Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu’

‘Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu’

“Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.”​—HEB. 4:12.

HADZIDZI: 96, 94

1. Nu ka tae nèka ɖe edzi be ŋusẽ le Mawu ƒe Nyaa ŋu? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

MÍ Yehowa subɔlawo míeka ɖe edzi be Mawu ƒe nya la, si nye gbedeasi si tso egbɔ na amegbetɔwo la, “le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.” (Heb. 4:12) Tɔtrɔ siwo mía dometɔ geɖe wɔ le agbe me le Biblia ƒe kpekpeɖeŋu me la na míeka ɖe edzi be ŋusẽ le Mawu ƒe Nyaa ŋu vavã. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo nye fiafitɔwo tsã, ɖewo nye ame siwo atike vɔ̃ɖi zazã zu numame na tsã, eye ɖewo hã ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me va yi. Agbea dze edzi na ame aɖewo hã le nuɖoanyi sia me gake wogakpɔtɔ nɔ sesem le wo ɖokuiwo me be nane bu ɖe yewo. (Nyagb. 2:3-11) Edzɔ enuenu be ŋusẽ si le Biblia ŋu kpe ɖe ame siwo ƒe agbenɔnɔ vlo ale gbegbe be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali be woatrɔ o la ŋu wova ke ɖe agbemɔa ŋu. Anɔ eme be èxlẽ nu tso ale si Biblia kpe ɖe ame siawo tɔgbi ŋu la le Gbetakpɔxɔ me nyati siwo ƒe tanyae nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” la me eye wo xexlẽ do dzidzɔ na wò. Azɔ hã, èkpɔ ale si Biblia le kpekpem ɖe ame siwo va zu Kristotɔwo la ŋu woyi edzi le ŋusẽ dom ƒomedodo si le wo kple Yehowa dome le nyateƒea xɔxɔ vɔ megbe gɔ̃ hã.

2. Aleke ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋu kpe ɖe amewo ŋu le ƒe alafa gbãtɔ me?

2 Ðe wòle be ale si Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kpe ɖe ame geɖe ŋu wowɔ tɔtrɔ gãwo egbea la nawɔ nuku na mía? Kura o! Agbemenuteƒekpɔkpɔ mawo nana míeɖoa ŋku mía nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ nɔ la dzi. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 6:9-11.) Esi apostolo Paulo yɔ nu gbegblẽ wɔla vovovo siwo manyi Mawu Fiaɖuƒea dome o vɔ la, egblɔ kpee be: “Nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã.” Gake le Ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, wotrɔ woƒe agbenɔnɔ. Le nyateƒea xɔxɔ vɔ megbe gɔ̃ hã la, ame aɖewo gava wɔ nu gbegblẽ siwo nye ŋkubiãnya. Biblia ƒo nu tso Kristotɔ amesiamina aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me si woɖe le haa me gake emegbe wogbugbɔ xɔe la ŋu. (1 Kor. 5:1-5; 2 Kor. 2:5-8) Ede dzi ƒo ŋutɔ be mía nɔviwo te ŋu ɖu kuxi vovovo siwo ɖe fu na wo la dzi le Mawu ƒe Nyaa ƒe kpekpeɖeŋu me.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Esi ŋusẽ le Mawu ƒe Nyaa ŋu eye etsɔe na mí be míazãe ta la, míedina be míawɔ eŋu dɔ bliboe. (2 Tim. 2:15) Eya ta le nyati sia me la, míadzro ale si míate ŋu awɔ ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋu la ŋu dɔ (1) le míaƒe agbenɔnɔ me, (2) ne míele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me kple (3) ne míele nu fiam le kplɔ̃ta, la me. Ŋkuɖodzinya siawo akpe ɖe mía ŋu míaɖee afia be míelɔ̃ mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo, si fiaa nu mí be wòaɖe vi na mí la, eye míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo wòwɔna na mí ŋu.—Yes. 48:17.

LE MÍAƑE AGBENƆNƆ ME

4. (a) Nu kae wòle be míawɔ ale be Mawu ƒe Nya la naɖe vi na mí? (b) Aleke nèwɔna kpɔa ɣeyiɣi na Biblia xexlẽ?

