye hã. Wozã Biblia tsɔ ɖo nye biabiawo katã ŋu nam.”

5. Nu kae dzilawo awɔ be wo viwo nalé xɔse me ɖe asi?

5 Nya viwòwo nyuie—nya woƒe susu, woƒe seselelãme kple nu siwo ŋu wotsi dzi ɖo. Megava susu me na wò gbeɖe be, esi wodea Kristotɔwo ƒe kpekpeawo eye wodea gbeadzi kpli wò ta la, xɔse le wo si o. Miɖo dze tso Ŋɔŋlɔawo me nyawo ŋu, nu ka ke wɔm mieɖale o. Do gbe ɖa kple viwòwo eye nàdo gbe ɖa ɖe wo ta hã. Dze agbagba nànya dodokpɔ siwo me tom wole siwo ate ŋu agbɔdzɔ woƒe xɔse, eye nàkpe ɖe wo ŋu woawɔ avu kpli wo.

FIA NU SIWO TSI DZI ME NA WÒ LA VIWÒWO

6. Ne dzilawo ƒã Biblia me nyateƒea ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzi me la, aleke wòakpe ɖe wo ŋu le nufiafia wo viwo me?

6 Yesu ƒe nufiafiawo de dzi gbɔ na amewo, elabe elɔ̃ Yehowa, Eƒe Nya la kple ame siwo wòfiaa nui. (Luka 24:32; Yoh. 7:46) Nenema kee lɔlɔ̃ ana dzilawo ƒe nyawo nade wo viwo ƒe dzi gbɔ. (Xlẽ 5 Mose 6:5-8; Luka 6:45.) Eya ta dzilawo, mido vevie Biblia kple míaƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃. Misrɔ̃ nu geɖe tso nuwɔwɔwo ŋu eye miaxlẽ nyati siwo le míaƒe agbalẽwo me siwo ƒo nu tso wo ŋu la nyuie. (Mat. 6:26, 28) Esia wɔwɔ aʋu miaƒe susuwo, ana mialɔ̃ Yehowa, eye wòakpe ɖe mia ŋu miasu te afia nu mia viwo.—Luka 6:40.

7, 8. Ne Biblia me nyateƒea yɔ dzi me na dzilawo la, nu kae wòaʋã wo woawɔ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

7 Ne Biblia me nyateƒea yɔ wò dzi me la, àdi godoo be yeaƒo nu le wo ŋu na wò ƒomea. Wɔ esia ɣesiaɣi, ke menye le Ƒometadedeaguɣi alo ne miele kpekpeawo dzram ɖo ko o. Azɔ hã, mele be numedzodzro siawo nanye dzizizi o, ke boŋ ele be wòatso dzi me faa, eye wòanye dzeɖoɖo. Atsu kple asi aɖe si le Amerika dea ŋugble le Yehowa ŋu ne ƒomea kpɔ nane si nya kpɔ na wo alo le nu vivi aɖe ɖum. Wogblɔ be: “Míeɖoa ŋku ale si nu sia nu si Yehowa na mí la ɖea eƒe lɔlɔ̃ kple ameŋububu fiana la dzi na mía viwo.” Ne ŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo le Anyiehe Afrika la kple wo vinyɔnuviwo le dɔ wɔm le abɔ me la, wohea ɖeviawo ƒe susu yia nukunu si wònye be nukuwo miena hetsina la dzi. Wogblɔ be: “Míedzea agbagba be míakpe ɖe mía viawo ŋu be woade bubu agbea kple ale si wòwɔ nukui la ŋu.”

8 Esi vifofo aɖe si le Australia la viŋutsu xɔ abe ƒe ewo ene la, ekplɔe yi blemanudzraɖoƒe aɖe eye wòwɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ do ŋusẽe be wògaxɔ Mawu dzi se geɖe wu be eyae wɔ nuwo. Vifofoa gblɔ be: “Míekpɔ blema ƒumelã siwo nye abosra ƒomevi aɖe siwo woyɔna be Ammonoid kple trilobite. Ewɔ nuku na mí be blema ƒumelã siawo siwo megali o la nya kpɔ, woƒe wɔwɔme de ŋgɔ ale gbegbe, eye nu sia nu de le wo ŋu abe tɔmelã siwo míekpɔna egbea ene. Eya ta ne ɖe agbe dze egɔme le mɔ tsɛ aɖe ko nu, eye wòva de ŋgɔ vivivi la, ke nu ka tae blema ƒumelã siawo de ŋgɔ ɣemaɣi xoxo? Nya sia ŋu bubu wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ eye meɖo dze tso eŋu na vinyea.”

