Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilawo toa kpɔɖeŋu siwo woɖona dzi fiaa nu wo viwo

NANE SI ANA WOAKPƆ KUXIA GBƆ

Ele Be Amewo Nasrɔ̃ Ale Si Woanɔ Agbe Nyui

Ele Be Amewo Nasrɔ̃ Ale Si Woanɔ Agbe Nyui

Esi sukuvi aɖewo yina tsaɖiƒe la, wotso ŋutsuvi ƒewuivi aɖewo nu be wozi wo hati ŋutsuviawo dometɔ ɖeka dzi dɔ egbɔ. Ðevi siawo dea suku xɔŋkɔ aɖe si menye dziɖuɖu tɔ o la le Canada. Le nudzɔdzɔ sia megbe la, aƒetɔ Leonard Stern ŋlɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Ottawa Citizen me be: “Ne sɔhɛ aɖe ƒe susu ɖa, ele suku xɔŋkɔ aɖe dem eye kesinɔnuwo le esi hã, ema mawɔe be wòanɔ agbe nyui kokoko o.”

Aƒetɔ Stern gblɔ kpee be: “Zi geɖe la, taɖodzinu vevi si gbɔ míekpɔa mɔ be dzilawo naɖoe nye be woafia nu si nye agbe nyui nɔnɔ wo viwo. Nyateƒeae nye be nu si ŋu dzila geɖe tsia dzi ɖo koe nye be yewo viwo nade suku alo nu nadze edzi na wo le agbe me.”

Nyateƒee wònye be sukudede le vevie. Gake suku nyuitɔ kekeake gɔ̃ hã mate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòatsri nɔnɔme gbegblẽwo alo dzodzro vɔ̃wo o. Ekema afi kae míate ŋu atrɔ ɖo asrɔ̃ nu siwo akpe ɖe ame ŋu wòatsri nɔnɔme gbegblẽwo eye wòasrɔ̃ nɔnɔme nyuiwo?

BIBLIA ATE ŊU AFIA NU AME BE EƑE AGBƆNƆNƆ NANYO ÐE EDZI

Biblia le abe ahuhɔ̃e ene. Ne míexlẽe la, enana míekpɔa míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzea sii nyuie. (Yakobo 1:23-25) Gake Biblia kpena ɖe ame ŋu geɖe wu ema. Ekpena ɖe mía ŋu be míawɔ tɔtrɔ siwo hiã, míatu nɔnɔme siwo nana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ vavãtɔ nɔa anyi la ɖo. Nɔnɔme mawo ƒe ɖewoe nye nyuiwɔwɔ, dɔmenyonyo, dzigbɔgbɔ blewu, ɖokuidziɖuɖu kple lɔlɔ̃. Woyɔ lɔlɔ̃ gɔ̃ hã be “ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” (Kolosetɔwo 3:14) Nu ka tae lɔlɔ̃ le etɔxɛ nenema gbegbe? Se nya si Biblia gblɔ tso lɔlɔ̃ ŋu ɖa.

  • “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o. Meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o, mewɔa nu si medze o, media eya ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o. Meléa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o. Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ [vɔ̃] ŋu o, ke ekpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe boŋ ŋu. Enɔa te ɖe nuwo katã nu, . . .  edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.”—1 Korintotɔwo 13:4-8.

  • “Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o.”—Romatɔwo 13:10.

  • “Vevietɔ la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.”—1 Petro 4:8.

Ne èle ame siwo lɔ̃ wò dome la, aleke nèsena le ɖokuiwò me? Èsena le ɖokuiwò me be yele dediea? yeɖe dzi ɖia? Ɛ̃, elabe ènya be womadi vɔ̃ na ye o, eye womaɖoe koŋ awɔ nane wòave ye o.

Lɔlɔ̃ ate ŋu aʋã amewo be woatsɔ nanewo asa vɔe, alo atrɔ woƒe agbenɔnɔ gɔ̃ hã be wòaɖe vi na ame bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, esi ŋutsu aɖe si míayɔ be George xɔ tɔgbuiyɔvi la, edi vevie be ɖevia nanɔ ye gbɔ nɔm. Gake kuxi aɖe li. George yɔa sigaret ŋutɔ, eye toyɔvia medina be wòanɔ sigaret yɔm le ɖevia gbɔ o. Nu kae George wɔ? Togbɔ be enoa sigaret ƒe 50 sɔŋue nye ema hã la, edzudzɔ enono le tɔgbuiyɔvia ta. Nyateƒee lɔlɔ̃ nu sẽ ŋutɔ!

Biblia kpena ɖe mía ŋu be míatu nɔnɔme nyuiwo abe nyuiwɔwɔ, dɔmenyonyo kple vevietɔ lɔlɔ̃ ene ɖo

Lɔlɔ̃ nye nɔnɔme vevi aɖe si míesrɔ̃na. Dzilawo wɔa akpa vevi aɖe fiaa nu wo viwo be woalɔ̃ ame. Wokpɔa wo viwo dzi, kpɔa wo ta, eye wokpena ɖe wo ŋu ne nu vevi wɔ wo alo wodze dɔ. Dzila nyuiwo ɖoa dze kple wo viwo eye wofiaa nu wo. Wohea wo viwo hã. Esia ƒe ɖee nye be woafia nu siwo nye nyui kple vɔ̃ wo. Azɔ hã, dzila nyuiwo ɖoa kpɔɖeŋu nyuiwo na wo viwo be woasrɔ̃.

Gake nublanuitɔe la, dzila aɖewo mete ŋu tsɔ woƒe agbanɔamedzi sia nyuie o. Ðe esia fia be ɖeviawo ava do kpo nua? Gbeɖe! Ame tsitsi aɖewo siwo tsi le ƒome siwo me nuwo metsɔ afɔ nyuie le o me gɔ̃ hã wɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le woƒe agbe me, eye wova zu dzila siwo léa be na wo viwo kple ame ɖɔʋuwo. Abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, ame siawo dometɔ aɖewo nye ame siwo amewo buna tsã be womate ŋu atrɔ o!