Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Xexea Fia Mí

Nu Si Xexea Fia Mí

Ale si xexea lea gakpɔtɔ wɔa nuku na ɣletiviŋununyalawo kokoko. Eye wole dɔwɔnu siwo ana woasrɔ̃ nu tso eŋu geɖe wua wɔwɔ dzi. Nu kawo ŋue woke ɖo?

Xexea le ɖoɖo nu. Ɣletiviŋununyalawo ƒe magazine aɖe gblɔ be, “Ɣletivihatsotsowo mekaka ɖe yame nyamaa o, ke boŋ wole ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu abe ale si yiyiɖɔ le ene.” Nu ka gbɔe esia tso? Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be nu yibɔ aɖe si ŋku mekpɔna o ye na wole ɖoɖo nu nenema. Wogblɔ be “ɣletivihatsotsowo, ɣletivihatsotso ƒoƒuwo kple ɣletivihatsotso gã nyadri ƒoƒuwo le ɖoɖo nu, elabe nu yibɔ ma lé wo ɖe wo nɔƒewo keŋ.”

Aleke wòdzɔe be xexea le ɖoɖo nu nenema? Ðe wòanye be ale si wòle ɖoɖo nua dzɔ le eɖokui sia? Se nya si Aƒetɔ Allan Sandage, si megava li oa, gblɔ ɖa. Enye “ɣletiviŋununyalagã siwo xɔ ŋkɔ le ƒe alafa blavelia mea dometɔ ɖeka,” eye exɔ Mawu dzi se.

Egblɔ be, “Mekpɔe be manya wɔ be ɣletiviwo ƒe ɖoɖo siawo nadzɔ le wo ɖokui si o. Ame aɖe kokokoe ɖo wo ɖe ɖoɖo nu.”

Xexea sɔ nyuie be agbe nanya nɔ le eme. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo yɔa nane be ŋusẽ si nu mesẽ o. Eyae nana ɣea ƒe keklẽ sɔna nyuie. Ne ɖe ŋusẽ sia nu gaɖiɖi akpaa, anye ne ɣea manɔ anyi kura o. Eye ne ɖe enu gasẽ akpa hã, anye ne ɣea fiã kolikoli xoxoxo.

Dzɔdzɔmeŋusẽ siwo le xexea me siwo na wòsɔ nyuie be agbe nanya nɔ le emea dometɔ ɖeka koe nye esia. Dzɔdzɔmeŋutinunyala Anil Ananthaswamy gblɔ be, Ne ɖe dzɔdzɔmeŋusẽ siwo le xexea me dometɔ ɖeka pɛ to vovoa, anye ne “ɣletiviwo, ɣletinyigbawo kple ɣletivihatsotsowo manɔ anyi o. Agbe manya nɔ le xexea me kura o.”

Anyigbaa sɔ nyuie be amegbetɔwo nanɔ edzi. Tsi agbɔsɔsɔ kple yame ƒe nɔnɔme si ate ŋu alé agbe ɖe tea le anyigba dzi, eye ɣletia ƒe lolome sɔ nyuie be wòalé anyigba ŋutɔ hã ɖe te. Magazine aɖe gblɔ be, “Ƒomedodo si le nu gbagbe kple dzɔdzɔmenu siwo le anyigba dzi domea wɔe be anyigbaa koe nye afi si amegbetɔwo ate ŋu anɔ agbe le.” aNational Geographic.

Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be ɣea kple ɣletivi siwo le míaƒe ɣletivihatsotsoa mea “dome didi boo.” Ema tae míete ŋu le agbe le anyigbaa dzi. Ne ɖe anyigbaa te ɖe ɣletivi bubu siwo le míaƒe ɣletivihatsotsoa me ŋua, anye ne woƒe dzoxɔxɔa nu asẽ na mí akpa. Gake menye nenemae wòle o, anyigbaa le teƒe si sɔ nyuie be agbe nanya nɔ le edzi.

Nu si dzɔdzɔmeŋusẽŋutinunyala Paul Davies, nya tso xexea kple dzɔdzɔmeŋusẽ siwo le eme ŋua, na wòƒo nya ta be: “Nyemate ŋu axɔe ase be ɖeko xexea kple mí amegbetɔwo míedzɔ le mía ɖokui si zi ɖeka kpoyi o. . . . Tameɖoɖo aɖe le agbea ŋu.” Davies mefia nu be Mawue wɔ xexea kple amegbetɔwo o, gake nu kae nèsusu? Edze be wotrɔ asi le xexea kple anyigbaa ŋu ale be agbe nanya nɔ le edzi. Ðe wòanye be ame aɖee ɖoe koŋ wɔe nenema?

a Menye ɖe magazine sia di be yeagblɔ be Mawue wɔ anyigbaa kple amegbetɔwo o. Ðeko wòle gbɔgblɔm be anyigbaa sɔ nyuie be amegbetɔwo nanɔ edzi.