Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Anya Etsɔme!

Àte Ŋu Anya Etsɔme!

Àte Ŋu Anya Etsɔme!

Ame akpa gãtɔ bua etsɔme ŋu vevie. Wodina be yewoawɔ ɖoɖo, ade ga dɔ aɖe me le nunya me, eye yewoase le yewo ɖokui me be yewole dedie. Gake ɖe mɔnu aɖe li si dzi woato anya nusi tututu adzɔ le etsɔmea?

AMEGBETƆWO te mɔnu ƒomevi vovovowo kpɔ kple susu be yewoanya etsɔme. Hadomegbenɔnɔŋutinunyala siwo woyɔna be etsɔmenyalawo léa ŋku ɖe alesi nuwo le yiyim fifia ŋu eye wonɔa te ɖe nusiwo wokpɔ dzi gblɔa etsɔme ɖi. Nenema ke ganyaŋununyalawo hã wɔnɛ le woƒe dɔwɔnawo me. Ɣletivimefakalawo kple afakalawo toa dzidziɣletivimefakaka, kristalokpe nogoowo, kple vivimenukpɔkpɔwo dzi, eye ame geɖe dze wo yome. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Franse-ɣletivimefakala Nostradamus ku ƒe alafa geɖe enye sia hã la, egaxɔ ŋkɔ kokoko.

Kakaɖedzi aɖeke kura meva nɔ yeaɖi nyagblɔɖila siawo katã ƒe nyawo ŋu o eye ɖeko wona mɔkpɔkpɔ bu ɖe amewo. Nukatae? Le esi woŋe aɖaba ƒu Yehowa Mawu kple eƒe Nya, Biblia, dzi tae. Le esia ta wodo kpo nya veviwo abe esiwo gbɔna ene ŋu ɖoɖo: ‘Nukatae mate ŋu aka ɖe edzi be nya siwo wogblɔ ɖi le Biblia me la le eme va ge? Aleke wode nu tameɖoɖo si le Mawu si na amegbetɔwo mee? Aleke nyagblɔɖi siawo ate ŋu aɖe vi na mía kple nye ƒomeae?’ Biblia ɖo biabia siawo ŋu.

Biblia ƒe nyagblɔɖiwo de ŋgɔ sasasã le mɔ bubu geɖe hã nu. Enaa tiatiawɔwɔblɔɖe amewo, evɔ mele nenema le ɣletivimefakalawo ƒe nyagblɔɖiwo gome o. Eyata dzɔgbese mekpɔa ŋusẽ ɖe ame aɖeke dzi o. (Mose V, 30:19) Nudzeamewɔwɔ ƒe nya aɖeke medze le Nostradamus ƒe nuŋlɔɖiwo me o, eye nya ɣaɣlawo kple didi be woase nya ɣaɣla siawo gɔmee xɔ ɖe nya ƒuƒlu siawo teƒe. Gake wotu Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ya ɖe nudzeamewɔwɔ dzi. Eɖe nusita Mawu awɔ tame si wòɖo dzi la me. (Kronika II, 36:15) Eye Yehowa ƒe nyagblɔɖiwo medoa kpo emevava gbeɖe o, elabena ‘Mawu mekaa aʋatso o.’ (Tito 1:2) Eyata amesiwo Mawu ƒe Nya la fiaa mɔe la se agbe gɔme, tameɖoɖo le agbe ŋu na wo, wokpɔa dzidzɔ eye womegblẽa woƒe ɣeyiɣi xɔasi kple nunɔamesiwo dome tsɔ nɔa yakanuwo yome tim o.—Psalmo 25:12, 13.

Wodzro nya siawo kple bubu geɖe me le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 1999/2000 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ le xexeame godoo la me. Nuƒowo, gbebiamewo, wɔwɔfiawo, kple drama si wotu ɖe Biblia dzi he nyaselawo ƒe susu yi gbɔgbɔmedomenyinu nyui si le amesiwo srɔ̃a Mawu ƒe nyagblɔɖinya la henɔa agbe ɖe enu si la dzi. Nyati si kplɔe ɖo adzro takpekpea me nya vevi lédziname aɖewo me.