Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nèbua Ðokuiwòe?

Aleke Nèbua Ðokuiwòe?

Aleke Nèbua Ðokuiwòe?

DADALAE wònye. Esi wona dziɖuɖunɔƒe kɔkɔe ta la, kafukafu si amewo tsɔna nɛ kple alesi wodoa vivi ɖe eŋui vivia enu ale gbegbe. Gake amegã bubu aɖe gbe be yematsɔ bubu ma gbegbe nɛ o eye dzi kui ŋutɔ. Amegã dadala la ɖo tame vɔ̃ be yeatsrɔ̃ amesi ƒe nu ku dzi nɛ la detɔwo katã le fiaɖuƒea me ɖe eƒe nuwɔna ta. Ðokuiŋudzedze ƒe nukpɔsusu totro ka gbegbee nye si!

Tamevɔ̃ɖola lae nye Haman, si nye amegã le Persia Fia Axasweros ƒe fiasã me. Eye amekae wòlé fui? Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Mardoxai. Togbɔ be nugbe si Haman ɖo be yeatsrɔ̃ dukɔ blibo aɖe ɖa nye nusi gbɔ eme hã la, eɖe afɔku si dada hena vɛ kple alesi wòate ŋu agblẽ nu geɖe la fia. Menye afɔku me koe eƒe dadagbɔgbɔa na ame bubuwo ɖo o, ke ena wobɔbɔe ɖe anyi le amewo katã ŋkume, eye mlɔeba la, ekplɔe de ku me.—Ester 3:1-9; 5:8-14; 6:4-10; 7:1-10.

Dada Gena Ðe Nyateƒe Tadeagulawo Hã Me

Yehowa di tso mía si be ‘míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi ahazɔ le ye ŋku me.’ (Mixa 6:8) Ŋutinya vovovowo le Biblia me tso amesiwo gbe wo ɖokui bɔbɔ ɖe anyi la ŋu. Kuxiwo kple nuxaxae wòhe vɛ na wo. Ŋugbledede le kpɔɖeŋu siawo dometɔ aɖewo ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ movidzɔdzɔ kple afɔku si nukpɔsusu masɔmasɔ hena vɛ.

Mawu ƒe nyagblɔɖila Yona ƒe tamebubu va tro ale gbegbe be edze agbagba be yeasi le dɔ si Mawu de esi be wòaɖaxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖiwo le Niniwe tso Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna wo dzi ŋu la nu. (Yona 1:1-3) Emegbe esi Yona ƒe gbeƒãɖeɖea na Niniwetɔwo trɔ dzime la, dzi kui. Etsi dzi ɖe eƒe nyagblɔɖilanyenye ŋu vevie ale gbegbe be Niniwetɔ akpe nanewo ƒe agbe megakae boo o alo metsɔ ɖeke le eme kura o. (Yona 4:1-3) Ne míedzea mía ɖokui ŋu fũ akpa la, asesẽ na mí be nukpɔsusu nyui si da sɔ nanɔ mía si ɖe amewo kple nusiwo dzɔna ɖe mía dzi la ŋu.

De ŋugble le Uziya, amesi nye fia nyui tsã nɔ Yuda hã ŋu kpɔ. Esi eƒe nukpɔsusu megava da sɔ o la, etsɔ dada di be yeaxɔ nunɔlawo ƒe dɔ aɖewo awɔ. Dɔléle kple Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe eŋue do tso ɖokuimabɔmabɔ kple ɖokuiŋudzedze fũ si wòɖe fia me nɛ.—Kronika II, 26:3, 16-21.

Nuŋububu si meda sɔ o zu mɔ̃ ɖe Yesu ƒe apostolowo kloe. Wova tsi dzi ɖe woa ŋutɔwo ƒe bubu kple ŋusẽ ŋu ale gbegbe. Esi dodokpɔ sesẽ ƒe ɣeyiɣi ɖo la, wogblẽ Yesu ɖi hesi. (Mateo 18:1; 20:20-28; 26:56; Marko 9:33, 34; Luka 22:24) Ðokuimabɔmabɔ si woɖe fia kple ɖokuiŋudzedze ƒe susu si nɔ wo me na woɖe ŋu ɖi le Yehowa ƒe tameɖoɖo kple akpa si wòle be woawɔ le eƒe lɔlɔ̃nu ŋu la ŋu kloe.

