Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Míaʋli Nya Nyuia Ta Le Dumegãwo Ŋkume

Ale Si Míaʋli Nya Nyuia Ta Le Dumegãwo Ŋkume

“ŊUTSU sia nye dɔwɔnu tiatia aɖe nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi na dukɔwo kple fiawo.” (Dɔw. 9:15) Nya siae Aƒetɔ Yesu gblɔ tso Yudatɔ aɖe si trɔ dzi me zu Kristotɔ, si wova yɔ emegbe be apostolo Paulo, ŋuti.

‘Fia’ siawo dometɔ ɖekae nye Roma Fiagã Nero. Ne wòe wokplɔ va fiagã sia ŋkume la, aleke nàse le ɖokuiwò me? Wode dzi ƒo na mí Kristotɔwo be míasrɔ̃ Paulo. (1 Kor. 11:1) Mɔ aɖe si dzi míato awɔ esiae nye be míasrɔ̃ nu tso nuteƒekpɔkpɔ siwo su Paulo si le eŋɔli me ʋɔnudrɔ̃nyawo me ŋu.

Mose ƒe Sea le Israel dukɔa kplɔm, eye eya dzie Yudatɔ siwo doa vevie mawusubɔsubɔ wɔna ɖo le afi sia afi. Gake tso ƒe 33 ƒe Pentekoste dzi la, womegabia tso Mawu subɔla vavãwo si be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi o. (Dɔw. 15:28, 29; Gal. 4:9-11) Ke hã Paulo kple Kristotɔ bubuwo meƒo nu tsi tre ɖe Sea ŋu o; eye wotea ŋu ɖia ɖase le Yudatɔwo ƒe duwo me faa. (1 Kor. 9:20) Zi geɖe la, Paulo yia ƒuƒoƒewo, afi si wòate ŋu aɖi ɖase na ame siwo nya Abraham ƒe Mawu la le, ale be wòate ŋu azã Hebri Ŋɔŋlɔawo atsɔ adzro nu me kpli wo.—Dɔw. 9:19, 20; 13:5, 14-16; 14:1; 17:1, 2.

Yerusalem ye nye teƒe gbãtɔ si apostoloawo ɖo be yewoanɔ akpɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Eya ta wofiaa nu edziedzi le gbedoxɔa me. (Dɔw. 1:4; 2:46; 5:20) Gbe ɖeka esi Paulo zɔ mɔ yi Yerusalem la, wolée de gaxɔ me. Ale eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dze egɔme tso afi ma, eye emegbe wòva do ɖe Roma.

PAULO WƆ ROMATƆWO ƑE SEA ŊU DƆ

Aleke Roma dumegãwo bu dzixɔse si kakam Paulo le lae? Be míaɖo nya sia ŋu la, anyo be míade ŋugble le ale si Romatɔwo bua mawusubɔsubɔ ƒe nyawoe ŋu. Womezii ɖe to vovovo me tɔ siwo le woƒe fiaɖuƒea me dzi be woaɖe asi le woƒe dzixɔsewo ŋu o, negbe ɖe wokpɔe be anye afɔku na Dziɖuɖua alo dumeviwo ko hafi.

Romatɔwo na ablɔɖe geɖe Yudatɔ siwo le woƒe fiaɖuƒea me. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Wona mɔnukpɔkpɔ geɖe Yudatɔwo be woasubɔ woƒe Mawu faa le Roma fiaɖuƒea me. . . . Ablɔɖe le Yudatɔwo si be woagbe be yewomasubɔ trɔ̃ siwo Romatɔwo subɔna o. Woate ŋu azã woawo ŋutɔwo ƒe sewo atsɔ akplɔ amewo le woƒe nutowo me.” (Ale Si Nɔnɔmeawo Nɔ Le Kristotɔ Gbãtɔawo Ŋɔli, ele Eŋlisigbe me) Azɔ hã, womezia wo dzi be woawɔ asrafodɔ o. * Eya ta Paulo wɔ nu siwo ŋu Romatɔwo ƒe se ɖe mɔ ɖo na Yudatɔwo la ŋu dɔ tsɔ ʋli Kristotɔnyenye ta le Roma dumegãwo ŋkume.

