Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Lé Dzi Ðe Ƒo, . . . Eye Nàwɔ Dɔ La”

“Lé Dzi Ðe Ƒo, . . . Eye Nàwɔ Dɔ La”

“Lé dzi ɖe ƒo, sẽ ŋu, eye nàwɔ dɔ la. Mègavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o, elabena Yehowa . . . li kpli wò.”​—1 KRON. 28:20.

HADZIDZI: 38, 34

1, 2. (a) Dɔ vevi kae wode asi na Salomo? (b) Nu ka tae David tsi dzi ɖe Salomo ŋu?

WODE dɔ asi na Salomo be wòakpɔ xɔtudɔ vevitɔ kekeake si wowɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me, si nye gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la tutu dzi. Xɔa ‘alolo ale gbegbe eye eƒe nyonyo aƒo ɖe sia ɖe ta sãsãsã le anyigba blibo la dzi.’ Vevietɔ wu la, gbedoxɔa anye “Yehowa, Mawu vavã la, ƒe aƒe.” Yehowa gblɔ be Salomo ye akpɔ dɔ sia dzi.—1 Kron. 22:1, 5, 9-11.

2 Fia David nya be Mawu akpe ɖe Salomo ŋu, gake Salomo nye “ɖekakpui dzaa makpɔnuteƒe.” Ðe dzi anɔ eƒo wòalɔ̃ be yeakpɔ gbedoxɔtutudɔa dzia? Esi Salomo nye ɖekakpui dzaa makpɔnuteƒe ta la, ɖe esia awɔe be mate ŋu awɔ dɔa nyuie oa? Be Salomo nate ŋu awɔ dɔa la, ele be wòalé dzi ɖe ƒo.

3. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Salomo srɔ̃ dzideƒo tso fofoa gbɔ?

3 Salomo anya srɔ̃ dzideƒo tso fofoa gbɔ. Esi David nɔ ɖevime la, ewɔ avu kple lã wɔadã siwo va lé fofoa ƒe alẽwo. (1 Sam. 17:34, 35) Dzi nɔ eƒo ale gbegbe esime wòkpe akɔ kple aʋakalẽtɔ dzɔtsu aɖe. Mawu kpe ɖe David ŋu wòtsɔ kpe zɔzrɔ̃e ɖeka wu Goliat.—1 Sam. 17:45, 49, 50.

4. Nu ka tae wòhiã be dzi nanɔ Salomo ƒo?

4 Eya ta esɔ ŋutɔ be David va de dzi ƒo na Salomo emegbe be wòalé dzi ɖe ƒo eye wòatu gbedoxɔa. (Xlẽ 1 Kronika 28:20.) Ne ɖe Salomo melé dzi ɖe ƒo o la, anye ne vɔvɔ̃ ɖu edzi wòdo kpo dɔa wɔwɔ.

5. Nu ka tae wòle be dzi nanɔ mía ƒo?

5 Abe Salomo ene la, míawo hã míehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be dzi nanɔ mía ƒo míawɔ dɔ si wòde mía si la ade goe. Be míate ŋu awɔ esia la, ele be míade ŋugble le ame aɖewo siwo lé dzi ɖe ƒo le blema la ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu. Esia akpe ɖe mía ŋu míabu ale si míawɔ be dzi nanɔ mía ƒo míawɔ dɔ si wode asi na mí la ade goe ŋu.

AME SIWO ÐO DZINƆAMEƑO ƑE KPƆÐEŊUWO ÐI

6. Nu kae dzɔ dzi na wò le dzinɔameƒo si Yosef ɖe fia ŋu?

6 De ŋugble le ale si Yosef wɔ nu dzinɔameƒotɔe esi Potifar srɔ̃ ƒoe ɖe enu be wòadɔ kpli ye ŋu kpɔ. Enya be ne yegbe nya si nyɔnua do ɖe ye gbɔ la, manɔ bɔbɔe na ye o. Ke hã mena ta o, ewɔ nu dzinɔameƒotɔe eye wòsi.—1 Mose 39:10, 12.

