Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mía Mawu Ƒe Nya Ya Nɔa Anyi Tegbee”

“Mía Mawu Ƒe Nya Ya Nɔa Anyi Tegbee”

“Gbe mumu ƒuna, seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya ya nɔa anyi tegbee.”​—YES. 40:8.

HADZIDZI: 95, 97

1, 2. (a) Ne ɖe Biblia meli o ɖe, aleke agbea anɔ na mí? (b) Nu kae hiã hafi Mawu ƒe Nyaa nate ŋu aɖe vi na mí?

WÒ YA bu eŋu kpɔ ko be Biblia meli o. Aleke agbea anɔ na wò? Màkpɔ aɖaŋuɖoɖo aɖeke si ŋu kakaɖedzi le si afia mɔ wò le agbe me o. Màkpɔ ŋuɖoɖo nyui aɖeke na biabia siwo le asiwò ku ɖe Mawu, agbea kple etsɔme ŋu o. Eye mànya naneke tso ale si Yehowa wɔ nu kple amegbetɔwo le blema ŋu o.

2 Dzidzɔtɔe la, menye nɔnɔme wɔnublanui ma mee míele o. Yehowa na eƒe Nya, Biblia la, mí. Eye eka ɖe edzi na mí be gbedeasi si le eme la anɔ anyi tegbee. Apostolo Petro he susu yi Yesaya 40:8 me nyawo dzi le eƒe agbalẽ gbãtɔa me. Togbɔ be menye Biblia bliboa ŋutɔ ŋue mawunyakpukpui ma ku ɖo tẽe o hã la, nya ma si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la nye nyateƒe le Biblia me gbedeasia gome. (Xlẽ 1 Petro 1:24, 25.) Ke hã, ne Biblia le gbe si míese nyuie me ko hafi wòate ŋu aɖe vi na mí. Tso gbe aɖe gbe ke la, ame siwo lɔ̃ Mawu ƒe Nyaa kpɔ nya ma ƒe nyateƒenyenye dze sii. Togbɔ be menye ɣesiaɣie wònɔ bɔbɔe be woaɖe Biblia gɔme ɖe gbe bubu me le ƒe alafa siwo va yi me o hã la, ame aɖewo ku kutri vevie ɖe egɔme hena wòka amewo si. Woƒe didi vevi ma wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si nye be “woaɖe amewo katã ƒomevi, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.”—1 Tim. 2:3, 4.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Le nyati sia me la, míadzro ale si wòdzɔe be Mawu ƒe Nyaa kpɔtɔ li togbɔ be (1) gbe siwo amewo dona nɔ tɔtrɔm, (2) xexemedziɖuɖuwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ na dukɔwo va nɔ gbe bubuwo dom, eye (3) amewo tsi tsitre ɖe Biblia gɔme ɖeɖe ŋu gɔ̃ hã. Aleke numedzodzro sia aɖe vi na mí? Ana míagade asixɔxɔ Mawu ƒe Nyaa ŋu geɖe wu. Ana hã be míagalɔ̃ Yehowa Mawu, Ame si na Biblia mí be wòaɖe vi na mí la geɖe wu.—Mika 4:2; Rom. 15:4.

GBE SIWO AMEWO DONA NƆ TƆTRƆM

4. (a) Aleke gbe siwo amewo dona trɔna ne ƒewo va le yiyim? (b) Nu kae ɖee fia be mía Mawu la lɔ̃ ame ƒomevi ɖe sia ɖe metsɔ le gbe si wòdona me o, eye aleke esia na nèse le ɖokuiwò me?

