Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Ðokuidziɖuɖu

Srɔ̃ Ðokuidziɖuɖu

“Gbɔgbɔ la ƒe kutsetse ye nye . . . ɖokuidziɖuɖu.”​—GAL. 5:22, 23.

HADZIDZI: 121, 36

1, 2. (a) Nu kae ate ŋu ado tso ɖokuidzimaɖumaɖu me? (b) Nu ka tae ɖokuidziɖuɖu ƒe nyaa le vevie ŋutɔ egbea?

ÐOKUIDZIÐUÐU nye mawumenɔnɔme vevi aɖe. (Gal. 5:22, 23) Yehowa ƒe ɖokuidziɖuɖu de blibo. Gake mí amegbetɔwo ya, avu kple kɔe wònyena na mí be míaɖu mía ɖokui dzi le esi mímede blibo o ta. Le nyateƒe me la, kuxi geɖe siwo me tom amewo le egbea la nye ɖokuidzimaɖumaɖu me tsonuwo. Ðokuidzimaɖumaɖu wɔnɛ be amewo hea nu vevi siwo wòle be woawɔ la ɖe megbe, eye ewɔnɛ be wometea ŋu wɔa dɔ nyuie le suku alo dɔ me o. Etea ŋu wɔnɛ hã be amewo gblɔa nya veamewo ɖe ame bubuwo ŋu, ame aɖewo zua ahamulawo, ŋutasẽlawo, srɔ̃gbelawo, fenyilawo, ame siwo nu gbegblẽ wɔwɔ zu numame na, gamenɔlawo, ame siwo dzi nu tena ɖo; ame aɖewo hã xɔa nulɔdɔwo eye ɖewo hã fɔa gbɔmeyafu, kple bubuawo.—Ps. 34:11-14.

2 Eme kɔ ƒãa be ame siwo meɖua wo ɖokui dzi o la hea kuxiwo vaa woawo ŋutɔwo kple ame bubuwo dzi. Eye ɖokuidzimaɖumaɖu me tsonuawo le gã dom ɖe edzi tso ŋkeke yi ŋkeke. Wowɔ numekuku tso ɖokuidziɖuɖu ŋu le ƒe 1940-awo me, gake numekuku yeyewo ɖee fia be amewo megate ŋu le wo ɖokuiwo dzi ɖum kura o. Esia mewɔ moyaa na Mawu ƒe Nyaa srɔ̃lawo ya o, elabe Biblia gblɔe ɖi be “ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o” la anye “ŋkeke mamlɛawo” ƒe dzesia ƒe akpa aɖe.—2 Tim. 3:1-3.

3. Nu ka tae wòle be Kristotɔwo nasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu?

3 Nu ka tae wòle be nàtsɔ ɖe le ɖokuidziɖuɖu ƒe nyaa me? Bu susu vevi eve siwo tae la ŋu kpɔ. Gbã, wode dzesii be kuxi gãwo meɖea fu na ame siwo tea ŋu ɖua wo ɖokui dzi la o. Wotea ŋu ɖua woƒe seselelãmewo dzi bɔbɔe, kadodo nyui nɔa wo kple ame bubuwo dome, eye dzikudodo alo dzimaɖitsitsi kple blanuiléledɔ meɖea fu na wo abe ame siwo metea ŋu ɖua wo ɖokui dzi o la ene o. Eveliae nye be, hafi míakpɔtɔ anye Mawu xɔlɔ̃wo la, ehiã be míaɖu tetekpɔwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi. Esia ƒe nyateƒenyenye dze le ale si Adam kple Xawa do kpo nui me. (1 Mose 3:6) Azɔ hã, bu nɔnɔme wɔnublanui siwo me ame siwo si nɔnɔme vevi sia menɔ o la to ŋu kpɔ.