7. Nu kae Rahab wɔ si ɖee fia be dzi le eƒo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

7 Ame bubu si lé dzi ɖe ƒoe nye Rahab. Esi ŋkutsala siwo tso Israel yi eƒe aƒe me le Yeriko la, vɔvɔ̃ ate ŋu awɔe be malɔ̃ axɔ wo o. Gake eɖo dzi ɖe Yehowa ŋu eye wòɣla ŋutsu eveawo hekpe ɖe wo ŋu wosi. (Yos. 2:4, 5, 9, 12-16) Rahab lɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Mawu vavã la, eye le mɔ aɖe nu la eka ɖe edzi be atsɔ anyigbaa ana Israel-viwo. Meɖe mɔ amegbetɔvɔvɔ̃ alo vɔvɔ̃ na Yeriko-fia kple eƒe ame dɔdɔawo ɖu edzi o. Ke boŋ ewɔ nu si xɔ eya kple eƒe ƒomea ɖe agbe.—Yos. 6:22, 23.

8. Aleke Yesu ƒe dzinɔameƒoa ɖe vi na eƒe apostoloawoe?

8 Yesu ƒe apostolo wɔnuteƒeawo ɖo dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Wokpɔ ale si dzi nɔ Yesu ƒoe. (Mat. 8:28-32; Yoh. 2:13-17; 18:3-5) Kpɔɖeŋu ma na wosrɔ̃ ale si woana dzi nanɔ wo ƒo. Esi Zadukitɔwo tsi tre ɖe apostoloawo ŋu la, womedzudzɔ nufiafia le Yesu ƒe ŋkɔ me o.—Dɔw. 5:17, 18, 27-29.

9. Le 2 Timoteo 1:7 ƒe nyaa nu la, ame kae nye míaƒe dzideƒo tsoƒe?

9 Dzi nɔ Yosef, Rahab, Yesu kple apostoloawo ƒo, si na wowɔ dɔ nyuiwo. Woƒe dzinɔameƒoa metso ale si woka ɖe wo ɖokuiwo dzi gbɔ o. Ke boŋ dzi nɔ wo ƒo elabe woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Míawo hã míedoa go nɔnɔme siwo bia dzideƒo. Mele be míaɖo ŋu ɖe mía ɖokuiwo ŋu o, Yehowa ŋue wòle be míaɖo ŋu ɖo. (Xlẽ 2 Timoteo 1:7.) Mina míakpɔ mɔ eve aɖewo siwo nu míehiã dzideƒo le la ɖa. Woawoe nye: le ƒomea kple hamea me.

NƆNƆME SIWO ME DZIDEƑO HIÃ LE

10. Nu ka tae wòle be dzi nanɔ sɔhɛ Kristotɔwo ƒo?

10 Sɔhɛ Kristotɔwo doa go nɔnɔme vovovo siwo me wòle be woana dzi nanɔ wo ƒo woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le. Woate ŋu asrɔ̃ ale si dzi nɔ Salomo ƒo eye wòwɔ ɖoɖo nyui siwo kpe ɖe eŋu wòwu gbedoxɔa tutu nu la ƒe kpɔɖeŋu. Togbɔ be ele be sɔhɛ Kristotɔwo nawɔ ɖe wo dzilawo ƒe mɔfiamewo dzi hã la, nyametsotso aɖewo li wòle be woawo ŋutɔwo hã woawɔ. (Lod. 27:11) Ehiã be dzi nanɔ wo ƒo hafi woate ŋu atso nya me le nunya me le hadede nyuiwo, dzidzɔdonamenu ɖɔʋuwo tiatia, agbe nyui nɔnɔ kple nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu. Esia wɔwɔ afia be sɔhɛ siawo gbe be yewomawɔ Satana, ame si le alɔme ɖem le Mawu ŋu la ƒe lɔlɔ̃nu o.

11, 12. (a) Dzideƒo ƒe kpɔɖeŋu nyui kae Mose ɖo? (b) Aleke sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ Mose ƒe kpɔɖeŋua?