4 Ne ƒewo va le yiyim la, gbegbɔgblɔwo trɔna. Gɔmesese bubu kura va nɔa nyawo kple nyagbɔgblɔwo ŋu. Ðewohĩ, àde dzesii be gɔmesese si nɔ nya aɖewo ŋu le gbe si nèdona me la va trɔ. Nenema kee wòle le Hebrigbe kple Helagbe, siwo nye gbe siwo me woŋlɔ Biblia ƒe akpa gãtɔ ɖo hã gome. Hebrigbe kple Helagbe siwo wodona egbea la to vovo na esiwo wodona le Biblia ŋlɔɣiwo. Eya ta, ele be ame si di be yease Mawu ƒe Nyaa gɔme la naxlẽ esi gɔme woɖe—aleae wòle le ame siwo se Hebrigbe alo Helagbe siwo wodona egbea la gɔ̃ hã gome. Ame aɖewo susu be ele be yewoasrɔ̃ Hebrigbe kple Helagbe siwo wodona le blema la ale be yewoate ŋu axlẽ Biblia le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔe ɖo la me. Gake ɖewohĩ esia maɖe vi abe ale si wosusui ene o. * Dzidzɔtɔe la, woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 3,000 kloe me. Eme kɔ ƒãa be, Yehowa di be yeƒe Nya la naɖe vi na amewo le “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ” me. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:6.) Ðe esia mena mía Mawu lɔ̃ame si mekpɔa ame ŋkume o la ƒe nu ganyo ŋuwò ɖe edzi oa?—Dɔw. 10:34.

5. Nu ka tae King James Version Biblia nye Biblia gɔmeɖeɖe aɖe si ɖe dzesi?

5 Ale si gbegbɔgblɔwo nɔa tɔtrɔm ne ƒeawo va le yiyim la nye nyateƒe le gbe siwo me woɖe Biblia gɔme ɖo hã gome. Ne woɖe Biblia aɖe gɔme teti eye egɔmesese le bɔbɔe hã la, egɔmesese ate ŋu ava sesẽ na amewo le ƒe geɖe megbe. Na míatsɔ Biblia aɖe si gɔme woɖe ɖe Eŋlisigbe me la awɔ esia ƒe kpɔɖeŋu. Ƒe 1611 mee wota King James Version Biblia la zi gbãtɔ. Eva zu Eŋlisigbe me Biblia siwo de du wu la dometɔ ɖeka, eye eva kpɔ ŋusẽ ɖe ale si wodoa Eŋlisigbea dzi. * Ke hã, teƒe ʋɛ aɖewo koe Mawu ƒe ŋkɔ dze le le Biblia gɔmeɖeɖe sia me. Wozã Mawu ƒe ŋkɔ “Yehowa” le teƒe ʋɛ aɖewo, eye le teƒe bubu siwo Mawu ƒe ŋkɔa dze le le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, wozã dzesideŋkɔ “AƑETƆ” si woŋlɔ kple ŋɔŋlɔdzesi gãwo. Le Biblia gɔmeɖeɖe sia ƒe tata siwo va do emegbe me la, wozã dzesideŋkɔ “AƑETƆ” si woŋlɔ kple ŋɔŋlɔdzesi gãwo la le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe mawunyakpukpui aɖewo hã me. Le mɔ sia nu la, King James Version Biblia ɖo kpe edzi be Mawu ƒe ŋkɔa dze le Biblia ƒe akpa si woyɔna be Nubabla Yeye la me.

6. Nu ka tae míedea asixɔxɔ Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ŋu?

6 Esi woɖe King James Version Biblia ɖe go teti la, egɔmesese nɔ bɔbɔe. Gake le ƒe alafa aɖewo megbe la, nya siwo wozã le eme la va zu nya xoxo siwo amewo megazãna egbea o, eye esia wɔe be womegatea ŋu sea egɔme bɔbɔe o. Alea kee wòle le Biblia gɔmeɖeɖe xoxotɔ siwo le gbe bubuwo me hã gome. Le esia ta, ɖe medzɔa dzi na mí ŋutɔ be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia, si ƒe nyagbewo sɔ ɖe ale si amewo ƒoa nui egbea nu la su mía si oa? Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo le gbegbɔgblɔ siwo wu 150 me, si wɔe be anyigbadzinɔlawo dometɔ akpa gãtɔ ate ŋu axlẽe le wo degbe me. Ale si emenyawo me kɔ la wɔnɛ be gbedeasi si le Mawu ƒe Nyaa me la wɔa dɔ ɖe mía dzi. (Ps. 119:97) Azɔ hã, nu si na be Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia le etɔxɛ ye nye be Mawu ƒe ŋkɔa dze le teƒe siwo wòdze be wòanɔ le Ŋɔŋlɔawo me.

