Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègana ‘Wò Asiwo Nado Agblɔ O’

Mègana ‘Wò Asiwo Nado Agblɔ O’

“Wò asiwo megado agblɔ o.”—ZEF. 3:16.

HADZIDZI: 81, 32

1, 2. (a) Kuxi kawo me tom ame geɖe le egbea, eye nu kae wògblẽ le wo ŋu? (b) Ŋugbe kae Mawu do le Yesaya 41:10, 13 ?

NƆVINYƆNU gbesiagbe mɔɖela aɖe si srɔ̃ nye hamemetsitsi gblɔ be: “Togbɔ be nusrɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyuiwo le asinye hã la, mele avu wɔm kple dzimaɖitsitsi ƒe geɖee nye esia. Enana alɔ̃ buna ɖem, egblẽa nu le nye lãmesẽ ŋu, nyemewɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie o, eye ɣeaɖewoɣi enana medina be anyigba namim ko mavo.”

2 Ðe wò hã nèle nu sia tɔgbi me toma? Ewɔ nublanui be agbenɔnɔ le Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia me na nu te ɖe mía dzi vevie, si wɔnɛ be míetsia dzimaɖi eye gbɔgbɔtsixe tsia mía ƒo. Ðeko wòle abe ɖe wotsi ka tɔdziʋu aɖe, si na tɔdziʋua de ŋgɔ yi ge do kpoe ene. (Lod. 12:25) Nu kawoe ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me nenema? Ðewohĩ ame vevi aɖe ku na wò, wò lãme gblẽ vevie, ganyawo ƒe sesẽ na mète ŋu le wò ƒomea dzi kpɔm o, alo be amewo le tsitre tsim ɖe ŋuwò. Tamebubu le esiawo ŋu ate ŋu ana nu nati kɔ na wò. Ate ŋu ana gɔ̃ hã be mànɔ dzidzɔ kpɔm o. Gake wò ya ka ɖe edzi be Mawu le klalo be yeado alɔ wò.—Xlẽ Yesaya 41:10, 13.

3, 4. (a) Mɔ kawo nue Biblia zãa nya “asi” le? (b) Nu kawoe ate ŋu ana míaƒe asiwo nado agblɔ?

3 Zi geɖe la, Biblia zãa amegbetɔ ƒe ŋutinuwo tsɔ wɔa kpɔɖeŋu na nu vovovowo. Biblia ƒo nu tso amegbetɔ ƒe asiwo ŋu zi alafa geɖe. Be ame nado ŋusẽ eƒe asiwo alo eƒe alɔ ate ŋu afia be dzi naɖo eƒo, ŋusẽ naɖo eŋu, eye wòabla ali dzi ɖe dɔ ŋu. (1 Sam. 23:16, etenuŋɔŋlɔ; Ezra 1:6) Ate ŋu afia hã be wòanɔ mɔ kpɔm be nuwo ava nyo le etsɔme.

4 Gake be ame ƒe asiwo nado agblɔ fiana ɣeaɖewoɣi be dzi naɖe le amea ƒo, ŋusẽ navɔ le eŋu, alo mɔkpɔkpɔ nabu ɖee. (2 Kron. 15:7, etenuŋɔŋlɔ; Heb. 12:12) Ate ŋu ana amea nana ta bɔbɔe. Ne nɔnɔme aɖewo te ɖe dziwò alo nèle gbɔdzɔgbɔdzɔm le ŋutilã me, le seselelãme gome, alo le gbɔgbɔ me gɔ̃ hã la, ate ŋu ana wò asiwo nado agblɔ. Nu kae ade dzi ƒo na wò? Eye nu kae aʋã wò ahado ŋusẽ wò be nàdo dzi eye nànɔ dzidzɔ kpɔm?

‘YEHOWA ƑE ALƆ METO ÐE EME O’

5. (a) Nu kae míawɔ ne kuxiwo do agba na mí, gake nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí? (b) Nu ka mee míadzro fifia?