4 Hafi Mawu ƒe Nyaa naɖe vi na mí la, ele be míanɔ exlẽm edziedzi, alo gbe sia gbe gɔ̃ hã. (Yos. 1:8) Ele eme baa be vovo menɔa mía dometɔ geɖe ŋu o. Ke hã, mele be míaɖe mɔ míaƒe agbanɔamedziwo alo nu bubu aɖeke nagblẽ ɖoɖo si míewɔ ɖe Biblia xexlẽ ŋu la me o. (Xlẽ Efesotɔwo 5:15, 16.) Yehowa ƒe amewo dometɔ geɖe dze agbagba di ɣeyiɣi si woatsɔ anɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe, eɖanye le ŋdi kanya, le ŋkekea me loo alo le ŋkekea ƒe nuwuwu o. Wosena le wo ɖokui me abe hakpalaa ene, esi wòŋlɔ bena: “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Medea ŋugble le eŋu ŋkeke blibo la.”—Ps. 119:97.

5, 6. (a) Nu ka tae ŋugbledede le vevie? (b) Aleke míawɔ ade ŋugble le Mawu ƒe Nyaa ŋu nyuie? (d) Aleke Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu ɖe vi na wò?

5 Biblia xexlẽ ɖeɖe mesu o, ele vevie be míade ŋugble le nu siwo míexlẽ ŋu. (Ps. 1:1-3) Ema ko hafi míate ŋu awɔ eƒe nunya si ŋu viɖe mavɔ le la ŋu dɔ le míaƒe agbe me. Míeɖaxlẽa Mawu ƒe Nya la le agbalẽ me loo alo le elektrɔnikmɔ̃wo dzi o, míaƒe taɖodzinue nye be míana emenyawo nade dzi gbɔ na mí.

6 Aleke míawɔ ade ŋugble le Mawu ƒe Nyaa ŋu nyuie? Ame geɖe kpɔe be eɖea vi ne yewoxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe vɔ eye yewotɔ sẽe hetsɔ nyabiasewo abe esiwo gbɔna ene la de ŋugble le nu si yewoxlẽ ŋu: ‘Nu kae nya sia fiam tso Yehowa ŋu? Mɔ kawo nue mele nu si mexlẽ la dzi wɔm le xoxo? Go kawo mee mate ŋu awɔ ŋgɔyiyi le?’ Ne míedea ŋugble le nu si míexlẽ le Mawu ƒe Nyaa me ŋu eye míedoa gbe ɖa tso eŋu la, esia aʋã mí míadi be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le eme la dzi nyuie wu. Ɛ̃, esia wɔwɔ ana ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋu nadze ƒãa le míaƒe agbe me.—2 Kor. 10:4, 5.

LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

7. Aleke míate ŋu awɔ Mawu ƒe Nyaa ŋu dɔ nyuie le gbeƒãɖeɖedɔa me?

7 Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ Mawu ƒe Nyaa ŋu dɔ nyuie le gbeƒãɖeɖedɔa me? Gbã, anyo be míanɔ ezãm edziedzi ne míele gbeƒã ɖem alo le nu fiam le gbeadzi. Nɔviŋutsu aɖe gblɔe nyuie ale, “Ne wò kple Yehowa miele gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me la, wòe anɔ nyawo katã gblɔma, alo àna Yehowa naƒo nu?” Nu si wòwɔnɛ ye nye esi: Ne míexlẽ nyawo tẽe tso Mawu ƒe Nyaa me le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, efia be míena Yehowa ŋutɔ le nu ƒom na aƒemenɔlaa. Mawunyakpukpui si sɔ xexlẽ na amea aɖe vi geɖe wu nya ɖe sia ɖe si míawo ŋutɔwo míagblɔ. (1 Tes. 2:13) Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ xlẽa Mawu ƒe Nyaa na ame siwo metsɔa nya nyuia yina na?’

