Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ele be woadi nu siwo akpɔ kuxia gbɔ; ke menye nu siwo ana nɔnɔmea naka ɖe eme ko o

KUXIA

Nu Si Koŋ Akpɔ Míaƒe Kuxiwo Gbɔ

Nu Si Koŋ Akpɔ Míaƒe Kuxiwo Gbɔ

Èsusu be amegbetɔwo ate ŋu akpɔ ta na kuxi gbogbo siwo wɔe be ŋutifafa kple dedienɔnɔ bɔ mí si na be míaƒe etsɔme ɖo afɔku me la gbɔa? Ne míedi be míakpɔ ta na kuxiawo ŋutɔŋutɔ la, ke ele be míadi kuxiawo ƒe ke.

Le kpɔɖeŋu me, Tom dze dɔ eye emegbe wòku. Nu ka tae wòku? Ðɔkta si gbɔ wokplɔ Tom vɛ hafi wòku la gblɔ be: “Esi wòdze dɔ teti la, meva susu me na ame aɖeke be yeadi nu si koŋ na wòdze dɔa o.” Edze abe atike siwo ana Tom ƒe lãmea naka ɖe eme koe ɖɔkta siwo kpɔ egbɔ va yi la nɛ ene.

Ðe wòanye be nu ma tɔgbi wɔmee amegbetɔwo le be yewoatsɔ akpɔ xexea ƒe kuxiwo gbɔa? Le kpɔɖeŋu me, ne dziɖuɖuwo di be yewoaɖe nu vlo wɔwɔwo ɖa la, wowɔa sewo, dea videoɖemɔ̃wo teƒewo eye wonana poliswo léa fɔ ɖe woƒe dɔwo ŋu wu. Togbɔ be mɔnu siawo wɔa dɔ hã, womekpɔa kuxiawo gbɔ keŋkeŋ o. Ale si amewo wɔa nui ɖea woƒe tamebubu, seselelãme kple woƒe didiwo fiana.

Daniel si le Anyiehe Amerika dukɔ aɖe si ƒe ganyawo le gbegblẽm me gblɔ be: “Nu dze edzi na mí va yi. Míevɔ̃na be adzogliwo ava dze mía dzi o. Gake fifiaa, du alo kɔƒe aɖeke meli si me tomefafa le o. Ganyawo ƒe gbegblẽ wɔe be ale si tututu ame geɖe le la va dze ƒãa—wonye ŋubiãlawo eye womedea bubu agbe alo amewo ƒe nunɔamesiwo ŋu o.”

Ŋutsu aɖe si míayɔ be Elias si le Asia dukɔ aɖe me la si aʋa eye emegbe wova srɔ̃ Biblia kplii. Egblɔ be: “Ðekakpui geɖe siwo le mía de la ƒe ƒometɔwo kple subɔsubɔha siwo me wole siwo de dunyaheha aɖe dzi la de dzi ƒo na wo be woawɔ aʋaa ne woaxɔ ŋkɔ. Wogblɔ nya mawo ke na ame siwo nye woƒe futɔwo hã! Esiawo katã na mekpɔ ale si wòwɔ nublanui be woaɖo ŋu ɖe dziɖula siwo nye amegbetɔwo ŋu.”

Biblia gblɔ be:

  • “Amegbetɔ ƒe dzimesusu nye vɔ̃ tso eƒe ɖevime ke.”—1 Mose 8:21.

  • “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, eye enu menya léna o. Ame kae ate ŋu adze sii?”—Yeremiya 17:9.

  • “Dzi mee susu vɔ̃wo, amewuwuwo, . . . matrewɔwɔwo, fififiwo, [kple] aʋatsoɖaseɖiɖiwo doa go tso.”—Mateo 15:19.

Amegbetɔwo mete ŋu le nɔnɔme gbegblẽ siwo le mía me la nu lém o. Le nyateƒe me la, gbegblẽm ɖe edzi koe nɔnɔmeawo le abe ale si ko wòle le kuxi siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me ene. (2 Timoteo 3:1-5) Eye ele alea togbɔ be sidzedze geɖe va su amegbetɔwo si eye mɔ siwo dzi míetona xɔa nyatakakawo alo ɖoa wo ɖa va nyo ɖe edzi fifia wu hã! Ne nenemae la, nu ka tae amegbetɔwo mate ŋu ana ŋutifafa nanɔ xexea me eye míanɔ dedie o? Ðe esia gbɔ nu si amegbetɔwo ate ŋu awɔ ŋua? Ðe míele nu si mate ŋu adzɔ o tem kpɔa?