WƆ KPƆÐEŊU NYUIWO

9. Nu ka tae kpɔɖeŋuwo wɔa dɔ, eye aleke vidada aɖe wɔ esiae?

9 Enuenu la, Yesu wɔa kpɔɖeŋu siwo nana amewo bua tame, siwo léa dzi na wo henana nufiamea tsia susu me na wo. (Mat. 13:34, 35) Ðeviwo kpɔa nuwo le susu me. Eya ta dzilawo, miyi edzi mianɔ kpɔɖeŋuwo wɔm na mia viwo ne miele nu fiam wo. Esia tututue vinɔ aɖe si le Japan la wɔ. Esi viaŋutsuvi eveawo xɔ ƒe enyi kple ewo la, efia nu wo tso ya si ƒo xlã anyigbaa kple beléle tɔxɛ si Yehowa tsɔ wɔe la ŋu. Nu si wòwɔe nye be etsɔ nyinotsi, sukli kple kɔfi na wo. Azɔ egblɔ na ɖeviawo dometɔ ɖe sia ɖe be wòaɖo tii kɔpo ɖeka na ye. Egblɔ be: “Wowɔe beléletɔe. Esi mebia wo be, nu ka tae wogbɔ dzi ɖi ɖe ewɔwɔ ŋu nenema mahã la, wogblɔ be yewodi be kɔfia nanɔ abe ale si tututu medinɛ ene. Meɖe eme na wo be nenema kee Mawu gbɔ dzi ɖi esime wònɔ ya vovovo siwo ƒo xlã míaƒe anyigba la tsakam—[ewɔe wòsɔ] na mí ale gbegbe!” Kpɔɖeŋu ma nɔ bɔbɔe na ɖeviawo ŋutɔ, eye wòna nusɔsrɔ̃a vivi wo nu tsɔ wu be wòanɔ kplalaa ko. Mewɔ nuku o be womeŋlɔ nufiamea be kpɔ o!

Zã nu siwo ɖeviwo nya nàtsɔ akpe ɖe wo ŋu be woagaxɔ Mawu dzi se geɖe wu be eyae wɔ nuwo (Kpɔ memama 10)

10, 11. (a) Kpɔɖeŋu kae nàte ŋu azã atsɔ atu viwò ƒe Mawu dzixɔse ɖo? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Kpɔɖeŋu kawoe nèzã wòɖe vi?

10 Àte ŋu azã nu vovovo siwo míetsɔ ɖaa nui be nàkpe ɖe viwò ŋu wòatu eƒe Mawu dzixɔse ɖo. Aleke nàwɔe? Ne èɖa nane alo mè akpɔnɔvi aɖe vɔ la, ɖe akpa si nu vovovo siwo nèzã la wɔna me na viwòa. Azɔ tsɔ atikutsetse aɖe, abe aŋuti ene, nɛ eye nàbiae be: “Ðe nènya be ‘nanewoe ƒo ƒu’ zu aŋutia?” Eyome fe aŋuti la me ɖe eve eye nàtsɔ ku ɖeka nɛ. Àte ŋu aɖe eme nɛ be “woŋlɔ” nu siwo aƒo ƒu azu aŋuti la ɖe eƒe kua me, gake esia de ŋgɔ wu nuɖaɖa ƒe mɔfiame siwo woŋlɔna ɖe nuɖagbalẽ me. Àte ŋu agabiae be “Ne ame aɖee ŋlɔ mɔfiame siwo le nuɖagbalẽa me la, ke ame kae ŋlɔ mɔfiame siwo le aŋutiku la me?” Ne vi tsitsi ye la, àte ŋu aɖe eme nɛ be aŋuti, alo aŋutiti bliboa, ƒe mɔfiameawo le domenyiŋusẽfianu (DNA [ADN]) la me. Mi ame evea miate ŋu akpɔ nɔnɔmetata siwo le The Origin of Life (Origine de la vie) ƒe axa 10 va se ɖe 20 gɔ̃ hã.