11 Nu vevi si ŋu wòle be sɔhɛwo natso nya me lee nye taɖodzinu siwo yome woati. Le dukɔ aɖewo me la, woƒonɛ ɖe sɔhɛwo nu be woade suku kɔkɔ alo awɔ dɔ siwo me ga le. Le dukɔ bubuwo hã me la, ganyawo ƒe sesẽ ate ŋu ana sɔhɛwo nase le wo ɖokuiwo me be ele be yewoawɔ dɔ siwo ana yewoate ŋu akpe asi ɖe yewoƒe ƒomewo ŋu. Ne èle nɔnɔme siawo dometɔ aɖe me la, ekema de ŋugble le kpɔɖeŋu si Mose ɖo la ŋu kpɔ. Esi wònye be Farao vinyɔnuae nyii ta la, Mose ate ŋu atiae be yeati ŋkɔxɔxɔ alo kesinɔnuwo yome hafi. Bu ale si ƒome si me wònɔ le Egipte, eƒe nufialawo kple aɖaŋuɖolawo anya nɔ nya ƒom ɖe enu ŋu kpɔ! Mose mena ta o, ke boŋ dzi nɔ eƒo wòtiae be yeati subɔsubɔ dzadzɛa yome. Esi Mose nya gblẽ Egipte kesinɔnuwo ɖi ko la, eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. (Heb. 11:24-26) Esia na Yehowa yra Mose ɣemaɣi eye ɖikeke mele eme o be agayrae geɖe wu le etsɔme.

12 Nenema kee Yehowa aɖo eteƒe na sɔhɛ dzinɔameƒotɔ siwo kua kutri le Yehowa subɔsubɔ me eye wotsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me la. Akpe ɖe wo ŋu woakpɔ woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ɖekakpui Timoteo tsɔ eƒe susu ɖo Mawu subɔsubɔ ŋu. Wò hã àte ŋu awɔe nenema ke. *Xlẽ Filipitɔwo 2:19-22.

Ðe nèɖoe be yeaɖee afia be dzi le ye ƒo le nɔnɔme ɖe sia ɖe mea? (Kpɔ memama 13-17)

13. Aleke dzi nɔ nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe ƒo wòɖo eƒe taɖodzinuwo gbɔ?

13 Ele be dzi nanɔ nɔvinyɔnu aɖe si le Alabama, Amerika, la ƒo be wòate ŋu aɖo taɖodzinu siwo wòɖo na eɖokui le Mawu subɔsubɔ me la gbɔ. Egblɔ be: “Esi menɔ tsitsim la, ŋu kpeam ŋutɔ. Esesẽna nam be maɖo dze kple amewo le Fiaɖuƒe Akpataa me, ʋuu keke mahayi ʋɔ ƒo ge na ame siwo nyemenya o.” Nɔvinyɔnu sɔhɛ sia dzilawo kple hamea me tɔwo kpe ɖe eŋu wòva zu gbesiagbe mɔɖela. Egblɔ be: “Satana ƒe xexea doa suku kɔkɔ dede, ŋkɔxɔxɔ, ga kple nunɔamesi geɖe yome titi ɖe ŋgɔ be wonye taɖodzinu nyuiwo. Zi geɖe la, taɖodzinu siawo gbɔ ɖoɖo sesẽna eye nuteɖeamedzi kple dzivee koe wohena vɛ. Gake Yehowa subɔsubɔ na mele dzidzɔ kpɔm eye nye dzi dze eme.”

14. Nɔnɔme kawo mee wòahiã be dzi nanɔ dzila Kristotɔwo ƒo le?

14 Ele be dzi nanɔ dzila Kristotɔwo hã ƒo. Le kpɔɖeŋu me, wò dɔtɔ ate ŋu anɔ eƒom ɖe nuwò be nàganɔ dɔ wɔm le kpakpã megbe kple kwasiɖanuwuwuwo. Evɔ ɣeyiɣi siawoe nèɖo be yeawɔ ƒometadedeagu, ayi gbeadzi alo ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Ebia dzideƒo hafi nàte ŋu agbe wò dɔtɔ ƒe nyaƒoɖeamenu edziedzi ale be nàɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ na viwòwo. Alo ɖewohĩ dzila aɖewo le hamea me siwo ɖea mɔ na wo viwo be woawɔ nanewo siwo wò ya mèɖea mɔ na viwòwo be woawɔ o. Dzila mawo ate ŋu abia wò be nàɖe susu si tae la me. Ðe dzi anɔ ƒowò be nàɖe susu si tae mèɖea mɔ na viwòwo o la me aɖaŋutɔea?