Nusi Ðokuiŋudzedze Gblẽna

Mía ɖokui ŋu bubu fũ akpa ate ŋu ahe vevesese vɛ eye ate ŋu agblẽ mía kple ame bubuwo dome. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míanɔ xɔ aɖe me eye míakpɔ srɔ̃tɔ aɖewo woanɔ dalĩ dom na wo nɔewo ahanɔ nu kom. Ne míedzea mía ɖokui ŋu la, míabui vodadatɔe be esi wole nu ƒom bɔkɔɔ ta la, mía komee wole. Míaƒe susu maɖe mɔ na mí míade ŋugble le nu bubu siwo agate ŋu ana woawɔ nu nenema la ŋu o. Míatsɔe be ne menye míaƒe nya gblɔmee wonɔ o ɖe, ke ame bubu kae? Míate ŋu ado dɔmedzoe ahatso nya me be míegale nu ƒo ge na srɔ̃tɔ mawo azɔ o. Le mɔ sia nu la, mía ɖokui ŋu bubu si meda sɔ o ate ŋu ahe masɔmasɔwo vɛ eye wòagblẽ mía kple xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, kple ame bubuwo dome.

Amesiwo bua wo ɖokui ŋu fũ akpa ate ŋu ava zu adegbeƒolawo, ahatsɔ alesi gbegbe wosusu be nunya le yewo sii, dɔ siwo wowɔ, alo nusiwo le wo si anɔ adegbe ƒomee enuenu. Alo ne wole dze ɖom kple ame bubuwo la, woate ŋu axɔ nyawo katã agblɔ, woagblɔ nya aɖe kokoko tso wo ɖokui ŋu ɣesiaɣi. Lɔlɔ̃ vavãtɔ medzena le nuƒoƒo alea me o, eye ate ŋu atɔ tome na ame vevie. Eyata ɖokuiŋudzelawo nyaa amewo ɖa le wo ɖokui ŋu zi geɖe.—Korintotɔwo I, 13:4.

Le mí Yehowa Ðasefowo ƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa me la, amewo aɖu fewu le mía ŋu eye womaxɔ mí le afi aɖewo o. Ele be míaɖo ŋku edzi be menye mía ŋue wole tsitre tsim ɖo tẽ o, ke boŋ ɖe Yehowa, Amesi gbɔ míaƒe gbedasia tso la ŋue. Gake mía ɖokui ŋu bubu fũ akpa ate ŋu akplɔ mí ade afɔku gãwo me. Ƒe aɖewoe nye si va yi la, aƒemenɔla aɖe do nu ɖe nɔviŋutsu aɖe gbɔ le gbeadzi eye wòtsɔ nya la wɔ etɔe hedo nu ɖe aƒemenɔla la hã gbɔ. (Efesotɔwo 4:29) Le nudzɔdzɔa megbe la, nɔviŋutsua megakpɔ gome le tso aƒeme yi aƒeme dɔa me azɔ o. Ẽ, dada ate ŋu ana míado dziku vevie ne míele gbeƒã ɖem. Mina míadze agbagba aɖu mía ɖokui dzi be nusia nagadzɔ gbeɖe o. Ke boŋ mina míatsɔ ɖokuibɔbɔ abia Yehowa wòakpe ɖe mía ŋu míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ nyuitɔ afia ɖe gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu.—Korintotɔwo II, 4:1, 7; 10:4, 5.

Ðokuiŋudzedze ate ŋu ana hã be míagbe aɖaŋuɖoɖo si dze la xɔxɔ. Le ƒe aɖewo siwo va yi me le Titina Amerika dukɔ aɖe me la, ŋutsuvi ƒewuivi aɖe wɔ dɔdasi aɖe le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le Kristo-hamea me. Esi sukudzikpɔlaa ɖo aɖaŋu na sɔhɛa tẽ ta la, dzi kui eye wòtsɔ Biblia xlã ɖe anyigba hezɔ kãkãkã do le Fiaɖuƒe Akpataa me kple susu be yemagatrɔ ava gbeɖe o. Gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, eɖe asi le dada la ŋu hewɔ ɖeka kple sukudzikpɔla la eye wòtsɔ ɖokuibɔbɔ xɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo lae. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, ɖekakpui sia tsi va zu Kristotɔ bibi.