11 Dzila geɖewo dzroa nyati si nye “Ðe Wowɔea?” si dzena le Nyɔ! me la me kple wo viwo. Ne ɖeviawo metsi o la, dzilawo tea ŋu ɖea nya vevi mawo me na wo le mɔ bɔbɔe nu. Le kpɔɖeŋu me, atsu kple asi aɖe si le Denmark tsɔ yameʋuwo sɔ kple xeviwo. Wogblɔ be: “Yameʋuwo ɖi xeviwo. Gake ɖe yameʋuwo ate ŋu aɖa azi ahaƒo yameʋu suewoa? Ðe wòhiã be woado mɔ tɔxɛ na xeviwo be woadze ɖe edzia? Eye ne ètsɔ yameʋu ƒe gbeɖeɖe sɔ kple xeviwo ƒe xɔxlɔ̃ la, nya kae nàgblɔ? Eya ta ame ka sie nunya le wu—ame siwo wɔ yameʋuwo loo, alo Ame si wɔ xeviwo?” Numeɖeɖe siawo kple nyabiabia ɖeviwo nyuie ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woawɔ woƒe “tamebubuŋutete” ŋu dɔ ahaxɔ Mawu dzi se geɖe wu.—Lod. 2:10-12.

12. Aleke kpɔɖeŋuwo akpe ɖe viwò ŋu be wòaka ɖe Biblia dzi?

12 Kpɔɖeŋu nyuiwo ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woaka ɖe edzi be Biblia me nyawo nye nyateƒe. Míatsɔ Hiob 26:7 awɔ eƒe kpɔɖeŋui. (Xlẽe.) Aleke nàɖee afia be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee ŋɔŋlɔ sia tso? Mègagblɔ nyateƒea na viwò dzro ko o. Ke boŋ kpe ɖe eŋu be wòakpɔ nua le susu me. Na wòanya be didiƒekpɔmɔ̃ kple yamenutomeyimɔ̃ menɔ anyi le Hiob ŋɔli o. Azɔ na viwòa naɖe nu si tae wòasesẽ na amewo ɣemaɣi be woaxɔe ase be anyigba sia si lolo alea mele naneke dzi o me na wò. Ðevia ate ŋu azã bɔlu alo kpe atsɔ awɔ kpɔɖeŋu si aɖee afia be ele be nu kpekpe ɖe sia ɖe nanɔ nane dzi. Nufiame si le esia me aʋã viwòa wòakpɔe be Yehowa na woŋlɔ nyateƒenyawo ɖe Biblia me ƒe gbogbowo hafi amegbetɔwo va ke ɖe wo ŋu.—Neh. 9:6.

NA WOAKPƆ ASIXƆXƆ SI LE BIBLIA ƑE MƆFIAMEWO ŊU

13, 14. Aleke nàkpe ɖe viwò ŋu be wòalɔ̃ azɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiafia dzi?

13 Ele vevie ŋutɔ be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woakpɔ asixɔxɔ si le Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu. (Xlẽ Psalmo 1:1-3.) Mɔ geɖewo li siwo dzi nàto awɔ esia. Àte ŋu agblɔ na viwò be, nekpɔe le susu me be yeyina ƒukpo aɖe dzi nɔ ge, eye ehiã be yeatia ame aɖewo be woanɔ afi ma kpli ye. Eyome biae be, “Nɔnɔme kawoe wòle be wòanɔ ameawo dometɔ ɖe sia ɖe si ale be wo katã woate ŋu anɔ anyi le ŋutifafa me eye wo dome navivi?” Miate ŋu adzro mɔfiame siwo me nunya le siwo le Galatiatɔwo 5:19-23 hã me.

14 Kpɔɖeŋu sia ate ŋu afia nu vevi eve viwòa. Gbã la, Mawu ƒe dzidzenuwo naa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa mía dome. Evelia, Yehowa le nu fiam mí fifia hele mía dzram ɖo ɖe agbenɔnɔ le xexe yeyea me ŋu. (Yes. 54:13; Yoh. 17:3) Azɔ hã, miate ŋu axlẽ nuteƒekpɔkpɔ aɖewo le míaƒe agbalẽwo me be viwòa nakpɔ ale si Biblia kpe ɖe mía nɔviwo ŋui. Miate ŋu atia nyati siwo nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” siwo wotana ɖe Gbetakpɔxɔ me enuenu. Alo ne miaƒe hamea me tɔ aɖe wɔ tɔtrɔ gãwo be yeƒe nu nadze Yehowa ŋu la, àte ŋu akpee be wòava gblɔ eƒe ŋutinya na ƒomea. Kpɔɖeŋu siawo nana míekpɔnɛ be Biblia me nyawo le agbe!—Heb. 4:12.

