Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Veveseɖeamenu

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Veveseɖeamenu

“Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula.”​—2 MOSE 34:6.

HADZIDZI: 57, 147

1. Mɔ tɔxɛ ka nue Yehowa ɖe ame si wònye la fia Mose le, eye nu ka tae esia ɖe dzesi?

GBE ɖeka, Mawu ƒo nu tso eƒe ŋkɔ kple eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu na Mose tsɔ ɖe ame si wònye la fiae. Nublanuikpɔkpɔ kple veveseɖeamenu ye nye nɔnɔme siwo wòyɔ gbã. (Xlẽ 2 Mose 34:5-7.) Yehowa ate ŋu aƒo nu tso eƒe ŋusẽ alo eƒe nunya ŋu hafi. Gake esi Mose di be yeakpɔ kakaɖedzi be Mawu le megbe na ye ta la, Yehowa te gbe ɖe Eƒe nɔnɔme siwo ɖee fia be yedina vevie be yeakpe ɖe ye subɔlawo ŋu la boŋ dzi. (2 Mose 33:13) Ðe mewɔ dɔ ɖe dziwò be Mawu he susu yi eƒe nɔnɔme lédziname siawo dzi gbã oa? Le nyati sia me la, míate gbe ɖe nɔnɔme nyui si nye veveseɖeamenu dzi. Veveseɖeamenu fia be ame nade dzesi ame bubuwo ƒe fukpekpewo alo nɔnɔme sesẽ si me wole ahadi be yeawɔ nane atsɔ aɖe woƒe fukpekpewo dzi akpɔtɔ.

2, 3. (a) Nu kae ɖee fia be amegbetɔwo sea veve ɖe ame nu le dzɔdzɔme nu? (b) Nu ka tae wòle vevie be nàtsɔ ɖe le nya si Biblia gblɔ tso veveseɖeamenu ŋu la me?

2 Mawu wɔ amegbetɔwo ɖe eƒe nɔnɔme nu. Esi Yehowa sea veve ɖe ame nu ta la, amegbetɔwo hã tsɔa ɖe le eme na ame bubuwo le dzɔdzɔme nu. Ame siwo menya Mawu vavã la o gɔ̃ hã sea veve ɖe ame nu zi geɖe. (1 Mose 1:27) Ale si amewo wɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu veveseseɖeamenutɔe la ƒe ŋutinya geɖewo le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, àɖo ŋku gbolo eve siwo nɔ nya ʋlim ku ɖe vidzĩ aɖe ŋu le Salomo ŋkume la dzi. Wo dometɔ ɖe sia ɖe be yee nye vidzĩa dada. Gake esi Salomo ɖe gbe be woama ɖevia ɖe eve tsɔ do wo kpɔ la, nyɔnu si nye vidzĩa dada la ƒe dɔme trɔ ɖe via ŋu. Esia ʋãe wòɖe kuku na fia la be wòatsɔ ɖevia ana nyɔnu kemɛa. (1 Fia. 3:23-27) Alo wò susu ayi Farao vinyɔnu si xɔ na Mose vidzĩ la dzi. Togbɔ be enyae be Hebrivie ɖevi si yefɔ la nye eye ɖe wòle be woawui hã la, “eƒe nu wɔ nublanui nɛ” eye wòtso nya me be ye ŋutɔ yeanyii wòazu ye vi.—2 Mose 2:5, 6.

3 Nu ka tae wòle vevie be nàsrɔ̃ nu geɖe tso veveseɖeamenu ŋu? Nu si tae nye be Biblia de dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ Yehowa. (Ef. 5:1) Gake togbɔ be Yehowa wɔ amegbetɔwo be woase veve ɖe ame nu hã la, blibomademade si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la wɔe be míedia mía ɖokui tɔ. Ɣeaɖewoɣi la, menɔa bɔbɔe na mí be míatso nya me nenye be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu loo alo míakpɔ nu siwo ade míawo ŋutɔwo ɖeɖe ko dzi la gbɔ o. Esia nana ame aɖewo tsia evedomesi, alo womenyaa nu si tututu woawɔ o. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi atsɔ ɖe le eme na amewo ahase veve ɖe wo nu geɖe wu? Gbã, di ɣeyiɣi nàdzro ale si Yehowa kple ame bubuwo ɖe veveseɖeamenu fia la me. Evelia, de ŋugble le ale si nàte ŋu asrɔ̃ Mawu ƒe kpɔɖeŋua kple ale si esia wɔwɔ aɖe vi na wòe la ŋu.

