GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 2017

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso October 23 va se ɖe November 26, 2017 la le tata sia me.

Srɔ̃ Ðokuidziɖuɖu

Aleke Biblia me kpɔɖeŋuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu eye míazu ɖokuidziɖulawo? Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu?

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Veveseɖeamenu

Gbe ɖeka, Yehowa ƒo nu tso eƒe ŋkɔ kple eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu na Mose tsɔ ɖe ame si wònye la fiae. Veveseɖeamenu le eƒe nɔnɔme nyoameŋu siwo wòyɔ gbã la dome. Nu kae wòfia be woase veve ɖe ame nu, eye nu ka tae wòle vevie be nàsrɔ̃ nu geɖe tso veveseɖeamenu ŋu?

AGBEMEŊUTINYA

Mɔnukpɔkpɔ Su Asinye Mewɔ Dɔ Kple Nuteƒewɔlawo

David Sinclair ƒo nu tso dzidzɔ siwo wòkpɔ esi mɔnukpɔkpɔ su esi wòwɔ dɔ kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nuteƒewɔlawo le ƒe 61 siwo wòtsɔ subɔ le Brooklyn Betel me la dometɔ aɖewo ŋu.

“Mía Mawu Ƒe Nya Ya Nɔa Anyi Tegbee”

Wowu Biblia ŋɔŋlɔ nu ƒe alafa geɖewoe nye esia, ke hã egakpɔtɔ nye agbalẽ si amewo ƒlena wu, togbɔ be gbe siwo amewo dona nɔ tɔtrɔm, xexemedziɖuɖuwo he tɔtrɔ gãwo vɛ, eye amewo tsi tsitre ɖe egɔmeɖeɖe ŋu hã.

‘Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu’

Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ kpe ɖe ame geɖe ŋu wowɔ tɔtrɔ gãwo le woƒe agbe me. Nu kae wòle be míawɔ hafi Mawu ƒe Nyaa naɖe vi na mí?

“Lé Dzi Ðe Ƒo, . . . Eye Nàwɔ Dɔ La”

Nu ka tae wòhiã be dzi nanɔ mía ƒo, eye aleke míawɔ be dzi nanɔ mía ƒo?