Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dziɖuha la me Tɔ Yeyewo

Dziɖuha la me Tɔ Yeyewo

Dziɖuha la me Tɔ Yeyewo

WOTSƆ gbeƒãɖeɖe wɔnuku aɖe wu Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa si le Pennsylvania ƒe Ƒe Sia Ƒe Takpekpe nui le Memleɖa, October 2, 1999 dzi. Dzi dzɔ vavala 10,594 alo amesiwo ɖo to wɔnaawo le mɔ̃ dzi esi wose be wotsɔ ame yeye ene kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔwo ŋu. Emenɔla yeyeawo, siwo katã nye Kristotɔ amesiaminawoe nye Samuel F. Herd; M. Stephen Lett; Guy H. Pierce; kple David H. Splane.

• Samuel Herd dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le ƒe 1958 me, eye ewɔ nutome sue kple nutome gã dzi kpɔkpɔ dɔa tso ƒe 1965 va ɖo ƒe 1997 me. Le ema megbe la, wo kple srɔ̃a, Gloria, wonye United States Betel-ƒomea me tɔwo, eye Nɔviŋutsu Herd nɔ dɔ wɔm le Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea. Enɔ kpekpeɖeŋu hã nam Subɔsubɔkɔmitia.

• Stephen Lett dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le December 1966 me, eye esubɔ le United States ƒe Betel tso ƒe 1967 va ɖo ƒe 1971 me. Eɖe srɔ̃, amesi ŋkɔe nye Susan, le October 1971 me, eye woɖo wo ɖe mɔɖela vevi dɔa me. Enye nutome sue dzikpɔla tso ƒe 1979 va ɖo ƒe 1998 me. Tso April 1998 me la, wo kple Susan va nye United States Betel-ƒomea me tɔwo. Enɔ dɔ wɔm le Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea ganɔ kpekpeɖeŋu nam Nufiafia ƒe Kɔmitia.

• Guy Pierce dzi vi eye esi wo viwo tsi la, wo kple srɔ̃a wodze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le April 1982 me. Enye nutome sue dzikpɔla tso ƒe 1986 vaseɖe ƒe 1997 si me wo kple srɔ̃a, Penny, va zu Brooklyn Betel-ƒomea me tɔwo. Nɔviŋutsu Pierce nɔ kpekpeɖeŋu nam Dɔwɔlawo ƒe Kɔmitia.

• David Splane dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le September 1963 me. Enye Gilead Sukua ƒe klass 42 lia nuwula, eye ewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Senegal, Afrika, emegbe eva wɔ nutome sue dzi kpɔkpɔ dɔa le Canada ƒe 19 sɔŋ. Wo kple srɔ̃a, Linda, wole Betel le United States tso ƒe 1990 me ke, eye Nɔviŋutsu Splane nɔ dɔ wɔm le Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea kple Agbalẽŋɔŋlɔ Dzikpɔƒea. Enɔ kpekpeɖeŋu nam Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmitia tso ƒe 1998 me.

Tsɔ kpe ɖe Dziɖuha la me tɔ yeye eneawo ŋu la, amesiwo le eme fifiae nye C. W. Barber, J. E. Barr, M. G. Henschel, G. Lösch, T. Jaracz, K. F. Klein, A. D. Schroeder, L. A. Swingle, kple D. Sydlik. Enye amesiame ƒe gbedodoɖa be Yehowa nayi edzi ayra ɖe Dziɖuhaa, si me nɔlawo sɔ gbɔ fifia la dzi ahado ŋusẽe, esi wòle edzi le Mawu ƒe amewo ƒe dɔwo dzi kpɔm hele woƒe gbɔgbɔmenudidiwo gbɔ kpɔm le xexeame godoo.