YEHOWA ÐO VEVESEÐEAMENU ƑE KPƆÐEŊU DEBLIBO ÐI

4. (a) Nu ka tae Yehowa dɔ mawudɔlawo ɖo ɖe Sodom? (b) Nu kae míesrɔ̃ tso Lot kple vianyɔnuawo ƒe ŋutinya me?

4 Yehowa ƒe veveseɖeamenu ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. Bu nu si wòwɔ na Lot ŋu kpɔ. Sodom kple Gomora tɔwo ƒe ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe la “ɖe fu na” ame dzɔdzɔe ma “vevie.” Le nyateƒe me la, Mawu kpɔe be nu gbegblẽ wɔla mawo dze ku, eya ta eɖoe be yeatsrɔ̃ wo. (2 Pet. 2:7, 8) Mawu dɔ mawudɔlawo ɖa be woaɖaɖe Lot. Mawudɔlawo xlɔ̃ nu Lot kple eƒe ƒomea be woasi adzo le du siwo tsrɔ̃ ge woala la me. “Esi wòle hehem ɖe megbe la, Yehowa ve enu ale be [mawudɔlawo] lé eya kple srɔ̃a kpakple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu hekplɔ wo yi dua godo.” (1 Mose 19:16) Ðe kpɔɖeŋu ma meɖee fia be Yehowa nya nɔnɔme sesẽ siwo me esubɔla wɔnuteƒewo tona ɣeaɖewoɣi la nyuie oa?—Yes. 63:7-9; Yak. 5:11; 2 Pet. 2:9.

5. Aleke Mawu ƒe Nyaa kpena ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ veveseɖeamenu abe ale si wòdze le 1 Yohanes 3:17 ene?

5 Menye ɖeko Yehowa sea veve ɖe ame nu ko evɔ o, ke ena eƒe amewo kpɔ nu si tae wòle be woaɖe nɔnɔme nyui sia afia hã ƒe vevienyenye. Bu se aɖe si wòde na Israel-viwo ŋu kpɔ. Ne ame aɖe do ga na nɔvia la, ate ŋu axɔ fenyilaa ƒe avɔ abe awɔbanu ene. (Xlẽ 2 Mose 22:26, 27.) Gake ele be wòagbugbɔ avɔa nɛ hafi zã nado ale be vuvɔ nagawɔe o. Ame aɖe si mesea veve ɖe ame nu o la madi be yeagbugbɔ avɔa ana fenyilaa o, gake Yehowa fia eƒe amewo be woagawɔ nu nenema o. Ke boŋ woanye ame siwo sea veve ɖe ame nu. Ðe nufiame vevi si dze le sea me la meʋã mí be míase veve ɖe ame nu oa? Ne mía nɔviwo ɖo xaxa me eye míate ŋu axɔ na wo be vuvɔ nagawɔ wo o, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ɖe míagbe kpekpeɖeŋunana woa?—Kol. 3:12; Yak. 2:15, 16; xlẽ 1 Yohanes 3:17.

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa dze agbagba enuenu be yeaɖɔ Israel dukɔa si dze aglã ɖo la me?

6 Yehowa kpɔ nublanui na eƒe dukɔ Israel esime wowɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be: “Ke wo tɔgbuiwo ƒe Mawu Yehowa dɔa eƒe dɔlawo woxlɔ̃a nu wo enuenu, elabena eƒe dɔme trɔ ɖe eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la ŋu.” (2 Kron. 36:15) Ðe mele be míawo hã míaƒe dɔme natrɔ ɖe ame siwo ate ŋu atrɔ dzi me ava zu Mawu xɔlɔ̃wo la ŋu nenema ke oa? Yehowa medi be ame aɖeke natsrɔ̃ le ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna la me o. (2 Pet. 3:9) Eya ta, esi mɔnukpɔkpɔa gakpɔtɔ li la, mina míayi edzi anɔ eƒe nuxlɔ̃amegbedeasia gblɔm na amewo ale be Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ naɖe vi na wo.

7, 8. Nu ka tae ƒome aɖe xɔe se be Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe yewo ŋu?

