Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Eka Dzie Wòle Be Nàxɔ Ase?

Eka Dzie Wòle Be Nàxɔ Ase?

Stephen Hawking kple Leonard Mlodinow, siwo nye dzɔdzɔmeŋusẽŋutinunyalawoa, gblɔ le ƒe 2010 me be: “Xexea ŋutɔ ate ŋu adzɔ le eɖokui si, eye nenemae wòdzɔ hã.”

Biblia gblɔ le 1 Mose 1:1 be: “Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”

Ðe xexea kple nu siwo me agbe lea dzɔ le wo ɖokui sia, alo Mawue wɔ wo? Nya si dzɔdzɔmeŋusẽŋutinunyala eve siawo gblɔ kple nya si Biblia gblɔ le 1 Mose 1:1 to vovo sãa tso wo nɔewo gbɔ. Ame aɖewo xɔ dzɔdzɔmeŋusẽŋutinunyalawo ƒe nya dzi se eye bubuwo hã xɔ Biblia tɔ dzi se. Gake ame geɖe hã tsi vedomesi. Susu vovovo siawo dzena le agbalẽ siwo ame geɖe nya me, eye woʋlia nya tso eŋu le television dzi wɔnawo hã me.

Ðewohĩ nufialawo fia wò le suku kple kakaɖedzi be ɖeko xexea kple nu siwo me agbe lea dzɔ le wo ɖokui si, eye menye Mawue wɔ wo o. Gake ɖe wote ŋu ɖo kpe woƒe nyawo dzi na wòa? Le go bubu me hã, ànya se be subɔsubɔhakplɔlawo fiaa nu be Wɔla aɖe li. Gake ɖe woawo hã wote ŋu ɖo kpe woƒe nufiafia sia dzia? Alo wogblɔna be ele be nàxɔe se le esi yewole egblɔm ta?

Ànya bu nya siawo ŋu kpɔ, eye nèse le ɖokuiwò me be ame aɖeke mate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be Wɔla aɖe li alo meli o. Ðewohĩ èbia ɖokuiwò gɔ̃ hã be: Ðe wòhiã kokoko be míanya?

Gbãa, Nyɔ! sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be Wɔla aɖe li, si na ame geɖe va xɔ edzi se. Eyome, míakpɔ nu si ta wòle vevie be míanya afi si agbe dzɔ tso.