5 Xlẽ Zefaniya 3:16, 17. Le esi vɔvɔ̃ naɖo mí eye dzi naɖe le mía ƒo, si afia be míaƒe asiwo do agblɔ, teƒe la, mía Fofo lɔ̃ame la de dzi ƒo na mí be ‘míadro míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe ye dzi.’ (1 Pet. 5:7) Nya siwo Mawu gblɔ na Israel-viwo ate ŋu ado ŋusẽ míawo hã. Egblɔ na wo be ‘yeƒe alɔ sesẽ la meto ɖe eme be yemate ŋu axɔ na’ ye subɔla wɔnuteƒewo o. (Yes. 59:1) Míadzro Biblia me kpɔɖeŋu ɖedzesi etɔ̃ siwo ɖee fia be didia kple ŋutetea le Yehowa si be wòado ŋusẽ eƒe amewo woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, togbɔ be wotoa nɔnɔme siwo dzena abe ɖe wowu tsɔtsɔ na wo ene me hã. Na míakpɔ ale si kpɔɖeŋu siawo atu wò ɖoe ɖa.

6, 7. Nu vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo ɖu Amalekitɔwo dzi me?

6 Esi woɖe Israel-viwo nukutɔe le kluvinyenye me le Egipte megbe kpuie la, Amalekitɔwo ho aʋa ɖe wo ŋu. Le Mose ƒe mɔfiafia nu la, Yosua kplɔ Israel-viwo dzideƒotɔe woyi ɖakpe kple futɔawo. Ɣemaɣi tututu la, Mose kplɔ Aron kple Hur wolia togbɛ aɖe, afi si woate ŋu anɔ aʋakpeƒea kpɔm le. Vɔvɔ̃e ɖo ŋutsu etɔ̃ siawo wole sisim le aʋaa nua? Kura o!

7 Mose ɖe susu aɖe si akpe ɖe Israel-viwo ŋu woaɖu dzi. Mose do Mawu vavã la ƒe atikplɔ si le esi la ɖe dzi. Zi ale si Mose ƒe asi le dzi ko la, Yehowa doa ŋusẽ Israel-ʋawɔlawo ƒe asi wonɔa Amalekitɔwo dzi ɖum. Gake ne abɔ le Mose kum eye wòɖiɖi asi ko la, Amalekitɔwo ƒe alɔ dea dzi. Eya ta Aron kple Hur wɔ susu ŋu dɔ kaba tsɔ “kpe de [Mose te] wòbɔbɔ nɔ edzi. Eye Aron kple Hur lé eƒe abɔwo ɖe dzi, ame ɖeka le akpa si, eye evelia le akpa kemɛ, ale be eƒe abɔwo le dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to.” Nyateƒee, Mawu ƒe asi sesẽ la kpe ɖe Israel-viwo ŋu woɖu aʋa dzi.—2 Mose 17:8-13.

8. (a) Nu kae Asa wɔ esi Etiopiatɔwo ho ɖe Yuda ŋu? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Asa ƒe kpɔɖeŋu?

8 Le Fia Asa ƒe ŋkekeawo me hã la, Yehowa ɖee fia be yeƒe alɔ meto ɖe eme o. Biblia ƒo nu tso aʋa geɖe siwo wowɔ le blema ŋu. Gake aʋakɔ si nɔ Etiopiatɔ Zera ŋue lolo wu. Aʋawɔla bibi 1,000,000 sɔŋue nɔ esi. Fia Asa ƒe aʋawɔlawo anɔ abe Etiopiatɔwo tɔ ƒe afã ene. Ame aɖe asusu be esia ana Asa natsi dzimaɖi anɔ ƒoƒom tititi eye wòadi be yeana ta. Gake Asa trɔ ɖe Yehowa ŋu enumake be wòakpe ɖe ye ŋu. Le amegbetɔwo ƒe susu nu la, manya wɔ be woaɖu Etiopiatɔwo dzi o, gake “Mawu ya tea ŋu wɔa nu sia nu.” (Mat. 19:26) Mawu ɖe eƒe ŋusẽ gã la fia eye ‘wòɖu Etiopiatɔwo dzi le Asa ŋgɔ.’ Asa “ƒe dzi ku ɖe Yehowa ŋu bliboe le eƒe agbemeŋkekewo katã me.”—2 Kron. 14:8-13; 1 Fia. 15:14.