7 Kpɔɖeŋu geɖewo li egbea siwo ɖee fia be Mawu ƒe dɔme trɔna ɖe eƒe amewo ŋu. Bu nu si dzɔ ɖe ƒome aɖe kple wo viŋutsuvi si xɔ ƒe 12, si míayɔ be Milan, dzi ŋu kpɔ. Nu sia dzɔ esime aʋa dzɔ ɖe to vovovo me tɔwo dome le ƒe 1990-awo ƒe gɔmedzedze. Milan, nɔviaŋutsu, wo dzilawo kple Ðasefo bubu geɖewo nɔ bɔs me tso Bosnia yina Serbia. Woyina nutome gã takpekpe aɖe si me Milan dzilawo ɖoe be yewoaxɔ nyɔnyrɔ le. Gake esi wova ɖo dea dzi la, dedzisrafowo he ƒomea do goe le bɔsua me le esi wonye to bubu me tɔwo ta; ke hã, woɖe mɔ na nɔvi bubuawo ya be woayi mɔzɔzɔa dzi. Esi wosika ƒomea ɖi ŋkeke eve sɔŋ megbe la, dedzisrafoawo ƒe amegã ƒo ka na eƒe tatɔ hebiae be nu kae yewoawɔ na ƒome sia hã. Esi wònye be amegãa tɔ ɖe ƒomea ŋkume hafi nɔ nu ƒom na eƒe tatɔa ta la, wo katã wosee wòɖo eŋu nɛ be, “Mikplɔ wo yi miada tu wo!”

8 Esime amegãa nɔ nu ƒom na etɔwo la, ŋutsu eve aɖewo te ɖe ƒomea ŋu hegblɔ na wo dzaa be Ðasefowoe yewonye. Wogblɔ be nɔvi siwo nɔ mɔa zɔm kpli wo lae va gblɔ nu si dzɔ ɖe wo dzi la na yewo. Ŋutsuawo gblɔ na Milan kple nɔviaŋutsua be woage ɖe yewoƒe ʋua me ne yewoatso dea, le esi wònye be womebiaa mɔzɔgbalẽ aɖeke tso ɖeviwo si o ta. Eye wogblɔ na wo dzilawo be woayi aɖato teƒe si dea ƒe mɔxenu mele o ava tso yewo le dea godo. Nyaa wɔ moyaa na Milan ale gbegbe be menya nenye be yeako nu loo alo yeafa avi o. Edzilawo bia ŋutsuawo be: “Ðe miesusu be woaɖe asi le mía ŋu míadzo nenema?” Ke hã, esi wozɔ dzo yina la, ɖeko wònɔ abe ɖe dedzisrafoawo menɔ wo kpɔm o ene. Dzilaawo kple wo viawo yi ɖado go le dea godo. Ale wozɔ mɔa yi takpekpewɔƒea eye woka ɖe edzi be Yehowa ɖo gbe siwo yewodo ɖa be wòaxɔ na yewo la ŋu. Ele eme be Biblia na míenya be Yehowa mexɔna na esubɔlawo nukutɔe alea ɣesiaɣi o. (Dɔw. 7:58-60) Ke hã, Milan gblɔ ale si wòse le eɖokui me. Egblɔ be: “Ðeko wònɔ abe ɖe mawudɔlawo gbã ŋku na asrafoawo ene eye Yehowa xɔ na mí.”—Ps. 97:10.

9. Esi Yesu kpɔ nɔnɔme si me ameha siwo dze eyome le la, aleke wòwɔ nui? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

9 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Yesu gbɔ. Ameha siwo va egbɔ la ƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabe “wowɔ fu wo, eye wotsi yame abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene.” Aleke wòwɔ nu ɖe wo ŋui? ‘Ede asi nu geɖewo fiafia me wo.’ (Mat. 9:36; xlẽ Marko 6:34.) Ale si wòwɔ nui la to vovo sãsãsã na ale si Farisitɔwo wɔa nui. Woawo ya womedina kura be yewoakpe ɖe ame tsɛwo ŋu o. (Mat. 12:9-14; 23:4; Yoh. 7:49) Gake ɖe wò ya mèdi vevie be yeakpe ɖe ame siwo gbɔgbɔmedɔ le wuwum la ŋu abe ale si Yesu wɔe ene oa?

10, 11. Ɣesiaɣie wòasɔ be míakpɔ nublanui alo míaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋua? Ðe eme.

10 Ke hã, mefia be ele be míakpɔ nublanui alo míaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu le nɔnɔme ɖe sia ɖe me o. Nublanuikpɔkpɔ si Mawu ɖe fia le Biblia me kpɔɖeŋu siwo me míedzro va yi la sɔ. Gake Fia Saul hã ɖe afɔ aɖe si wòsusu be enye nublanuikpɔkpɔ, ke hã, nu si wòwɔ la nye tomaɖomaɖo Mawu ƒe gbe. Ena Agag, si nye Mawu ƒe amewo ƒe futɔ la tsi agbe, eye metsrɔ̃ lã nyuitɔwo hã o. Esia ta, Yehowa gbe Saul be maganye fia ɖe Israel nu o. (1 Sam. 15:3, 9, 15, etenuŋɔŋlɔ) Yehowa nye Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe. Enya nu si le ame ƒe dzi me, eye wònya nɔnɔme si me mele be woakpɔ nublanui le o. (Kony. 2:17; Eze. 5:11) Ɣeyiɣi li gbɔna si me wòava drɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã gbe toɖoɖoe. (2 Tes. 1:6-10) Menye ɣemaɣie wòakpɔ nublanui na ame siwo wòdrɔ̃ ʋɔnui be wonye ame vɔ̃ɖiwo la o. Ke boŋ, wo tsɔtsrɔ̃ ɖa anye nublanuikpɔkpɔ na ame dzɔdzɔe siwo wòaxɔ ɖe agbe la.