Ðokuimabɔmabɔ kple mía ɖokui ŋu bubu fũ akpa ate ŋu ana mía kple Mawu dome ƒomedodo me nagblẽ. Lododowo 16:5 xlɔ̃ nu be: “Dadalawo katã nye ŋunyɔ na Yehowa.”

Mía Ðokui Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

Eme kɔ ƒã be mele be míabu mía ɖokui ŋu fũ akpa o. Gake menye ɖe míele gbɔgblɔm be mele be míaɖo mo vevi le nusi wɔm míele alo nusi gblɔm míele me o. Biblia ɖee fia be ele be dzikpɔlawo, subɔsubɔdɔwɔlawo—le nyateƒe me la, hamea me tɔwo katã—naɖo mo vevi. (Timoteo I, 3:4, 8, 11; Tito 2:2) Eyata aleke Kristotɔwo ate ŋu atu ɖokuibɔbɔ si da sɔ ɖo alé eme ɖe asi ahaɖo mo vevii?

Kpɔɖeŋu dedziƒoname geɖe le Biblia me tso amesiwo lé wo ɖokui ŋuti nukpɔsusu si da sɔ me ɖe asi la ŋu. Yesu Kristoe ɖo ɖokuibɔbɔ ŋuti kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake. Be Mawu Vi la nawɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu eye wòatsɔ xɔxɔ vɛ na ameƒomea la, elɔ̃ faa gblẽ nɔƒe kɔkɔ si le esi le dziƒo la ɖi heva zu amegbetɔ bɔbɔɖeanyi le anyigba dzi. Le dzudzu, ƒoƒo, kple ŋukpeku me gɔ̃ hã la, eɖu eɖokui dzi eye wòde bubu eɖokui ŋu. (Mateo 20:28; Filipitɔwo 2:5-8; Petro I, 2:23, 24) Aleke Yesu wɔ te ŋu wɔ nusia? Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye wòɖoe kplikpaa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Yesu do vevie Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃, edo gbe ɖa kple kutrikuku, eye wòwɔ subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe. (Mateo 4:1-10; 26:36-44; Luka 8:1; Yohanes 4:34; 8:28; Hebritɔwo 5:7) Yesu ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu míatu nukpɔsusu si da sɔ le mía ɖokui ŋu ɖo ahalé eme ɖe asi.—Petro I, 2:21.

Bu kpɔɖeŋu nyui si Fia Saul ƒe vi Yonatan ɖo la hã ŋu kpɔ. Le fofoa ƒe tomaɖomaɖo ta la, mɔnukpɔkpɔ megava nɔ Yonatan si be wòaɖu fia ɖe Saul teƒe o. (Samuel I, 15:10-29) Ðe Yonatan do dziku ɖe nusi bu ɖee la ta? Ðe wòʋã ŋu Dawid, si nye ɖekakpui si ava ɖu fia ɖe eteƒea? Togbɔ be Yonatan tsi wu Dawid, eye ɖewohĩ nuteƒekpɔkpɔ nɔ esi wui hã la, etsɔ tufafa kple ɖokuibɔbɔ wɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe tameɖoɖo eye wòkpe ɖe Dawid ŋu anukwareɖiɖitɔe. (Samuel I, 23:16-18) Ne Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋuti nukpɔsusu nyui le mía si eye míelɔ̃ faa be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe ete la, akpe ɖe mía ŋu ‘míabu mía ɖokui gã wu alesi dze o.’—Romatɔwo 12:3.

Yesu fia nu tso asixɔxɔ si le tufafa kple ɖokuibɔbɔ ɖeɖefia me ŋu. Ewɔ esia ƒe kpɔɖeŋu esi wògblɔ be ne yeƒe nusrɔ̃lawo yi srɔ̃ɖeƒe la, womegava nɔ “nɔƒe gbãtɔ” o elabena ɖewohĩ amesi nye ame ŋkuta wu wo ava eye wòava hiã be woatsɔ ŋukpe atso ayi nɔƒe mlɔetɔ. Be Yesu nana nusɔsrɔ̃a me nakɔ nyuie la, egblɔ kpee be: “Elabena amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.” (Luka 14:7-11) Míawɔ nu nunyatɔe ne míewɔ Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi eye ‘míedo ɖokuibɔbɔɖeanyi.’—Kolosetɔwo 3:12; Korintotɔwo I, 1:31.