GBE SI AME AKPA GÃTƆ DONA

7, 8. (a) Nu ka tae Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa etɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la dometɔ geɖe megatea ŋu va sea Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme o? (b) Nu kae nye Helagbe me Septuagint (alo Septante) la?

7 Xexemedziɖuɖuwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe dukɔwo dzi hã kpɔa ŋusẽ ɖe gbe si ame akpa gãtɔ dona dzi ɣeaɖewoɣi. Aleke Mawu kpɔ egbɔ be yeƒe Nyaa gakpɔtɔ nɔ gbe si me amewo ate ŋu axlẽe le ahase egɔme la me? Nane si dzɔ le blema la kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ŋuɖoɖo na nya sia. Israel-viwo, alo Yudatɔwoe ŋlɔ Biblia-gbalẽ 39 gbãtɔawo. Woawoe “wotsɔ Mawu ƒe nya kɔkɔeawo de asi na” gbã. (Rom. 3:1, 2) Ke hã, kaka ƒe alafa etɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) naɖo la, Yudatɔ geɖewo megatea ŋu sea Hebrigbea gɔme o. Nu ka tae? Nu si tae nye be Aleksanda Gãtɔ keke Hela Fiaɖuƒea ɖe enu esime wòɖu dukɔ geɖewo dzi. (Dan. 8:5-7, 20, 21) Esi eƒe fiaɖuƒea nɔ ta kekem la, Helagbea va zu gbe si ame akpa gãtɔ, siwo dome Yudatɔ siwo kaka ɖe fiaɖuƒea ƒe teƒeteƒewo hã le la dona. Gake esi Yudatɔ geɖe va nɔ Helagbea dom la, eva nɔ sesẽm na wo dometɔ akpa gãtɔ be woase Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔme. Nu kae woawɔ atsɔ akpɔ kuxi sia gbɔ?

8 Kaka ƒe alafa etɔ̃lia D.Y. ƒe domedome naɖo la, woɖe Biblia-gbalẽ atɔ̃ gbãtɔwo gɔme tso Hebrigbe me yi Helagbe me. Wova wu Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa susɔea gɔme ɖeɖe nu le ƒe alafa evelia D.Y. me. Wova yɔ Biblia-gbalẽ siwo gɔme woɖe ɖe Helagbe me la ƒe babla bliboa be Septuagint (alo Septante). Septuagint lae nye Hebri Ŋɔŋlɔ bliboa ƒe gɔmeɖeɖe gbãtɔ.

9. (a) Aleke Septuagint la kple Biblia gɔmeɖeɖe xoxo bubuwo ɖe vi na Mawu ƒe Nyaa xlẽlawo? (b) Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa kae léa dzi na wò wu?

9 Septuagint la na wònɔ bɔbɔe na Yudatɔ Helagbedolawo kple ame bubuwo be woaxlẽ Hebri Ŋɔŋlɔawo. Wò ya bu ale si gbegbe wòadzɔ dzi na wo be woase Mawu ƒe Nyaa alo axlẽe le gbe si wose nyuie la me ŋu kpɔ! Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova ɖe Biblia ƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbe bubu siwo ame geɖe dona, abe Siriagbe, Gotik-gbe kple Latingbe ene me. Esi wòva nɔ bɔbɔe na amewo be woaxlẽ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo le gbe si gɔme wose nyuie me la, ɖikeke mele eme o be eƒe akpa aɖewo anya lé dzi na wo etɔxɛe, abe ale si ko wòle le míawo hã gome egbea ene. (Xlẽ Psalmo 119:162-165.) Vavãe, togbɔ be tɔtrɔwo va le gbe siwo ame akpa gãtɔ dona gome hã la, Mawu ƒe Nya la nu meyi o.

WOTSI TSITRE ÐE BIBLIA GƆME ÐEÐE DƆA ŊU

10. Nu ka tae ame akpa gãtɔ metea ŋu xlẽa Biblia le John Wycliffe ƒe ŋkekea me o?

10 Ɣeaɖewoɣi va yi la, ŋusẽtɔwo dze agbagba ɖe sia ɖe be yewoaxe mɔ na dukɔmeviwo be woagaxlẽ Biblia o. Ke hã, Mawu vɔ̃lawo ku kutri vevie be yewoana mɔnukpɔkpɔ nasu amewo si woaxlẽ Biblia. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si John Wycliffe si nye mawunyaŋutinunyala aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 14 lia me wɔ ŋu kpɔ. Exɔe se vevie be ele be mɔnukpɔkpɔ nasu ame sia ame si wòaxlẽ Mawu ƒe Nyaa. Gake le eƒe ŋkekea me la, England dukɔa me tɔ akpa gãtɔ mese Biblia me gbedeasia le wo degbe me kpɔ o. Susu ka tae? Ðekae nye be esi wònye be ɖe wogbugbɔ ŋlɔa Biblia kple asi ɣemaɣi ta la, exɔa asi ŋutɔ, eya ta menɔ ame geɖe si o. Azɔ hã, ame akpa gãtɔ menya agbalẽ o. Ele eme be woate ŋu ase emenya aɖewo ne woxlẽe wose le sɔleme ya. Ke hã, kakaɖedzi meli be wosea nya si wose la gɔme o. Nu ka tae? Nu si tae nye be Biblia si dzi Sɔlemehaa da asi ɖo be woazãe nye Vulgate Biblia si le Latingbe me. Ke hã, le ƒe alafa 5 lia va ɖo ƒe alafa 15 lia me la, ame akpa gãtɔ megase Latingbe o! Aleke woawɔ be nya vevi siwo le Biblia me la naɖe vi na amewo?—Lod. 2:1-5.

John Wycliffe kple ame bubuwo di vevie be Mawu ƒe Nyaa nasu ame sia ame si. Didi ma kee le wò hã mewòa? (Kpɔ memama 11)

11. Akpa vevi kae Wycliffe Ƒe Biblia wɔ?

11 Le ƒe 1382 me la, John Wycliffe kple ame bubuwo ɖe Biblia gɔme ɖe Eŋlisigbe me. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, Wycliffe Ƒe Biblia va nye esi ŋu dɔ eyomedzelawo wɔna vevie. Esi mawunyakakala siwo woyɔna be Lollard-wo di vevie be Mawu ƒe Nyaa natsi susu kple dzi me na amewo ta la, wotoa afɔ tso kɔƒe me yi kɔƒe me yia amewo gbɔ le England dukɔ bliboa me. Zi geɖe la, Lollard-wo xlẽa Wycliffe Ƒe Biblia ƒe akpa aɖewo na ame siwo ŋu woke ɖo, eye wotsɔa Biblia la me nya aɖewo siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ dzi la naa wo. Agbagba siwo wodze la wɔ akpa vevi aɖe ŋutɔ, elabena ewɔe be ame geɖe gava tsɔ ɖe le Mawu ƒe Nya la me.

12. Aleke sɔlemehakplɔlawo wɔ nu ɖe Wycliffe kple eyomedzelawo ŋui?

12 Aleke sɔlemehakplɔlawo wɔ nui? Wolé fu Wycliffe, eƒe Biblia kple eyomedzelawo. Sɔlemehaa ƒe tatɔwo tsi tsitre ɖe Lollard-wo ŋu vevie, eye wodze agbagba di Wycliffe Ƒe Biblia geɖe ale si nu woate ŋui hegblẽ esiwo katã ŋu woke ɖo la dome. Le Wycliffe ƒe ku megbe gɔ̃ hã la, wotso enu be enye nudadafiala. Gake manya wɔ be woahe to na ame si megale agbe o. Eya ta, sɔlemehakplɔlawo na woho Wycliffe ƒe ƒuwo hetɔ dzo wo eye wokɔ afia ɖe Swift tɔsisi la me. Ke hã, ame geɖe di be yewoaxlẽ Mawu ƒe Nya la ase egɔme, eye Sɔlemeha la mete ŋu xe mɔ ɖe esia nu o. Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, ame geɖe siwo le Europa kple xexea ƒe teƒe bubuwo la va nɔ Biblia gɔme ɖem henɔ etam ɖe gbe siwo ame geɖe dona la me.

“AME SI FIAA NU WÒ BE WÒAÐE VI NA WÒ”

13. Nu ka dzie míeka ɖo, eye aleke esia doa ŋusẽ míaƒe xɔse?

13 Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia. Gake esia mefia be Septuagint la, Wycliffe Ƒe Biblia, King James Version Biblia alo Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo gɔme ɖeɖe tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me o. Ke hã, ne míedzro ŋutinyaa me kpɔ ale si wòdzɔe be wote ŋu ɖe Biblia mawo kple bubu geɖewo gɔme la, míakpɔe kɔtɛ be Yehowa ƒe Nya la nɔa anyi tegbee abe ale si wòdo ŋugbee ene. Ðe esia medoa ŋusẽ wò xɔse eye wònana nèkana ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋugbedodo bubuawo katã ava eme nenema ke oa?—Yos. 23:14.

14. Aleke Mawu ƒe Nya la nana míegava lɔ̃a eyama geɖe wu?

14 Ne míedzro ŋutinyaa me hekpɔ ale si wòdzɔe be Biblia gakpɔtɔ li esi ƒeawo va nɔ yiyim la, esia doa ŋusẽ míaƒe xɔse eye wònana be míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nu gasẽna ɖe edzi. * Nu ka tae Yehowa na eƒe Nya, Biblia la, mí ɖo? Eye nu ka tae wòdo ŋugbe be yeakpɔ eta? Esi wòlɔ̃ mí eye wòdi be yeafia nu mí be wòaɖe vi na mí tae. (Xlẽ Yesaya 48:17, 18.) Esia ʋãa mí be míawo hã míalɔ̃ Yehowa ahawɔ eƒe sewo dzi.—1 Yoh. 4:19; 5:3.

15. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

15 Esi míedea asixɔxɔ gã Mawu ƒe Nyaa ŋu ta la, eme kɔ ƒãa be míadi be wòaɖe vi na mí bliboe. Nu kae míawɔ be Biblia xexlẽ naɖe vi na mí geɖe wu? Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míahe amewo ƒe susu ayi Biblia dzi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me? Aleke ame siwo fiaa nu le kplɔ̃ta la awɔ be woazã Ŋɔŋlɔawo nyuie wu ne wole nu fiam? Míakpɔ biabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo le nyati si kplɔ esia ɖo me.

^ mm. 4 Kpɔ nyati si nye “Ðe Wòle Be Nàsrɔ̃ Hebrigbe Kple Helagbea?” si dze le November 1, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 5 Eŋlisigbe me adagana aɖewo siwo amewo nya nyuie la tso King James Version Biblia me. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye: “ebɔbɔ hetsyɔ mo anyi,” “ayi si le nye aɖu ŋu,” kple “mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe” eŋkume.—4 Mose 22:31; Hiob 19:20, etenuŋɔŋlɔ; Ps. 62:8.

^ mm. 14 Kpɔ aɖaka si nye “ Wò Ŋutɔ Va Kpɔe Ða!