Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo Mate Ŋu Afia Mí O

Nu Si Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo Mate Ŋu Afia Mí O

Anɔ eme be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo srɔ̃ nu tso xexea ƒe akpa sia akpa ŋu. Gake biabia vevi gbogbo aɖewo li siwo ŋu womate ŋu aɖo o.

Ðe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya ale si xexea kple agbe wɔ va dzɔa? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo kpuie koe nye ao. Ame aɖewo gblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo srɔ̃ nu tso xexea ŋua, ate ŋu aɖe ale si xexea wɔ va dzɔ me. Ke hã, Marcelo Gleiser, si fiaa nu tso ɣletiviwo ŋu le Dartmouth College, ɖo nya ma ŋu be: “Mímete ŋu ɖe ale si xexea wɔ va dzɔa me kura o.” Nufiala Gleiser le ame siwo xɔe se be mímate ŋu anya naneke tso Mawu ŋu oa dome.

Nenema kee magazine si nye Science News gblɔ tso ale si agbe wɔ va dzɔ ŋu be: “Manya wɔ gbeɖe be míanya ale si tututu agbe wɔ dze egɔme le anyigba dzi o. Agakpewo kple blemanu siwo nɔ anyi ɣemaɣi, siwo ana míanya ale si agbea dze egɔme le anyigba dzia nu yi xoxoxo.” Nya mawo na míekpɔe be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mekpɔ kpɔ ŋuɖoɖo na ale si xexea kple agbe wɔ va dzɔ o.

Ðewohĩ àbia be, ‘Ne ame aɖe gbɔe agbe dzɔ tsoa, ke ame kae?’ Ànya bia nya siawo hã kpɔ: ‘Ne Wɔla lɔ̃ame aɖe si ƒe nunya de ŋgɔ sãsãsã li ŋutɔŋutɔa, nu ka tae wòaɖe mɔ eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo nanɔ fu kpem? Nu ka tae wòɖe mɔ subɔsubɔha vovovowo li? Nu ka tae wòɖe mɔ ame siwo le esubɔm la le nu vlo geɖe wɔm?’

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu aɖo biabia siawo ŋu o. Gake ema mefia be màte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo fakɔname na biabia siawo o. Le nyateƒe mea, Biblia kpe ɖe ame geɖe ŋu wokpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo.

Ne èdi be yeanya nu si tae dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo siwo di ɣeyiɣi srɔ̃ Biblia nyuiea va xɔe se be Wɔla aɖe lia, ke yi jw.org eye nadi “nya siwo amewo gblɔ tso afi si agbe dzɔ tso ŋu.”