15. Nu kae nàwɔ be nàfia nu viwòwo nyuie?

15 Nu si míewɔnɛ ye nye esi: Ne èle nu fiam viwòwo la, na wòavivi wo nu. Wɔ aɖaŋu ŋu dɔ. Na ɖeviawo nabu tame, gake woƒe ƒexɔxɔ nenɔ susu me na wò. Na nusɔsrɔ̃a nadzɔ dzi na wo eye wòatu woƒe xɔse ɖo. Vifofo aɖe gblɔ be: “Mègadzudzɔ mɔnu yeye siwo dzi miato adzro nyati siwo me miedzro xoxo me la didi o.”

NYE NUTEƑEWƆLA KPLE DZIGBƆÐITƆ, EYE NÀNƆ GBE DOM ÐA

16. Nu ka tae wòle be nàgbɔ dzi ɖi ne èle nu fiam viwò? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

16 Míehiã Mawu ƒe gbɔgbɔa hafi atu xɔse sẽŋu ɖo. (Gal. 5:22, 23) Abe atikutsetse ŋutɔŋutɔ ene la, exɔa ɣeyiɣi hafi xɔse tsina. Eya ta ele be nàgbɔ dzi ɖi eye nàku kutri le nufiafia viwòwo me. Japan ŋutsu aɖe si si vi eve le gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míekpɔa vovo ɖe mía viwo ŋu ŋutɔ. Tso esime wonye vi fẽwo la, mesrɔ̃a nu kpli wo miniti 15 gbe sia gbe, ŋkeke siwo dzi míade Kristotɔwo ƒe kpekpewo koe to le eme. Miniti 15 metia míawo alo woawo o.” Nutome sue dzikpɔla aɖe hã gblɔ be: “Esi menye ƒewuivi la, biabia kple nu siwo dzi nyemeka ɖo o geɖe nɔ susu me nam siwo dzi memia nu ɖo. Gake esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mekpɔ esiawo ƒe ŋuɖoɖowo le kpekpeawo alo ƒomenusɔsrɔ̃ alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ me. Esia tae wòle vevie be dzilawo nayi edzi anɔ nu fiam wo viwo.”

Ele be Mawu ƒe Nya nayɔ wò dzi me gbã hafi nàte ŋu afia nu viwòwo nyuie (Kpɔ memama 17)

17. Nu ka tae dzilawo ƒe kpɔɖeŋu le vevie, eye aleke ŋutsu aɖe kple srɔ̃a wɔe?

17 Eya ta xɔse ƒe kpɔɖeŋu si nèɖona le vevie ŋutɔ. Viwòwo alé ŋku ɖe wò nuwɔna ŋu, eye woawo hã woasrɔ̃e. Dzilawo, miyi edzi mianɔ miaƒe xɔse tum ɖo. Mina mia viwo nakpɔe be Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ na mi vavã. Ɣesiaɣi si atsu kple asi aɖe si le Bermuda le kuxi aɖe me tom la, wo kple wo viwo doa gbe ɖa ɖekae biaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, eye wodea dzi ƒo na wo viawo be woado gbe ɖa le wo ɖokui si. Wogblɔ be: “Míegblɔna na mía vinyɔnu tsitsitɔ be, ‘Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, do vevie Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa, eye mègatsi dzi fũu o.’ Ne nu nyuiwo do tso eme la, ekpɔnɛ be Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu. Esia de agbe yeye eme wògaxɔ Mawu kple Biblia dzi se geɖe wu.”

18. Nu vevi kae wòle be dzilawo nade dzesii?

18 Le wo katã me la, màte ŋu azi ɖevia dzi be wòatu xɔse ɖo o, eya ŋutɔe awɔe. Abe dzila ene la, àte ŋu aƒã nya la ɖe dzi me nɛ ahade tsii. Gake Mawu koe ate ŋu ana wòatsi. (1 Kor. 3:6) Do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe gbɔgbɔa, eye nàku kutri afia nu viwò malɔ̃nugbɔawo, elabena ne èwɔ esia la, Yehowa ayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi.—Ef. 6:4.