11 Eme kɔ ƒãa be menye míaƒe dɔe wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu amewo be wodze na tsɔtsrɔ̃ alo agbetsitsi o. Ke boŋ ehiã be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe fifia be míakpe ɖe amewo ŋu. Eya ta, mɔ kawo nue míate ŋu akpɔ nublanui na mía haviwo alo míaƒe dɔme natrɔ ɖe wo ŋu le wòasɔ? Bu wo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

MƆ SIWO NU WÒASƆ LE BE MÍAƑE DƆME NATRƆ ÐE AMEWO ŊU

12. Aleke nàte ŋu aɖe dɔmetɔtrɔ afia amewo le nuwɔwɔ kpli wo me?

12 Kpe ɖe amewo ŋu gbe sia gbe. Mawu di tso ame siwo le agbagba dzem be yewoasrɔ̃ Yesu la si be woanye ame siwo ƒe dɔme trɔna ɖe wo haviwo kple hati Kristotɔwo ŋu. (Yoh. 13:34, 35; 1 Pet. 3:8) Woɖea dɔmetɔtrɔ gɔme hã be “vevesese ɖe ame ti.” Ame si ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu la dina vevie be yeawɔ nane atsɔ akpe ɖe ame siwo le fu kpem la ŋu. Eya ta, di mɔ siwo dzi nàto awɔ esia! Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàte ŋu awɔ aƒemedɔwo na ame aɖe alo atsɔ dɔ nɛa?—Mat. 7:12.

Dɔmetɔtrɔ neʋã wò nàkpe ɖe amewo ŋu (Kpɔ memama 12)

13. Mawu ƒe amewo ƒe nɔnɔme nyui kawoe ɖea dzesi ne dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ?

13 Kpɔ gome le kpekpeɖeŋunadɔwo me. Ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le la ƒe fukpekpewo teƒe kpɔkpɔ wɔa dɔ ɖe ame geɖe dzi woƒe dɔme trɔna ɖe wo ŋu. Wonya Yehowa ƒe amewo nyuie be wotsɔa wo ɖokuiwo nana faa kpena ɖe amewo ŋu le nɔnɔme sesẽ mawo tɔgbi me. (1 Pet. 2:17) Esi anyigba ʋuʋu le atsiaƒu gɔme hena tsi ɖe amewo le Japan le ƒe 2011 me la, mía nɔvinyɔnu Japantɔ aɖe hã nɔ nuto si me wògblẽ nu le la me. Egblɔ be ale si nɔvi siwo tso Japan ƒe nuto bubuwo me kple esiwo tso duta siaa tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoaɖɔ nu siwo dome gblẽ ɖo la ‘de dzi ƒo na ye eye wòfa akɔ na ye.’ Eŋlɔ bena: “Nudzɔdzɔ sia na mekpɔe be Yehowa léa be na mí. Eye nɔvi Ðasefowo hã tsɔ ɖe le eme na wo nɔewo. Le xexea me godoo la, nɔvi geɖe le gbe dom ɖa ɖe mía ta.”