9. (a) Nu kae meɖe dzi le Nehemiya ƒo wògbe Yerusalem glia ɖoɖo o? (b) Aleke Mawu ɖo Nehemiya ƒe gbedodoɖa ŋu?

9 Bu ale si Nehemiya anya se le eɖokui me esime wòva Yerusalem ŋu kpɔ. Dua tsi nuvo eye dzi megale dɔme na nɔvia Yudatɔwo o. Tsitretsiɖeŋulawo ƒe ŋɔdzidoname na Yudatɔwo ƒe alɔ do agblɔ, eye wodzudzɔ Yerusalem glia ɖoɖo. Ðe esia ɖe dzi le Nehemiya hã ƒoa? Kpao! Abe Mose, Asa kple Yehowa subɔla wɔnuteƒe bubuwo ene la, gbedodoɖa na Yehowa kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu nye numame na Nehemiya. Eye esia tututue wògawɔ. Nehemiya do gbe ɖa na Yehowa tso dzi me le nɔnɔme sesẽ si awɔ na Yudatɔwo be ewu tsɔtsɔ na yewo la me, eye wòɖo toe. Mawu tsɔ eƒe “ŋusẽ gã” kple eƒe “alɔ sesẽ” la do ŋusẽ Yudatɔwo ƒe asi siwo do agblɔ la. (Xlẽ Nehemiya 1:10; 2:17-20; 6:9.) Ðe nèxɔe se be Yehowa tsɔa eƒe “ŋusẽ gã” kple eƒe “alɔ sesẽ” la doa ŋusẽ esubɔlawo egbea hã?

YEHOWA ADO ŊUSẼ WÒ ASIWO

10, 11. (a) Aleke Satana dzea agbagba be yeagbɔdzɔ míaƒe asi? (b) Nu kae Yehowa zãna tsɔ doa ŋusẽ mí? (d) Aleke teokrasi sukuwo kple hehenaɖoɖowo le vi ɖem na wòe?

10 Nenɔ susu me na mí be Abosam madzudzɔ agbagbadzedze be yeatɔ te Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa o. Enaa dziɖuɖuwo, hakplɔlawo kple xɔsegbelawo daa alakpa ɖe mía si eye wodoa ŋɔdzi na mí. Kple susu ka? Eyae nye be míaƒe lãme nafa ɖe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu. Gake ŋutete le Yehowa si eye wòle klalo be yeado ŋusẽ mí to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. (1 Kron. 29:12) Ele vevie be míabia gbɔgbɔ kɔkɔea be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ avu kple tetekpɔ ɖe sia ɖe si Satana kple eƒe xexea ahe va mía dzi. (Ps. 18:39; 1 Kor. 10:13) Enye dzidzɔ na mí hã be Mawu ƒe Nya si woŋlɔ to eƒe gbɔgbɔa dzi hã kpena ɖe mía ŋu. Bu nu gbogbo siwo míesrɔ̃na tso míaƒe agbalẽ siwo wotu ɖe Biblia dzi me ɣleti sia ɣleti hã ŋu kpɔ. Zakariya 8:9, 13 (xlẽe) me nyawo sɔ na mí egbea ŋutɔ elabena esime wogbugbɔ nɔ Yerusalem gliawo ɖom ye woŋlɔ wo.

11 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nu siwo Mawu fiaa mí le Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo, kpakple míaƒe teokrasi sukuwo me doa ŋusẽ mí. Hehe siawo ate ŋu aʋã mí be míaɖo taɖodzinuwo na mía ɖokuiwo eye míawɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔdeasiwo nyuie. (Ps. 119:32) Ðe wò hã nèkua kutri be hehenaɖoɖo siawo nade dzi ƒo na yea?

