Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mawu ƒe nya la le agbe”

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu kae nye “Mawu ƒe nya” si ŋu Hebritɔwo 4:12 gblɔ le be ele “agbe, eye ŋusẽ le eŋu”?

Nya si gblɔm apostolo Paulo nɔ hafi gblɔ nya mawo ɖee fia be Mawu ƒe gbedeasi, alo eƒe tameɖoɖo si wògblɔ, abe esiwo le Biblia me ene lae wòwɔnɛ.

Míeyɔa Hebritɔwo 4:12 me nyawo zi geɖe le míaƒe agbalẽwo me tsɔ ɖenɛ fiana be ŋusẽ le Biblia ŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ, eye esɔ be míagblɔe alea. Gake anyo be nya siwo ƒo xlã Hebritɔwo 4:12 nakpe ɖe mía ŋu míabu eŋu ayi ŋgɔe. Le afi ma Paulo nɔ dzi dem ƒo na Hebri Kristotɔwo be woawɔ nu wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo. Mawu ƒe tameɖoɖo geɖe dze le ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me. Paulo zã ale si Mawu ɖe Israel-viwo tso Egipte tsɔ wɔ kpɔɖeŋui. Mɔkpɔkpɔ si ʋu ɖi na woe nye be woayi anyigba si ŋugbe wodo na wo “si dzi notsi kple anyitsi le sisim le” dzi, afi si woakpɔ gbɔdzɔe alo dzudzɔ vavã le.—2 Mose 3:8; 5 Mose 12:9, 10.

Tame siae Mawu gblɔ be yeɖo. Gake Israel-viwo sẽ dzi me emegbe eye xɔse menɔ wo si o, eya ta wo dometɔ akpa gãtɔ mege ɖe dzudzɔ ma me o. (4 Mose 14:30; Yos. 14:6-10) Ke hã Paulo gblɔ kpee be Mawu ƒe “dzudzɔ la me yiyi ƒe ŋugbedodo kpɔtɔ li.” (Heb. 3:16-19; 4:1) Edze ƒãa be “ŋugbedodo” ma nye Mawu ƒe tameɖoɖo si wòɖe gblɔ la ƒe akpa aɖe. Abe Hebri Kristotɔwo ene la, míawo hã míate ŋu asrɔ̃ nu tso ŋugbedodo mawo ŋu ahawɔ nu wòasɔ ɖe enu. Paulo yɔ nya tso 1 Mose 2:2 kple Psalmo 95:11 tsɔ te gbe ɖe edzi be Ŋɔŋlɔawo mee ŋugbedodo sia tso.

Ele be wòado dzidzɔ na mí be Mawu ƒe “dzudzɔ la me yiyi ƒe ŋugbedodo kpɔtɔ li.” Míeka ɖe edzi be nya si Biblia gblɔ tso Mawu ƒe dzudzɔ la me yiyi ŋu ava eme ŋutɔŋutɔ, eye míele nu siwo sɔ wɔm be míage ɖe eme. Menye Mose ƒe Sea me léle ɖe asi alo dɔ nyui bubu aɖewo wɔwɔe ana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o. Ke boŋ ale si míelɔ̃ be míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo eye míeyi edzi le ewɔm lae. Hekpe ɖe eŋu la, ame akpe geɖe siwo le xexea me godoo le Biblia srɔ̃m be yewoanya Mawu ƒe tameɖoɖowo. Esia ʋãa wo dometɔ geɖe wotrɔa woƒe agbenɔnɔ, wova xɔa Mawu dzi se, eye woxɔa nyɔnyrɔ zua Kristotɔwo. Ŋusẽ si kpɔm wòle ɖe wo dzi ɖee fia be “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.” Ɛ̃, Mawu ƒe tameɖoɖo si wòɖe gblɔ le Biblia me la kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe míaƒe agbe dzi xoxo, eye ayi edzi anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi.