Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Mɔnukpɔkpɔ Su Asinye Mewɔ Dɔ Kple Nuteƒewɔlawo

Mɔnukpɔkpɔ Su Asinye Mewɔ Dɔ Kple Nuteƒewɔlawo

LE ƑE 1930-awo me la, tɔnye, James Sinclair kple nɔnye, Jessie Sinclair—ʋu yi Bronx, si nye du aɖe si le New York City la me. Wodo go Willie Sneddon, si hã tso Scotland abe woawo ke ene. Miniti ʋɛ aɖewo le woƒe gododo megbe la, wo ame etɔ̃awo nɔ dze ɖom tso woƒe ƒomewo ŋu. Ƒe ʋɛ aɖewo le dzeɖoɖo sia megbee wodzim.

Nɔnye gblɔ na Willie be ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Aʋa Gãa la, ye tɔ kple ye fo nyrɔ heno tsi ku esime woƒe tɔdziʋua yi ɖalɔ ƒugɔmebɔmb le Dziehe Ƒua dzi. Willie ɖo eŋu be, “Tɔwò le hell!” Nya sia dze nɔnye kpo. Yehowa Ðasefoe Willie nye. Aleae nɔnye se nu tso Biblia me nyateƒea ŋu zi gbãtɔ.

Willie kple Liz Sneddon

Nya si Willie gblɔ la ve nɔnye, elabe enyae be ame nyui aɖee ye tɔ nye. Gake Willie gblɔ kpee be, “Ðe wò dzi adze eme ne megblɔ na wò be Yesu hã yi hell esi wòkua?” Nɔnye ɖo ŋku sɔleme si wòdena ƒe nufiafia aɖe si gblɔ be Yesu yi hell eye wofɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe la dzi. Eya ta ebu eŋu be, ‘ne hell nye afi si wowɔa funyafunya ame vɔ̃ɖiwo le la, ke nu ka tae Yesu yi afi ma ɖo?’ Esiae na nɔnye va tsɔ ɖe le nyateƒea me. Ete kpekpeawo dede le Bronx Hamea me eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1940 me.

Nye kple nɔnye, emegbe nye kple tɔnye

Le ɣemaɣia, womedea dzi ƒo na dzila Kristotɔwo be woasrɔ̃ Biblia kple wo viwo ale o. Esime menye ɖevi la, tɔnye kpɔa gbɔnye le aƒe me esime danye yia kpekpeawo kple gbeadzi le kwasiɖanuwuwuwo. Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, nye kple tɔnye míewɔa ɖeka kple nɔnye dea kpekpeawo. Nɔnye doa vevie gbeƒãɖeɖe nya nyuia eye esrɔ̃a Biblia kple ɖetsɔlemetɔ geɖe. Ɣeaɖeɣi gɔ̃ hãa, eƒoa eƒe nusrɔ̃vi aɖewo nu ƒu hesrɔ̃a Biblia kpli wo ɖekae le esi wotsɔ wo nɔewo gbɔ ta. Nye kplii míeyia gbeadzi le nye mɔkeɣiwo. To ema dzi la, mesrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me eye mesrɔ̃ ale si maɖe eme na ame bubuwo hã.

Ete ɖe dzinye be magblɔ be esime menye ɖevi sue la, nyemekpɔ dzidzɔ ɖe nyateƒea ŋu ale o. Ðeko menɔ eme ko. Gake, esi mexɔ ƒe 12 la, mezu Fiaɖuƒegbeƒãɖela eye medea gbeadzi edziedzi tso ɣemaɣi. Esime mexɔ ƒe 16 la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ le July 24, 1954 dzi, le takpekpe aɖe si wowɔ le Toronto, Canada la me.

SUBƆSUBƆ LE BETEL

Nɔviŋutsu siwo nɔ míaƒe hamea me la dometɔ aɖewo nye Betel-ƒomea me tɔwo alo wowɔ dɔ le afi ma kpɔ. Wokpɔ ŋusẽ nyui ɖe dzinye. Woƒe nuƒoƒo ƒe ŋutete kple ale si woɖea Biblia me nyateƒea me la doa dzidzɔ nam. Togbɔ be nye sukunufialawo di be made yunivɛsiti hãa, nye taɖodzinue nye be maɖawɔ dɔ le Betel. Eya ta, mede asi Betel dɔbiagbalẽa te hetsɔe na le takpekpe ma si wowɔ le Toronto, la me. Megade asi bubu te ake hetsɔe na le takpekpe aɖe si wowɔ le ƒe 1955 me, le Yankee Stadium, New York City. Ema megbe kpuie esime mexɔ ƒe 17 la, wokpem be mava subɔ le Brooklyn Betel le September 19, 1955 dzi. Esi meyi Betel la, wobia tso asinye le ŋkeke evea gbe be mawɔ dɔ le Agbalẽblaƒea, si le 117 Adams Street. Eteƒe medidi o, meva nɔ dɔm wɔm le mɔ̃ si ƒoa agbalẽ si tam wole ƒe axa 32 babla vovovowo nu ƒu ɖekae be mɔ̃ bubu natɔ wo woazu agbalẽ babla ɖeka la ŋu.

Esi mexɔ ƒe 17 la, medze dɔwɔwɔ gɔme le Brooklyn Betel

Esi mewɔ dɔ ɣleti ɖeka le Agbalẽblaƒea vɔ la, woɖom ɖe Magazinewo Dzikpɔƒea, le esi menya ale si wotsɔa mɔ̃ ƒoa nyawo ɖe agbalẽ dzi ta. Ɣemaɣia, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒoa ame yeye siwo dɔ míaƒe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! la ƒe adrɛswo ɖe stɛnsil alo ga gbadzɛwo dzi. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbea, meva wɔ dɔ le Agbalẽwo Ðoɖoɖa Dɔwɔƒe. Klaus Jensen, si nye Agbalẽwo Ðoɖoɖa Dɔwɔƒea dzikpɔla ɣemaɣi la biam nenye be malɔ̃ faa awɔ dɔ kple nɔviŋutsu ʋukula, si dea míaƒe agbalẽwo agbatsɔʋu me yina ɖe melidzeƒea be woaɖo wo ɖe mía nɔviwo le xexea me godoo hã. Eye ehiã be míatsɔ magazine siwo wode kotokuwo me ayi posudɔwɔƒea be woaɖo wo ɖe hame siwo le Amerika katã hã. Nɔviŋutsu Jensen gblɔ be dɔ sesẽ wɔwɔ ade nye lãmesẽ dzi. Ɣemaɣi la, nye kpekpeme nɔ abe kilogram 57 pɛ ko ene eye menɔ tsralɛ ŋutɔ. Dɔ sia wɔwɔ na nye lãme va sẽ ɖe edzi. Mekpɔe be nɔviŋutsu Jensen nya nu si nyo nam vavã!

Magazinewo Dzikpɔƒea wɔa dɔ le hamewo ƒe nudɔdɔwo hã ŋu. Esia na meva srɔ̃ nu tso gbe vovovo siwo me wotaa míaƒe magazinewo ɖo le Brooklyn heɖona ɖe xexea ƒe akpa vovovowo la ŋu. Nyemese nu tso gbe mawo dometɔ geɖe ŋu kpɔ o gake mekpɔ dzidzɔ be woɖoa míaƒe magazine akpeakpewo ɖe keke didiƒe ʋĩi. Nyemenya ɣemaɣi be mɔnukpɔkpɔ ava su asinye mazɔ mɔ ayi teƒe mawo dometɔ geɖe le ƒe aɖewo megbe o.

Nye kple Robert Wallen, Charles Molohan kpakple Don Adams

Le ƒe 1961 me la, wobia tso asinye be mawɔ dɔ le Gadzikpɔƒe si nɔ Grant Suiter ƒe dzikpɔkpɔ te. Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, Nathan Knorr, si nɔ xexea me katã ƒe dɔa dzi kpɔm ɣemaɣi la yɔm meyi egbɔ le eƒe ɔfis. Egblɔ nam be nɔviŋutsu siwo yele dɔ wɔm kple la dometɔ ɖeka ade Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua ɣleti ɖeka, eye emegbe woaɖoe ɖe Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea. Eya ta, wona meva xɔ ɖe eteƒe be mawɔ dɔ kple Don Adams. Don sia kee nye nɔviŋutsu si metsɔ nye Betel dɔbiagbalẽa na le ƒe 1955 ƒe takpekpea me. Nɔviŋutsu siwo nɔ dɔ wɔm kplii la ƒe ŋkɔwoe nye Robert Wallen kple Charles Molohan. Mí ame enea míewɔ dɔ ɖekae ƒe 50 kple edzivɔ. Dzidzɔ gãe wònye nam be mewɔ dɔ kple nɔviŋutsu nuteƒewɔla siawo!—Ps. 133:1.

Alɔdzedɔwɔƒe gbãtɔ si mesrã kpɔ le Venezuela, le ƒe 1970 me

Tso ƒe 1970 me la, wode dɔ asi nam be mazɔ mɔ ayi aɖasrã Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo kpɔ kwasiɖa ʋɛ aɖewo ƒe sia ƒe alo ƒe eve sia ƒe eve. Esiae míeyɔna ɣemaɣi be alɔdzewo sasrãkpɔ. Dɔ sia bia be míaɖasrã Betel-ƒomewo kple dutanyanyuigblɔla siwo le xexea me godoo la kpɔ, ade dzi ƒo na wo, ahato alɔdzedɔwɔƒea ƒe nuŋlɔɖigbalẽwo me. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam be medo go ame siwo de Gilead Sukua ƒe klass gbãtɔwo eye wole subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe le duta! Enye dzidzɔ nam be le dɔ sia wɔwɔ mea, mɔnukpɔkpɔ su asinye meyi ɖasrã nɔviwo kpɔ le dukɔ siwo wu 90 me.

Dzidzɔ gãe wònye nam be meyi ɖasrã nɔviwo kpɔ le dukɔ siwo wu 90 me!

MEKPƆ ZƆHƐ NUTEƑEWƆLA AÐE

Woma Brooklyn Betel-ƒomea me tɔwo katã ɖe hame siwo le New York City nutoa me la me. Woɖom ɖe hame si le Bronx me. Hame gbãtɔ si woɖo le afi ma va dzi ɖe edzi eye woma. Wova yɔ hame gbãtɔ ma be Upper Bronx Hamea, eye afi mae medea kpekpe le.

Le ƒe 1960-awo domedome la, Latvian ƒome aɖe si va xɔ nyateƒea le Bronx ƒe anyiehe la ʋu va hamea ƒe anyigbamama me. Wo vinyɔnu tsitsitɔ si ŋkɔe nye Livija zu gbesiagbe mɔɖela esi wòwu sekɛndrisuku (alo lycée) nu teti. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, eʋu yi afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe hiã le, le Massachusetts. Menɔa agbalẽ ŋlɔm ɖee tso nu siwo le edzi yim le hamea me ŋu, eye eya hã ŋlɔa ale si wòle dzidzedze kpɔm le eƒe subɔsubɔdɔa me le Boston nutoa me la ɖona ɖem.

Nye kple Livija

Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, woɖo Livija mɔɖela vevii. Edi be yeawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me, eya ta ede asi agbalẽ te be yeava subɔ le Betel, eye wokpee va Betel le ƒe 1971 me. Ewɔ abe Yehowa le nya aɖe gblɔm nam ene! Le October 27, 1973 dzia, míeɖe mía nɔewo eye enye mɔnukpɔkpɔ na mí be Nɔviŋutsu Knorr ye ƒo míaƒe srɔ̃ɖenuƒoa. Lododowo 18:22 gblɔ be: “Ame si kpɔ srɔ̃nyɔnu nyui la, eƒe asi su nu nyui dzi, eye amenuveve wònye tso Yehowa gbɔ nɛ.” Mɔnukpɔkpɔ su nye kple Livija si míesubɔ ɖekae le Betel ƒe 40. Eye míegakpɔtɔ le asi kpem ɖe hame aɖe ŋu le Bronx nuto ma ke me.

MEWƆ DƆ ASI-LE-ASI-ME KPLE KRISTO NƆVIWO

Dɔwɔwɔ kple Nɔviŋutsu Knorr do dzidzɔ nam ale gbegbe. Enye ame aɖe si wɔa dɔ veviedodotɔe ɖe nyateƒea ta eye wòdea asixɔxɔ gã dutanyanyuigblɔla siwo le xexea me godoo la ŋu. Wo dometɔ geɖe nye Ðasefo gbãtɔ siwo nɔ dukɔ siwo me woɖo wo ɖo la me. Ewɔ nublanui nam ŋutɔ be le ƒe 1976 me la, Nɔviŋutsu Knorr kpe fu le kansa si me. Gbe ɖeka, esi wònɔ dɔléba dzia, ebia tso asinye be mava xlẽ agbalẽ aɖe si ŋu wonɔ asi trɔm le hena tata la na ye. Ebia tso asinye be mayɔ Frederick Franz be eya hã nava se nuxexlẽa. Emegbe meva nyae be esi wònye be Nɔviŋutsu Franz metea ŋu kpɔa nu tututu o taa, Nɔviŋutsu Knorr ye zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ nɔ agbalẽawo xlẽm nɛ.

Nye kple Daniel kpakple Marina Sydlik míeyi ɖasrã alɔdze aɖe kpɔ le ƒe 1977 me

Nɔviŋutsu Knorr ku le ƒe 1977 me, gake ame siwo nyae helɔ̃e la kpɔ akɔfafa, elabe ewu eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu nuteƒewɔwɔtɔe. (Nyaɖ. 2:10) Esia megbee Nɔviŋutsu Franz va xɔ ŋgɔ le míaƒe dɔa me.

Ɣemaɣi la, nyee nye Milton Henschel si wɔ dɔ kple Nɔviŋutsu Knorr ƒe gbogbo aɖewo la ƒe agbalẽŋlɔla. Nɔviŋutsu Henschel gblɔ nam be nye dɔdeasi koŋ le Betel fifia anye be manɔ kpekpem ɖe Nɔviŋutsu Franz ŋu le nu sia nu si wòahiã me. Enuenu la, mexlẽa agbalẽ siwo ŋu wole asi trɔm le la nɛ hafi wotanɛ. Nɔviŋutsu Franz ƒe susu léa nu ale gbegbe eye etea ŋu nɔa ŋudzɔ bliboe ne mele nu xlẽm nɛ. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye nam be mekpe ɖe eŋu le mɔ sia nu va se ɖe esime wòwu eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu le December ƒe 1992 me!

Afi si mewɔ dɔ le ƒe gbogbo aɖewo le, le 124 Columbia Heights

Ƒe 61 siwo mesubɔ le Betel la va yi kabakaba ŋutɔ. Dzinyelawo wɔ nuteƒe na Yehowa va se ɖe woƒe kugbe, eye mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me mawɔ atuu na wo le xexe yeyea me. (Yoh. 5:28, 29) Naneke mele xexe sia me si nyo wu mɔnukpɔkpɔ siwo su asinye mewɔ dɔ kple ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo tsɔ kpe asi ɖe Mawu ƒe amewo ŋu le xexea me godoo la o. Nye kple Livija míate ŋu agblɔ kakaɖedzitɔe be le míaƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, ‘dzidzɔ si tsoa Yehowa gbɔe nye míaƒe mɔ́ sesẽ.’—Neh. 8:10.

Ame aɖeke mele Yehowa ƒe habɔbɔa me si ne meli o la dɔa atsi akpo dzi o, elabe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ayi edzi godoo. Enye dzidzɔ gã aɖe nam be mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ dɔ kple nuteƒewɔla siwo dzi woate ŋu aka ɖo la ƒe geɖe. Amesiamina siwo mewɔ dɔ kpli la dometɔ akpa gãtɔ megale anyigba dzi o. Gake medea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su asinye be meva nya nuteƒewɔla siawo le Yehowa subɔsubɔ me la ŋu.