12. Nu kae míawɔ be ŋusẽ nanɔ mía ŋu?

12 Yehowa kpe ɖe Israel-viwo ŋu woɖu Amalekitɔwo kple Etiopiatɔwo dzi, eye wòdo ŋusẽ Nehemiya kple eƒe amewo ale be wowu gliɖoɖodɔa nu dedie. Mawu ado ŋusẽ míawo hã míanɔ te sesĩe ɖe tsitretsiɖeŋu, ɖekematsɔleme kple dzimaɖitsitsi nu ale be míate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa ade goe. (1 Pet. 5:10) Míekpɔa mɔ be Yehowa nawɔ nukunuwo na mí o. Ke boŋ ele be míakɔe aɖo klota ne Mawu nakɔe aɖo ta na mí. Esia bia be míanɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm gbe sia gbe, anɔ kpekpeawo dzram ɖo ahanɔ wo dem kwasiɖa sia kwasiɖa, míatsɔ nu nyuiwo anɔ míaƒe susu kple dzi nyim to ɖokuisi nusrɔsrɔ̃ kple ƒometadedeagu dzi, ahanɔ gbe dom ɖa na Yehowa ɣesiaɣi. Migana míaɖe mɔ naneke nahe míaƒe susu ɖa le nu siwo zãm Yehowa le tsɔ le ŋusẽ dom mí hele dzi dem ƒo na mí la ŋu gbeɖe o. Ne èkpɔe be yegbɔdzɔ le nu siawo dometɔ aɖe me la, bia Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò. Ekema àkpɔ ale si eƒe gbɔgbɔa ‘doa ŋusẽ wò, eye wònaa didia kple ŋusẽ wò be nàwɔ nu si dzea eŋu.’ (Flp. 2:13) Ke nu kae wò hã nàwɔ atsɔ ado ŋusẽ ame bubuwo ƒe asi?

DO ŊUSẼ ALƆ SIWO DO AGBLƆ

13, 14. (a) Nu kae do ŋusẽ nɔviŋutsu aɖe le srɔ̃a ƒe ku megbe? (b) Aleke míate ŋu atu nɔviwo ɖoe?

13 Yehowa na xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si me tɔwo léa be na ame, siwo dea dzi ƒo na mí la mí. Ðo ŋku edzi be apostolo Paulo gblɔ be: “Mido ŋusẽ asi siwo wɔ gblɔdɔɔ kple klo siwo gbɔdzɔ la, eye miyi edzi mianɔ mɔ dzɔdzɔe ɖem na miaƒe afɔwo.” (Heb. 12:12, 13) Nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me kpe ɖe wo nɔewo ŋu alea. Nenema koe wòle egbea hã. Esi nɔviŋutsu aɖe srɔ̃ ku eye eya ŋutɔ kpe fu geɖe la, egblɔ be: “Meva kpɔe be nu siwo me míato mele míawo ŋutɔ si me o, míate ŋu atia ɣeyiɣi kple zi nenie wòadzɔ ɖe mía dzi o. Ðeko wòle abe ɖe mege dze tɔme ene, eye gbedodoɖa kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ ye kpe ɖe ŋunye be nyemenyrɔ o. Nɔviwo ƒe dzidede ƒo nam faa akɔ nam geɖe. Meva de dzesi ale si wòle vevie be maʋli be ƒomedodo nyui nanɔ nye kple Yehowa dome hafi xaxawo nava tum.”

Hamea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ade dzi ƒo na nɔvia (Kpɔ memama 14)

14 Aron kple Hur lé Mose ƒe asi ɖe te ŋutɔŋutɔ le aʋawɔɣi. Míawo hã míate ŋu adi mɔ siwo dzi míato ado alɔ amewo. Ame kawo? Ame siwo le avu wɔm kple tsitsi me kuxiwo, lãmegbegblẽ, ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu alo akogotsitsi, alo le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku fam. Míate ŋu ade dzi ƒo na sɔhɛ siwo nu woƒoa nya ɖo be woawɔ nu gbegblẽ alo ati xexea ƒe “nudzedziname” yome, ɖewohĩ be woade suku kɔkɔ, akpɔ ga geɖe, alo axɔ ŋkɔ le dɔ aɖe wɔwɔ me. (1 Tes. 3:1-3; 5:11, 14) Tsɔ ɖe le eme na amewo tso dzi me ne wova Fiaɖuƒe Akpata me, ne miele gbeadzi, ne miele nu ɖum alo miele dze ɖom le kaƒomɔ̃ dzi.

