Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

KUXIA

Amegbetɔwo Ƒe Dedienɔnɔ Ðo Afɔku Me

Amegbetɔwo Ƒe Dedienɔnɔ Ðo Afɔku Me

Nyatakaka aɖe gblɔ be: “Ele eme be amegbetɔwo yi ŋgɔ egbea le mɔ̃ɖaŋununya, dzɔdzɔmeŋutinunya kple ganyawo me ale gbegbe . . . Togbɔ be ele alea hã la, edze abe fifia boŋue [dunyahehe, ganyawo kple dzɔdzɔmenuwo] dome le gbegblẽm wu ene.”—The Global Risks Report 2018, World Economic Forum.

NU KA TAE AME ŊKUTA GEÐEWO TSI DZI ÐE AMEGBETƆWO KPLE ANYIGBAA SIAA ƑE ETSƆME ŊU? BU KUXI SIWO DZE ŊGƆ MÍ LA DOMETƆ AÐEWO ŊU KPƆ.

  • INTERNET DZI NU VLO WƆWƆ: Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Australian gblɔ be: “Afɔku va le internet zazã le ŋkeke siawo me ŋu ale gbegbe. Eva zu teƒe si ɖevigbɔdɔlawo, ŋutasẽnuwɔlawo kple ame siwo dea dzre amewo dome bɔ ɖo. Amewo ƒe nyatakakawo fifi to internet dzi le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ le xexea me. . . . Internet la na amegbetɔwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi kple tagbɔsesẽ va dze nyuie.”

  • ALE SI GANYAWO MELE ÐEKA O: Le habɔbɔ aɖe (Oxfam International) ƒe nyatakaka nyitsɔ laa nu la, nunɔamesi si le hiãtɔ siwo katã le xexea me si ƒe afã ye le gatɔ gã enyi siwo le xexea me la si. Habɔbɔa gblɔ be: “Ganyawo ƒe toyiyi wɔe be gatɔwo le ga kpɔm ɖe edzi eye hiãtɔwo hã le ahe dam ɖe edzi.” Ame aɖewo le vɔvɔ̃m be gatɔwo ƒe gakpɔkpɔ kple hiãtɔwo ƒe ahedada awɔe be amewo nava dze aglã.

  • AƲAWƆWƆWO KPLE YOMETITIWO: Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Sitsoƒedilawo Ƒe Habɔbɔ aɖe gblɔ le ƒe 2018 me be: “Sitsoƒedilawo le dzidzim ɖe edzi fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe.” Aʋawɔwɔ alo yometiti na be ame siwo wu miliɔn 68 ʋu le woƒe aƒewo me. Nyatakakaa gblɔ be: “Le sɛkɛnd eve ɖe sia ɖe me la, eva zua dzizizi na ame ɖeka ya teti be wòaʋu le eƒe aƒe me.”

  • DZƆDZƆMENUWO DOME LE GBEGBLẼM: Habɔbɔ aɖe (The Global Risks Report 2018) gblɔ be: “Nu miemiewo kple lã ƒomevi aɖewo le tsɔtsrɔ̃m eye ɖiƒoƒo yame kple atsiaƒu le nu gblẽm le amegbetɔwo ƒe lãmesẽ ŋu ale gbegbe.” Azɔ hã, le dukɔ aɖewo me la, nudzodzoevi aɖewo le tsɔtsrɔ̃m kabakaba. Esi wònye nudzodzoeviwo wɔa akpa vevi aɖe hafi atiwo tsena ta la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le nu xlɔ̃m be woƒe tsɔtsrɔ̃a agblẽ nu le míaƒe xexea ŋu vevie. Adzakpowo hã dome le gbegblẽm. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu akɔnta be adzakpo siwo le xexea me ƒe afã kloe tsrɔ̃ le ƒe 30 siwo va yi me.

Ðe amegbetɔwo ŋutɔ ate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã ale be xexea nanɔ dedie eye ame naɖe dzi ɖi wua? Ame aɖewo susu be egbɔkpɔnuawo ƒe ɖee nye be woafia nu amewo tso kuxiawo ŋu. Ne nenemae la, ke nufiafia ka ƒomevie wòanye? Nyati siwo akplɔe ɖo la aɖo biabia siawo ŋu.