Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Agbe Ŋu O?

Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Agbe Ŋu O?

NU SI TAE WÒLE BE MÍADE BUBU AGBE ŊU

Ne nu siwo míewɔna dea míawo ŋutɔ alo ame bubuwo ƒe lãmesẽ afɔku me la, ke efia be míele bubu dem míaƒe agbe alo woƒe agbe ŋu o.

  • Menye ɖeko sigarɛtnono ana míalé kansa ko o, ke awɔe hã be wòasesẽ na míaƒe ametia be wòawɔ avu kplii. Numekukuwo ɖee fia be sigarɛtnono alo sigarɛt ƒe dzudzɔ gbɔgbɔ koŋ gbɔe wòtso be dzitodzito me kansa wua ame geɖe.

  • Ƒe sia ƒe la, tudada ɖe amehawo dome wɔnɛ be ame geɖe tsia dzodzodzoe eye woléa blanui. Numekuku aɖe gblɔ tso tudada ɖe amewo dome le sukukpowo dzi ŋu be: “Ne tukpe melɔ ame aɖe wòxɔ abi o hã la, nudzɔdzɔa dea abi eƒe seselelãme kple eƒe susu ŋu hena ƒe geɖe.”

  • Ame siwo no aha alo atike muamewo hafi le ʋu kum la dea ʋukula bubuwo kple ame siwo le mɔ me tsom alo le mɔa to la ƒe dedienɔnɔ afɔku me. Ne amewo mede bubu agbe ŋu o la, esia ate ŋu ade ame siwo dome wole la ƒe agbe afɔku me.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Kpɔ wò lãmesẽ ta. Ne atamanono, ahamumu, atike muamewo zazã kple bubuawo zu numame na wò la, mègatsɔ anyidzeƒe wɔ anyimlɔƒe o. Wɔ nane tso eŋu hafi wòava tsi megbe akpa, elabe nuwɔna mawo agblẽ wò agbe dome eye woaɖee afia be mèdea bubu wò ƒometɔwo kple ame bubuwo ƒe agbe ŋu o.

“Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã . . . ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.”—2 Korintotɔwo 7:1.

Bu dedienɔnɔ nu vevii. Be nàƒo asa na afɔkuwo la, kpɔ egbɔ be ale si nuwo le le wò aƒe me mana nu vevi nawɔ ame aɖeke o. Na wò ʋu alo dzokeke nanɔ nɔnɔme nyui me eye nàkui le ŋuɖɔɖo me. Mègana ame aɖeke naƒoe ɖe nuwò be nàwɔ nane si ate ŋu ana ame nadze afɔku alo aku o.

“Ne ètso aƒe yeye la, tɔ kpɔ ɖe xɔa tame, bena ame aɖeke magage le edzi, eye nàna wò aƒe naɖi ʋufɔ o.”—5 Mose 22:8. a

Nyo dɔme na amewo. Bubudede agbe ŋu bia hã be míawɔ nu ɖe amewo katã ŋu nyuie, metsɔ le dukɔ si me wotso, ŋutigbalẽ si le wo si alo ɖoƒe si wole me o. Esia le vevie ŋutɔ, elabe nazãbubu kple fuléle koŋ gbɔe ŋutasesẽ kple aʋawɔwɔ si bɔ egbea la tso.

“Miɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi, dɔmedzoe, dziku, ɣlidodo, kple nya veame ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le mia dome hekpe ɖe nu sia nu si gblẽa nu le ame ŋu la ŋuti. Ke boŋ minyo dɔme na mia nɔewo.”—Efesotɔwo 4:​31, 32.

NU SI WƆM YEHOWA ÐASEFOWO LE

Yehowa Ðasefowo fiaa amewo be woanɔ agbe si ana woanɔ lãmesẽ me. Míaƒe Biblia-fiafiadɔa kpe ɖe amewo ŋu be woɖu numame gbegblẽwo dzi.

Míewɔna ɖe dedienɔnɔ ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ le míaƒe xɔtudɔwo wɔwɔ me. Wonaa hehe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo tua míaƒe tadeaguƒewo kple teƒe bubu siwo míexɔa hehe le la be woaƒo asa na afɔkuwo le dɔa wɔwɔ me. Ðoɖo li si dzi míezɔna ɖo léa ŋku ɖe míaƒe xɔwo ŋu enuenu be míakpɔe ɖa be wowɔ ɖeka kple nutoa me dedienɔnɔ ƒe sewo hã.

Míekpena ɖe ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo ŋu. Le ƒe 2022 me la, míezã ga si ade dɔlar miliɔn 12 tsɔ kpe ɖe ame siwo ŋu afɔku dziŋɔwo gblẽ nu le vevie la ŋu; afɔku mawo ade 200 sɔŋ eye wodzɔ le xexea ƒe akpa vovovowo.

Esi Ebola do hete nu gbegblẽ vevie le Ɣetoɖoƒe Afrika (le ƒe 2014 me) kple le Democratic Republic of Congo (le ƒe 2018 me) la, míefia amewo nu siwo woawɔ be dɔ vɔ̃ɖi ma nagakaka o. Míeɖo amedɔdɔwo ɖa be woaƒo nu na amewo le ha me le tanya si nye “Toɖoɖo Xɔa Ame Ðe Agbe” ŋu. Míewɔ asiklɔƒe ɖe mɔnu le teƒe siwo katã míekpena hesubɔna le eye míete gbe ɖe nu si tae wòle vevie be míanɔ asi klɔm eye míawɔ nu siwo awɔe be míagaxɔ dɔa o la dzi.

Le Sierra Leone la, radiodɔwɔƒe aɖe kafu Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa ɖe ale si wokpe ɖe nutoa me tɔ siwo nye Ðasefowo kple esiwo menye Ðasefowo o siaa ŋu be woaƒo asa na Ebola dɔlélea ta.

Fiaɖuƒe Akpata ƒe asiklɔƒe si wowɔ le ƒe 2014 me esime Ebola do le Liberia

a Le blema Titina Ɣedzeƒe nutowo me la, aɖaŋuɖoɖo nyui sia dzi wɔwɔ ɖenɛ fiana be amea tsɔ ɖe le eƒe ƒomea me tɔwo kple ame bubuwo ƒe dedienɔnɔ me.