Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Ta Ŋuɖoɖoa Le Vevie

Nu Si Ta Ŋuɖoɖoa Le Vevie

Nu ka tae wòle vevie be míanya ne Wɔla aɖe li alo meli o? Ne kpeɖodziawo na nèva xɔe se be Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖe lia, ke àdi be yeadzro nu siwo ɖo kpe edzi be eya gbɔe Biblia tsoa hã me. Eye ne èka ɖe nya siwo Biblia gblɔ dzia, aɖe vi na wò le mɔ siwo gbɔna nu.

Agbea agavivi nuwò wu

BIBLIA GBLƆ BE: “[Mawu wɔa] nyui na mi, enaa tsidzadza mi tso dziƒo eye wònaa nukuwo wɔna le wo wɔɣi, eye wòtsɔa nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa miaƒe dziwo me fũu.”—Dɔwɔwɔwo 14:17.

NU SI WÒFIA: Nu siwo katã le xexea me siwo nana míesea vivi na agbea nye nunana tso Wɔlaa gbɔ. Ne èva nya ale si gbegbe Wɔla sia tsɔa ɖe le eme na wòe la, ana nàgakpɔ dzidzɔ ɖe nu siawo ŋu geɖe wu.

Àkpɔ mɔfiame nyui siwo akplɔ wò gbe sia gbe

BIBLIA GBLƆ BE: “Àse nu si le dzɔdzɔe, nu si sɔ, kple nu si le eteƒe gɔme, ɛ̃, àse mɔ nyuiwo katã gɔme.”—Lododowo 2:9.

NU SI WÒFIA: Esi wònye Mawue wɔ wò taa, enya nu siwo ana nàkpɔ dzidzɔ. Ne èsrɔ̃ Biblia, àva de dzesi nu geɖe siwo akpe ɖe ŋuwò le agbe me.

Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabiawo

BIBLIA GBLƆ BE: “Wò asi atu sidzedze Mawu.”—Lododowo 2:5.

NU SI WÒFIA: Ne èva nyae be Wɔlaa lia, akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na agbemebiabia veviwo, abe esiawo ene: Nu ka tae míele agbe ɖo? Nu ka tae fukpekpe bɔ alea gbegbe? Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku? Àkpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔnamewo le Biblia me.

Ànɔ mɔ kpɔm na nu nyuiwo le etsɔme

BIBLIA GBLƆ BE: “Yehowa be, ‘Elabena menya tame si meɖo ɖe mia ŋu la nyuie, ŋutifafa ƒe tamee, ke menye vɔ̃ tɔ o, ne mana mɔkpɔkpɔ mi eye etsɔme nanyo na mi.’”—Yeremiya 29:11.

NU SI WÒFIA: Mawu do ŋugbe be yegbɔna nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, fukpekpe, kple ku kura gɔ̃ hã ɖe ge ɖa. Ne èka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi eye nèle mɔ kpɔm na wo veviea, esia ana dzi nanɔ ƒowò nànɔ te ɖe wò kuxiwo nu.