8. Ne míele gbeƒã ɖem la, nu ka tae mawunyakpukpuiwo xexlẽ ɖeɖe mesu o?

8 Ne míele ɖase ɖim na amewo la, mawunyakpukpuiwo xexlẽ ɖeɖe mesu o. Nu ka tae? Nu si tae ye nye be ame geɖe mese nu si Biblia fia gɔme o. Esia nye nyateƒe le ƒe alafa gbãtɔ me, eye nenema kee wòle egbea hã. (Rom. 10:2) Eya ta, mele be míasusui be ne míexlẽ mawunyakpukpui aɖe na ame aɖe ko la, ase egɔme o. Ehiã be míagbɔ dzi ɖi agahe amea ƒe susu ayi nya vevi aɖewo dzi le kpukpuia me eye míaɖe nu si nya mawo fia la me nɛ. Ne míewɔnɛ alea la, awɔe be gbedeasi si le Mawu ƒe Nyaa me naɖo nyaselawo ƒe dzi gbɔ eye atsi susu me na wo.—Xlẽ Luka 24:32.

9. Aleke míate ŋu ahe susu ayi Biblia dzi le mɔ si ana woade bubu eŋu nu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Azɔ hã, ehiã be míahe susu ayi Biblia dzi le mɔ si ana woade bubu eŋu nu. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu agblɔ be, “Na míakpɔ nya si mía Wɔlaa gblɔ tso nya sia ŋu ɖa.” Ne míele nu ƒom na ame aɖe si menye Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha aɖeke me tɔ o la, míate ŋu agblɔ be, “Na míakpɔ nya si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔ ɖa.” Eye ne míele ɖase ɖim na ame aɖe si metsɔ ɖe le mawusubɔsubɔnyawo me o la, míate ŋu abiae be, “Ðe nèse blemalododo sia kpɔa?” Ne ele susu me na mí be ame sia ame ƒe dzixɔsewo le vovo la, míatrɔ asi le míaƒe dzeɖonyawo ŋu wòasɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe.—1 Kor. 9:22, 23.

10. (a) Nuteƒekpɔkpɔ kae su nɔviŋutsu aɖe si? (b) Aleke wò ŋutɔ nède dzesi ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me?

10 Ame geɖe kpɔe be ne yewozã Mawu ƒe Nyaa le gbeƒãɖeɖedɔa me la, ewɔa dɔ geɖe ɖe yewoƒe nyaselawo dzi. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Nɔviŋutsu aɖe trɔ yi ŋutsu tsitsi aɖe si xlẽa míaƒe magazineawo ƒe geɖee nye ema la gbɔ. Le esi wòatsɔ Gbetakpɔxɔ yeyea anae ko teƒe la, nɔviŋutsua xlẽ mawunyakpukpui aɖe si woŋlɔ ɖe magazinea me la nɛ. Exlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4 nɛ, si gblɔ be: ‘Dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la faa akɔ na mí le míaƒe tetekpɔwo katã me.’ Nya mawo wɔ dɔ ɖe ŋutsua dzi ale gbegbe be egblɔ na nɔviŋutsua be wòagaxlẽ mawunyakpukpuia na ye ake. Eyome ŋutsua gblɔ ale si gbegbe eya kple srɔ̃a wohiã akɔfafae la na nɔviŋutsua, eye tso ekema dzi la, eva tsɔ ɖe le Biblia me gbedeasia me geɖe wu. Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋu la wɔa dɔ ɖe amewo dzi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me oa?—Dɔw. 19:20.

NE MÍELE NU FIAM LE KPLƆ̃TA

11. Agba kae le nɔviŋutsu siwo fiaa nu le kplɔ̃ta la dzi?

11 Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo dede dzɔa dzi na mí katã. Yehowa subɔsubɔe nye susu vevitɔ si tae míedea kpekpe mawo ɖo. Azɔ hã, nu siwo míesrɔ̃na le teƒe mawo la ɖea vi geɖe na mí. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee su nɔviŋutsu siwo fiaa nu le kplɔ̃ta le kpekpe mawo me la si. Gake ele be woade dzesii hã be agba gã aɖee wònye le yewo dzi. (Yak. 3:1) Ele be woakpɔ egbɔ be yewotu yewoƒe nufiafiawo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi ɣeawokatãɣi. Ne wode dɔ asi na wò be nàfia nu le kplɔ̃ta la, aleke nàte ŋu awɔ ŋusẽ si le Biblia ŋu la ŋu dɔ le nya siwo nàgblɔ me?