Ðokuibɔbɔɖeanyi ƒe Yayrawo

Tufafa kple ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme si anɔ ame si kpena ɖe Yehowa subɔlawo ŋu be woakpɔ dzidzɔ vavãtɔ le subɔsubɔdɔa me. Ne hamemegãwo bɔbɔ wo ɖokui hetsɔ ‘tufafa kpɔ alẽha la tae’ la, amewo alɔ̃ ate ɖe wo ŋu wu. (Dɔwɔwɔwo 20:28, 29) Ekema hamea me tɔwo katã avo le wo ɖokui me ate ɖe wo ŋu abia kpekpeɖeŋu tso wo gbɔ. Ana be ɖekawɔwɔ nava nɔ hamea me eye lɔlɔ̃, vividodoɖeameŋu, kple kaka ɖe ame nɔewo dzi anɔ eme.

Ne míebua mía ɖokui ŋu fũ akpa o la, akpe ɖe mía ŋu míawɔ xɔlɔ̃ nyuiwo. Tufafa kple ɖokuibɔbɔ ana míatsri hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ si ana be míanɔ agbagba dzem be míanɔ ŋgɔ na ame bubuwo le nuwɔna alo ŋutilãmenuwo me. Mawumenɔnɔme siawo akpe ɖe mía ŋu be míanye nugɔmesenamelawo, eye woana be míate ŋu afa akɔ na amesiwo hiã tu ahakpe ɖe wo ŋu. (Filipitɔwo 2:3, 4) Ne wowɔ nu ɖe ame ŋu le lɔlɔ̃ kple dɔmekɔkɔ me la, ewɔa dɔ ɖe wo dzi nyuie ale gbegbe. Eye ɖe ɖokuitɔmadimadi ƒe ƒomedodo sia mava nye gɔmeɖokpe si dzi woatu xɔlɔ̃wɔwɔ vavã ɖo oa? Yayra ka gbegbee nye si míakpɔ ne míebua mía ɖokui ŋu fũ akpa dadatɔe o!—Romatɔwo 12:10.

Mía ɖokui ŋu mabumabu fũ akpa gawɔnɛ wònɔa bɔbɔe na mí be míalɔ̃ be míeda vo ne míedze agɔ le ame aɖe dzi. (Mateo 5:23, 24) Esia wɔnɛ be míetua ƒomedodo nyuiwo ɖo si nana be ɖekawɔwɔ kple bubu dede ame nɔewo ŋu nɔa anyi. Mɔnukpɔkpɔ sua amesiwo si agbanɔamedziwo le le hamea me, abe Kristotɔ hamemegãwo ene si be woawɔ nyui geɖe na ame bubuwo. (Lododowo 3:27; Mateo 11:29) Azɔ hã anɔ bɔbɔe na ɖokuibɔbɔla be ne amewo da vo ɖe eŋu la, wòatsɔe ake wo. (Mateo 6:12-15) Mawɔ nu wòagbɔ eme ne esusu be wodze agɔ le ye dzi o, ke boŋ aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòaɖɔ nya siwo womate ŋu aɖɔ ɖo to mɔ bubu aɖeke dzi la ɖo.—Psalmo 37:5; Lododowo 3:5, 6.

Yayra gãtɔ kekeake si míakpɔ ne míefaa tu hebɔbɔa mía ɖokui lae nye be Yehowa ave mía nu ahakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Petro I, 5:5) Negadzɔ gbeɖe be míava nɔ mía ɖokui bum be míenyo wu alesi tututu míele o. Ke boŋ mina míalɔ̃ ɖe akpa si míele le Yehowa ƒe ɖoɖowo me dzi ɖokuibɔbɔtɔe. Wodzra yayra mavɔwo ɖo ɖi na amesiwo katã awɔ eƒe nudidia dzi ‘abɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi ahazɔ le woƒe Mawu ŋku me.’

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Yonatan kpe ɖe Dawid ŋu ɖokuibɔbɔtɔe