4. Dzideƒonya kae li na ame siwo le agbagba dzem be yewoasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu?

4 Amegbetɔ madeblibo aɖeke mate ŋu aɖu eɖokui dzi le mɔ deblibo nu o. Yehowa nya avu si wɔm esubɔlawo le le go sia me, eye edi be yeakpe ɖe wo ŋu be woaɖu nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo dzi. (1 Fia. 8:46-50) Esi Yehowa nye mía Xɔlɔ̃ si lɔ̃ mí ta la, edea dzi ƒo na ame siwo di vevie be yewoasubɔ ye evɔ ele sesẽm na wo be woaɖu wo ɖokuiwo dzi le go aɖewo me la. Na míadzro ɖokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu deblibo si Yehowa ɖo ɖi na mí la me. Eyome, míasrɔ̃ nu tso ɖokuidziɖuɖu kple ɖokuidzimaɖumaɖu ƒe kpɔɖeŋu siwo le Biblia me la dometɔ aɖewo me. Mlɔeba, míalé ŋku ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖu mía ɖokui dzi geɖe wu la ŋu.

YEHOWA ÐO KPƆÐEŊU ÐI NA MÍ

5, 6. Ðokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu kae Yehowa ɖo ɖi na mí?

5 Yehowa ɖua eɖokui dzi le mɔ deblibo nu, elabena eƒe dɔwɔwɔwo katã de blibo. (5 Mose 32:4) Gake míawo ya míede blibo o. Togbɔ be ele alea hã la, hafi míate ŋu ase nu si ɖokuidziɖuɖu bia gɔme la, ehiã be míadzro ɖokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo ɖi na mí la me ale be míate ŋu asrɔ̃ eyama nyuie wu. Ðokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi siwo Yehowa ɖo ɖi na mí la ƒe ɖewoe nye kawo?

6 Bu ale si Yehowa ɖu eɖokui dzi esime Satana dze aglã ɖe eŋu dzimesesẽtɔe la ŋu kpɔ. Ehiã be woakpɔ Satana ƒe gbetɔamea gbɔ. Ðikeke mele eme o be Abosam ƒe gbetɔamea te ɖe mawudɔla siwo wɔa nuteƒe na Mawu la dzi, eve wo, eye wòku dzi na wo. Ðewohĩ alea tɔgbie wò hã nèsena le ɖokuiwò me ne èbu fukpekpe siwo katã Satana ƒe aglãdzedzea he vɛ la ŋu. Ke hã, Yehowa mewɔ nu dzitsitsitɔe o. Elé eɖokui, eye ale si wòwɔ nui la sɔ bliboe. Meyɔ ɖe dzikudodo ŋu o, eye ale si wòwɔ nu ɖe Satana ƒe aglãdzedzea ŋu la le dzɔdzɔe. (2 Mose 34:6; Hiob 2:2-6) Nu ka tae? Yehowa na ɣeyiɣi geɖe va yi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ “edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.”—2 Pet. 3:9.

7. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ƒe kpɔɖeŋua me?

7 Ale si Yehowa ɖua eɖokui dzii la le mía fiam be ele be míawo hã míabu nuwo ŋu nyuie hafi aƒo nu alo aɖe afɔ; mele be míawɔ nu dzitsitsitɔe o. Ne ehiã be nàtso nya me le nya vevi aɖe ŋu la, na ɣeyiɣi ɖokuiwò be nàde ŋugble le eŋu nyuie ale be nàwɔ nu le nunya me. Do gbe ɖa nàbia Mawu be wòana nunya wò ale be nya si nàgblɔ alo nu si nàwɔ la nanye esi sɔ. (Ps. 141:3) Ne nane dzɔ eye míedo dziku la, ele bɔbɔe be míawɔ nu si mele be míawɔ hafi o. Mía dometɔ geɖe gblɔ nya aɖe alo wɔ nane kpɔ si va ve mí emegbe!—Lod. 14:29; 15:28; 19:2.