12. Aleke nuƒola ate ŋu akpɔ egbɔ be yetu yeƒe nuƒoa ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi?

12 Kpɔ egbɔ be ètu wò nuƒoa ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. (Yoh. 7:16) Nu kae esia bia? Gbã, ɖɔ ŋu ɖo be naneke nagavu tsyɔ mawunyakpukpui siwo nàxlẽ la dzi alo ahe nyaselawo ƒe susu ɖa le wo dzi o, eɖanye nuteƒekpɔkpɔwo, kpɔɖeŋuwo, alo mɔ si nu nàƒo nuƒoa le o. Azɔ hã, ɖo ŋku edzi be nufiafia tso Biblia me bia nu geɖe wu mawunyakpukpuiwo xexlẽ ko. Le nyateƒe me la, ne mawunyakpukpui siwo nèxlẽ la sɔ gbɔ akpa la, ate ŋu adzɔ be wo dometɔ aɖeke matsi susu me na nyaselawo o. Eya ta, tia mawunyakpukpui veviawo nyuie, eye gbɔ dzi ɖi nàxlẽ wo, aɖe wo me, awɔ kpɔɖeŋu ahafia ale si nyaselawo awɔ wo ŋu dɔe. (Neh. 8:8) Ne nuƒogbalẽ aɖe si habɔbɔa ta lae nàzã atsɔ aƒo nuƒoa la, di ɣeyiɣi nàdzro nuƒogbalẽa kple mawunyakpukpuiawo me nyuie. Dze agbagba nàkpɔ kadodo si le nuƒogbalẽa dzi nyawo kple mawunyakpukpuiawo dome. Azɔ zã mawunyakpukpui siwo ŋu dɔ nàwɔ la atsɔ aɖe nya vevi siwo le nuƒogbalẽa dzi la me. (Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ 21 va ɖo 23 lia me.) Ƒo wo katã ta la, do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò be nàna nyaselawo nade dzesi nufiame xɔasi siwo le eƒe Nyaa me.—Xlẽ Ezra 7:10; Lododowo 3:13, 14.

13. (a) Aleke mawunyakpukpui aɖe si woxlẽ le Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe me la wɔ dɔ ɖe nɔvinyɔnu aɖe dzi? (b) Aleke mɔ si nu wozã Biblia le le míaƒe kpekpewo me la ɖe vi na wò?

13 Ale si wowɔ ŋɔŋlɔawo ŋu dɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe me la wɔ dɔ ɖe nɔvinyɔnu aɖe si le Australia la dzi ale gbegbe. Togbɔ be eto nɔnɔme sesẽwo me le eƒe ɖevime hã, exɔ Biblia me nyateƒea eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa. Eye togbɔ be eva zu Yehowa subɔla hã, enɔ sesẽm nɛ be wòaxɔe ase be Yehowa lɔ̃ ye. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye. Nu kae kpe ɖe eŋu wòva ka ɖe edzi mlɔeba? Nu si kpe ɖe eŋue nye be, ede ŋugble le mawunyakpukpui aɖe si wozã le míaƒe kpekpe aɖe me ŋu, ewɔ numekuku tso eŋu, eye wòkpɔ kadodo si le kpukpui ma kple bubu siwo le Biblia me la dome. * Ðe ale si wowɔ Mawu ƒe Nyaa ŋu dɔ le kpekpewo kple takpekpewo me la wɔ dɔ ɖe dziwò le mɔ sia tɔgbi nu kpɔa?—Neh. 8:12.

14. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ Yehowa ƒe Nyaa ŋu?

14 Aleke gbegbee míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe Nya, Biblia la, ŋue nye esi! Menye ɖeko lɔlɔ̃ ʋãe wòna nunana nyui sia amegbetɔwo o, ke ewɔ ŋugbe si wòdo be anɔ anyi tegbee la hã dzi. (1 Pet. 1:24, 25) Eya ta, anyo ŋutɔ be míanɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm edziedzi, awɔ eŋu dɔ le míaƒe agbe me, eye míanɔ ezãm atsɔ anɔ kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu. Ne míewɔnɛ alea la, ekema míele eɖem fia be míelɔ̃ nunana xɔasi sia hekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu, eye ƒo wo katã ta la, míelɔ̃ Yehowa Mawu, Ame si gbɔ wòtso la hã.

^ mm. 13 Kpɔ aɖaka si nye “ Meɖɔ Susu Ma Ðo.”