14. Aleke nàte ŋu akpe ɖe dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ŋu?

14 Kpe ɖe dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ŋu. Ne míekpɔ ale si Adam ƒe nu vɔ̃a me tsonuwo le nu gblẽm le ame aɖewo ŋui la, míaƒe dɔme trɔna ɖe wo ŋu. Míele mɔ kpɔm be dɔléle kple amegãkuku kpakple nyagãkuku nu nayi. Eya ta, míedoa gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, míewɔa nu si míate ŋui tsɔ kpena ɖe ame siwo le fu kpem la ŋu. De ŋugble le nya si agbalẽŋlɔla aɖe ŋlɔ tso nɔa si ku nyagã, si susumedɔléle aɖe nɔ fu ɖem na ŋu kpɔ. Eŋlɔ bena, gbe ɖeka, esi wògblẽ go eye wònɔ agbagba dzem be yeadzra ye ɖokui ɖo la, agbonugaa ɖi. Ðasefo eve siwo vaa egbɔ edziedzi lae gava. Nɔvinyɔnuawo biae nenye be yewoate ŋu awɔ nane atsɔ akpe ɖe eŋu hã. Nyagãa ɖo eŋu be: “Nane li miate ŋu awɔ nam ya, gake eɖe fu vie.” Nɔvinyɔnuawo kpe ɖe eŋu wòdzra eɖokui ɖo nyuie. Eyome, wowɔ tii nɛ eye wonɔ egbɔ heɖo dze kplii. Viaŋutsua kpɔ ŋudzedze ɖe nu si nɔvinyɔnuawo wɔ la ŋu ale gbegbe. Eŋlɔ bena: “Ðasefowo dze na kafukafu kple bubu. Wowɔna ɖe nu si wofiana dzi.” Ðe wò dɔme trɔna ɖe dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ŋu eye esia ʋãa be nàwɔ nu sia nu si nàte ŋui atsɔ aɖe woƒe fukpekpea dzi akpɔtɔa?—Flp. 2:3, 4.

15. Mɔnukpɔkpɔ kae gbeƒãɖeɖedɔa ʋuna ɖi na mí?

15 Kpe ɖe amewo ŋu woanya Yehowa. Kuxi siwo le fu ɖem na amewo kple woƒe dzimaɖitsitsiwo ʋãa mí míedina be míakpe ɖe wo ŋu woanya Yehowa. Mɔ nyuitɔ si dzi míate ŋu ato awɔ esia ye nye be míafia nu wo tso Mawu kple nu si eƒe Fiaɖuƒea awɔ na amegbetɔwo la ŋu. Mɔ bubu hãe nye be míakpe ɖe wo ŋu woakpɔ nu si tae nunya le eme be woawɔ Mawu ƒe sededewo dzi. (Yes. 48:17, 18) Gbeƒãɖeɖedɔa nye dɔ si dea bubu Yehowa ŋu eye wònye mɔ si dzi míetona ɖenɛ fiana be míaƒe dɔme trɔ ɖe amewo ŋu. Ðe nàte ŋu akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me geɖe wua?—1 Tim. 2:3, 4.

VEVESESEÐEAMENU ÐEA VI NA WÒ ŊUTƆ HÃ!

16. Viɖe kae ame si sea veve ɖe ame nu la kpɔna?

16 Susuŋutinunyala bibiwo gblɔ be ne èsea veve ɖe ame nu la, ate ŋu ade wò lãmesẽ dzi eye wòana kadodo nyui nanɔ wò kple ame bubuwo dome. Ne èkpe ɖe ame siwo le fu kpem ŋu la, àkpɔ dzidzɔ wu, mɔkpɔkpɔ nyuiwo anɔ asiwò, akogotsitsi maɖe fu na wò akpa o, eye wò susu adze akɔ anyi. Ɛ̃, ne èsea veve ɖe ame nu la, aɖe vi na wò ŋutɔ hã. (Ef. 4:31, 32) Dzitsinya nyui sua Kristotɔ siwo lɔlɔ̃ ʋãna wodzea agbagba be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu la si, elabe wonyae be yewole nu si Yehowa di tso yewo si la wɔm. Ne nɔnɔme sia le ame si la, enana wòzua dzila nyui, srɔ̃tɔ nyui kple xɔlɔ̃ nyui. Eye zi geɖe la, amewo lɔ̃na faa kpena ɖe ame siwo ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu la ŋu ne woɖo hiã me.—Xlẽ Mateo 5:7; Luka 6:38.

17. Nu ka tae nèdi be yeanye ame si sea veve ɖe ame nu?

17 Togbɔ be veveseseɖeamenu aɖe vi na wò hã la, menye susu sia tae nàdi be nɔnɔme nyui sia nasu ye si ɖo o. Susu vevi si tae nàtu nɔnɔme nyui sia ɖoe nye be nàsrɔ̃ Yehowa Mawu, Ame si gbɔ lɔlɔ̃ kple veveseɖeamenu dzɔ tso ahade bubu eŋu. (Lod. 14:31) Eɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí. Eya ta, mina míawɔ míaƒe ŋutete katã be míasrɔ̃ eya amea le veveseseɖeamenu me. Ne míewɔe alea la, mía kple mía nɔvi Kristotɔwo dome anɔ kplikplikpli eye kadodo nyui anɔ mía kple ame bubuwo hã dome.—Gal. 6:10; 1 Yoh. 4:16.