15. Ŋusẽ kae nya tuameɖowo kpɔna ɖe mía nɔvi Kristotɔwo dzi?

15 Esi Asa ɖu aʋa dzi nukutɔe megbe la, nyagblɔɖila Azariya de dzi ƒo na eya kple dukɔ la be: “Miawo la, misẽ ŋu, eye miaƒe asi megado agblɔ o, elabena woaɖo miaƒe dɔwɔwɔ teƒe na mi.” (2 Kron. 15:7, etenuŋɔŋlɔ) Nya sia ʋã Asa wòwɔ tɔtrɔ geɖe hegbugbɔ subɔsubɔ dzadzɛa ɖo anyi. Wò hã wò nya tuameɖowo ate ŋu awɔ dɔ gã aɖe ɖe amewo dzi. To esia dzi la, àte ŋu akpe ɖe wo ŋu woasubɔ Yehowa nyuie wu. (Lod. 15:23) Eye mègabu ŋusẽ nyui si nàkpɔ ɖe amewo dzi ne èdo asi ɖe dzi ɖo nya ŋu wòde dzi ƒo na wo le kpekpeawo me la nu tsɛ o.

16. Abe Nehemiya ene la, aleke hamemetsitsiwo ate ŋu ado ŋusẽ hamea me tɔwo? Gblɔ ale si haxɔsetɔwo kpe ɖe wò ŋutɔ ŋuwòe.

16 Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, Nehemiya kple ame siwo nɔ eŋu la do ŋusẽ woƒe alɔwo ɖe dɔa ŋu. Wowu Yerusalem gliawo ɖoɖo nu le ŋkeke 52 pɛ ko megbe! (Neh. 2:18, etenuŋɔŋlɔ; 6:15, 16) Menye ɖe Nehemiya kpɔ dɔa dzi ko evɔ o. Eya ŋutɔ hã kpe asi ɖe Yerusalem gliawo ɖoɖo ŋu. (Neh. 5:16) Egbea hã, hamemetsitsi lɔ̃ame geɖewo srɔ̃ Nehemiya eye wokpea asi ɖe xɔtudɔwo ŋu alo dzraa woƒe Fiaɖuƒe Akpata me ɖo heléa be nɛ. Wodoa ŋusẽ ame siwo tsi dzimaɖi la ƒe alɔwo ne wowɔ dɔ kpli wo le gbeadzi alo yi ɖakpɔ wo ɖa le aƒe me.—Xlẽ Yesaya 35:3, 4.

“WÒ ASIWO MEGADO AGBLƆ O”

17, 18. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo ne kuxiwo ɖe kpe na mí alo míetsi dzimaɖi?

17 Sɔbɔsubɔ kple mía nɔviwo asi-le-asi-me nana míewɔa ɖeka. Egawɔnɛ be míezua xɔlɔ̃ vavãwo eye míekana ɖe yayra siwo Mawu Fiaɖuƒea ahe vɛ dzi geɖe wu. Ne míedoa ŋusẽ mía nɔviwo ƒe alɔ la, ekpena ɖe wo ŋu wowɔa avu kple dziɖeleameƒo eye wokpɔa mɔ be nuwo ava nyo le etsɔme. Azɔ hã etua míawo ŋutɔ ɖo eye míaƒe susu nɔa nu siwo ŋugbe Mawu do na mí la ŋu. Ɛ̃, ŋusẽ ɖoa míaƒe alɔwo ŋu vavã.

18 Mina ale si Yehowa kpe ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu hekpɔ wo ta le blema natu míaƒe xɔse kple kaka ɖe eya amea dzi ɖo. Ne kuxiwo ɖe kpe na wò si na nètsi dzimaɖi la, mègana ‘wò asiwo nado agblɔ o’! Ke boŋ do asi ɖa nàlé Yehowa ƒe asi to gbedodoɖa nɛ dzi be wòado ŋusẽ wò ahakplɔ wò be wò asi nasu Fiaɖuƒea ƒe yayrawo dzi.—Ps. 73:23, 24.