15. Aleke Psalmo 37:25 kple Hebritɔwo 13:5 ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu?

15 Ne míekpe ɖe mía viwo ŋu woɖo taɖodzinuwo na wo ɖokuiwo le Yehowa subɔsubɔ me la, ke efia be dzi le mía ƒo. Le kpɔɖeŋu me, dzila aɖewo hena ɖe megbe be woade dzi ƒo na wo viwo be woawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, asubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖewo hiã le, awɔ dɔ le Betel, alo akpe asi ɖe teokrasixɔtudɔwo ŋu. Dzila siawo anɔ vɔvɔ̃m be yewo viwo mate ŋu ava kpɔ yewo dzi ne yewotsi o. Ke hã, dzila siwo dze aɖaŋu la ɖenɛ fiana be dzi le yewo ƒo ne woka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi. (Xlẽ Psalmo 37:25; Hebritɔwo 13:5.) Mɔ bubu si dzi nàto aɖee afia be dzi le ye ƒo eye yeka ɖe Yehowa dzie nye be nàkpe ɖe viwòwo ŋu be woawo hã woaka ɖe edzi nenema ke.—1 Sam. 1:27, 28; 2 Tim. 3:14, 15.

16. Aleke dzila aɖewo kpe ɖe wo viwo ŋu be woaɖo taɖodzinuwo na wo ɖokuiwo le Mawu subɔsubɔ me, eye aleke esia ɖe vi na woe?

16 Atsu kple asi aɖe si le Amerika la kpe ɖe wo viwo ŋu woɖo taɖodzinuwo na wo ɖokuiwo le Mawu subɔsubɔ me. Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Míeƒoa nu tso dzidzɔ siwo le mɔɖeɖedɔa me kple asikpekpe ɖe hamea ŋu na mía viwo hafi wodzea azɔlizɔzɔ kple nuƒoƒo gɔme. Fifia, esiae nye woƒe taɖodzinu. Ne mía viwo ɖo taɖodzinu siwo woɖo na wo ɖokuiwo le Mawu subɔsubɔ me gbɔ la, esia kpena ɖe wo ŋu wonɔa te ɖe Satana ƒe xexea ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu, eye wotsɔa susu ɖoa ame si le vevie wu, si nye Yehowa la ŋu.” Nɔviŋutsu aɖe si si vi eve le gblɔ be: “Dzila geɖewo zãa ɣeyiɣi kple ga geɖe tsɔ kpena ɖe wo viwo ŋu be woaɖo woƒe taɖodzinu siwo nye kamedede, dzidzɔdonamenuwo kple sukudede gbɔ. Gake aɖe vi geɖe wu be míazã míaƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo atsɔ akpe ɖe mía viwo ŋu be woaɖo taɖodzinu siwo akpe ɖe wo ŋu be wo kple Yehowa dome nanɔ nyuie la gbɔ. Ne mía viwo ɖo taɖodzinu siwo woɖo na wo ɖokuiwo le Mawu subɔsubɔ me gbɔ la, míaƒe dzi dzea eme ŋutɔ abe ɖe míawo ŋutɔwo hã míeɖo taɖodzinu mawo ke gbɔ ene.” Àte ŋu aka ɖe edzi be Mawu ayra dzila siwo kpena ɖe wo viwo ŋu be woaɖo taɖodzinuwo na wo ɖokuiwo le Mawu subɔsubɔ me ahaɖo wo gbɔ la ŋutɔ.

ALE SI MÍATE ŊU ANA DZI NANƆ MÍA ƑO LE HAMEA ME

17. Ƒo nu tso dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu siwo le hamea me ŋu.

17 Ehiã be míaɖee afia be dzi le mía ƒo le hamea hã me. Le kpɔɖeŋu me, ele be dzi nanɔ hamemetsitsiwo ƒo ne wole ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ kpɔm alo wole kpekpem ɖe ame siwo le lãmesẽkuxi sesẽwo me tom la ŋu. Hamemetsitsi aɖewo yia gaxɔwo me ɖasrãa gamenɔla aɖewo kpɔ eye wokpɔa woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na wo. Ke nɔvinyɔnu trewo ya ɖe? Mɔnukpɔkpɔ geɖe ʋu ɖi na wo be woakeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Woate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa, aʋu ayi afi si gbeƒãɖela geɖewo hiã le, awɔ dɔ kple Dukɔa Me Xɔtuɖaŋu Kple Xɔtudɔ Dzikpɔƒea alo ade Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua. Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã de Gilead Sukua.