ÐE MÍELE NU SI MATE ŊU ADZƆ O TEM KPƆA?

Ne amegbetɔwo ate ŋu ato nukumɔ aɖe dzi awɔ nane tso nɔnɔme gbegblẽ siwo le amewo si ŋu hã la, womate ŋu ana ame sia ame nanɔ dedie le xexea me o. Nu ka tae? Elabe seɖoƒe li na nu siwo amegbetɔwo ate ŋu awɔ.

Nyateƒea koe nye be: “Ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.” (Yeremiya 10:23) Ɛ̃, womewɔ amegbetɔ be wòafia mɔ eɖokui o. Le nyateƒe me la, womewɔ amegbetɔ be wòaɖu nɔvia amegbetɔ dzi o abe ale si ko womewɔe be wòanɔ tsi me alo yame o ene!

Womewɔ amegbetɔ be wòaɖu nɔvia amegbetɔ dzi o abe ale si ko womewɔe be wòanɔ tsi me o ene

Bu nya sia ŋu kpɔ: Ðe amewo dina be yewo hatiwo nagblɔ ale si yewoanɔ agbee alo nɔnɔme nyui siwo wòle be wòanɔ yewo si la na yewoa? Ðe amewo dina be woagblɔ ale si wòle be woabu nuwo abe fuɖeɖe alo ame si tɔgbi wòle be woatso kufia na alo ale si woahe wo viwo na yewoa? Nya siwo dea mama amewo me la dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esiawo. Eya ta togbɔ be asesẽ be míaxɔe ase hã la, susu le nya si Biblia gblɔ me. Amegbetɔ medze o eye ŋutete mele esi be wòaɖu ame bubuwo dzi o. Ekema ame ka ŋue míatrɔ ɖo?

Ŋuɖoɖoa koe nye be míatrɔ ɖe mía Wɔla ŋu. Eyae wɔ mí! Meŋlɔ mí be abe ale si ame aɖewo susunɛ ene o. Le nyateƒe me la, ale si wòtsɔa ɖe le eme na mí la dze le Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la me. Ne míese agbalẽ tɔxɛ ma me nyawo gɔme la, ana míadze si mía ɖokuiwo nyuie wu. Eye akpe ɖe mía ŋu míase nu siwo gbɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo tso la gɔme. Ana míase nu si tae Germanytɔwo ƒe xexemenunyala aɖe gblɔ be, “amewo kple dziɖuɖuwo mesrɔ̃ naneke tso nu siwo dzɔ va yi me o, eye wometrɔ woƒe nɔnɔme o” hã gɔme.

BIBLIA ƑE AÐAŊUÐOÐO KPƆA MÍA TA!

Yesu gblɔ be: “Nunya ƒe viwo [alo emetsonuwo] katãe wotsɔ tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.” (Luka 7:35) Nunya ma ƒe kpɔɖeŋu dze le Yesaya 2:22 afi si gblɔ be: “Midzudzɔ ŋuɖoɖo ɖe amegbetɔ gbɔlo” ŋu. Aɖaŋuɖoɖo nyui ma ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ ŋu ɖom ɖe nu siwo mava eme o ŋu o. Kenneth si le Dziehe Amerika du aɖe si me ŋutasẽnuwɔwɔ bɔ ɖo me gblɔ be: “Dunyahelawo doa ŋugbe be yewoana nuwo naka ɖe eme, gake gbeɖegbeɖea koe. Ale si wodo kpo nui la nye kpeɖodzi be nya si Biblia gblɔ nye nyateƒe eye nunya le eme.”

Daniel si ƒe nya míegblɔ va yi ŋlɔ bena: “Nu siwo dzɔna gbe sia gbe na mekpɔe be amegbetɔ mate ŋu aɖu ehavi dzi wòanyo o. . . . Ne ga le ame si le gadzraɖoƒe alo wode ga adzɔ aɖe me gɔ̃ hã menye kpeɖodzi be ame anɔ dedie le etsɔme o. Mekpɔ eteƒe ame geɖe ƒe dzi gbã esi wonɔ ŋu ɖom ɖe nu siawo tɔgbi ŋu ta.”

Menye ɖeko Biblia kpe ɖe mía ŋu be míaganɔ ŋu ɖom ɖe nu siwo mava eme o ŋu ko o. Enaa mɔkpɔkpɔ hã mí abe ale si míava kpɔe ene.