Paulo ƒe futɔwo te kpɔ be yewoato mɔ vovovowo dzi ana dumeviwo kple dumegãwo natsi tre ɖe eŋu. (Dɔw. 13:50; 14:2, 19; 18:12, 13) De ŋugble le nudzɔdzɔ sia ŋu kpɔ. Kristotɔ hamemetsitsi siwo le Yerusalem se be Yudatɔ aɖewo le Paulo nu tsom be ele nu fiam amewo be “woagbe nu le Mose ƒe se la gbɔ.” Amenutsotso siawo ate ŋu ana Yudatɔ siwo trɔ dzi me zu Kristotɔwo yeyee la nasusui be Paulo medea bubu Mawu ƒe sewo ŋu o. Esia ate ŋu ana Sanhedrin ʋɔnudrɔ̃ƒea natso nya me be Kristotɔwo nye Yudatɔ xɔsegbelawo. Ne edzɔ alea pɛ, woahe to na Yudatɔ siwo zu Kristotɔwo. Woate ŋu anya wo le dukɔa me alo axe mɔ na wo be woagaɖi ɖase le gbedoxɔa me alo ƒuƒoƒewo o. Eya ta hamemetsitsiwo ɖo aɖaŋu na Paulo be wòawɔ nane atsɔ aɖee afia be nutsotsoawo mele eme o. Wogblɔ nɛ be wòayi gbedoxɔa me awɔ kɔnu aɖe si Mawu mebia tso esi o, evɔ eƒe se metsi tre ɖe eŋu hã o.—Dɔw. 21:18-27.

Paulo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi, eye esia na mɔnukpɔkpɔe be ‘wòaʋli nya nyuia ta ahaɖoe anyi le se nu.’ (Flp. 1:7) Eva dzɔ be le gbedoxɔa me la, Yudatɔwo de zi ameha la dome eye wodi be yewoawu Paulo. Ale Roma-srafomegã na wolé Paulo de ga. Emegbe esi wòɖe gbe be woaƒoe kple atam la, Paulo na wònya be Romatɔe yenye. Esia na wokplɔe yi Kaisarea, si nye afi si Romatɔwo ƒe dumegãwo le hafi nɔ Yudea nuto bliboa dzi ɖum. Mɔnukpɔkpɔ su esi le afi ma be wòaɖi ɖase dzideƒotɔe le dumegãwo ŋkume. Esia na ame siwo ɖewohĩ womenya nu boo tso Kristotɔwo ŋu o la va nya nu geɖe tso wo ŋu.

Dɔwɔwɔwo ta 24 lia ƒo nu tso ʋɔnu si Roma Nutodziɖula Felike drɔ̃ Paulo ŋu. Dziɖula sia nya nu tso Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo ŋu. Yudatɔwo tso Paulo nu be eda Romatɔwo ƒe se dzi le mɔ etɔ̃ ya teti nu. Wobe ele zitɔtɔ dem Yudatɔwo dome le fiaɖuƒe bliboa me; enye kɔmama vɔ̃ɖi aɖe ƒe ŋgɔnɔla; eye wòte kpɔ be yeagblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ, si nɔ Romatɔwo ƒe dzikpɔkpɔ te ɣemaɣi la. (Dɔw. 24:5, 6) Nutsotso siawo ate ŋu ana woatso kufia nɛ.

Anyo be mí Kristotɔ siwo li egbea míade ŋugble le ale si Paulo ʋli eɖokui tae ŋu. Elé eɖokui kpoo, eye wòde bubu ameawo ŋu. Eyɔ nya tso Sea kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo me, eye wògblɔ be yekpɔ mɔ asubɔ ‘ye tɔgbuiwo ƒe Mawu.’ Romatɔwo ƒe sea ɖe mɔ ɖe esia ŋu na Yudatɔ ɖe sia ɖe. (Dɔw. 24:14) Emegbe Paulo ʋli eƒe xɔse ta le Roma Nutodziɖula bubu si nye Porkio Festo kpakple Fia Herodes Agripa ŋkume.

Mlɔeba Paulo tsɔ eƒe nya de asi na dziɖula sẽŋu si nɔ anyi ɣemaɣi esi wòdi be woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ye, hegblɔ be: “Kaisaro negbugbɔ nye nya la drɔ̃ nam!”—Dɔw. 25:11.