18. Aleke nɔvinyɔnu tsitsiwo ate ŋu aɖee afia be dzi le yewo ƒo?

18 Yayrae nɔvinyɔnu tsitsiwo nye na hamea. Míelɔ̃ nɔvinyɔnu siawo ŋutɔ! Wo dometɔ geɖe megate ŋu le geɖe wɔm le Mawu subɔsubɔdɔa me abe tsã ene o, gake woate ŋu alé dzi ɖe ƒo ahayi dɔa dzi. (Xlẽ Tito 2:3-5.) Le kpɔɖeŋu me, ahiã be dzi nanɔ nɔvinyɔnu tsitsi aɖe ƒo ne hamemetsitsiwo bia tso esi be wòaɖo aɖaŋu na nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe be wòado awu le nɔnɔme nyui me. Mahe nya ɖe nɔvinyɔnua ŋu le awu siwo wòdona ta ya o, gake ate ŋu ade dzi ƒo nɛ be wòalé ŋku ɖe eƒe nudodowo ŋu, elabe ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame bubuwo dzi. (1 Tim. 2:9, 10) Ne nɔvinyɔnu tsitsiwo dea dzi ƒo na ɖetugbuiwo alea la, aɖe vi na hame bliboa.

19. (a) Aleke nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo aɖee afia be dzi le yewo ƒo? (b) Aleke Filipitɔwo 2:13 kple 4:13 akpe ɖe nɔviŋutsuwo ŋu dzi nanɔ wo ƒo?

19 Ame bubu siwo ƒo wòle be dzi nanɔ woawɔ dɔe nye nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔwo. Ŋutsu siwo ƒo dzi le siwo di be yewoaxɔ agbanɔamedzi geɖe la nye yayra na hamea. (1 Tim. 3:1) Ke hã, wo dometɔ aɖewo hena ɖe megbe be yewoaminya agbanɔamedziwo. Ðewohĩ nɔviŋutsu aɖe wɔ vodada aɖe va yi, eye fifia ele sesem le eɖokui me be yemedze anye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi o. Nɔviŋutsu bubu ate ŋu asusu be yemesu te awɔ dɔdeasi aɖe o. Ne èsena le ɖokuiwò me alea la, ke Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò dzi naɖo ƒowò. (Xlẽ Filipitɔwo 2:13; 4:13.) Ðo ŋku edzi be Mose hã se le eɖokui me kpɔ be yemedze awɔ dɔ si wode ye si la o. (2 Mose 3:11) Gake Yehowa kpe ɖe Mose ŋu dzi va ɖo eƒo wòwɔ dɔa wu enu. Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ aɖe doa gbe ɖa biaa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu kutrikukutɔe eye wòxlẽa Biblia gbe sia gbe la, dzi ate ŋu aɖo eƒo. Ŋugbledede le Bibliameme siwo ƒo dzi nɔ ŋu hã ate ŋu akpe ɖe eŋu. Ate ŋu abia hamemetsitsiwo be woana hehe ye eye wòatsɔ eɖokui ana awɔ dɔ ɖe sia ɖe si hiã. Míele dzi dem ƒo na nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ ɖe sia ɖe be dzi nanɔ eƒo eye wòawɔ dɔ moveviɖoɖotɔe le hamea me!

“YEHOWA . . . LI KPLI WÒ”

20, 21. (a) Dzideƒonya kae David gblɔ na Salomo? (b) Nu ka dzie míawo hã míate ŋu aka ɖo?

20 Fia David ɖo ŋku edzi na Salomo be Yehowa anɔ kplii va se ɖe esime wotu gbedoxɔa wu enu. (1 Kron. 28:20) Kakaɖedzitɔe la, Salomo de ŋugble le nya siwo fofoa gblɔ nɛ ŋu, eye mebui be esi yenye ɖekakpui dzaa makpɔnuteƒe ta la, yemate ŋu awɔ dɔa o. Dzi nɔ eƒo ŋutɔ eye wòwɔ dɔa. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, etu gbedoxɔ gã la wu enu le ƒe adre kple afã me.

21 Abe ale si Yehowa kpe ɖe Salomo ŋu ene la, ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu míalé dzi ɖe ƒo eye míawɔ dɔ si wòde asi na mí le míaƒe ƒomea kple hamea siaa me la ade goe. (Yes. 41:10, 13) Ne míena dzi le mía ƒo le Yehowa subɔsubɔ me la, ke míate ŋu aka ɖe edzi be ayra mí fifia kple etsɔme siaa. Eya ta, “lé dzi ɖe ƒo, . . . eye nàwɔ dɔ la.”

^ mm. 12 Àkpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo taɖodzinuwo na ɖokuiwò le mawusubɔsubɔ me la le nyati si nye “Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae,” si dze le July 15, 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ me.