Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

DZIÐUÐU SI AKPƆ KUXIA GBƆ

“Seɖoƒe Manɔe Na Ŋutifafa” O

“Seɖoƒe Manɔe Na Ŋutifafa” O

Dukɔ Ƒoƒuawo le dzi dem ƒo na ameƒomeviwo katã be woawɔ ɖeka ade bubu amegbetɔwo ƒe gomenɔamesiwo ŋu, eye woawɔ nu siwo magblẽ nu le woƒe nutowo me ŋu o. Nu ka tae? Abe ale si Aƒetɔ Maher Nasser gblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (UN Chronicle) me ene la, “Yame ƒe nɔnɔmewo le tɔtrɔm le xexea me godoo, nu vlo wɔhabɔbɔwo, ameŋkumekpɔkpɔ, aʋawɔwɔ si nu menya le lelém o, sitsoƒedilawo, nu vlo wɔlawo ƒe ŋɔdzidoname si le xexea me katã [kple] dɔxɔleameŋuwo” le gã dom ɖe edzi le dukɔ sia dukɔ me.

Ame aɖewo gɔ̃ hã doe ɖa be dziɖuɖu ɖeka nanɔ xexea me katã. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Dante (ƒe 1265-1321) si nye Italytɔwo ƒe xexemenunyala, hakpanyaŋlɔla kple dziɖuɖumegã kple Albert Einstein (1879-1955) si nye dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala. Dante xɔe se be ŋutifafa mate ŋu anɔ xexe sia si me dziɖula vovovowo le dzi ɖum le la me eteƒe nadidi o. Eyɔ nya tso Yesu Kristo ƒe nyawo me gblɔ be, “Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si ma ɖe eɖokui ŋu la gbãna.”—Luka 11:17.

Le Xexemeʋa Evelia si me woda atɔmik bɔmb eve le me megbe kpuie la, Albert Einstein ŋlɔ lɛta aɖe na Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Sewɔtakpekpea, si wòde nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me. Egblɔ le lɛtaa me be: “Ele be Dukɔ Ƒoƒuawo nawɔ ɖoɖo aɖe afɔ kpata atsɔ aɖo xexea me katã ƒe dziɖuɖu aɖe anyi si ana xexea nanɔ dedie.”

Gake ɖe dunyahela siwo anɔ dziɖuɖu sẽŋu ma me la, mawɔ nu fitifiti, ado kpo nu eye womate amewo ɖe anyi oa? Alo ɖeko woawo hã ava do kpo nu abe dziɖula bubuwo enea? Biabia siawo na míeɖo ŋku Britaintɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Lord Acton, ame si gblɔ be: “Ŋusẽ gblẽa ame dome eye ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nu sia nu dzi la, ɖe wògblẽa ame dome kura” la ƒe nyawo dzi.

Togbɔ be ele nenema hã, ne amegbetɔwo akpɔ ŋutifafa eye woawɔ nu aduadu ŋutɔŋutɔ la, ke ele be woawɔ ɖeka. Gake aleke míawɔ aɖo taɖodzinu ma gbɔ? Ðe wòanya wɔ ŋutɔŋutɔa? Biblia ɖo nya sia ŋu be ɛ̃. Anya wɔ eye ava eme hã. Le mɔ ka nu? Menye xexemedziɖuɖu siwo me dunyahela siwo wɔa nu fitifiti le la dzie wòato ava eme o. Ke boŋ anye dziɖuɖu aɖe si Mawu ŋutɔ ɖo. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu koe dze aɖu eƒe nuwɔwɔwo dzi. Dziɖuɖu kae nye ema? Biblia na ŋkɔe gɔ̃ hã be “Mawu Fiaɖuƒe.”—Luka 4:43.

“WÒ FIAÐUƑE NAVA”

Mawu Fiaɖuƒeae nɔ susu me na Yesu Kristo esi wògblɔ le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me be: “Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi.” (Mateo 6:9, 10) Ɛ̃, Mawu Fiaɖuƒea akpɔ egbɔ be wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, ke menye amegbetɔ siwo dina be yewoaɖu dzi godoo alo amegbetɔ ɖokuitɔdilawo ƒe lɔlɔ̃nu o.

Wogayɔa Mawu Fiaɖuƒea be “Dziƒofiaɖuƒe la.” (Mateo 5:3) Nu ka tae? Togbɔ be anyigbaa dzie wòaɖu hã la, manɔ anyigba dzi hafi aɖu dzi o, ke anɔ dziƒo. Bu nu si nya ma fia ŋu kpɔ. Xexea me katã ƒe dziɖuɖu sia mabia gakpekpeɖeŋu tso amewo gbɔ o. Gbɔdzɔe ka gbegbe wòanye na ame siwo dzi wòaɖu!

Abe ale si nya “fiaɖuƒe” fia ene la, fia le Mawu Fiaɖuƒea si. Fia mae nye Yesu Kristo, ame si Mawu na ŋusẽe. Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be:

  • “Dziɖuɖu anɔ abɔta nɛ . . . Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa” o.—Yesaya 9:6, 7.

  • “Wotsɔ dziɖuɖu, bubu kple fiaɖuƒe nɛ, ne amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe dolawo katã nasubɔe. Eƒe dziɖuɖu anɔ anyi . . . enu mayi o.”—Daniel 7:14.

  • “Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ [si nye Mawu] kple eƒe Kristo la ƒe Fiaɖuƒe.”—Nyaɖeɖefia 11:15.

Mawu Fiaɖuƒea ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi bliboe si ana Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖaa nava eme. Le dziɖuɖu ma te la, amegbetɔwo katã asrɔ̃ ale si woalé be na anyigba be wòanɔ dedie eye agbe nanya nɔ le edzi.

Ƒo wo katã ta la, Mawu Fiaɖuƒea afia nu eteviwo katã. Woafia se ɖeka ma ke wo katã. Fuléle kple mama aɖeke manɔ anyi o. Yesaya 11:9 gblɔ be: ‘Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ avɛ o, elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi, abe ale si tsi yɔ atsiaƒu mee ene.’

Ŋutifafa blibo anɔ anyigbadzinɔlawo katã dome abe ale si Dukɔ Ƒoƒuawo le edim ene. Psalmo 37:11 gblɔ be: “Dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Ava ɖo ɣeaɖeɣi la, nyawo abe “nu vlo wɔwɔ,” “ɖiƒoƒo yame,” “hiãkame” kple “aʋawɔwɔ” abu le míaƒe nuƒoƒo me. Gake ɣekaɣie nu siawo ava eme? Ɛ̃, ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea ava ɖu xexea katã dzi? Aleke wòawɔe? Nu kae nàwɔ be eƒe dziɖuɖua naɖe vi na wò? Na míakpɔe ɖa.