MAWU SUBƆLAWO ƑE KPƆÐEŊU NYUIWO KPLE GBEGBLẼAWO

8. (a) Afi kae míate ŋu akpɔ ɖokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo le? (b) Nu kae kpe ɖe Yosef ŋu wòwɔ nu si sɔ esime Potifar srɔ̃ dze agbagba be yeable enu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

8 Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ɖe ɖokuidziɖuɖu ƒe vevienyenye fia? Ðikeke mele eme o be àɖo ŋku ame geɖe siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, siwo ɖu wo ɖokuiwo dzi le dodokpɔwo me la dzi. Wo dometɔ ɖekae nye Yakob viŋutsu Yosef. Eɖu eɖokui dzi esime wònye Farao ƒe dzɔlawo ƒe amegã, Potifar, ƒe aƒemesubɔvi. Potifar srɔ̃ va tsɔ eƒe susu ɖo Yosef, si “nya kpɔ hedze ɖeka ale gbegbe” la ŋu, eye wòdze agbagba be yeable enu ne ye kplii yewoadɔ. Nu kae kpe ɖe Yosef ŋu wòɖu tetekpɔ ma dzi togbɔ be nyɔnua ƒoe ɖe enu zi geɖe hã? Ðikeke mele eme o be, Yosef di ɣeyiɣi de ŋugble le nu gbegblẽ siwo ado tso eme ne meɖu eɖokui dzi o la ŋu. Eya ta, esi nyɔnua lé eƒe awu be wòadɔ ye gbɔ la, esi dzo le egbɔ. Yosef gblɔ be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia gbegbe ahawɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu?”—1 Mose 39:6, 9; xlẽ Lododowo 1:10.

9. Nu kae nàte ŋu awɔ be nànɔ klalo aɖu tetekpɔwo dzi?

9 Nu kae míesrɔ̃ tso Yosef ƒe kpɔɖeŋua me? Ðekae nye be, ɣeaɖewoɣi la, ehiã be míasi le tetekpɔ nu ale be míagada le Mawu ƒe sewo dzi o. Hafi ame aɖewo nava zu Ðasefowo egbea la, wonye nu tsu ɖulawo, aha tsu nolawo, atamanolawo, atike vɔ̃ɖi zãlawo kple ame siwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu kpakple nu gbegblẽ bubuwo me tsã. Le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã la, gomekpɔkpɔ le nu mawo me agate ŋu azu tetekpɔ na wo. Ke hã, ne nu siawo ƒe tetekpɔ aɖe va dze ŋgɔ wò la, tɔ sẽe nàde ŋugble le ale si wòagblẽ nu le ƒomedodo si le mia kple Yehowa dome ŋu la ŋu ale be esia nado ŋusẽ wò tameɖoɖo kplikpaa be nàɖu nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo dzi. Àte ŋu adze agbagba abu nɔnɔme siwo ate ŋu akplɔ wò ade tetekpɔ me la ŋu do ŋgɔ eye nàtso nya me le ale si nàwɔ aƒo asa wo ŋu. (Ps. 26:4, 5; Lod. 22:3) Ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme sia tɔgbi me la, do gbe ɖa na Yehowa be wòana nunya kple ɖokuidziɖuɖu wò be nàɖu tetekpɔa dzi.

10, 11. (a) Nu kawo mee sɔhɛ geɖe tona le suku? (b) Nu kae ate ŋu akpe ɖe sɔhɛ Kristotɔwo ŋu be woaɖu nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nyaƒoɖeamenuwo dzi?

