Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔfafa Gbedasia Gbɔgblɔ na Amewo le Italy

Akɔfafa Gbedasia Gbɔgblɔ na Amewo le Italy

Míenye Amesiwo Si Xɔse Le

Akɔfafa Gbedasia Gbɔgblɔ na Amewo le Italy

YEHOWA enye “akɔfafawo katã ƒe Mawu.” Esi esubɔlawo srɔ̃a eƒe kpɔɖeŋua ta la, ‘wote ŋu faa akɔ na amesiwo kpea fu sia fu.’ (Korintotɔwo II, 1:3, 4; Efesotɔwo 5:1) Susu vevi siwo ta Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã la dometɔ ɖekae nye sia.

Kpekpeɖeŋu Nana Nyɔnu aɖe si Hiã Tu

Vevietɔ le ƒe siawo me la, ahedada, aʋawɔwɔ, kple nudzedziname ƒe dzodzro na ame geɖe ʋu yi dukɔ deŋgɔwo me. Gake mele bɔbɔe be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeyewo ŋu o. Manjola kple wo de Albaniatɔwoe nɔ Borgomanero. Esi se meɖe mɔ nɛ hafi wònɔ Italy o ta la, medi be yeaƒo nu kple Wanda, si nye Yehowa Ðasefo o. Gake mlɔeba la, Manjola va tsɔ ɖe le Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ me vevie eye Wanda wɔ nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kplii, togbɔ be gbemasemase na be menɔ bɔbɔe o hã. Gake le sasrãkpɔ ʋɛ aɖewo megbe la, Wanda megakpɔa ame aɖeke le aƒea me o. Nukae dzɔ? Wanda se be aƒea me tɔwo katã si dzo, elabena wole wo dometɔ ɖeka—Manjola ƒe ahiãvi—si wu ame dim vevie be woalé!

Le ɣleti ene megbe la, Wanda gava do go Manjola ake. Wanda gblɔ be “alesi wòyrɔ heɖi kui ɖee fia be eto nɔnɔme sesẽ aɖe me vavã.” Manjola ɖe nu me be wode yeƒe ahiãvia gaxɔ me, eye be ye xɔlɔ̃ siwo ŋu yete ɖo be woakpe ɖe ye ŋu la ble ye vevie. Esi mɔkpɔkpɔ bu ɖee la, edo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu. Emegbe eɖo ŋku Wanda, amesi ƒo nu nɛ tso Biblia ŋu la dzi. Aleke gbegbe Manjola kpɔ dzidzɔe nye si esi wògakpɔe ake!

Wogadze Biblia-nusɔsrɔ̃a gɔme, eye eteƒe medidi o Manjola te Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede. Eva te ŋu xɔ mɔɖegbalẽ be wòanɔ Italy mlɔeba. Le ƒe ɖeka megbe la, Manjola va zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ. Esi Mawu ƒe ŋugbedodowo fa akɔ nɛ ta la, egbugbɔ yi Albania be yeava gblɔ akɔfafa gbedasi si le Biblia me na ye detɔwo.

Ðaseɖiɖi le Dutatsolawo ƒe Asaɖa Me

Hame geɖe le Italy wɔ ɖoɖo be yewoaɖe gbeƒã na dutatsolawo abe Manjola ene. Le kpɔɖeŋu me, hame aɖe si le Florence wɔ ɖoɖo ɖia tsa yia dutatsolawo ƒe asaɖa aɖe me edziedzi. Asaɖamenɔlaawo—siwo dometɔ geɖe tso Ɣedzeƒe Europa, Macedonia, kple Kosovo—le fukpekpe geɖe me tom. Atike vɔ̃ɖiwo zazã alo ahanono nye wo dometɔ aɖewo ƒe kuxi. Fi suesuewo fifi dzie wo dometɔ geɖe nɔa agbe ɖo.

Gbeƒãɖeɖe le nuto sia me mele bɔbɔe o. Gake ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla aɖe si ŋkɔe nye Paola va ke ɖe Jaklina, si nye ɖetugbi aɖe si tso Macedonia ŋu mlɔeba. Le dzeɖoɖo kpui aɖe megbe la, Jaklina de dzi ƒo na exɔlɔ̃ Susanna be eya hã nava dzro Biblia me. Susanna hã ɖo eŋu dze na ƒometɔ bubuwo. Eteƒe medidi o, ƒomea me tɔ atɔ̃ va te Biblia sɔsrɔ̃ hedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi, eye wonɔa agbe ɖe nusiwo srɔ̃m wonɔ la nu. Togbɔ be wodze ŋgɔ kuxiwo hã la, Yehowa kple eƒe Nya la fa akɔ na wo.

Nyɔnu Saɖagaxɔmenɔla aɖe Xɔ Akɔfafa tso Yehowa Gbɔ

Le du aɖe si nye Formia me la, ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla aɖe si ŋkɔe nye Assunta ƒo nu kple nyɔnu aɖe si azɔli menya nɔ zɔzɔm na tututu o. Nyɔnua nye subɔsubɔha aɖe si naa kpekpeɖeŋu dɔnɔwo kple ŋusẽmanɔŋuitɔ siwo le kɔdzi kple aƒewo me la ƒe saɖagaxɔmenɔla.

Assunta gblɔ na nyɔnu saɖagaxɔmenɔla la bena: “Ðe wò ya mèle fu kpem oa? Nublanuitɔe la, kuxi le mí katã ŋu.” Enumake nyɔnu saɖagaxɔmenɔlaa wó avi hegblɔ be dɔléle sesẽ aɖe nɔ fu ɖem na ye. Assunta de dzi ƒo nɛ gblɔ nɛ be Biblia ƒe Mawu la ate ŋu afa akɔ nɛ. Assunta tsɔ magazine siwo wotu ɖe Biblia dzi la na nyɔnu saɖagaxɔmenɔlaa eye wòxɔe.

Esi wogava yi dzeɖoɖoa dzi ɣebubuɣi la, nyɔnua si ŋkɔe nye Palmira, lɔ̃ ɖe edzi be yenɔ fu kpem ŋutɔ. Ewɔ dɔ le dɔwɔƒe aɖe si nɔ nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo ƒe dzikpɔkpɔ te ɣeyiɣi didi aɖe. Esi le lãmegbegblẽ ta wòhiã be wòadzo vie la, wogbe be megatrɔ va azɔ o. Ke hã le atam si Palmira ka le nyɔnu saɖagaxɔmenɔnɔdɔa wɔwɔ ta la, ekpɔtɔ lɔ̃ Mawu kokoko. Eyi ɖe dɔyɔlawo gbɔ na “dɔyɔyɔ” gake nusi teƒe wòkpɔ ɖe dzi le eƒo ale gbegbe. Palmira lɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia, eye wòde Kristotɔwo ƒe kpekpewo ƒe ɖeka. Emegbe eʋu yi nuto bubu me, eye Ðasefoa megakpɔnɛ o. Ƒe eve va yi hafi Assunta va ke ɖe eŋu ake. Palmira ƒometɔwo kple osɔfowo ti eyome vevie. Gake egadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme hewɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me eye wòxɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

Ẽ, ‘Mawu si faa akɔ na ame’ la ƒe gbedasia de dzi ƒo na ame geɖe. (Romatɔwo 15:4, 5) Eyata Yehowa Ðasefo siwo le Italy ɖoe kplikpaa be yewoasrɔ̃ Mawu to akɔfafa gbedasi nyuia gbɔgblɔ na ame bubuwo me.