Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYƆ! No. 1 2024 | Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Ame Ŋu O?

Ame geɖe megadea bubu ame ŋu egbea o, eye ewɔa nuku ŋutɔ ne wokpɔ ame aɖe wòɖe bubu fia.

Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe medea bubu wo hatiwo, wo dzilawo kple ame tsitsiwo, alo poliswo, dɔtɔwo kple nufialawo gɔ̃ hã ŋu o. Azɔ hã, amewo zãa dzugbewo kple nya siwo meɖea bubu fiana o le Internet dzi! Magazine aɖe gblɔ be amemabumabu nuwɔnawo “le dzidzim ɖe edzi fifia ŋutɔ.” Egblɔ kpee be amewo va le “nu ƒom tso nya sia ŋu fifia wu tsã eye ele edzi yim ɣeyiɣi aɖee nye esia.” (Harvard Business Review)

 

Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Ame Bubuwo Ŋu O?

Srɔ̃ nu tso nu si tae wòle be míade bubu amewo ŋu kple ale si nàwɔ esia la ŋu.

Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Agbe Ŋu O?

De dzesi aɖaŋu siwo Biblia ɖo tso ale si míate ŋu ade bubu míawo ŋutɔ kple ame bubuwo ƒe agbe ŋu.

Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Woƒe Ƒometɔwo Ŋu O?

Ƒome ɖe sia ɖe ate ŋu akpɔ dzidzɔ geɖe wu ne ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe dea bubu nɔvia ŋu.

Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Wo Ðokuiwo Ŋu O?

Biblia ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi eye woakpɔe be asixɔxɔ le yewo ŋu.

Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Ame Ŋu O?

Xlẽ nyati siwo ƒo nu tso bubudede amewo ŋu kple nu siwo wɔm Yehowa Ðasefowo le be woatsɔ akpe ɖe amewo ŋu le xexea me godoo be woade bubu amewo ŋu la ŋu.