10 Tetekpɔ si va Yosef dzi la tɔgbi dzea ŋgɔ sɔhɛ Kristotɔ geɖewo egbea. Bu nɔvinyɔnu Kim ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Eƒe sukuhati geɖewo kpɔa gome le gbɔdɔnuwɔnawo me, eye ne wogatrɔ va suku le kwasiɖaa ƒe gɔmedzedze la, wotsɔa gbɔdɔnuwɔna siwo me wokpɔ gome le la ƒoa adegbee. Esi Kim ya mekpɔa gome le nuwɔna mawo me o ta la, mekpɔa nya aɖeke gblɔna o. Kim gblɔ be yesena le ye ɖokui me ɣeaɖewoɣi be ‘yetsi akogo,’ eye ehatiwo bunɛ be etsi bome, le esi meɖoa gbe ɖi kple ŋutsu aɖeke o ta. Ke hã, Kim dze nunya elabe enyae be ele bɔbɔe ŋutɔ be gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe mɔ̃ naɖe sɔhɛwo. (2 Tim. 2:22) Eƒe sukuhatiwo bianɛ zi geɖe be egakpɔtɔ nye nyɔnuvi si menya ŋutsu o hã. Esia na mɔnukpɔkpɔe wòɖe nu si tae medi be yeakpɔ gome le gbɔdɔdɔnuwɔnawo me o la me na wo. Sɔhɛ Kristotɔ siwo ɖoe kplikpaa be yewoaɖu gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nyaƒoɖeamenuwo dzi la nye dada na mí, eye wonye dada na Yehowa hã!

11 Biblia ƒo nu tso ame siwo mete ŋu ɖu gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe tetekpɔwo dzi o la ŋu be woanye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na mí. Eƒo nu tso nu wɔnublanui siwo ate ŋu ado tso ɖokuidzimaɖumaɖu ƒe agbenɔnɔ mawo me hã ŋu. Anyo be sɔhɛ ɖe sia ɖe si le nu si me Kim to la tɔgbi me tom la nade ŋugble le ɖekakpui bometsila si ŋu Lododowo ta 7 lia ƒo nu tsoe la ƒe ŋutinyaa ŋu. Bu afɔ si Amnon ɖe kple nu wɔnublanui siwo do tso eme hã ŋu kpɔ. (2 Sam. 13:1, 2, 10-15, 28-32) Dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu eye woadze nunya le ale si woawɔ nui le ŋutsu kple nyɔnu dome hadede ƒe nyawo me. Woate ŋu adzro Biblia me ŋutinya siawo me le ƒometadeaguɣi atsɔ akpe ɖe wo ŋu le go sia me.

12. (a) Aleke Yosef ɖu eɖokui dzi le nuwɔwɔ kple nɔviaŋutsuwo me? (b) Nɔnɔme kawo mee wòahiã be míaɖu mía ɖokui dzi le?

12 Yosef gaɖo ɖokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le go bubu aɖe hã me. Esi Yosef di be yeanya nu si le ye nɔviawo ƒe dzi me ta la, meɖe eɖokui fia wo esime wodo ɖe eŋkume le Egipte be yewoaƒle nuɖuɖu o. Eye esi eƒe seselelãmea nu va sẽ ale gbegbe be megate ŋu nɔ eɖokui lém o la, eɖe eɖokui ɖe aga eye wòfa avi. (1 Mose 43:30, 31; 45:1) Ne hati Kristotɔ alo wò ƒometɔ aɖe wɔ nu wòve wò la, ɖokuiwò dzi ɖuɖu abe ale si Yosef wɔe ene akpe ɖe ŋuwò be màtsi dzi awɔ nu si ava ve wò emegbe o. (Lod. 16:32; 17:27) Ne woɖe wò ƒometɔ aɖe le haa me la, ahiã be nàɖu wò seselelãme dzi ale be nàƒo asa na hadede kplii madzemadzee. Ame ɖokui dzi ɖuɖu le nɔnɔme siawo me mevana le eɖokui si o, ke hã, enɔa bɔbɔe wu ne míeɖo ŋku edzi be míele Mawu ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m hele nu si wòdi tso mía si la wɔm.

13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Fia David ƒe ŋutinyaa me?

