Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Wo Ðokuiwo Ŋu O?

Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Wo Ðokuiwo Ŋu O?

NU SI TAE WÒLE BE MÍADE BUBU MÍA ÐOKUI ŊU

Ame siwo dea bubu wo ɖokuiwo ŋu la tea ŋu nɔa te ɖe agbemekuxiwo nu. Womenaa ta bɔbɔe o.

  • Numekuku ɖee fia be ame siwo mebua wo ɖokui ɖe ɖeke me o la tea ŋu tsia dzimaɖi, woléa blanui, eye womeɖua nu nyuie o. Enɔa bɔbɔe be woaƒo wo ɖokui ɖe aha geɖe nono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã me.

  • Ame siwo dea asixɔxɔ wo ɖokuiwo ŋu la metsɔa wo ɖokuiwo nɔa sɔsɔm kple ame bubuwo o; esia ta, enɔa bɔbɔe na wo be woanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me eye woadze xɔlɔ̃ nyuiwo. Gake ame siwo mebua wo ɖokuiwo ɖe ɖeke me o la dia vodada le amewo ŋu zi geɖe, eye esia wɔnɛ be wo kple amewo dome menɔa nyuie o.

  • Ne ame siwo kpɔnɛ be bubu le yewo ŋu do go kuxiwo hã la, wonɔa te sesĩe eye womeɖea mɔ mɔxenu aɖeke wɔnɛ be woagaɖo woƒe taɖodzinuwo gbɔ o. Gake ame siwo mekpɔnɛ be bubu le yewo ŋu o la bua kuxi suesuesuewo be wonye mɔxenu gãwo. Esia wɔnɛ be wonaa ta bɔbɔe.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Tia xɔlɔ̃ nyuiwo. De ha kple ame siwo dea bubu ame ŋu, eye wotsɔa ɖe le eme na wò hedea dzi ƒo na wò.

“Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.”—Lododowo 17:17.

Kpe ɖe amewo ŋu. Ne ènyoa dɔme na amewo katã eye nèkpena ɖe ame siwo mate ŋu aɖo eteƒe na wò o hã ŋu la, àkpɔ dzidzɔ vavã si dona tsoa nunana me. Ɛ̃, àkpɔ dzidzɔ ne amewo mede dzesi nu si nèwɔ alo kafu wò ɖe eta o gɔ̃ hã.

“Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Kpe ɖe viwòwo ŋu woakpɔe be asixɔxɔ le yewo ŋu. Mɔ aɖe si dzi nàto awɔ esiae nye be nàɖe mɔ na wo be woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe kuxiwo gbɔ, le ale si wòanya wɔe nu. Esia akpe ɖe viwòwo ŋu woasrɔ̃ ale si woanɔ te ɖe kuxiwo nu. Eye awɔe be woade asixɔxɔ wo ɖokuiwo ŋu fifia eye wòaɖe vi na wo ne wova tsi.

“Mla ɖevi ɖe mɔ si wòato la ŋu; ne eva tsi hã mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6.

NU SI WƆM YEHOWA ÐASEFOWO LE

Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo kple woƒe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa kpena ɖe amewo ŋu be woana woƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi eye woase le wo ɖokuiwo me be bubu le yewo ŋu.

KPEKPE SIWO MÍEWƆNA KWASIÐA SIA KWASIÐA

Le míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo me la, míesea nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi. Zi geɖe la, nuƒo mawo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔe be asixɔxɔ le mía ŋu. Ame sia ame ate ŋu ade míaƒe kpekpeawo faa; womexɔa ga le amewo si o. Nu siwo nàsrɔ̃ ne èva míaƒe kpekpewo la dometɔ aɖewoe nye . . .

  • nu si ta nèle vevie na Mawu

  • ale si nàna taɖodzinu vavã nanɔ wò agbe ŋu

  • ale si nàwɔ adze xɔlɔ̃ vavãwo

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, àdo go xɔlɔ̃ vavã siwo ‘léa be na wo nɔewo vevie.’—1 Korintotɔwo 12:​25, 26.

Be nànya nu geɖe tso míaƒe kpekpewo ŋu la, yi jw.org eye nàdi video kpui si nye Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me?

MÍAƑE BIBLIA SƆSRƆ̃ ƑE ÐOÐOA

Míezãa agbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! tsɔ srɔ̃a Biblia kple amewo femaxee. Àkpɔ mawunyakpukpui geɖewo, numeɖeɖe siwo me kɔ, biabia siwo nana amewo bua tame, video wɔdɔɖeamedziwo kpakple nɔnɔmetata kple foto dzeaniwo le Biblia srɔ̃gbalẽ sia me. Míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa kpena ɖe amewo ŋu wokpɔnɛ be bubu le yewo ŋu eye woƒe agbenɔnɔ ganyona ɖe edzi.

Be nàkpɔ ale si Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo aɖe vi na wòe la, yi jw.org eye nàdi video kpui si nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?