PAULO DO ÐE KAISARO ŊKUME

Mawudɔla aɖe gblɔ na Paulo emegbe be: “Àtsi tsitre ɖe Kaisaro ŋkume.” (Dɔw. 27:24) Esi Roma Fiagã Nero dze fiaɖuɖu gɔme la, egblɔ be ye ɖeka yemadrɔ̃ nyawo katã o. Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyi gbãtɔawo me la, etsɔ ʋɔnunyawo katã kloe de asi na ame bubuwo. Agbalẽ si nye Paulo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Eƒe Lɛtawo, si le Eŋlisigbe me, gblɔ be, ne Nero lɔ̃ be yeadrɔ̃ nya aɖe la, ewɔa esia le eƒe fiasã me, eye eƒe adaŋudela bibi siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe le lae kpena ɖe eŋu.

Biblia megblɔe ne Nero ŋutɔe drɔ̃ ʋɔnu Paulo alo edee asi na ame bubu aɖe be wòase eƒe numegbe ava ka eta na ye Nero o. Aleke kee wòɖale o, Paulo anya ɖe eme be Yudatɔwo ƒe Mawue yesubɔna, eye yefiaa amewo katã be woade bubu ŋusẽtɔwo kple dziɖulawo ŋu. (Rom. 13:1-7; Tito 3:1, 2) Edze ƒãa be Paulo ʋli nya nyuia ta le dumegãwo ŋkume dzidzedzetɔe, elabe Kaisaro ɖe asi le Paulo ŋu emegbe.—Flp. 2:24; Filem. 22.

ELE BE MÍAWO HÃ MÍAƲLI NYA NYUIA TA

Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Woakplɔ mi ayi nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo kple dukɔwo.” (Mat. 10:18) Mɔnukpɔkpɔe wònye be míanɔ Yesu teƒe aʋli nya nyuia ta. Ne míewɔ esia veviedodotɔe la, míaɖu dzi le ʋɔnudrɔ̃ƒewo. Le nyateƒe me la, menye amegbetɔ madeblibowo ƒe nyametsotsowoe ‘ɖoa nya nyuia anyi le se nu’ bliboe o. Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ana míakpɔ gbɔdzɔe tso ameteteɖeanyi kple nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe si me.—Nyagb. 8:9; Yer. 10:23.

Ke hã egbea ne Kristotɔwo ʋli woƒe xɔse ta nyuie la, esia kafua Yehowa ƒe ŋkɔ. Abe Paulo ene la, anyo be míadze agbagba alé mía ɖokuiwo kpoo, míaƒo nu anukwaretɔe, eye kpeɖodzi nanɔ míaƒe nyawo ŋu. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be, mehiã be ‘woabu ale si woaʋli wo ɖokui tae la ŋu do ŋgɔ o, elabena yeana nya kple nunya wo, eye ame siwo katã tsi tsitre ɖe wo ŋu la mate ŋu anɔ te ɖe wo nu alo atsi tsitre ɖe wo ŋu o.’—Luka 21:14, 15; 2 Tim. 3:12; 1 Pet. 3:15.

Ne mí Kristotɔ vavãwo míeʋli míaƒe dzixɔsewo ta le fiawo, dziɖuɖuwo, alo dumegãwo ŋkume la, míate ŋu aɖi ɖase na ame siwo anye ne asesẽ hafi Kristotɔwo ƒe gbedeasia naɖo wo gbɔ la. Ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖewo ƒe nyametsotsowo wɔe be wogbugbɔ asi trɔ le dukplɔse aɖewo ŋu, si na nuƒoƒo kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe geɖe wu su amewo si. Gake aleke kee woɖatso nya me na Mawu subɔlawoe o, míaƒe dzideƒo le ʋɔnunyawo me doa dzidzɔ na Mawu ƒe dzi.

Míedoa Yehowa ƒe ŋkɔa ɖe dzi ne míeʋli míaƒe xɔse ta

^ mm. 8 Agbalẽŋlɔla James Parkes gblɔ be: “Woɖe mɔ na Yudatɔwo . . . be woaɖu woƒe azãwo faa. Mɔnukpɔkpɔ siawo siwo Romatɔwo na wo la menye nu tɔxɛ aɖeke o, elabena enye woƒe kɔnu be yewoana ablɔɖe geɖe nuto vovovo siwo dzi ɖum yewole la me tɔwo be woawɔ woƒe sewo ŋu dɔ.”