13 Biblia ƒo nu tso Fia David ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ŋu. Ŋusẽ geɖe nɔ David si, gake esi Saul kple Simei wɔ nu wòvee la, eɖu eɖokui dzi eye mezã eƒe ŋusẽa tsɔ tu nu kpli wo o. (1 Sam. 26:9-11; 2 Sam. 16:5-10) Gake menye ɣesiaɣie David te ŋu ɖu eɖokui dzi o. Esia dze ƒãa le woa kple Bat-Seba ƒe nu vɔ̃a kpakple afɔ si wòɖe esi Nabal wɔ nu ŋukeklẽtɔe la me. (1 Sam. 25:10-13; 2 Sam. 11:2-4) Ke hã, míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso David gbɔ. Gbã, ehiã be dzikpɔla siwo le Mawu ƒe amewo dome egbea la nanɔ ŋudzɔ be woaɖu wo ɖokuiwo dzi ale be woagazã woƒe ŋusẽa madzemadzee o. Evelia, mele be ame aɖeke naɖe ŋu ɖi ahasusui be tetekpɔ mate ŋu aɖu ye dzi o.—1 Kor. 10:12.

NU SIWO ATE ŊU AKPE ÐE ŊUWÒ

14. Nu kae dzɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe dzi gbe ɖeka, eye nu ka tae wòle vevie be míaɖu mía ɖokui dzi le nɔnɔme ma tɔgbi me?

14 Nu kae nàte ŋu awɔ be nàɖu ɖokuiwò dzi geɖe wu? Bu nudzɔdzɔ sia ŋu kpɔ. Ŋutsu aɖe ku ʋu va lɔ Luigi ƒe ʋu megbe. Togbɔ be ŋutsua gbɔe vodadaa tso hã la, edzu Luigi eye wòdi be yeada kɔ kplii gɔ̃ hã. Luigi do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yealé ye ɖokui kpoo, eye yeana ŋutsua ƒe dzi nafa, gake ŋutsua gbe nugɔmesese. Luigi de dzesi nugblẽfexeɖoɖo ƒe nyatakakawo le ŋutsua ƒe ʋua ŋu eye wòdzo le egbɔ esime ŋutsua gakpɔtɔ nɔ ɣlidodo dzi. Le kwasiɖa ɖeka megbe esi Luigi nɔ gbeadzi eye wòtrɔ yi nyɔnu aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ la, eva nyae be sigbeɖe nyɔnua srɔ̃e nye ʋukula ma! Edze ŋukpe dzi na ŋutsua eye wòɖe kuku na Luigi ɖe nɔnɔme si wòɖe fia le mɔa dzi ta. Egblɔ na Luigi be yeakpɔ eƒe nugblẽfexeɖoɖo ƒe dɔwɔƒea ale be woaxe fea nɛ kaba. Ŋutsua kpɔ gome le Biblia me dzeɖoɖoa me eye wòkpɔ dzidzɔ ɖe nu si me wodzro la ŋu. Esi Luigi trɔ bu nu si dzɔ va yi ŋu la, ekpɔe be enyo ŋutɔ be yelé ye ɖokui kpoo le nudzɔdzɔ ma me eye wòkpɔe hã be ne ɖe yedo dziku la, esia agblẽ nu ale gbegbe.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 6:3, 4.

Ðokuidziɖuɖu alo ɖokuidzimaɖumaɖu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa dzi le mɔ aɖe nu (Kpɔ memama 14)

15, 16. Aleke Biblia-sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe wò kple wò ƒomea ŋu miasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu?

15 Biblia-sɔsrɔ̃ veviedodotɔe ate ŋu akpe ɖe Kristotɔwo ŋu woasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu. Ðo ŋku edzi be Mawu gblɔ na Yosua be: “Mègaɖe nu le Segbalẽ sia ŋu o, ke boŋ xlẽe kple gbe blewu zã kple keli, be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi pɛpɛpɛ; ekema wò mɔwo adze edzi na wò, eye àwɔ nu le nunya me.” (Yosua 1:8) Gake aleke Biblia-sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàsrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu?

16 Abe ale si míekpɔe va yi ene la, ŋutinya vovovowo le Biblia me siwo ɖe nu nyui siwo dona tso ɖokuidziɖuɖu me kple nu gbegblẽ siwo dona tso ɖokuidzimaɖumaɖu me fia. Susu aɖe tae Yehowa na woŋlɔ ŋutinya mawo ɖi. (Rom. 15:4) Aleke gbegbe wòaɖe vi na mí be míaxlẽ ŋutinya mawo, ade ŋugble le wo ŋu ahasrɔ̃ wo nyuie ye nye esi! Dze agbagba nàkpɔ ale si nàte ŋu awɔ nufiame si le wo me ŋu dɔ wòaɖe vi na wò ŋutɔ kple wò ƒomea. Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le eƒe Nyaa me dzi. Ne ède dzesii be yemete ŋu ɖua ye ɖokui dzi le go aɖewo me o la, lɔ̃ ɖe edzi. Eyome, do gbe ɖa tso eŋu, eye nàdze agbagba awɔ dɔ tso eŋu. (Yak. 1:5) Ne èku nu me le Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me la, ɖikeke mele eme o be àke ɖe nyati siwo agakpe ɖe ŋuwò geɖe wu le esia wɔwɔ me ŋu.

17. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu?

17 Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu? Dzilawo nyae be sɔhɛwo medzɔ kple ɖokuidziɖuɖu o. Eye abe ale si wòle le nɔnɔme nyui bubu siwo katã wòle be ɖeviwo nasrɔ̃ gome ene la, ele be dzilawo naɖo kpɔɖeŋua na wo viwo. (Ef. 6:4) Eya ta, ne èkpɔe be ele sesẽm na viwòwo be woaɖu wo ɖokuiwo dzi la, bia ɖokuiwò be, ɖe yele kpɔɖeŋu nyui ɖom ɖi na wo hã. Mègabu ŋusẽ nyui si gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa, kpekpeawo dede kple ƒometadedeagu me edziedzi kpɔna ɖe wo dzi la nu tsɛe o. Ne ɖeviawo bia nane tso asiwò eye wòhiã be nàgbe la, mègavɔ̃ be nàgblɔ be ao o! Yehowa ɖo seɖoƒe na Adam kple Xawa, eye seɖoƒe mawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ bubudede Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu hafi. Nenema kee ne dzilawo mlaa wo viwo eye woɖoa kpɔɖeŋu nyui na wo la, esia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu. Nu nyuitɔ kekeake siwo nàte ŋu awɔ na viwòwo dometɔ ɖekae nye be nàkpe ɖe wo ŋu woalɔ̃ faa abɔbɔ ɖe Mawu ƒe ŋusẽ te eye woade bubu eƒe sededewo ŋu.—Xlẽ Lododowo 1:5, 7, 8.

18. Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be hadede nyuiwo aɖe vi na wò?

18 Èɖanye dzila alo mènye dzila o, mele be nàŋe aɖaba aƒu ale si wòle vevie be nàdze xɔlɔ̃ nyuiwo la dzi o. De ha kple ame siwo ade dzi ƒo na wò be nàti taɖodzinu nyuiwo yome ahaƒo asa na kuxiwo. (Lod. 13:20) Hadede kple ame siwo lɔ̃ Yehowa akpɔ ŋusẽ nyui ɖe dziwò, eye esia aʋã wò nàsrɔ̃ woƒe ɖokuidziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu. Eye ɖikeke mele eme o be wò agbe nyui nɔnɔ ade dzi ƒo na xɔ̃wòwo nenema ke. Ne míeva zu ɖokuidziɖulawo la, míaƒe nu adze Mawu ŋu, míase vivi na agbea, eye mía kple míaƒe ame lɔlɔ̃wo míase vivi na nu nyuiwo ɖekae.